Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 37

Àte Ŋu Aka Ðe Nɔviwo Dzi

Àte Ŋu Aka Ðe Nɔviwo Dzi

“Lɔlɔ̃ [xɔa] nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã.”—1 KOR. 13:4, 7.

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae mewɔ nuku na mí be amewo megakana ɖe ame aɖeke dzi o?

 LE SATANA ƒe xexe sia mea, amewo meganya ame si tututu dzi woaka ɖo o. Asitsalawo, dunyahelawo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo wɔa nu wòɖea dzi le wo ƒo zi geɖe. Eya ta womegakana ɖe wo xɔlɔ̃wo, aƒelikawo kple ƒometɔwo gɔ̃ hã dzi o. Esia mewɔ nuku na mí o. Biblia gblɔe ɖi be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, . . . amewo anye . . . ame mawɔnuteƒewo, . . . ameŋugblẽlawo, . . . yomemɔfialawo.” Ne míagblɔea, esia fia be amewo ava nɔ nu wɔm abe xexe sia ƒe mawu Satana si dzi womate ŋu aka ɖo kura o la ene.—2 Tim. 3:1-4; 2 Kor. 4:4.

2. (a) Ame kawo dzie míate ŋu aka ɖo bliboe? (b) Nya kae ame aɖewo biana?

2 Gake mí Kristotɔwo míenya be míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi bliboe. (Yer. 17:7, 8) Míeka ɖe edzi be elɔ̃ mí eye ‘magblẽ exɔlɔ̃wo ɖi akpɔ o.’ (Ps. 9:10) Míate ŋu aka ɖe Kristo Yesu hã dzi, elabe etsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. (1 Pet. 3:18) Eye míawo ŋutɔ míekpɔ ale si kakaɖedzi le Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu. (2 Tim. 3:16, 17) Ðikeke mele eme o be míate ŋu aka ɖe Yehowa, Yesu, kple Biblia dzi. Gake ame aɖewo abia be, ɖe míate ŋu aka ɖe nɔvi siwo le hamea me la dzi ɣesiaɣia? Ne nenema yea, nu ka tae míate ŋu aka ɖe wo dzi?

MÍEHIÃ MÍA NƆVIWO

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le mía si le xexea me godoo; wolɔ̃ Yehowa abe míawo ke ene eye míate ŋu aka ɖe wo dzi (Kpɔ memama 3 lia)

3. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae su mía si? (Marko 10:29, 30)

3 Yehowa tia mí míeva le esubɔla siwo le xexea me katã ƒe ƒome gã la me. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee esia nye eye eɖea vi na mí ŋutɔ. (Xlẽ Marko 10:29, 30.) Nɔviwo le mía si le xexea me godoo. Wolɔ̃ Yehowa abe míawo ke ene, eye wodzea agbagba be yewoawɔ eƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi. Togbɔ be míaƒe gbegbɔgblɔwo, dekɔnuwo kple awudodowo to vovo hãa, míeɖea dzi ɖi le wo gbɔ, ne míedo go wo zi gbãtɔ gɔ̃ hã. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be mía kpli wo míasubɔ mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ɖekae.—Ps. 133:1.

4. Nu ka tae míehiã mía nɔviwo?

4 Fifiae wòle be míawɔ ɖeka kple mía nɔviwo wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Wokpena ɖe mía ŋu míetsɔa míaƒe agbawo. (Rom. 15:1; Gal. 6:2) Azɔ hã, wodea dzi ƒo na mí be míayi edzi asubɔ Yehowa eye míasẽ ŋu le xɔse me. (1 Tes. 5:11; Heb. 10:23-25) Bu ale si nuwo anɔ ne ɖe hamea meli akpe ɖe mía ŋu míatsi tsitre ɖe míaƒe futɔ Satana Abosam kple eƒe xexe vɔ̃ɖi sia ŋu o ŋu kpɔ. Eteƒe madidi o, Satana kple edzidelawo adze Mawu ƒe amewo dzi. Ɣemaɣia, dzi adzɔ mí be mía nɔviwo le mía ŋu!

5. Nu ka tae wòsesẽ na ame aɖewo be woaka ɖe nɔviwo dzi?

5 Gake esesẽna na ame aɖewo be woaka ɖe nɔviwo dzi, ɖewohĩ le esi nɔvi aɖe ʋu go woƒe nya ɣaɣla alo mewɔ ŋugbe si wòdo na wo dzi o ta. Alo ɖewohĩ hamea me tɔ aɖe wɔ nane alo gblɔ nya aɖe si te ɖe wo dzi vevie. Ne edzɔ alea, ate ŋu asesẽ na mí be míaka ɖe amewo dzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaka ɖe mía nɔvi Kristotɔwo dzi?

LƆLƆ̃ NA MÍA NƆVIWO AKPE ÐE MÍA ŊU MÍAKA ÐE WO DZI

6. Aleke lɔlɔ̃ na mía nɔviwo akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe wo dzi? (1 Korintotɔwo 13:4-8)

6 Ne míelɔ̃ ame aɖea, míaka ɖe edzi. Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 13 lia ƒo nu tso lɔlɔ̃ ƒe akpa vovovowo ŋu; woakpe ɖe mía ŋu míaka ɖe amewo dzi ne wowɔ nu wòve mí va yi gɔ̃ hã. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 13:4-8.) Le kpɔɖeŋu me, kpukpui 4 lia gblɔ be “lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.” Yehowa gbɔa dzi ɖi na mí ne míewɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu gɔ̃ hã. Eya ta ele be míagbɔ dzi ɖi na mía nɔviwo ne wogblɔ nya alo wɔ nane wòve mí. Kpukpui 5 lia gblɔ be: “[Lɔlɔ̃] mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” Masɔ be ‘míalé vɔ̃ siwo wowɔ ɖe mía ŋua ɖi o,’ si fia be mele be míayi edzi anɔ nu siwo mía nɔviwo wɔ ɖe mía ŋu la ŋu bum o. Nyagblɔla 7:9 xlɔ̃ nu mí be ‘míagayɔ ɖe dzikudodo ŋu o.’ Ɛ̃, anyo be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Efesotɔwo 4:26 dzi; afi ma gblɔ be: “Ɣe nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi dzi o”!

7. Aleke aɖaŋuɖoɖo siwo dze le Mateo 7:1-5 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe mía nɔviwo dzi?

7 Nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe mía nɔviwo dzie nye be míabu wo abe ale si Yehowa bua woe ene. Mawu lɔ̃ wo, eye meléa woƒe vodadawo ɖi o. (Ps. 130:3) Mele be míawo hã míalé woƒe vodadawo ɖi o. Le esi míatsɔ susu aɖo woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu teƒea, anyo be míadze agbagba ade dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo kple nu nyui siwo woate ŋu awɔ. (Xlẽ Mateo 7:1-5.) “[Lɔlɔ̃ xɔa] nuwo katã dzi sena,” eya ta míekana ɖe mía nɔviwo dzi be womaɖoe koŋ awɔ nu wòave mí o. (1 Kor. 13:7) Esia mefia be Yehowa di be míaka ɖe amewo dzi eŋumabumabui o; ke boŋ edi be míaka ɖe wo dzi le esi woɖee fia be yewonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo ta. *

8. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàgaka ɖe nɔviwo dzi?

8 Menɔa bɔbɔe be míaka ɖe mía nɔviwo dzi o, eye exɔa ɣeyiɣi. Ke nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàka ɖe nɔviwo dzi? Dze agbagba nànya wo nyuie. Ðo dze kpli wo le kpekpeawo. Wɔ ɖoɖo nàyi gbeadzi kpli wo. Mègana ta le wo ŋu o, ke boŋ gbɔ dzi ɖi na wo eye nàde dzesi nu siwo wowɔna si ɖenɛ fiana be woate ŋu aka ɖe yewo dzi. Esi nèle agbagba dzem be yeanya amea nyuiea, ɖewohĩ gbãa, menye nya sia nyae nàdi be yeaʋu go tso ɖokuiwò ŋu nɛ o. Gake ne mieva nya mia nɔewo nyuiea, ɖewohĩ àlɔ̃ faa agblɔ wò dzimenya aɖewo nɛ. (Luka 16:10) Ke nu kae nàte ŋu awɔ ne ame aɖe si dzi nèka ɖo mewɔ nuteƒe na wò o? Mègatsɔ dzitsitsi tso kadodoa me o, ke boŋ na ya naƒo ɖe nyaa me. Eye mègana ame ɖeka eve aɖewo ƒe nuwɔna nawɔe be màgaka ɖe nɔviwo dzi o. Na míadzro Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo yi edzi ka ɖe amewo dzi togbɔ be ame aɖewo wɔ nu wòte ɖe wo dzi hãa ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me.

SRƆ̃ NU TSO AME SIWO YI EDZI KA ÐE AME BUBUWO DZI LA GBƆ

Togbɔ be Eli bu fɔ Hana madzemadzee hãa, Hana yi edzi ka ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi (Kpɔ memama 9 lia)

9. (a) Aleke Hana ɖee fia be yeka ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi togbɔ be ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm dometɔ aɖewo mewɔ nuteƒe o? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso Hana ƒe kpɔɖeŋua me? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

9 Ðe nɔvi aɖe si le ŋgɔ xɔm le hamea me wɔ nu wòte ɖe dziwò kpɔa? Ne nenema yea, ke Hana ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na wò. Le eƒe ɣeyiɣia mea, Nunɔlagã Eli ye nɔ ŋgɔ xɔm le Yehowa subɔsubɔ me le Israel. Gake eƒe ƒomea meɖo kpɔɖeŋu nyui o. Viaŋutsuwo, siwo nye nunɔlawo, nɔ ŋukpenanuwo wɔm eye wonɔa agbe gbegblẽ. Eli mewɔ nu boo aɖeke tsɔ ɖɔ wo ɖo o. Gake Yehowa mexɔ dɔ le Eli si enumake o. Togbɔ be enɔ alea hãa, Hana megblɔ be zi ale si Eli kpɔtɔ nye nunɔlaa, yemagavɛ subɔ le avɔgbadɔa me o. Gbe ɖeka Hana yi va do gbe ɖa vevie. Esi Eli kpɔea, esusu be ɖe wòmu aha, taa ebu fɔe, evɔ meku nyaa me hafi o. (1 Sam. 1:12-16) Hana ɖe adzɔgbe na Yehowa be ne yedzi via, yeatsɔe ana wòasubɔ le avɔgbadɔa me le Eli ƒe kpɔkplɔ te. (1 Sam. 1:11) Ke ɖe womawɔ naneke tso Eli viŋutsuawo ƒe nɔnɔmea ŋu oa? Ɛ̃, eye Yehowa wɔ nane tso eŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (1 Sam. 4:17) Azɔ hã, Mawu na Hana dzi ŋutsuvi si ŋkɔe nye Samuel.—1 Sam. 1:17-20.

10. Aleke Fia David yi edzi ka ɖe ame bubuwo dzi togbɔ be ame aɖewo mewɔ nuteƒe nɛ o hã?

10 Ðe xɔ̃wò vevi aɖe trɔ wò to eme kpɔa? Ne nenema yea, ke bu nu si dzɔ ɖe Fia David dzi ŋu kpɔ. Viaŋutsu Absalom dze aglã eye wòdi be yeaxɔ fiaɖuƒea le esi. Nublanuitɔea, David xɔlɔ̃ kplikplikpli si nye Ahitofel wɔ ɖeka kple Absalom. Anya te ɖe David dzi vevie be ye ŋutɔ ye vi kple ame si yebuna ye xɔlɔ̃a trɔ ye to eme. Gake esia mena David dzudzɔ kaka ɖe ame bubuwo dzi o. Eyi edzi ka ɖe exɔlɔ̃ wɔnuteƒe bubu si ŋkɔe nye Husai, si mewɔ ɖeka kple aglãdzelawo oa dzi. Esia sɔ elabe Husai ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ nyui eye wòtsɔ eƒe agbe de afɔku me gɔ̃ hã be yeakpe ɖe David ŋu.—2 Sam. 17:1-16.

11. Aleke Nabal ƒe subɔvi aɖe ɖee fia be yeka ɖe Abigail dzi?

11 Bu kpɔɖeŋu si Nabal ƒe subɔvi aɖe ɖo ŋu kpɔ. David kple eƒe amewo dzɔ Israel-vi aɖe si ŋkɔe nye Nabal ƒe subɔviwo ŋu be vɔ̃ aɖeke medzɔ ɖe wo dzi o. Ɣeyiɣi aɖe megbea, David bia tso Nabal, si nye kesinɔtɔ, si be wòana nuɖuɖu yeƒe amewo, nu sia nu si wònya kpɔ ko. Gake Nabal gbe be yemana naneke David o. Esia na David do dziku vevie eye wòɖoe be yeawu ŋutsu ɖe sia ɖe le Nabal ƒe me. Nabal ƒe subɔvi aɖe va gblɔ nyaa na Nabal srɔ̃, Abigail. Subɔvia hã le Nabal ƒe me, eya ta enya be yeƒe agbe ɖo afɔku me, gake mesi o. Eka ɖe Abigail dzi be awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu elabe ame sia ame nyae be Abigail dze aɖaŋu, eye afɔ siwo Abigail ɖea ɖo kpe esia dzi. Dzi nɔ Abigail ƒo wòva ƒo nu na David wòɖe asi le nu si wòɖo be yeawɔa ŋu. (1 Sam. 25:2-35) Abigail ka ɖe David dzi be awɔ nu si sɔ.

12. Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo dzi togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ wo ŋu hã?

12 Yesu ka ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ wo ŋu hã. (Yoh. 15:15, 16) Esi Yakobo kple Yohanes bia tso Yesu si be wòana ɖoƒe tɔxɛ yewo le Fiaɖuƒea mea, Yesu megblɔ be wole wo ɖokui tɔ dim alo womegadze anye yeƒe apostolowo o. (Marko 10:35-40) Emegbe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi le zã si wolée me. (Mat. 26:56) Gake esia mewɔe be Yesu megaka ɖe wo dzi o. Enya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie; gake “elɔ̃ wo va se ɖe nuwuwu.” (Yoh. 13:1) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbea, ede dɔ vevi aɖe asi na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo be woaxɔ ŋgɔ le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me eye woalé be na yeƒe alẽ xɔasiawo. (Mat. 28:19, 20; Yoh. 21:15-17) Esɔ be Yesu ka ɖe wo dzi togbɔ be womede blibo o hã. Wo katã woyi edzi subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe ku me. Ɛ̃, Hana, David, Nabal ƒe subɔvia, Abigail, kple Yesu woɖo kpɔɖeŋu nyui na mí be míaka ɖe mía nɔviwo dzi togbɔ be womede blibo o hã.

ALE SI MÍAWƆ AGAKA ÐE MÍA NƆVIWO DZI AKE

13. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaka ɖe ame bubuwo dzi?

13 Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be nèka ɖe nɔvi aɖe dzi gblɔ wò nya ɣaɣla aɖe nɛ eye emegbe nèva se be evɛ gblɔe na ame bubuwoa? Nu ma vena ŋutɔ. Gbe ɖeka nɔvinyɔnu aɖe gblɔ eƒe nya ɣaɣla na hamemetsitsi aɖe. Esi ŋu kea, hamemetsitsia srɔ̃ yɔ nɔvinyɔnua be yeade dzi ƒo nɛ. Anɔ eme be ese nya si nɔvinyɔnua gblɔ na hamemetsitsia. Esia na wòsesẽ na nɔvinyɔnua be wòagaka ɖe hamemetsitsia dzi ake. Gake nɔvinyɔnua wɔe nyuie be mena ta o. Ke boŋ ete ɖe hamemetsitsi bubu ŋu eye wòkpe ɖe eŋu wògaka ɖe hamemetsitsiawo dzi ake.

14. Nu kae kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu wògaka ɖe nɔviawo dzi ake?

14 Nɔviŋutsu aɖe bi dzi ɖe hamemetsitsi eve ŋu ɣeyiɣi didi aɖe eye wòkpɔe be yemate ŋu aka ɖe wo dzi o. Gake eva ɖo ŋku nya wɔdɔɖeamedzi si nɔviŋutsu aɖe si ŋu wòdea bubui vevie la gblɔ dzi; eyae nye be: “Satanae nye futɔa, ke menye mía nɔviwo o.” Nɔviŋutsua de ŋugble le nya sia ŋu vevie eye wòdo gbe ɖa tso eŋu. Emegbea, ewɔ ŋutifafa kple hamemetsitsi evea.

15. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ate ŋu axɔ ɣeyiɣi didi hafi míagava ka ɖe amewo dzi ake.

15 Ðe woxɔ dɔ le asiwò le hamea me kpɔa? Esia tea ŋu ɖea dzi le ame ƒo. Grete kple nɔa wonye Ðasefo wɔnuteƒewo le Nazi Germany le ƒe 1930-awo me esime woɖo asi míaƒe dɔa dzi. Ɣemaɣia, Grete ye ƒoa Gbetakpɔxɔ magazinea me nyawo ɖe pepa falɛfalɛ aɖe dzi be woatsɔ awɔ kɔpiwo na nɔviawo, eye dɔ sia doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Gake esi nɔviawo va nyae be tɔa tsi tsitre ɖe nyateƒea ŋua, woxɔ mɔnukpɔkpɔ ma le esi elabe wovɔ̃ be tɔa ava de nɔviawo asi. Grete ƒe dodokpɔwo mese ɖe afi ma o. Le Xexemeʋa Evelia wɔɣi katãa, nɔviawo menaa magazinewo Grete kple nɔa o, eye ne wodo go wo le mɔ dzia, womeƒoa nu na wo o. Esia gbã dzi na wo vevie! Grete gblɔ be exɔ ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ hafi yete ŋu va tsɔ ke nɔvi mawo eye yegava ka ɖe wo dzi ake. Eva bu eŋu be esi Yehowa tsɔ ke wo taa, ele be ye hã yeatsɔe ake wo. *

“Satanae nye futɔa, ke menye mía nɔviwo o”

16. Nu ka tae wòle be míaku kutri vevie be míagaka ɖe mía nɔviwo dzi ake?

16 Ne nu sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔ eye wògbã dzi na wòa, dze agbagba be vivivia, nàgava ka ɖe nɔviawo dzi ake. Axɔ ɣeyiɣi ya, gake wò agbagbadzedzewo aɖe vi. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne míeɖu nane eye wòtrɔ dɔ me na mía, ɖe wòfia be míagaɖu nu azɔ oa? Ao, míaɖu nu, gake míanɔ ŋudzɔ ɖe nu si míaɖu ŋu. Le mɔ ma ke nua, mele be míana nɔvi aɖe ƒe nuwɔna nawɔe be míagaka ɖe nɔvi bubu siwo míenya be womede blibo o la dzi o. Ne míeku kutri vevie be míagaka ɖe mía nɔviwo dzi akea, ana míakpɔ dzidzɔ eye awɔe be míawo hã míakpe asi ɖe eŋu be wòanɔ bɔbɔe be míaka ɖe mía nɔewo dzi le hamea me.

17. Nu ka tae wòle vevie be míaka ɖe mía nɔviwo dzi, eye nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Amewo megakana ɖe ame aɖeke dzi le Satana ƒe xexea me o, gake míate ŋu aka ɖe mía nɔvi siwo le xexea me godoo la dzi elabe wolɔ̃ mí eye míawo hã míelɔ̃ wo. Kaka ɖe mía nɔviwo dzi alea nana míekpɔa dzidzɔ, míewɔa ɖeka, eye akpɔ mía ta ne míeɖo ɣeyiɣi sesẽwo me. Ke ne ame aɖe wɔ nu wòve wò eye mègakana ɖe edzi o ɖe? Nu kae nàte ŋu awɔ? Na Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu nafia mɔ wò, wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, lɔ̃ nɔviwò Kristotɔwo vevie, eye nàsrɔ̃ nu tso Biblia ƒe kpɔɖeŋuwo me. Aleke kee mía nɔvi aɖe ƒe nuwɔna na míese vevee o, anya wɔ be míaɖe asi le nyaa ŋu be míaƒe dzi nafa eye míagaka ɖe nɔviwo dzi ake. Ne míewɔe aleaa, xɔlɔ̃ geɖewo asu mía si, ‘siwo aku ɖe mía ŋu goŋgoŋ.’ (Lod. 18:24) Esi míele agbagba dzem be míaka ɖe mía nɔviwo dzia, ehiã hã be míawɔ nu siwo ana woaka ɖe mía dzi. Le nyati si kplɔe ɖo mea, míadzro nya ma me yi ŋgɔe.

HADZIDZI 99 Nɔvi Akpeakpewo

^ Ele be míaka ɖe mía nɔviwo dzi. Esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, elabe wowɔa nu wòvea mí ɣeaɖewoɣi. Le nyati sia mea, míadzro Biblia me gɔmeɖose aɖewo kple Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me. Esia akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe mía nɔviwo dzi geɖe wu, eye míagava ka ɖe mía nɔvi siwo wɔ nu wòve mí la dzi ake.

^ Biblia xlɔ̃ nu mí be ame aɖewo ate ŋu anɔ hamea me siwo dzi mele be míaka ɖo o. (Yuda 4) Togbɔ be mebɔ o hãa, ate ŋu adzɔ be aʋatsonɔvi aɖewo nagblɔ “nya totrowo” be yewoatsɔ akplɔ amewo atrae. (Dɔw. 20:30) Mele be míaka ɖe ame siawo tɔgbi dzi alo aɖo to wo o.

^ Àte ŋu axlẽ nu bubu siwo me Grete toa ŋu nya le Ƒe 1974 Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒegbalẽa me, axa 129-131 (ele yevugbe me).