Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 27

“Kpɔ Mɔ Na Yehowa”

“Kpɔ Mɔ Na Yehowa”

“Kpɔ mɔ na Yehowa; sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo.”—PS. 27:14.

HADZIDZI 128 Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

NYA VEVIAWO *

1. (a) Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa na mí? (b) Nu kae wòfia be ‘míakpɔ mɔ na Yehowa’? (Kpɔ “Nyameɖeɖe.”)

 YEHOWA na mɔkpɔkpɔ nyui aɖe ŋutɔ ame siwo katã lɔ̃e. Madidi o, aɖe dɔléle, konyifafa, kple ku ɖa. (Nyaɖ. 21:3, 4) Akpe ɖe ‘ame fafa’ siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu be woatrɔ anyigbaa wòazu paradiso. (Ps. 37:9-11) Eye ana mɔnukpɔkpɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míava nɔ ƒomedodo kplikplikpli, si me lɔlɔ̃ le, si de ŋgɔ sãsãsã wu ale si wòle fifia la me kplii. Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye esi! Gake nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodoawo ava eme? Nu si tae nye be Yehowa medoa kpo eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Eya ta míate ŋu ‘akpɔ mɔ na Yehowa.’ * (Ps. 27:14) Míeɖenɛ fiana be míekpɔa mɔ na Yehowa ne míetsɔa dzidzɔ kpɔa esinu be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme.—Yes. 55:10, 11.

2. Nu kae Yehowa wɔ xoxo?

2 Yehowa ɖee fia xoxo be yewɔa yeƒe ŋugbedodowo dzi. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ŋu kpɔ. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa mea, Yehowa do ŋugbe be le míaƒe ŋkekea mea, yeana amewo natso dukɔ, to, kple gbegbɔgblɔ vovovowo me, awɔ ɖeka asubɔ ye. Egbea, míeyɔa amewo ƒe ƒuƒoƒo tɔxɛ sia be “ameha gã” la. (Nyaɖ. 7:9, 10) Togbɔ be ƒuƒoƒo sia me tɔwo nye ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi, siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo, eye wonye gbe vovovo dolawo hãa, wova zu ƒome gã ɖeka si me ŋutifafa le. (Ps. 133:1; Yoh. 10:16) Ameha gãa me tɔwo nye gbeƒãɖela dovevienuwo hã. Wonɔa klalo ɣesiaɣi be yewoaƒo nu tso xexe yeye si wole mɔ kpɔm na ŋu na ame sia ame si adi be yeasee. (Mat. 28:19, 20; Nyaɖ. 14:6, 7; 22:17) Ne ameha gãa me tɔe nènyea, ke ɖikeke mele eme o be, èle mɔ kpɔm na xexe yeye si me nuwo anyo wu le la vevie.

3. Nu kae Satana dina be yeawɔ?

3 Abosam di be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wò. Edi be yeana nàxɔe ase be Yehowa metsɔ ɖeke le eme na wò o eye mawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o. Ne Satana te ŋu na mɔkpɔkpɔ bu ɖe mía, dzi aɖe le mía ƒo, eye ate ŋu awɔe be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ gɔ̃ hã. Abe ale si míava kpɔe enea, Abosam te kpɔ be yeana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe Hiob eye wòadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me? (Hiob 1:9-12)

4 Le nyati sia mea, míakpɔ agbagba siwo Satana dze be yeaƒoe ɖe Hiob nu wòadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa. (Xlẽ Hiob 1:9-12.) Azɔ hã, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob ƒe kpɔɖeŋua me. Eye míade dzesi nu si tae wòle vevie be míaɖo ŋku edzi be Mawu lɔ̃ mí eye be ana eƒe ŋugbedodowo nava eme.

SATANA TE KPƆ BE YEANA MƆKPƆKPƆ NABU ÐE HIOB

5-6. Nu kawoe dzɔ ɖe Hiob dzi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me?

5 Agbea dze edzi na Hiob. Eya kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. Hiob nye kesinɔtɔ, ƒome gã aɖe nɔ esi, eye wonɔ dzidzɔ kpɔm. (Hiob 1:1-5) Gake gbe ɖeka kple eƒe zãdodo koa, nu sia nu kloe dome gblẽ nɛ. Gbãa, eƒe lãhawo tsrɔ̃. (Hiob 1:13-17) Eyome, viawo katã ku. Bu eŋu kpɔ: Dzigbãnya bliboe wònyena na dzilawo ne wo vi ɖeka ku. Eya ta bu ale si Hiob kple srɔ̃a se veve, xa nu, kple ale si wògbã dzi na woe esi wose be yewo vi ewoawo katã ku la ŋu kpɔ. Mewɔ nuku o be Hiob dze eƒe awuwo le vevesese ta, eye wòbɔbɔ tsyɔ mo anyi!—Hiob 1:18-20.

6 Azɔ Satana na dɔ vɔ̃ɖi aɖe dze Hiob dzi si wɔe be bubu klo le eŋu. (Hiob 2:6-8; 7:5) Tsãa, wodea bubu Hiob ŋu ŋutɔ le eƒe nutoa me. Amewo vaa egbɔ be wòaɖo aɖaŋu na yewo. (Hiob 31:18) Gake fifia, womegatena ɖe eŋu o. Nɔviawo, exɔlɔ̃ veviwo, kple eƒe dɔlawo gɔ̃ hã gbe nu le egbɔ!—Hiob 19:13, 14, 16.

Kuxi siwo me Hiob to la tɔgbi vaa nɔvi geɖe dzi egbea (Kpɔ memama 7 lia) *

7. (a) Afi kae Hiob susu be yeƒe fukpekpewo tso, gake nu kae mewɔ o? (b) Aleke wòate ŋu adzɔe be xaxa si dze le nɔnɔmetataa mea tɔgbi nava Kristotɔ aɖe dzi?

7 Satana di be Hiob naxɔe ase be esi Hiob ƒe nu megadze Yehowa ŋu o tae wòle fu kpem ɖo. Le kpɔɖeŋu me, esime Hiob vi ewoawo katã nɔ nu ɖum le aƒe aɖe mea, Satana na ya sesẽ aɖe ƒo va lɔ xɔ si me wonɔ eye wòmu dze wo dzi. (Hiob 1:18, 19) Azɔ hã, ena dzo ge tso dziƒo va fia Hiob ƒe lãhawo kple eƒe subɔvi siwo nɔ wo kplɔm. (Hiob 1:16) Yaƒoƒo sesẽ la kple dzo si tso dziƒo la mate ŋu atso amegbetɔ gbɔ o, eya ta Hiob ƒo nya ta be Yehowa Mawu gbɔe wotso. Esia na wòsusu be ɖewohĩ Yehowa do dziku ɖe ye ŋu. Ke hã, Hiob meƒo fi de Fofoa si le dziƒo la o. Ekpɔe dze sii be yexɔ nu nyui geɖe tso Yehowa gbɔ le ƒe gbogbo siwo va yi me. Eye ne yelɔ̃ xɔ nyuiawo la, ke ele be yealɔ̃ faa axɔ gbegblẽawo hã. Eya ta egblɔ be: “Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ ɖaa.” (Hiob 1:20, 21; 2:10) Togbɔ be Hiob ƒe kesinɔnuwo dome gblẽ, viawo ku, eye eƒe lãme gblẽ vevie hãa, eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Gake Satana mewɔ vɔ kple Hiob haɖe o.

8. Nu kae Satana gatu kple Hiob?

8 Satana zã ayemɔ bubu aɖe hã; eto alakpaxɔlɔ̃ etɔ̃ aɖewo dzi na Hiob se le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Wogblɔ be nu gbegblẽ aɖewo siwo wòwɔ tae wòle fu kpem ɖo. (Hiob 22:5-9) Wote kpɔ hã be yewoana wòasusu be ne menye nu gbegblẽ aɖewoe wòwɔ o hã, agbagba siwo katã dzem wòle be yeadze Mawu ŋua nye dzodzro. (Hiob 4:18; 22:2, 3; 25:4) Wodze agbagba be yewoana Hiob nasusu be Mawu melɔ̃ ye o, metsɔ ɖeke le eme na ye o, eye viɖe aɖeke mele esubɔsubɔ me o. Woƒe nyawo ate ŋu ana Hiob nase le eɖokui me be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ye o.

9. Nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòsẽ ŋu eye wòlé dzi ɖe ƒo?

9 Kpɔe ɖa le susu me be Hiob ye nye ema bɔbɔ nɔ dzofi me nɔ veve sem helĩhelĩ. (Hiob 2:8) Exɔlɔ̃wo nɔ tɔ tem ɖe edzi be nu gbegblẽ wɔla wònye, eye wonɔ agbagba dzem be yewoado vloe. Eƒe xaxawo na nu te eŋu abe kpe gãwoe wodro ɖe edzi ene, eye viawo ƒe ku hã na eƒe dzi gbã gudugudu. Gbãa, Hiob megblɔ nya aɖeke o. (Hiob 2:13–3:1) Ne Hiob xɔlɔ̃ mawo susu be Hiob ƒe ɖoɖoezizia fia be agbe nu le eƒe Wɔlaa gbɔa, ke woda ƒu ŋutɔ. Hiob gblɔ na eƒe alakpaxɔlɔ̃awo be: “Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o!” (Hiob 27:5) Anɔ eme be Hiob fɔ ta dzi kpɔ woƒe ŋku me tututu hafi gblɔ nya ma na wo. Nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòsẽ ŋu eye wòlé dzi ɖe ƒo le eƒe xaxawo me? Hiob ka ɖe edzi be yeƒe Mawu lɔ̃amea ava na gbɔdzɔe ye mlɔeba. Eya ta xaxa ka ke mee wòto o, mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o. Enya be ne yeku hãa, Yehowa afɔ ye ɖe tsitre.—Hiob 14:13-15.

ALEKE MÍATE ŊU ASRƆ̃ HIOB?

10. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Hiob ƒe ŋutinyaa me?

10 Míesrɔ̃e le Hiob ƒe ŋutinyaa me be Satana mate ŋu azi mía dzi be míagbe nu le Yehowa gbɔ o, eye be Yehowa nya nu sia nu si me tom míele. Azɔ hã, nu siwo me Hiob to la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nya siwo fɔ ɖe te la gɔme nyuie wu. Na míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob gbɔ la dometɔ aɖewo me.

11. Ne míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo? (Yakobo 4:7)

11 Hiob ɖee fia be ne míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua, míate ŋu ado dzi le xaxa ɖe sia ɖe me, eye míatsi tre ɖe Satana ŋu dzidzedzetɔe. Nu kae ado tso esia me? Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be, esia ana Abosam nasi le mía gbɔ.—Xlẽ Yakobo 4:7.

12. Aleke tsitretsitsimɔkpɔkpɔa do ŋusẽ Hiob?

12 Ele be míaxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi ase bliboe. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, Satana dzea agbagba zi geɖe be yeatsɔ ku ado vɔvɔ̃ na mí ale be míagawɔ nuteƒe na Yehowa o. Le Hiob gomea, Satana gblɔ be Hiob awɔ nu sia nu be yeaɖe yeƒe agbe, ne esia abia be wòagbe Mawu gɔ̃ hã. Gake Satana da ƒu. Esi Hiob to nɔnɔme sesẽwo me, si wɔe be wòsusu be yele kuku ge gɔ̃ hã, eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Enya be Yehowa wɔa nyui ɣesiaɣi, eye eka ɖe edzi be ava ɖɔ nuwo ɖo mlɔeba. Nu siawo nyanya kpe ɖe eŋu wòdo dzi. Hiob xɔe se be ne Yehowa meɖɔ nuwo ɖo le yeƒe agbenɔɣi o hã, ava fɔ ye ɖe tsitre le etsɔme. Hiob ka ɖe edzi bliboe be tsitretsitsi li. Ne kakaɖedzi ma le míawo hã sia, vɔvɔ̃ na ku gɔ̃ hã mawɔe be míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa o.

13. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe ayemɔ si Satana zã na Hiob la ŋu?

13 Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe ayemɔ si Satana zã na Hiob la ŋu, elabe ezãa mɔnu mawo ke tsɔ tea mí kpɔna egbea. Satana tso mía nu be: “Amegbetɔ [menye Hiob ko o] atsɔ nu sia nu si le esi la ana ɖe eƒe agbe ta.” (Hiob 2:4, 5) Satana ƒe nyawo fia be míelɔ̃ Yehowa Mawu ŋutɔŋutɔ o, eye be míagbe nu le Yehowa gbɔ be míaɖe míaƒe agbe. Satana ƒe nutsotso bubue nye be, Mawu melɔ̃ mí o, eye agbagba siwo míedzena be míasubɔe la medzea eŋu o. Esi Satana ƒe tameɖoɖo vɔ̃a le nyanya na mí ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ta, míexɔa eƒe alakpanyawo dzi sena o.

14. Nu kae xaxawo ate ŋu aɖe afia le mía ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Ne xaxawo va mía dzia, ele be míabui be enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míadzro mía ɖokui me. Xaxa siwo va Hiob dzi la kpe ɖe eŋu wòde dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo le eɖokui ŋu siwo wòle be wòaɖɔ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, eva kpɔe be ehiã be yeasrɔ̃ ale si yeabɔbɔ ye ɖokui geɖe wu. (Hiob 42:3) Xaxa siwo vaa mía dzi la ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu be míanya nu geɖe tso mía ɖokui ŋu. Nɔviŋutsu Nikolay, * si wolé de gaxɔ me togbɔ be eƒe lãme gblẽ vevie hã, gblɔ be: “Míate ŋu atsɔ gaxɔmenɔnɔ asɔ kple mɔ̃ si wotsɔna ɖea foto dɔnɔ ƒe lãme be woanya nu si le dzɔdzɔm le ememe. Elabe gaxɔmenɔnɔa na mekpɔ ame si menye le ememea dze sii.” Ne míenya de dzesi míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo koa, míate ŋu adze agbagba aɖɔ wo ɖo.

15. Ame kae wòle be míaɖo toe, eye nu ka tae?

15 Ele be míaɖo to Yehowa, ke menye míaƒe futɔwo o. Hiob ɖo to nyuie esime Yehowa ƒo nu nɛ. Ne míagblɔea, Yehowa nɔ gbɔgblɔm na Hiob be: ‘Èkpɔ nukudɔ siwo mewɔa? Menya nu sia nu si le dzɔdzɔm ɖe dziwò. Ðe nèsusu be nyemate ŋu alé be na wò oa?’ Hiob ɖo nya ŋu na Yehowa le ɖokuibɔbɔ me eye wòɖee fia be yeda akpe ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ta. Egblɔ be: “Wogblɔ nya le ŋuwò mese, ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò.” (Hiob 42:5) Anɔ eme be Hiob bɔbɔ nɔ dzofi me, abiwo xɔ eŋuti katã, eye viawo nɔ yɔdo me esime wògblɔ nya mawo. Ke hã, Yehowa ka ɖe edzi na Hiob be yelɔ̃e eye eƒe nu dzea ye ŋu.—Hiob 42:7, 8.

16. Aleke nya siwo le Yesaya 49:15, 16 la akpe ɖe mía ŋu ne míele xaxawo me tom?

16 Egbea hã, amewo ate ŋu adzu mí eye woado vlo mí. Ðewohĩ, woadze agbagba be yewoagblẽ mí ame ɖekaɖekawo ŋu alo agblẽ míaƒe habɔbɔa ŋu, eye ‘woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mía ŋu.’ (Mat. 5:11) Hiob ƒe ŋutinyaa fia mí be Yehowa ka ɖe edzi be míawɔ nuteƒe na ye ne dodokpɔwo va mía dzi. Yehowa lɔ̃ mí, eye magblẽ ame siwo kpɔa mɔ nɛ la ɖi gbeɖe o. (Xlẽ Yesaya 49:15, 16.) Mègaɖo to ameŋugblẽnya siwo Mawu ƒe futɔwo gblɔna tso mía ŋu la o! Nɔviŋutsu James, si tso Turkey eye eƒe ƒomea to dodokpɔ sesẽwo mea, gblɔ be: “Míede dzesii be ne míeɖoa to alakpanya siwo amewo gblɔna tso Mawu ƒe amewo ŋua, dzi aɖe le mía ƒo. Eya ta míetsɔ susu ɖo nu nyui siwo Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ la boŋ ŋu eye míeyi edzi wɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Esia wɔe be míekpɔtɔ nɔ dzidzɔ kpɔm.” Abe Hiob enea, míawo hã míeɖoa to Yehowa! Eye mímeɖea mɔ be alakpanya siwo míaƒe futɔwo gblɔna nawɔe be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí o.

WÒ MƆKPƆKPƆA ANA NÀLI KE

Yehowa yra Hiob ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta. Eya kple srɔ̃a wonɔ agbe didi eye wokpɔ dzidzɔ (Kpɔ memama 17 lia) *

17. Nu kae nèsrɔ̃ tso ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hebritɔwo ta 11 la gbɔ?

17 Hiob nye Yehowa subɔla siwo sẽ ŋu eye wolé dzi ɖe ƒo le dodokpɔ sesẽwo me la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo mea, eƒo nu tso nuteƒewɔla bubu geɖewo hã ŋu, eye wòyɔ wo be “ɖasefowo ƒe alilikpo gã.” (Heb. 12:1) Wo katã woto dodokpɔ sesẽwo me, gake wowɔ nuteƒe na Yehowa le woƒe agbe me katã. (Heb. 11:36-40) Ðe woƒe dzidodo kple kutrikukua nye dzodzroa? Gbeɖegbeɖe! Togbɔ be womekpɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo katã me vava teƒe le woƒe agbenɔɣi o hã, woyi edzi kpɔ mɔ na Yehowa. Eye esi wonya nyuie be yewoƒe nu dze Yehowa ŋu ta, woka ɖe edzi be yewoava kpɔ ŋugbedodoawo me vava teƒe godoo. (Heb. 11:4, 5) Woƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ado ŋusẽ mí míaɖoe kplikpaa be míayi edzi akpɔ mɔ na Yehowa.

18. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ? (Hebritɔwo 11:6)

18 Egbea, gbegblẽm koe nuwo le ɖe edzi le xexea me. (2 Tim. 3:13) Satana gakpɔtɔ le Mawu ƒe amewo tem kpɔ. Xaxa ka kee ɖava mía dzi le etsɔme o, mina míaɖoe kplikpaa be míaku kutri awɔ dɔ na Yehowa, eye míaka ɖe edzi be “Mawu gbagbe dzie míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo.” (1 Tim. 4:10) Ðo ŋku edzi be, ale si Mawu va yra Hiob emegbea ɖo kpe edzi be “Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yak. 5:11) Mina míawo hã míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, eye míaka ɖe edzi be aɖo eteƒe na “ame siwo dinɛ vevie la.”—Xlẽ Hebritɔwo 11:6.

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

^ Ame si do dzi wɔ nuteƒe le dodokpɔ sesẽwo me ƒe kpɔɖeŋu si vaa susu me na mí zi geɖe ye nye Hiob. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒewɔla sia gbɔ? Ðekae nye be Satana mate ŋu azi mía dzi be míagbe nu le Yehowa gbɔ o. Bubu hãe nye be Yehowa nya nu sia nu si dzɔna ɖe mía dzi. Eye abe ale si Yehowa na Hiob ƒe fukpekpewo nu tso enea, ana míawo hã míaƒe fukpekpewo katã nu nayi gbe ɖeka. Ne míeto míaƒe nuwɔnawo dzi ɖee fia be míexɔ nyateƒenya siawo dzi sea, efia be míawo hã ‘míekpɔa mɔ na Yehowa.’

^ NYAMEÐEÐE: Hebrigbe me nya si gɔme woɖena be “kpɔ mɔ” la fia be “woalala” anɔ nane si nu kpɔm vevie. Egatea ŋu fiana hã be woaɖo ŋu ɖe ame aɖe ŋu alo akpɔ esinu.—Ps. 25:2, 3; 62:5.

^ Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Hiob kple srɔ̃a ƒe dzi gbã esi wo viwo ku.

^ NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Hiob do dzi le eƒe dodokpɔwo katã me va se ɖe nuwuwu. Eya kple srɔ̃a wole ŋugble dem le ale si Yehowa yra wo kple woƒe ƒomea ŋu.