Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge . . . o”?

Yesu fia amewo be woanɔ anyi le ŋutifafa me kple wo nɔewo. Gake gbe ɖeka egblɔ na eƒe apostolowo be: “Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o; nyemeva ŋutifafa na ge o, ke yi boŋ. Elabena meva viŋutsu kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa, lɔ̃xoyɔvi kple lɔ̃xoa dome ma ge.” (Mat. 10:34, 35) Yesu ƒe nya mawo gɔme ɖe?

Menye Yesu ƒe taɖodzinue nye be yeade mama ƒometɔwo dome o, gake enyae be yeƒe nufiafiawo ate ŋu ahe mama ava ƒome aɖewo me. Eya ta ele be ame siwo tiae be yewoadze Kristo yome axɔ nyɔnyrɔ la nanyae be ate ŋu adzɔ be yewoƒe ƒometɔwo makpɔ dzidzɔ ɖe tiatia si yewowɔ la ŋu o. Ɣeaɖewoɣia, wo srɔ̃ alo woƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o ate ŋu atsi tre ɖe wo ŋu, eye esia ate ŋu awɔe be wòasesẽ na wo be woawɔ nuteƒe.

Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.’ (Rom. 12:18) Gake Yesu ƒe nufiafiawo ate ŋu ava nɔ abe “yi” ene le ƒome aɖewo me. Esia dzɔna ne ƒomea me tɔ aɖe va te wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi, gake ƒomea me tɔ susɔeawo ya medii o. Ne edzɔ alea, amea ƒe ƒometɔwo, vevietɔ esiwo le aƒe ɖeka me kplii, va zua eƒe “futɔwo” le nu siwo srɔ̃m wòle la ta.—Mat. 10:36.

Ne Kristo yomedzela aɖe le aƒe ɖeka me kple ƒometɔ siwo le subɔsubɔha bubuwo mea, nyametsotso vevi aɖe dzea ŋgɔe. Eyae nye be ɖe yeawɔ nu wòadze Yehowa kple Yesu ŋu loo alo ɖe yeawɔ nu wòadze ƒometɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ƒometɔwo ate ŋu aƒoe ɖe enu be wòaɖu ŋkekenyui aɖe. Ne edzɔ alea, ele be wòatia ame si wòaɖo toe. Yesu gblɔ be: “Ame si lɔ̃a fofoa alo dadaa wum la, eya medzem o.” (Mat. 10:37) Yesu ƒe nyawo mefia be ne ame aɖe va dze ye yome eye wòle wɔwɔm ɖe yeƒe nufiafiawo dzia, mele be wòagalɔ̃ edzilawo o. Ke boŋ ɖe wònɔ gbe tem ɖe edzi na wo be woakpɔ nu siwo le vevie wu adze sii. Ne míaƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu le esi míele Yehowa subɔm ta la, míawo ya míeyia edzi lɔ̃a wo. Gake ele vevie be míaɖo ŋku edzi be ele be míalɔ̃ Yehowa Mawu wu.

Le nyateƒe mea, evena ŋutɔ ne ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu. Togbɔ be ele alea hãa, Yesu ƒe nya siawo nɔa susu me na eyomedzelawo. Egblɔ be: “Ame sia ame si melɔ̃ tsɔ eƒe fuwɔameti la hedze yonyeme o la, eya medzem o.” (Mat. 10:38) Ne míagblɔe la, Kristotɔwo bua ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu be eya hã le fu siwo Kristo gblɔ be ye yomedzelawo akpe la me. Gake wonyae be ne yewoyi edzi nɔ agbe nyuia, aʋã yewoƒe ƒometɔwo hã be woalɔ̃ asrɔ̃ Biblia me nyateƒea.—1 Pet. 3:1, 2.