Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 40

‘Wokplɔa Ame Geɖewo Vaa Dzɔdzɔenyenyemɔ Dzi’

‘Wokplɔa Ame Geɖewo Vaa Dzɔdzɔenyenyemɔ Dzi’

“Ame siwo kplɔa ame geɖewo vaa dzɔdzɔenyenyemɔ dzi la aklẽ abe ɣletiviwo ene, ɖaa tegbee.”—DAN. 12:3.

HADZIDZI 151 Ayɔ Wo

NYA VEVIAWO *

1. Nu dodzidzɔname kae míele mɔ kpɔm na le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

 DZIDZƆ gã aɖe ŋutɔe wòanye ne wodze amewo fɔfɔ ɖe tsitre le anyigba dzi le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me! Ame siwo katã ƒe ame veviwo ku la le mɔ kpɔm vevie be yewoagakpɔ wo ake. Nenema tututue Yehowa hã sena le eɖokui me. (Hiob 14:15) Bu dzidzɔ gã si gbegbe axɔ anyigba bliboa dzi ne míegakpɔ míaƒe ame veviwo katã ake ŋu kpɔ. Míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me be woafɔ ‘ame dzɔdzɔe’ siwo ƒe ŋkɔwo le agbegbalẽa mea na “agbe ƒe tsitretsitsi.” (Dɔw. 24:15; Yoh. 5:29) Ðewohĩ míaƒe ame vevi geɖe anɔ ame siwo woafɔ ɖe tsitre le Armagedon-ʋaa megbe tetia dome. * Míesrɔ̃e hã be woafɔ “ame madzɔmadzɔwo” na “ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” Mɔnukpɔkpɔ boo mesu ame siawo si wonya Yehowa alo subɔe hafi ku o.

2-3. (a) Abe ale si wòdze le Yesaya 11:9, 10 enea, nufiafiadɔ gã kae míawɔ le anyigba dzi? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Ahiã be woafia nu ame siwo katã woafɔ ɖe tsitre. (Yes. 26:9; 61:11) Eya ta nufiafiadɔ gãtɔ kekeake si womewɔ kpɔ le anyigba dzi o la ayi edzi ɣemaɣi. (Xlẽ Yesaya 11:9, 10.) Nu ka tae? Susu ɖekae nye be, ele be woafia nu ame madzɔmadzɔ siwo woafɔ ɖe tsitre la tso Yesu Kristo, Fiaɖuƒea, tafea kpakple nya si fɔ ɖe te ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ŋua ŋuti. Le ame dzɔdzɔeawo gɔ̃ hã gomea, wo dometɔ aɖewo ku xoxoxo hafi wova wu Biblia ŋɔŋlɔ nu. Eya ta ahiã be woakpe ɖe wo ŋu woanya ale si Yehowa ɖe tame si wòɖo ɖe anyigba ŋua fia eƒe amewo vivivi. Edze ƒãa be nu geɖe li wòahiã be ame dzɔdzɔeawo kple ame madzɔmadzɔawo siaa nasrɔ̃.

3 Le nyati sia mea, míadzro nyabiase siawo me: Aleke woawɔ nufiafiadɔ gã siae? Nu kae woawɔ na ame siwo awɔ nu siwo woafia wo la dzi? Ke ame siwo agbe ya ɖe, nu kae adzɔ ɖe wo dzi? Ele vevie be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo. Míava kpɔe le nyati sia me be nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi aɖewo le Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo me siwo akpe ɖe mía ŋu míagase nu si adzɔ ne wofɔ amewo ɖe tsitre la gɔme nyuie wu. Gbãa, na míadzro nu dodzidzɔname siwo ŋu nya wogblɔ ɖi le Daniel 12:1, 2 me kpɔ.

“AME SIWO LE ALƆ̃ DƆM LE ANYIGBA TUME . . . ANYƆ”

4-5. Nu kae Daniel 12:1 na míenya tso nuwuɣia ŋu?

4 Xlẽ Daniel 12:1. Daniel ƒe agbalẽa gblɔ be nu wɔdɔɖeamedzi aɖewo adzɔ le nuwuɣia, eye egblɔ ɖoɖo si nu woadzɔ le. Le kpɔɖeŋu me, Daniel 12:1 gblɔ be Mikael, si nye Yesu Kristo, ‘ado le Mawu ƒe amewo ta.’ Nyagblɔɖia ƒe akpa ma te emevava le ƒe 1914 me esi woɖo Yesu wòzu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le dziƒo.

5 Gake wogagblɔ na Daniel be Yesu “atso” ne “xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ tso esime dukɔwo li va se ɖe ɣemaɣi o la” va. “Xaxaɣi” mae nye “xaxa gã” si ŋu nya wogblɔ le Mateo 24:21. Ɣemaɣia, Yesu atso, si fia be axɔ na Mawu ƒe amewo le Armagedon-ʋaa, si anye xaxaɣi ma ƒe nuwuwu la me. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be woanye ameha gãa aɖe si “[ado] go tso xaxa gã la me.”—Nyaɖ. 7:9, 14.

6. Ne ameha gãa tso xaxa gãa vɔa, nu kae adzɔ? Ðe eme. (Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le Gbetakpɔxɔ sia me ku ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woanɔ anyigba dzi ŋu.)

6 Xlẽ Daniel 12:2. Ne ameha gãa tsi agbe le xaxaɣi ma me vɔa, nu kae adzɔ? Tsãa, míegblɔ be nyagblɔɖi sia ku ɖe tsitretsitsi bubu aɖe si nye ale si wogbɔ agbe Mawu subɔlawo tso ƒe 1919 me be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa la ŋu. Gake fifia míese egɔme be nya mawo ku ɖe ale si woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre be woanɔ xexe yeyea me ŋu. * Nu ka tae? Nya “anyigba tume” si dze le Daniel ƒe agbalẽa me kple nya “to me” si dze le Hiob 17:16 la siaa fia nu ɖeka, si nye “Tsiẽƒe.” Eya ta Daniel 12:2 me nyawo ku ɖe ale si woafɔ amewo ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛawo kple Armagedon-ʋaa megbe ŋu.

7. (a) Nu kae wòfia be woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre “na agbe mavɔ”? (b) Mɔ ka nue tsitretsitsi ma ‘anyo wu’ le?

7 Ke nu kae nya si Daniel 12:2 gblɔ be woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre “na agbe mavɔ” fia? Ame siwo woafɔ ɖe tsitre le ƒe 1,000 la mea dometɔ aɖewo nya Yehowa kple Yesu xoxo, gake ɣemaɣie ɖewo ya ava nya wo zi gbãtɔ. Aleke kee wòɖale o, ele be wo katã woayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa kple Yesu ŋu eye woaɖo to wo hafi woate ŋu akpɔ agbe mavɔ mlɔeba. (Yoh. 17:3) Togbɔ be wofɔ ame aɖewo ɖe tsitre kpɔ va yi hãa, tsitretsitsi si gbɔna ‘anyo wu.’ (Heb. 11:35) Nu ka tae? Elabe ame madeblibo siwo wofɔ ɖe tsitre va yi la gaku ake.

8. Nu kae wòfia be woafɔ ame aɖewo “na vlododo kple ŋunyɔ mavɔ”?

8 Gake menye ame siwo woafɔ ɖe tsitrea katãe alɔ̃ awɔ nu si wosrɔ̃ dzi o. Daniel ƒe nyagblɔɖia gblɔ be woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre “na vlododo kple ŋunyɔ mavɔ.” Esi ame mawo adze aglã taa, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe agbegbalẽa me o; womakpɔ agbe mavɔ o, ke boŋ “ŋunyɔ mavɔ,” si fia be woatsrɔ̃ wo ɖikaa. Eya ta Daniel 12:2 me nyawo ku ɖe nu si ava dzɔ ɖe ame siwo katã woafɔ ɖe tsitre dzi ŋu. Ena míese egɔme be ale si woawɔ nu le woƒe tsitretsitsi megbe ye afia nu si adzɔ ɖe wo dzi. * (Nyaɖ. 20:12) Wo dometɔ aɖewo akpɔ agbe mavɔ, eye ɖewo atsrɔ̃.

‘WOKPLƆA AME GEÐEWO VAA DZƆDZƆENYENYEMƆ DZI’

9-10. Nu bubu kae adzɔ le xaxa gãa megbe, eye ame kawoe ‘aklẽ abe dziŋgɔli ene’?

9 Xlẽ Daniel 12:3. Nu bubu kae adzɔ le “xaxaɣi” si gbɔna la megbe? Tsɔ kpe ɖe Daniel 12:2 me nyawo ŋua, kpukpui 3 lia hã ƒo nu tso nane si adzɔ le xaxa gãa megbe ŋu.

10 Ame kawoe ‘aklẽ abe dziŋgɔli ene’? Nya si Yesu gblɔ le Mateo 13:43 kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋuɖoɖoa. Afi ma gblɔ be: “Ɣemaɣi la, ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me.” Le kpukpui siwo do ŋgɔ mea, Yesu ƒo nu tso “Fiaɖuƒe la ƒe viwo,” siwo nye nɔvia amesiaminawo ŋu; woaɖu fia kplii le dziƒo. (Mat. 13:38) Eya ta Daniel 12:3 me nyawo ku ɖe amesiaminawo kple dɔ si woawɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ŋu.

Ame 144,000-awo awɔ dɔ asi-le-asi-me kple Yesu Kristo woaxɔ ŋgɔ na nufiafiadɔ si ayi edzi le ƒe 1,000 la me (Kpɔ memama 11 lia)

11-12. Dɔ kae ame 144,000-awo awɔ le ƒe 1,000 la me?

11 Aleke amesiaminawo ‘akplɔ ame geɖewo ava dzɔdzɔenyenyemɔ dzi’? Amesiaminawo awɔ dɔ kple Yesu Kristo asi-le-asi-me woaxɔ ŋgɔ na nufiafiadɔ si ayi edzi le anyigba dzi le ƒe 1,000 la me. Ame 144,000-awo manye fiawo ko o, ke woanye nunɔlawo hã. (Nyaɖ. 1:6; 5:10; 20:6) Woakpe asi ɖe eŋu ‘woayɔ dɔ dukɔwo,’ si fia be woakpe ɖe amegbetɔwo ŋu vivivi be woade blibo. (Nyaɖ. 22:1, 2; Eze. 47:12) Dɔ sia wɔwɔ adzɔ dzi na amesiaminawo ale gbegbe!

12 Ame kawoe nye ‘ame geɖe’ siwo woakplɔ ava dzɔdzɔenyenyemɔa dzi? Woawoe nye ame siwo woafɔ ɖe tsitre, ame siwo atsi agbe le Armagedon-ʋaa me, kple vi siwo woadzi le xexe yeyea me. Kaka ƒe 1,000 la nawu enua, ame siwo katã le agbe le anyigba dzi ade blibo. Ke ɣekaɣie woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe agbegbalẽa me tegbee?

DODOKPƆ MAMLƐA

13-14. Nu kae wòahiã be ame deblibo siwo katã anɔ anyigba dzi la nawɔ hafi akpɔ agbe mavɔ?

13 Ele be míaɖo ŋku edzi be ne ame aɖe de bliboa, mefia kokoko be akpɔ agbe mavɔ o. Adam kple Xawa nye esia ƒe kpɔɖeŋu. Togbɔ be wode blibo hãa, ehiã be woaɖo to Yehowa Mawu hafi woate ŋu anɔ agbe tegbee. Gake nublanuitɔea, womeɖo toe o.—Rom. 5:12.

14 Kaka ƒe 1,000 la nawu enua, ame siwo katã le anyigba dzi ade blibo. Ðe ame deblibo mawo katã alɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu dzi eye woanɔ eƒe akpa dzi tegbeea? Alo ɖe wo dometɔ aɖewo awɔ nu abe Adam kple Xawa, siwo de blibo evɔ womewɔ nuteƒe o la enea? Biabia vevi aɖewoe nye esiawo. Na míakpɔ ale si nuwo ava yii ɖa.

15-16. (a) Ɣekaɣie mɔnukpɔkpɔ asu amegbetɔwo katã si be woaɖee afia be yewowɔa nuteƒe na Yehowa bliboe? (b) Nu kae ado tso dodokpɔ mamlɛa me mlɔeba?

15 Satana anɔ gaxɔ me le ƒe 1,000 la katã me. Eya ta magate ŋu able ame aɖeke o. Gake woaɖee le gaxɔ me le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu. Ema megbea, adze agbagba be yeable ame deblibo siwo katã le anyigba dzi. Esia anye dodokpɔ na wo, gake anye mɔnukpɔkpɔ hã na wo be woaɖee afia be yewodea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu eye yewolɔ̃ ɖe eƒe dziɖuɖu dzi. (Nyaɖ. 20:7-10) Ale si ame ɖe sia ɖe awɔ nu ɣemaɣi ye aɖee afia be woaŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me tegbee loo alo womaŋlɔe o.

16 Biblia na míenya be ame aɖewo awɔ nu abe Adam kple Xawa ene eye woagbe Yehowa ƒe dziɖuɖu. Nu kae adzɔ ɖe ame siawo dzi? Nyaɖeɖefia 20:15 gblɔ be: “Wotsɔ ame sia ame si ƒe ŋkɔ womekpɔ le agbegbalẽa me o la ƒu gbe ɖe dzota la me.” Ɛ̃, woatsrɔ̃ aglãdzela mawo ɖikaa. Gake ame deblibo akpa gãtɔ awɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛa me. Eyome woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe agbegbalẽa me tegbee.

NU SIWO ADZƆ LE ‘NUWUƔIA’

17. Nu kae mawudɔlaa gblɔ na Daniel be adzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me? (Daniel 12:4, 8-10)

17 Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne míebu nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu! Gake mawudɔlaa gagblɔ nya vevi aɖe na Daniel tso míaƒe ŋkekea, si nye ‘nuwuɣia’ ŋu. (Xlẽ Daniel 12:4, 8-10; 2 Tim. 3:1-5) Mawudɔlaa gblɔ be: “Sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.” Ɛ̃, Mawu ƒe amewo ava se nyagblɔɖi siwo le Daniel ƒe agbalẽa me gɔme nyuie wu. Mawudɔlaa gblɔ hã be le ɣeyiɣi ma mea, “ame vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye ame vɔ̃ɖi aɖeke mase [nyagblɔɖiawo gɔme] o.”

18. Nu kae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi kpuie?

18 Egbea, edzena abe womehea to na ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe nuwɔna gbegblẽwo ta o ene. (Mal. 3:14, 15) Gake madidi o, Yesu ava drɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo, siwo wòtsɔ sɔ kple gbɔ̃wo, eye wòama wo ɖa tso ame siwo le abe alẽwo ene gbɔ. (Mat. 25:31-33) Ame vɔ̃ɖi mawo matsi agbe le xaxa gãa me o, eye womafɔ ame vɔ̃ɖiwo ɖe tsitre le xexe yeyea me hã o. Woƒe ŋkɔwo manɔ “ŋkuɖodzigbalẽ” si ŋu woƒo nu tsoe le Malaki 3:16 la me o.

19. Nu kae wòle be míawɔ fifia, eye nu ka tae? (Malaki 3:16-18)

19 Fifiae wòle be míato míaƒe nuwɔna dzi aɖee afia be míele ame vɔ̃ɖiawo dome o. (Xlẽ Malaki 3:16-18.) Yehowa le ame siwo wòkpɔ be wonye yeƒe “nunɔamesi tɔxɛ,” alo ame veviwo, nu ƒom ƒu. Míawo hã míadi godoo be míanɔ ame siawo dome.

Dzidzɔ gãe wòanye be míakpɔ Daniel, míaƒe ame veviwo, kple ame bubu geɖe siwo ‘afɔ’ axɔ woƒe gome le xexe yeyea me! (Kpɔ memama 20 lia)

20. Ŋugbe kae nye mamlɛtɔ si wodo na Daniel, eye nu ka tae nèle mɔ kpɔm be ŋugbedodo ma nava eme?

20 Ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe mee míele vavã! Madidi o, míakpɔ eteƒe woaɖe nu vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ɖa keŋkeŋ. Eyome míakpɔ eteƒe ŋugbe si Yehowa do na Daniel la nava eme. Egblɔ nɛ be: “Àfɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu axɔ wò gome.” (Dan. 12:13) Ðe nèle mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me ‘woafɔ’ Daniel kple wò ame vevi siwo ku la ɖe tsitrea? Ke ʋli vevie nàwɔ nuteƒe. Ne èwɔe alea, àte ŋu aka ɖe edzi be wò ŋkɔ anɔ Yehowa ƒe agbegbalẽa me ɖaa.

HADZIDZI 80 “Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo”

^ Le nyati sia mea, míadzro gɔmesese yeye si su mía si ku ɖe nufiafiadɔ gã si ŋu nya wogblɔ ɖi le Daniel 12:2, 3 ŋu la me. Míakpɔ ɣeyiɣi si nu sia adzɔ kple ame siwo awɔ dɔ sia. Azɔ hã, míakpɔ ale si nufiafiadɔ sia adzra ame siwo le anyigba dzi la ɖo ɖe dodokpɔ mamlɛtɔ si ava le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu ŋu.

^ Ate ŋu anye be woafɔ nuteƒewɔla siwo ku le ŋkeke mamlɛawo mea ɖe tsitre gbã, eyome woafɔ ame siwo ku do ŋgɔ na wo la hã ɖe tsitre le ɖoɖo ma nu megbemegbee. Ne eva eme alea, ke mɔnukpɔkpɔ asu dzidzime ɖe sia ɖe si be woado wòezɔ na woƒe ame nyanyɛ siwo woafɔ ɖe tsitre. Aleke kee wòanɔ o, esi Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woafɔ ame siwo ayi dziƒo la ɖe tsitre le “ɖoɖo nu” taa, míate ŋu akpɔ mɔ be woafɔ ame siwo anɔ anyigba dzi hã ɖe tsitre le ɖoɖo nu.—1 Kor. 14:33; 15:23.

^ Numeɖeɖe sia xɔ ɖe esi míegblɔ tsã le agbalẽ siawo mea teƒe: Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ta 17, kple July 1, 1987 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21-25 (ele yevugbe me).

^ Míesrɔ̃e va yi be woyɔ ame siwo woafɔ ɖe tsitre le Dɔwɔwɔwo 24:15 be “ame dzɔdzɔewo” kple “ame madzɔmadzɔwo” eye wogayɔ wo le Yohanes 5:29 be “ame siwo wɔ nu nyuiwo” kple “ame siwo wɔ nu vlowo.” Gake agbe si ƒomevi wonɔ hafi ku tae woyɔ wo nenema.