Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Nusɔsrɔ̃ Tso Yehowa Ŋu Kple Nufiafia Amewo Na Mekpɔ Dzidzɔ Geɖe

Nusɔsrɔ̃ Tso Yehowa Ŋu Kple Nufiafia Amewo Na Mekpɔ Dzidzɔ Geɖe

ESI menɔ tsitsim le Easton, Pennsylvania, le Amerikaa, meɖoe be made suku kɔkɔ ne mazu ame ŋkuta. Agbalẽsɔsrɔ̃ dzɔa dzi nam, eye le sukua, akɔntabubu kple dzɔdzɔmeŋutinunya ɖena nam. Le ƒe 1956 mea, habɔbɔ aɖe si ʋlia dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesiwo taa nam dɔlar 25 le esi medze agbagba wu le ameyibɔ sukuviwo katã dome ta. Gake emegbea, nye taɖodzinuwo trɔ. Aleke wòdzɔe?

ALE SI MEVA SRƆ̃ NU TSO YEHOWA ŊU

Le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedzea, Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple dzinyelawo. Togbɔ be nusɔsrɔ̃a va tsi akpo dzi hãa, nɔnye yi edzi nɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo xɔm. Le ƒe 1950 mea, wowɔ dukɔwo dome takpekpe aɖe le New York City, eye míaƒe ƒomea hã de.

Emegbe kpuiea, Nɔviŋutsu Lawrence Jeffries va nɔ mía srãm kpɔ. Eɖoe eɖokui dzi be yeakpe ɖe ŋunye masrɔ̃ nyateƒea. Gbãa, medzɔ dzi nam kura be Yehowa Ðasefowo medea nu dunya me o, eye womewɔa aʋa o. Mebiae be, ne Amerikatɔwo katã gbe be yewomayi aʋa o la, ke menye ɖeko futɔwo ava dze mía dzi axɔ míaƒe dukɔa oa? Nɔviŋutsu Jeffries biam tufafatɔe be: “Ne Amerikatɔwo katã subɔa Yehowa Mawu eye futɔwo va be yewoadze wo dzia, nu kae nèsusu be Mawu awɔ?” Nya ma si wòbiam kple nya bubu siwo me wòɖe nam la na mekpɔe be ale si menɔ nuwo ŋu bumee mesɔ o. Esia na medi vevie be masrɔ̃ Biblia.

Nye nyɔnyrɔxɔgbe

Mezã gaƒoƒo geɖe tsɔ xlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xoxo siwo nɔnye dzra ɖo. Vivivia, meva kpɔe be nyateƒeae nye esia, ta melɔ̃ be Nɔviŋutsu Jeffries nasrɔ̃ Biblia kplim. Meva nɔ kpekpeawo hã dem edziedzi. Melɔ̃ nu siwo srɔ̃m menɔ ŋutɔ, eye meva zu nya nyui gbeƒãɖela. Esi meva de dzesii be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe” la, metrɔ nye taɖodzinuwo. (Zef. 1:14) Nyemegadi be made suku kɔkɔ o, ke boŋ meɖoe be makpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea.

Mewu sekɛndrisuku (lycée) nu le June 13, 1956 dzi, eye ŋkeke etɔ̃ megbea, mexɔ nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpe aɖe me. Nyemenya kura ɣemaɣi be Yehowa ava yram geɖe ne metsɔ ɖokuinye na be masrɔ̃ nu tso eŋu eye mafia nu amewo tso eŋu o.

NUSƆSRƆ̃ KPLE NUFIAFIA LE MƆÐEÐEDƆA ME

Esi mexɔ nyɔnyrɔ ɣleti ade megbea, meva zu gbesiagbe mɔɖela. Le December 1956 mea, nyati aɖe dze le Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, si ƒe tanyae nye “Ðe Nàte Ŋu Asubɔ Le Afi Si Hiahiã Geɖe Lea?” Mekpɔe be amekpekpe ma yi na nye hã. Medi be makpe asi ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu le afi si gbeƒãɖelawo mesɔ gbɔ le o.—Mat. 24:14.

Meʋu yi Edgefield, le South Carolina. Gbeƒãɖela ene koe nɔ hamea me eye meva kpe wo míezu gbeƒãɖela atɔ̃. Míewɔa kpekpeawo le nɔviŋutsu aɖe ƒe me. Mezãa gaƒoƒo 100 le gbeadzi ɣleti sia ɣleti. Dɔ geɖe nɔ dzinye; mexɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me eye mewɔa dɔdeasi vovovowo le kpekpeawo me. Nu si dzɔ dzi namee nye be, zi ale si mewɔ geɖe le hamea mea, zi nenemae megasrɔ̃a nu geɖe tso Yehowa ŋu.

Menɔ Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe si ɖo amekukudzraɖoƒe aɖe ɖe Johnston; du ma medidi tso mía gbɔ o. Mehiã na dɔ vevie ɣemaɣi, ta exɔm be mawɔ dɔ ŋkeke aɖewo le kwasiɖaa me. Ena xɔ sue aɖe hã hamea be míanɔ kpekpeawo wɔm le eme.

Nɔviŋutsu si srɔ̃ nu kplim la ƒe viŋutsu, Jolly Jeffries, ʋu tso Brooklyn, le New York va, eye wòva zu nye zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa me. Nɔviŋutsu aɖe ɣe eƒe ʋu si wowɔ wòganye xɔdɔme la na mí; eya mee míemlɔna.

Fetu si woxena na dɔwɔlawo le nutoa mea mede naneke o. Dɔlar eve alo etɔ̃ ko woxena ŋkeke ɖeka. Gbe ɖekaa, mezã gaku ʋɛ siwo susɔ ɖe asinyea tsɔ ƒle nuɖuɖu le fiase aɖe me. Esi medo go le fiasea mea, ŋutsu aɖe te ɖe ŋunye hebiam be: “Èle dɔ dimaa? Maxe dɔlar ɖeka na wò gaƒoƒo ɖe sia ɖe.” Exɔm be manɔ teƒe aɖe si wole xɔ tum lea dzram ɖo ŋkeke etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Edze ƒãa be Yehowa nɔ kpekpem ɖe ŋunye be makpɔtɔ anɔ Edgefield. Le ƒe 1958 mea, mete ŋu de dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York City.

Míaƒe srɔ̃ɖegbe

Le takpekpea ƒe ŋkeke eveliaa, medo go Ruby Wadlington. Enye gbesiagbe mɔɖela le Gallatin, le Tennessee. Esi mí ame evea míedi be míawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa taa, míede kpekpe si wowɔ kple ame siwo adi be yewoade Gilead sukua. Emegbe nye kple Ruby míeŋlɔa lɛta na mía nɔewo. Gbe ɖeka wokpem meva ƒo dutoƒonuƒo le Gallatin. Mewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ gblɔ na Ruby be medi be maɖee. Meʋu yi woƒe hamea me eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1959 me.

NUSƆSRƆ̃ KPLE NUFIAFIA LE HAMEA ME

Esi mexɔ ƒe 23 la, woɖom hamesubɔla (si woyɔna fifia be hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla) le Gallatin. Míaƒe hamea ye nye hame gbãtɔ si Charles Thompson va srã kpɔ esi wòzu nutome sue dzikpɔla. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi, gake ebia nye susu tso nɔviawo ƒe hiahiãwo kple ale si dzikpɔla bubuwo kpɔ wo gbɔ va yi ŋu. Mesrɔ̃e tso egbɔ be enyo be mabia nya eye manya nyateƒe bliboa le nya aɖe ŋu hafi atso nya me.

Le May 1964 mea, wokpem mede Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si wowɔ ɣleti ɖeka le South Lansing, le New York. Nɔviŋutsu siwo kpɔ sukua dzia kpe ɖe ŋunye megadi vevie be masrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye mate ɖe eŋu wu.

NUSƆSRƆ̃ KPLE NUFIAFIA LE MƆZƆZƆDƆA ME

Le January 1965 mea, wokpe nye kple Ruby be míawɔ nutome sue dzikpɔkpɔ dɔa. Nutome sue gbãtɔ si míesubɔ la lolo ŋutɔ. Etso Knoxville, le Tennessee, va ɖo Richmond, le Virginia gbɔ lɔƒo. Hame siwo le North Carolina, le Kentucky, kple West Virginia hã nɔ eme. Hame siwo me ameyibɔwo ɖeɖe le koe mesubɔ, elabe se meɖe mɔ ɣemaɣi be yevuwo kple ameyibɔwo naƒo ƒu ɖekae le Amerika ƒe anyiehe nutowo me o. Nɔviawo da ahe, taa míemaa nu siwo le mía si la kpli wo. Nɔviŋutsu aɖe si nye nutome sue dzikpɔla ƒe geɖe fia nu vevi aɖem. Egblɔ nam be: “Ne èyi hame aɖe mea, mègaɖu aƒetɔ ɖe nɔviawo dzi o, ke boŋ nànye wo nɔvi. Ne wobua wò yewo nɔvi ko hafi nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu.”

Ɣeaɖeɣi esi míesrã hame sue aɖe kpɔa, Ruby dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnu aɖe si si vinyɔnuvi si xɔ ƒe ɖeka le. Ame aɖeke menɔ hamea me ayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii o, ta Ruby nɔ nua srɔ̃m kplii to lɛtaŋɔŋlɔ dzi. Esi míegavɛ srã hame ma kpɔa, nyɔnua de kpekpeawo katã. Woɖo nɔvinyɔnu mɔɖela vevi eve ɖe nuto ma me; woyi nusɔsrɔ̃a dzi kple nyɔnua. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, exɔ nyɔnyrɔ. Ƒe 30 megbe, le ƒe 1995 me le Patterson Betel la, nɔvinyɔnu aɖe va ɖe eɖokui fia Ruby. Sigbeɖe nyɔnu si Ruby srɔ̃ nu kplii va yia vinyɔnua ye. Eya kple srɔ̃a wova Gilead Sukua ƒe klas 100 lia de ge.

Nutome sue evelia si míesubɔ la le Florida titina. Eva hiã be ʋu nanɔ mía si, eya ta esi míekpɔ ɖe si ƒe asi nyoa, míeƒlee. Gake le kwasiɖa gbãtɔ mea, nane gblẽ le eŋu, evɔ ga menɔ mía si míadzrae ɖo o. Meƒo ka na nɔvi aɖe si ate ŋu adzrae ɖo la be wòakpe ɖe mía ŋu. Edɔ eƒe dɔwɔvi ɖeka ɖa wòva dzra ʋua ɖo. Gake nɔvia gbe be yemaxɔ ga o. Nya si wògblɔ koe nye be, “Ema menye naneke o ɖe.” Eya boŋ gatrɔ na ga mí! Esia nye ale si Yehowa léa be na esubɔlawo ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Nudzɔdzɔa ɖo ŋku edzi na mí be míanyo dɔme na ame bubuwo.

Ne míevɛ srã hamewo kpɔa, nɔviwo xɔa mí ɖe wo ƒe me. Esia na míedze xɔlɔ̃ nyui geɖe. Gbe ɖekaa, menɔ mɔ̃ aɖe zãm tsɔ nɔ nu ŋlɔm tso hamea ŋu eye metso le egbɔ do go vie. Esi metrɔ gbɔ fiẽ mea, mese be ƒome si gbɔ míedzea ƒe viŋutsuvi si xɔ ƒe etɔ̃ va yi nuŋɔŋlɔa dzi nam. Esusu be yenɔ kpekpem ɖe ŋunye, gake ɖe wògblẽ dɔa nam boŋ. Ƒe geɖe megbe gɔ̃ hãa, megakonɛ ɖe eta.

Le ƒe 1971 mea, alɔdzedɔwɔƒea ŋlɔ agbalẽ nam be woɖom nutome gã dzikpɔla le New York City. Míaƒe nu ku! Ƒe 34 koe mexɔ esi míeʋu yi afi ma. Nɔviawo do vivi ɖe ŋunye ŋutɔ; nyee nye woƒe nutome gã dzikpɔla gbãtɔ si nye ameyibɔ.

Mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye le nutome gã dzikpɔkpɔdɔa me be mafia nu tso Yehowa ŋu kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe le nutome sue takpekpewo me. Mekpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ŋutɔ. Nuteƒekpɔkpɔwo su nutome sue dzikpɔla siwo nɔ afi maa dometɔ geɖe si wum. Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hãe ƒo nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa le takpekpe si me mexɔ nyɔnyrɔ le. Wo dometɔ ɖeka hã si ŋkɔe nye Theodore Jaracz va zu Dɔdzikpɔha me tɔ emegbe. Nɔviŋutsu gbogbo aɖewo hã nye Brooklyn Betel-ƒomea me tɔ siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su. Meda akpe ŋutɔ ɖe ale si nutome sue dzikpɔlawo kple Betel-ƒomea me tɔwo kpe ɖe ŋunye meɖe dzi ɖi wɔ dɔa ta. Nye ŋutɔ mekpɔe kɔtɛ be nɔvi siawo nye alẽkplɔla lɔ̃ame siwo ɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu eye wokpea asi ɖe eƒe habɔbɔa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Woƒe ɖokuibɔbɔ na wònɔ bɔbɔe nam be mete ŋu wɔ nutome gã dzikpɔkpɔdɔa.

MEGAVA ZU NUTOME SUE DZIKPƆLA AKE

Le ƒe 1974 mea, Dɔdzikpɔhaa de nutome gã dzikpɔkpɔdɔa asi na nutome sue dzikpɔla aɖewo, eya ta megava zu nutome sue dzikpɔla ake, eye woɖe mí yi South Carolina. Ɣemaɣia, se ɖe mɔ azɔ be yevuwo kple ameyibɔwo ate ŋu aƒo ƒu ɖekae, eye esia na dzi dzɔ nɔviawo ŋutɔ.

Le ƒe 1976 ƒe nuwuwu lɔƒoa, wode dɔ asi nam be masubɔ nutome sue aɖe le Georgia, si le Atlanta kple Columbus dome. Va se ɖe egbea, megaɖoa ŋku esime meƒo ameyibɔvi sue atɔ̃ aɖewo ƒe kunuƒo le yɔdo toa dzi. Ame aɖe tɔ dzo aƒe si me wo kple wo dzilawo nɔ eye nublanuitɔea, ɖeviawo ku. Wo dzilawo ya tsi agbe, gake wo nɔ xɔ abi vevie, ta woxɔe ɖe kɔdzi. Yehowa Ðasefo gbogbo aɖewo, yevuwo kple ameyibɔwo siaa, va kɔa dzi va fa akɔ na wo. Lɔlɔ̃ si nɔviawo ɖe fia wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Ne mawusubɔlawo se veve ɖe wo nɔewo nu alea, ekpena ɖe wo ŋu wodoa dzi le nɔnɔme sesẽtɔ gɔ̃ hã me.

NUSƆSRƆ̃ KPLE NUFIAFIA LE BETEL

Le ƒe 1977 mea, wobia tso mía si be míava kpe asi ɖe dɔ aɖe ŋu le Brooklyn Betel ɣleti ʋɛ aɖewo. Esi wòsusɔ vie dɔa nawu enua, Dɔdzikpɔhaa me tɔ eve va kpɔm eye wobia be nye kple Ruby míadi be míayi edzi asubɔ le Betel hã. Ta míelɔ̃.

Mewɔ dɔ le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea ƒe 24. Míaƒe dɔa bia be míaɖo nya sesẽ siwo nɔviwo biana ŋu na wo. Dɔdzikpɔhaa naa mɔfiame geɖe siwo wotu ɖe Biblia dzia mí enuenu. Mɔfiame siawo kpena ɖe Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea ŋu woɖoa nɔviawo ƒe biabiawo ŋu, eye wogazãa wo tsɔ naa hehe nutome sue dzikpɔlawo, hamemetsitsiwo kple mɔɖelawo. Hehe sia kpe ɖe nɔvi geɖe ŋu wotsi le gbɔgbɔ me, eye esia na Yehowa ƒe habɔbɔa gali ke ɖe edzi.

Tso ƒe 1995 va ɖo ƒe 2018 mea, mesrã alɔdzedɔwɔƒe vovovowo kpɔ, elabe ɣemawoɣia, menye dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ, si woyɔna tsã be alɔdzewo dzikpɔla. Mekpena kple Alɔdzekɔmitiwo, Betel-ƒomea me tɔwo kple dutanyanyuigblɔlawo, eye medea dzi ƒo na wo hekpena ɖe wo ŋu ne wole kuxi aɖe me tom. Nɔviawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo wogblɔna na nye kple Ruby hã dea dzi ƒo na mí ŋutɔ. Esi míeyi Rwanda le ƒe 2000 mea, nu siwo me nɔviawo kple Betel-ƒomea me tɔwo to ŋu nya sese wɔ dɔ ɖe mía dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1994 mea, to aɖe me tɔwo ɖoe be yewoatsrɔ̃ to bubu me tɔwo ɖa kuraa. Esia wɔe be nɔviawo dometɔ geɖe ƒe ame veviwo ku. Togbɔ be nɔviawo kpe fu geɖe hãa, wolé xɔse me ɖe asi sesĩe, mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wo o, eye wokpɔtɔ nɔ dzidzɔ kpɔm.

Míaƒe srɔ̃ɖezã 50 lia

Nye kple srɔ̃nye míele míaƒe ƒe 80-awo me fifia. Ƒe 20 ye nye esia menye United States Alɔdzekɔmitia me tɔ. Togbɔ be nyemede suku kɔkɔ o hãa, mexɔ hehe nyuitɔ kekeake tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa gbɔ. Esia kpe ɖe ŋunye mefia Biblia me nyateƒea amewo, eye aɖe vi na wo tegbee. (2 Kor. 3:5; 2 Tim. 2:2) Mekpɔ ale si Biblia kpe ɖe amewo ŋu woƒe agbenɔnɔ ganyo ɖe edzi eye ƒomedodo nyui va le wo kple wo Wɔlaa dome. (Yak. 4:8) Nye kple Ruby míewɔa mía tɔ sinua dea dzi ƒo na amewo be woade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye woafia Biblia me nyateƒea amewo la ŋu, elabe esiae nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ si ate ŋu asu Yehowa subɔla si!