Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 30

Nyagblɔɖi Vevi Aɖe Si Ka Wò

Nyagblɔɖi Vevi Aɖe Si Ka Wò

“Mana fuléle nanɔ wò kple nyɔnu la dome.”—1 MOSE 3:15.

HADZIDZI 15 Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!

NYA VEVIAWO a

1. Esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ tetia, nu kae Yehowa wɔ? (1 Mose 3:15)

 ESI Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ megbe kpuiea, Yehowa gblɔ nya vevi aɖe ɖi tsɔ na mɔkpɔkpɔ woƒe dzidzimeviwo. Nyagblɔɖia dze le 1 Mose 3:15.—Xlẽe.

2. Nu kae ɖe dzesi le nyagblɔɖia ŋu?

2 Nyagblɔɖia dze le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ me. Gake Biblia ƒe agbalẽ bubuwo katã do ka kplii le mɔ aɖe nu. Ale si ko wofɔa nake ƒoa ƒu eye wotsɔa ka blanɛ ɖekaea, nenema kee nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 bla nya siwo katã le Biblia gbalẽ bubuawo mea ɖekae ɖe nya vevi ɖeka me. Eyae nye be: Mawu adɔ Ðela aɖe ɖa be wòava tsrɔ̃ Abosam kple eyomedzela vɔ̃ɖiwo katã. b Esia ado dzidzɔ na ame siwo lɔ̃ Yehowa la ŋutɔ.

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míazã biabia siwo gbɔna atsɔ adzro nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 me: Ame kawoe woyɔ le nyagblɔɖia me? Aleke nyagblɔɖia ava emee? Aleke nyagblɔɖia le vi ɖem na mí?

AME KAWOE WOYƆ LE NYAGBLƆÐIA ME?

4. Ame kae “da la” le tsitre ɖi na, eye aleke míewɔ nya?

4 Ame siwo woyɔ le nyagblɔɖi si dze le 1 Mose 3:14, 15 mee nye “da” aɖe, daa ƒe “dzidzimevi,” “nyɔnu” aɖe, kple nyɔnua ƒe “dzidzimevi.” Na míakpɔ nu si Biblia ɖe fia mí tso wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖa. c Míadze egɔme tso “da la” dzi. Da ŋutɔŋutɔ mate ŋu ase nya siwo Yehowa gblɔ le Eden-bɔa mea gɔme o. Eya ta anɔ eme be ame aɖee Yehowa nɔ nu ƒom na. Gake ame kae? Nyaɖeɖefia 12:9 gblɔ na mí be “da xoxo” mae nye Satana Abosam. Eyae daa le tsitre ɖi na. Gake ame kawoe nye daa ƒe dzidzimevi?

DA LA

Ele tsitre ɖi na Satana Abosam, si woyɔ le Nyaɖeɖefia 12:9 be “da xoxo la” (Kpɔ memama 4 lia)

5. Ame kawoe daa ƒe dzidzimevia le tsitre ɖi na?

5 Ɣeaɖewoɣia, ne Biblia zã nya “dzidzimevi” la, ekuna ɖe ame siwo srɔ̃ ame aɖe ale gbegbe be wova nɔa nu wɔm abe amea ene ŋu. Eya ta daa ƒe dzidzimeviae nye amegbetɔ kple mawudɔla dzeaglã siwo wɔa nu abe Satana ene; wogbe Yehowa Mawu eye wotsia tsitre ɖe eƒe amewo ŋu. Mawudɔla siwo tso dziƒo va anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me kple ame vɔ̃ɖi siwo wɔa nu abe wo fofo Abosam ene hã le eme.—1 Mose 6:1, 2; Yoh. 8:44; 1 Yoh. 5:19; Yuda 6.

DA LA ƑE DZIDZIMEVI

Ele tsitre ɖi na amegbetɔ kple mawudɔla vɔ̃ɖi siwo tsia tre ɖe Yehowa Mawu kple eƒe amewo ŋu (Kpɔ memama 5 lia)

6. Nu ka tae ‘nyɔnua’ mate ŋu anye Xawa o?

6 Ke ‘nyɔnua’ ya ɖe? Mate ŋu anye Xawa o. Nu ka tae? Na míabu susu siwo tae dometɔ ɖeka ŋu kpɔ. Nyagblɔɖia gblɔ be nyɔnua ƒe dzidzimevia “agbã ta na” da la. Míede dzesii va yi be daa le tsitre ɖi na gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi si nye Satana. Esi Xawa ƒe dzidzimeviwo nye amegbetɔ madeblibowo eye ŋutete mele wo ŋu be woagbã ta na gbɔgbɔmenuwɔwɔ ma o taa, nyɔnua mate ŋu anye Xawa o.

7. Abe ale si wòdze le Nyaɖeɖefia 12:1, 2, 5, 10 enea, nu kae nyɔnu si woyɔ le 1 Mose 3:15 le tsitre ɖi na?

7 Biblia gbalẽ mamlɛtɔ na míekpɔ ame si tututu nyɔnu si ŋu woƒo nu tsoe le 1 Mose 3:15 la nye. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:1, 2, 5, 10.) Nyɔnu sia le etɔxɛe ŋutɔ! Ɣleti le eƒe afɔ te, eye fiakuku si wotsɔ ɣletivi 12 wɔ la le ta nɛ. Edzi ŋutsuvi, si nye Mawu Fiaɖuƒea. Esi Mawu Fiaɖuƒea le dziƒo taa, ele be nyɔnua hã nanɔ dziƒo. Eya ta nyɔnua le tsitre ɖi na Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me mawudɔla wɔnuteƒewo le.—Gal. 4:26.

NYƆNU LA

Ele tsitre ɖi na Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me mawudɔla wɔnuteƒewo le (Kpɔ memama 7 lia)

8. Ame kae nye nyɔnua ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ, eye ɣekaɣie wòzui? (1 Mose 22:15-18)

8 Mawu ƒe Nyaa kpe ɖe mía ŋu míenya ame si nye nyɔnua ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ. Biblia gblɔe ɖi be ado tso Abraham ƒe dzidzimea me. (Xlẽ 1 Mose 22:15-18.) Abe ale si tututu wogblɔe ɖi enea, wodzi Yesu ɖe blemafofo Abraham ƒe dzidzimea me. (Luka 3:23, 34) Gake nyɔnua ƒe dzidzimevi mate ŋu anye amegbetɔ dzro ko o, elabe ele be wòatsrɔ̃ Satana Abosam. Eya ta esi Yesu xɔ ƒe 30 la, Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ. Esia na wòzu nyɔnua ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ. (Gal. 3:16) Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbea, Mawu ɖɔ “ŋutikɔkɔe kple bubu” nɛ eye wòtsɔ “ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã” de esi. Esia na be ŋusẽ le Yesu si be “wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.”—Heb. 2:7; Mat. 28:18; 1 Yoh. 3:8.

NYƆNUA ƑE DZIDZIMEVI

Ele tsitre ɖi na Yesu Kristo kple amesiamina 144,000 siwo aɖu fia kplii (Kpɔ memama 8-9 lia)

9-10. (a) Ame kawoe nye nyɔnua ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia, eye ɣekaɣie wova zunɛ? (b) Nu kawo mee míadzro azɔ?

9 Ke dzidzimevia ƒe akpa evelia ya ɖe? Apostolo Paulo he susu yi edzi esi wògblɔ na Yudatɔ kple Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔ amesiaminawo be: “Ne mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye vavã, domenyilawo mienye le ŋugbedodo nu.” (Gal. 3:28, 29) Ne Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristotɔ aɖea, eva zua nyɔnua ƒe dzidzimevia me tɔ. Eya ta nyɔnua ƒe dzidzimevia ye nye Yesu Kristo kple ame 144,000 siwo aɖu fia kplii. (Nyaɖ. 14:1) Wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖea wo Fofo Yehowa ƒe nɔnɔmewo fiana.

10 Esi míede dzesi ame siwo woyɔ le nyagblɔɖi si dze le 1 Mose 3:15 me vɔa, míaƒo nu tso ale si Yehowa na nyagblɔɖi sia le eme vam vivivi kple ale si wòle vi ɖem na míi ŋu kpuie.

ALEKE NYAGBLƆÐIA VA EMEE?

11. Mɔ ka nue daa ɖu “afɔkpodzi” na nyɔnua ƒe dzidzimevia le?

11 Nyagblɔɖia gblɔ be daa aɖu “afɔkpodzi” na nyɔnua ƒe dzidzimevia. Esia va eme esi Satana na Yudatɔwo kple Romatɔwo wu Mawu ƒe Via. (Luka 23:13, 20-24) Ame si xɔ abi ɖe afɔkpodzi veviea magate ŋu azɔ o hena ɣeyiɣi aɖe. Nenema kee esi wowu Yesua, enɔ yɔdo me eye megate ŋu wɔ naneke o hena ɣeyiɣi aɖe.—Mat. 16:21.

12. Aleke woagbã ta na da lae, eye ɣekaɣie wòadzɔ?

12 Ne nyagblɔɖia ava emea, ke efia be Yesu matsi yɔdoa me o. Nu ka tae? Elabe nyagblɔɖia ɖee fia be dzidzimevia agbã ta na da la. Esia bia be afɔkpodzibia naku. Eye eku hã! Le mɔ ka nu? Esi Yesu ku ƒe ŋkeke etɔ̃lia, wofɔe ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ si magaku akpɔ o. Ne Mawu ƒe ɣeyiɣia dea, atsrɔ̃ Satana keŋkeŋ. (Heb. 2:14) Kristo ƒe hatidziɖulawo awɔ ɖeka kplii woatsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã, siwo nye daa ƒe dzidzimevi.—Nyaɖ. 17:14; 20:4, 10. d

ALEKE NYAGBLƆÐIA LE VI ÐEM NA MÍ?

13. Aleke nyagblɔɖia me vava le vi ɖem na mí?

13 Ne ènye Yehowa subɔlaa, ke nyagblɔɖi sia le vi ɖem na wò. Yesu va zu amegbetɔ nɔ anyigba dzi eye wòɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia bliboe. (Yoh. 14:9) Esi míesrɔ̃ nu tso Yesu ŋu taa, míeva nya Yehowa Mawu eye míelɔ̃e. Yesu ƒe nufiamewo hã le vi ɖem na mí egbea, elabe eyae le mɔ fiam Kristo hamea. Efiaa ale si míanɔ agbe be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la mí. Azɔ hã, Yesu ƒe ku, si fia be daa ɖu afɔkpodzi nɛa, ɖea vi na mí. Le mɔ ka nu? Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eƒe ʋu si wokɔ ɖi la va zu vɔsa deblibo si dzi Mawu anɔ te ɖo ‘aklɔ nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.’—1 Yoh. 1:7.

14. Nu kae na míenya be nya siwo Yehowa gblɔ ɖi le Eden-bɔa mea mava eme enumake o?

14 Ne míelé ŋku ɖe nya siwo Yehowa gblɔ ɖi le Eden-bɔa me ŋua, míakpɔe be axɔ ɣeyiɣi hafi woava eme bliboe. Axɔ ɣeyiɣi hafi nyɔnua ƒe dzidzimevi nava, eye axɔ ɣeyiɣi hafi Abosam nakpɔ ame siwo adze eyome. Nenema kee axɔ ɣeyiɣi hafi fuléle naɖo akpa evea dome. Nyagblɔɖi sia ɖea vi na mí, elabe exlɔ̃ nu mí be Satana ƒe xexea alé fu Yehowa subɔlawo. Yesu gblɔ nya ma tɔgbi na eƒe nusrɔ̃lawo. (Marko 13:13; Yoh. 17:14) Míele nyagblɔɖia ƒe akpa ma me vava teƒe kpɔm, vevietɔ le ƒe 100 siwo va yi me. Le mɔ ka nu?

15. Nu ka tae xexea léa fu Yehowa subɔlawo fifia wu tsã, gake nu ka tae mele be míavɔ̃ Satana o?

15 Esi woɖo Yesu Fiae le dziƒo le ƒe 1914 me megbe tetia, enya Satana ɖo ɖe anyigbaa dzi. Gake eteƒe madidi o, woava tsrɔ̃e. (Nyaɖ. 12:9, 12) Esi Satana le eƒe tsɔtsrɔ̃a lalamaa, dzi le ekum vevie, eye eɖea eƒe dzikua ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. (Nyaɖ. 12:13, 17) Esia wɔe be xexea lé fu Mawu ƒe amewo vevie wu tsã. Gake mele be míavɔ̃ Satana kple eyomedzelawo o, ke boŋ míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu abe ale si apostolo Paulo wɔe ene, esi wògblɔ be: “Ne Mawu le mía dzi la, ame kae atsi tsitre ɖe mía ŋu?” (Rom. 8:31) Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi bliboe, elabe míede dzesii be nya siwo wògblɔ ɖi le 1 Mose 3:15 ƒe akpa gãtɔ va eme xoxo.

16-18. Aleke 1 Mose 3:15 gɔme sese ɖe vi na Curtis, Ursula, kple Jessica?

16 Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míele o, Yehowa ƒe nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 ate ŋu aɖe vi na mí. Nɔviŋutsu Curtis, si nye dutanyanyuigblɔla le Guam, gblɔ be: “Meto nɔnɔme sesẽ aɖewo me, siwo na wòsesẽ nam be mawɔ nuteƒe na Yehowa. Gake ŋugbledede le 1 Mose 3:15 ŋu kpe ɖe ŋunye meyi edzi ɖo ŋu ɖe Fofonye si le dziƒo ŋu.” Curtis le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me Yehowa aɖe míaƒe fukpekpewo katã ɖa.

17 Nɔvinyɔnu Ursula si le Bavaria gblɔ be esi yeva se nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 gɔme nyuiea, ena yekpɔ ale si Biblia me nyagblɔɖi bubuwo katã do ƒome kplii. Esia wɔ dɔ ɖe edzi eye wòna wòka ɖe edzi be Mawu gbɔe Biblia tso vavã. Egblɔ be: “Esi mede dzesii be Yehowa ɖe afɔ enumake be yeatsɔ akpɔ nya si fɔ ɖe te gbɔ eye yeana mɔkpɔkpɔ amegbetɔwoa, esia na megava lɔ̃e ɖe edzi ŋutɔ.”

18 Nɔvinyɔnu Jessica si tso Micronesia gblɔ be: “Megaɖoa ŋku ale si mese le ɖokuinye me esi meva ke ɖe nyateƒea ŋu dzi vevie ŋutɔ! Nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 kpe ɖe ŋunye mede dzesii be, menye aleae Yehowa ɖoe be agbea nanɔ na mí o. Ena mekpɔe hã be nu nyuitɔ si mate ŋu awɔ le agbe me fifiae nye be masubɔ Yehowa. Esiae ana mava kpɔ agbe mavɔ le etsɔme.”

19. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖia ƒe akpa susɔea ava eme?

19 Abe ale si míekpɔe enea, nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 le eme vam. Míenya ame siwo nye nyɔnua ƒe dzidzimevia kple daa ƒe dzidzimevia. Yesu si nye nyɔnua ƒe dzidzimevi ƒe akpa vevitɔa ƒe afɔkpodzibia ku xoxoxo, eye fifia enye Fia sẽŋu aɖe si magaku akpɔ o. Yehowa wu dzidzimevia ƒe akpa evelia me tɔwo tiatia nu keŋkeŋ kloe vɔ. Esi nyagblɔɖia ƒe akpa gbãtɔ va eme xoxo taa, míate ŋu aka ɖe edzi be akpa susɔea si gblɔ be woagbã ta na daa hã ava eme godoo. Dzidzɔ gã kae nye esi wòanye na Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ne wotsrɔ̃ Satana gbidii! Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, mina míalé dzi ɖe ƒo, eye míagana ta o. Mía Mawu la mekaa aʋatso o. Ato nyɔnua ƒe dzidzimevia dzi ahe yayra geɖe vɛ na ‘anyigbadzinɔlawo katã’ godoo!—1 Mose 22:18.

HADZIDZI 23 Yehowa Ƒe Dziɖuɖu Dze Egɔme

a Hafi míate ŋu ase gbedeasi vevi si le Biblia me la gɔme bliboea, ele be míase nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 gɔme nyuie. Nyagblɔɖi sia me dzodzro ana míagaxɔ Yehowa dzi se geɖe wu, eye ana míaka ɖe edzi be awɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi.

b Kpɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenyawo B1, si ƒe tanyae nye “Nyati Vevi Si Le Biblia Me.”

c Kpɔ aɖaka si nye “Ame Siwo Woyɔ Le 1 Mose 3:14, 15.”