Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae nya si apostolo Paulo gblɔ be yele abe “ame si ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o” ene la fia? (1 Korintotɔwo 15:8)

Paulo gblɔ le 1 Korintotɔwo 15:8 be: “Mlɔeba eɖe eɖokui fia nye hã, abe ame si ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o ene.” Tsãa, míeɖe eme be anɔ eme be Paulo nɔ nu ƒom tso nu si dzɔ ɖe edzi esime wòkpɔ Yesu le ŋutikɔkɔe me le ŋutega me ŋu. Enɔ abe ke ɖe wona mɔnukpɔkpɔe be woagbugbɔe adzi, alo afɔe ɖe tsitre wòanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ do ŋgɔ na ɣeyiɣi ɖoɖia ene. Gake esi míede ŋugble le kpukpui sia ŋu yi ŋgɔea, míekpɔe be ehiã be míatrɔ asi le ale si míese egɔmee tsã ŋu.

Enye nyateƒe be Paulo nɔ nu ƒom tso eƒe dzimetɔtrɔ ŋu. Gake nu kae nya si wògblɔ be ‘yeƒe ŋkeke mede hafi wodzi ye o’ la fia? Bu nu siwo wòanya fia la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Nu si na Paulo trɔ dzi mea dzɔ kpata eye wòna dzidzi ƒoe. Ne nyɔnu dzi vi evɔ eƒe ŋkeke mede hafi o la, efia be menɔ mɔ kpɔm nɛ ɣemaɣi o. Esi Saul (si wova yɔ emegbe be Paulo) nɔ mɔ dzi yina Damasko be yeava ti Kristotɔwo yome le afi maa, menɔ mɔ kpɔm be Yesu aɖe eɖokui afia ye o. Paulo menɔ mɔ kpɔm be yeava trɔ dzi me o, eye Kristotɔ siwo yome ti ge wòyina hã menɔ mɔ kpɔm be ava trɔ dzi me o. Azɔ hã, nu si dzɔ la na dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe ŋku tsi hena ɣeyiɣi aɖe.—Dɔw. 9:1-9, 17-19.

Paulo metrɔ dzi me “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi o.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ame si ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o” la agate ŋu afia “ame si womedzi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi o.” Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe gblɔ be: Ðeko wòle abe wodzi Paulo “esime ame aɖeke menɔ mɔ kpɔm [nɛ] o” ene. (The Jerusalem Bible) Wofɔ Yesu ɖe tsitre eye wòyi dziƒo xoxo hafi Paulo va trɔ dzi me. Ame siwo Paulo yɔ esi wònɔ nu ƒom tso eƒe dzimetɔtrɔ ŋua kpɔ Yesu hafi wòyi dziƒo, gake Paulo ya mekpɔe ɣemaɣi o. (1 Kor. 15:4-8) Esi Yesu ɖe eɖokui fia Paulo le vo mea, mɔnukpɔkpɔ su eya hã si wòkpɔ Yesu togbɔ be edze abe ‘menye ɣeyiɣi nyuitɔe nye ema o’ ene gɔ̃ hã.

Paulo zã nya siwo ɖe ɖokuibɔbɔ fia tsɔ ƒo nu tso eɖokui ŋu. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be nya siwo Paulo zã ate ŋu afia be ele eɖokui dam ɖe anyi. Ne nenemaea, ke Paulo ƒe nyawo fia be yemedze anye apostolo hafi o. Le nyateƒe mea, egblɔ be: “Nyee nye suetɔ le apostoloawo dome, eye nyemedze woayɔ be apostolo o, elabena meti Mawu ƒe hame la yome. Ke le Mawu ƒe amenuveve me la, mezu nu si menye egbea.”—1 Kor. 15:9, 10.

Eya ta esi Paulo gblɔ be yele abe “ame si ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o” ene la, anya nɔ nu ƒom tso ale si Yesu ɖe eɖokui fiae le vo me, ale si menɔ mɔ kpɔm be yeava trɔ dzi me o, alo ale si medze akpɔ ŋutega wɔnuku ma hafi o la ŋu. Aleke kee wòɖanɔ o, Paulo de asixɔxɔ nudzɔdzɔ ma ŋu. Ena wòka ɖe edzi bliboe be wofɔ Yesu tso ame kukuwo dome. Eya ta mewɔ nuku o be Paulo ƒo nu tso nudzɔdzɔ ma ŋu enuenu ne ele gbeƒã ɖem tso Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu.—Dɔw. 22:6-11; 26:13-18.