Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe woafɔ ɖe tsitre be woanɔ anyigba dzi, eye tsitretsitsi ka tɔgbie wòanye?

Kpɔ ale si Biblia ɖo biabia mawo ŋui ɖa.

Dɔwɔwɔwo 24:15 gblɔ na mí be “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Ame dzɔdzɔewoe nye ame siwo ɖo to Mawu hafi ku, esia ta woŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me. (Mal. 3:16) Ame madzɔmadzɔwoe nye ame siwo si mɔnukpɔkpɔ boo mesu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu o, esia ta womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me o.

Yohanes 5:28, 29 ƒo nu tso ƒuƒoƒo eve siwo woyɔ le Dɔwɔwɔwo 24:15 la ke ŋu. Yesu gblɔ be “ame siwo wɔ nu nyuiwo la [afɔ] hena agbe ƒe tsitretsitsi, eye ame siwo wɔ nu vlowo la [afɔ] hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” Ame dzɔdzɔeawo wɔ nu nyuiwo hafi ku. Woafɔ wo hena agbe ƒe tsitretsitsi elabe woƒe ŋkɔ kpɔtɔ le agbegbalẽa me. Gake ame madzɔmadzɔawo ya wɔ nu vlowo hafi ku. Woafɔ wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi. Womekpɔ ŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me o. Eya ta woadrɔ̃ ʋɔnu wo, alo ne míagblɔe bubuia, woalé ŋku ɖe wo ŋu hena ɣeyiɣi aɖe akpɔe ɖa be woadze anɔ agbe mavɔ hã. Le ɣeyiɣi ma mea, mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye woanɔ agbe wòaɖee afia be wodze be woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me.

Nyaɖeɖefia 20:12, 13 ɖe eme be ele be ame siwo katã woafɔ ɖe tsitrea nawɔ ɖe “nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me,” si nye se yeye siwo Mawu ade le xexe yeyea me dzi. Ame siwo maɖo to o la atsrɔ̃.—Yes. 65:20.

Daniel 12:2 gblɔe ɖi be woafɔ ame siwo le alɔ̃ dɔm le ku mea dometɔ aɖewo “na agbe mavɔ, eye bubuwo na vlododo kple ŋunyɔ mavɔ.” Kpukpui ma le nu ƒom tso nu si ava dzɔ ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre dzi mlɔeba ŋu; anye “agbe mavɔ” alo “ŋunyɔ mavɔ.” Eya ta le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwua, wo dometɔ aɖewo akpɔ agbe mavɔ, eye ɖewo atsrɔ̃ ɖikaa.—Nyaɖ. 20:15; 21:3, 4.

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Míate ŋu atsɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo eve siwo woafɔ ɖe tsitre la asɔ kple ame siwo di be yewoava nɔ dukɔ aɖe me. Ame dzɔdzɔeawo le abe amedzro siwo wona dukɔmenɔgbalẽ si naa ablɔɖe aɖe sinu wo be woanɔ dukɔa me alo awɔ dɔ le dukɔa me faa la ene. Ame madzɔmadzɔawo le abe amedzro siwo wona agbalẽ si ɖea mɔ na wo be woanɔ dukɔa me hena ɣeyiɣi aɖe ko la ene. Ele be woawɔ ɖe se siwo wode na wo dzi hafi woaɖe mɔ na wo be woakpɔtɔ anɔ dukɔa me. Nenema kee ele na ame madzɔmadzɔ siwo woafɔ ɖe tsitre la be woawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi eye woaɖee afia be yewodze akpɔtɔ anɔ Paradisoa me. Azɔ hã, dukɔmenɔgbalẽ ka kee wona amedzro aɖe o, ale si wòanɔ agbe le dukɔa me ate ŋu awɔe be mlɔebaa, woaɖe mɔ nɛ be wòazu dukɔmevi loo alo woanyãe le dukɔa me. Nenema kee wòanɔ le ame siwo katã woafɔ ɖe tsitre hã gome; woƒe nuteƒewɔwɔ kple woƒe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ye aɖee afia be woakpɔ agbe mavɔ alo woatsrɔ̃.

Yehowa nye Mawu lɔ̃ame, gake elɔ̃a nu dzɔdzɔe hã. (5 Mose 32:4; Ps. 33:5) Ðoɖo si wòwɔ be woafɔ ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa ɖe tsitre la ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiana. Gake edi be wo katã woawɔ ɖe yeƒe nudidi siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu dzi. Ame siwo lɔ̃e eye wowɔna ɖe eƒe nudidiwo dzi koe wòaɖe mɔ na be woakpɔtɔ anɔ xexe yeyea me.