Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Do Ŋugbe Be Susumedɔlélewo Nu Ayi Tegbee

Mawu Do Ŋugbe Be Susumedɔlélewo Nu Ayi Tegbee

Mɔfiame kple akɔfanya siwo tso Mawu gbɔa le Biblia me eye woate ŋu akpe ɖe ame siwo susumedɔléle aɖe le fu ɖem na ŋu.

Gake menye nu ma koe Mawu wɔ o. Edo ŋugbe be yeava ɖe nu siwo gbɔ wòtsona be ame léa susumedɔ ɖa keŋkeŋ.

Ne Mawu na eƒe ŋugbedodo sia va emea, vevesesewo, susumedɔléle kple nu siwo do nuxaxa na ame va yia “magava susu me na ame, alo ava ame ƒe dzi me o.”—Yesaya 65:17.

Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nànya ale si Mawu ana eƒe ŋugbedodo nyui sia nava eme, kple ɣeyiɣi si me wòava eme.