Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 2

“Mitrɔ Miaƒe Nɔnɔme To Miaƒe Tamesusu Wɔwɔ Yeyee Me”

“Mitrɔ Miaƒe Nɔnɔme To Miaƒe Tamesusu Wɔwɔ Yeyee Me”

“Mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, ne miawo ŋutɔwo miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.”—ROM. 12:2.

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

NYA VEVIAWO a

1-2. Nu kae wòle be míayi edzi anɔ wɔwɔm le míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe? Ðe eme.

 ZI GEÐE ne amewo ʋu yi aƒe aɖe mea, wodzraa xɔawo me ɖo eye wotutua nuwo ŋu nyuie. Gake tsɔe be ɣeyiɣi aɖe megbea, womegadzraa xɔawo me ɖo o. Nu kae nèsusu be adzɔ? Ʋuʋudedi kple ɖi alé nuwo. Eya ta be míaƒe xɔ me nanɔ dzadzɛa, ehiã be míanɔ edzram ɖo edziedzi.

2 Nenema kee wòhiã be míanɔ míaƒe nuŋububu kple nɔnɔme ɖɔm ɖo edziedzi. Ele eme be hafi míaxɔ nyɔnyrɔa, míedze agbagba “[kɔ] mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” (2 Kor. 7:1) Gake egahiã be ‘míayi edzi anɔ míaƒe tamesusu wɔm yeyee’ abe ale si Paulo ɖo aɖaŋu na mí ene. (Ef. 4:23) Nu ka tae wòhiã be míanɔ esia wɔm edziedzi? Elabe ne míekpɔ nyuie oa, xexe sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi eye wòana míaƒo ɖi le Mawu ŋkume. Be míayi edzi anɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkumea, ele be míanɔ mía ɖokui me dzrom edziedzi ale be míana míaƒe nuŋububu, nɔnɔme, kple didiwo nadze Yehowa ŋu.

‘NƆ WÒ TAMESUSU WƆM YEYEE’

3. Nu kae wòfia be ame nawɔ eƒe tamesusu yeyee? (Romatɔwo 12:2)

3 Nu kae wòbia be míawɔ míaƒe tamesusu yeyee alo atrɔ míaƒe nuŋububu? (Xlẽ Romatɔwo 12:2.) Helagbe me nya si gɔme woɖe be ame ‘nawɔ eƒe tamesusu yeyee’ agate ŋu afia be ame ‘nadzra eƒe susu ɖo alo aɖɔe ɖo,’ abe ale si amewo dzraa aƒe ɖo ene. Aƒea godo dzradzraɖo ɖeɖe mesu o; eme hã le vevie. Nenema kee nu nyui ʋɛ aɖewo wɔwɔ ɖeɖe mesu o. Ehiã be míadzro mía ɖokui me awɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi pɛpɛpɛ ale si míate ŋui. Ele be míanɔ esia wɔm edziedzi, ke menye zi ɖeka eve aɖewo ko evɔ o.

Ðe wò nyametsotso le sukudede kple dɔwɔɖuia ŋu ɖee fia be Fiaɖuƒea ƒe nuwo le vevie na wòa? (Kpɔ memama 4-5 lia) c

4. Nu kae míate ŋu awɔ be xexea nagakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi o?

4 Ne míeva de bliboa, míaƒe nuwɔna ɖe sia ɖe adze Yehowa ŋu ɣesiaɣi. Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, ehiã be míayi edzi anɔ kutri kum be míadze eŋu. De dzesii be Paulo gblɔ le Romatɔwo 12:2 be ehiã be míawɔ míaƒe tamesusu yeyee ale be míate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu adze sii. Eya ta mele be míanɔ agbe ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu o. Ke boŋ ele be míadzro mía ɖokui me abia mía ɖokui be, ‘Ne mele nya me tsom alo le taɖodzinu ɖom na ɖokuinyea, xexea ƒe nuŋububue kpɔa ŋusẽ ɖe dzinyea, alo Yehowa tɔe?’

5. Be míakpɔe ɖa be míaƒe susu kpɔtɔ le Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ŋu hãa, nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui? (Kpɔ fotoawo.)

5 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Yehowa di be ‘míaƒe susu nanɔ yeƒe ŋkekea ƒe vava ŋu vevie.’ (2 Pet. 3:12) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe ale si menɔa agbee ɖee fia be menya ale si gbegbe xexea ƒe nuwuwu tu aƒeea? Ðe nye nyametsotso ku ɖe sukudede alo dɔwɔɖuia ŋu ɖee fia be Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ nam le agbe mea? Ðe mexɔ edzi se be Yehowa akpɔ nye kple nye ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na mía, alo ɖe metsia dzimaɖi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu?’ Edzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ ne ekpɔe be míele agbagba dzem be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu.—Mat. 6:25-27, 33; Flp. 4:12, 13.

6. Nu kae wòle be míanɔ wɔwɔm enuenu?

6 Ehiã be míanɔ míaƒe tamesusu me dzrom enuenu eye míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Paulo gblɔ na Korintotɔwo be: “Minɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.” (2 Kor. 13:5) Be ‘míanɔ xɔse la me’ mefia be míade kpekpeawo kple gbeadzi ko evɔ o. Eku ɖe míaƒe nuŋububu, míaƒe didiwo kple nu siwo tae míewɔa nu hã ŋu. Eya ta ele be míanɔ Yehowa ƒe Nyaa xlẽm ale be míate ŋu abu nuwo ŋu abe eya ene, eye míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míaƒe nu nadze eŋu. Ne míewɔe aleaa, efia be míele míaƒe tamesusu wɔm yeyee.—1 Kor. 2:14-16.

‘DO AMENYENYE YEYEA’

7. Le Efesotɔwo 4:31, 32 ƒe nya nua, nu bubu kae wòhiã be míawɔ, eye nu ka tae ewɔwɔ ate ŋu asesẽ?

7 Xlẽ Efesotɔwo 4:31, 32. Tɔtrɔ vevi bubu si wòle be míawɔe nye be ‘míado amenyenye yeyea.’ (Ef. 4:24) Esia bia be míaɖe afɔ aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, ele be míadze agbagba aɖu nɔnɔme gbegblẽwo abe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoedodo, kple dzikudodo ene dzi. Nu ka tae esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ na mí? Nu si tae nye be nɔnɔme aɖewo ƒo ke ɖe to ɖe mía me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia yɔ ame aɖewo be wonye “dɔmedzoetɔ” kple “dzikutɔ.” (Lod. 29:22) Ehiã be ame si si nɔnɔme siawo tɔgbi le nayi edzi aku kutri vevie aɖu wo dzi le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã, abe ale si nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ɖee fia ene.

8-9. Aleke nu si dzɔ ɖe Stephen dzi ɖee fia be ehiã be míayi edzi anɔ agbagba dzem be míaɖe amenyenye xoxoa ɖa?

8 Esesẽ na nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Stephen be wòaɖu dziku dzi. Egblɔ be: “Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã, egahiã kokoko be maɖu nye dziku dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi nye kple nɔvi aɖewo míenɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe mea, ame aɖe va fi radio le nye ʋu me, eye meyɔe ɖe nu. Esi megogoea, eɖe asi le radioa ŋu hesi dzo. Esi megblɔ nu si dzɔ la na nɔviawoa, hamemetsitsi aɖe si le wo dome biam be: ‘Stephen, ne ɖe nèlée ɖe, nu kae nàwɔ nɛ?’ Nyabiase ma na mebu tame, eye meɖoe kplikpaa wu tsã be madze agbagba anye ŋutifafame.” b

9 Nu si dzɔ ɖe Stephen dzi ɖee fia be nɔnɔme manyomanyo aɖe si ŋu míesusu be míeɖe asi le agate ŋu ado le vo me. Ne esia dzɔ ɖe dziwòa, dzi megaɖe le ƒowò nàsusu be yedo kpo nu o. Esia dzɔ ɖe apostolo Paulo hã dzi. Egblɔ be: “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi nɔa menye.” (Rom. 7:21-23) Ale si ko ʋuʋudedi kple ɖi gena ɖe xɔ me bɔbɔea, nenema kee esi mí Kristotɔwo míede blibo o taa, nɔnɔme manyomanyowo ado mo ɖa godoo. Eya ta ele be míadze agbagba be míanɔ dzadzɛ ɣesiaɣi. Aleke míawɔ esiae?

10. Aleke míawɔ aɖu nɔnɔme manyomanyowo dzi? (1 Yohanes 5:14, 15)

10 Ne ède dzesi nɔnɔme si dzi nèdi be yeaɖu vɔa, do gbe ɖa na Yehowa tso eŋu, eye nàka ɖe edzi be ase wò gbedodoɖa akpe ɖe ŋuwò. (Xlẽ 1 Yohanes 5:14, 15.) Yehowa maɖe nɔnɔme manyomanyoa ɖa nukutɔe o, ke boŋ ado ŋusẽ wò be nàɖu edzi. (1 Pet. 5:10) Azɔ hã ele be nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple wò gbedodoɖawo. Àte ŋu awɔ esia ne èƒoa asa na nu siwo ana nɔnɔme ma nagava ake. Le kpɔɖeŋu me, ele be nàkpɔ nyuie le film, television dzi wɔna, alo agbalẽ siwo nana wòdzena abe naneke megblẽ le nɔnɔme ma ŋu o enea ŋu. Azɔ hã mele be nànɔ dzodzro vɔ̃wo ŋu bum o.—Flp. 4:8; Kol. 3:2.

11. Nu kawoe míate ŋu awɔ be míayi edzi ado amenyenye yeyea?

11 Esi nèɖe amenyenye xoxoa ɖa vɔa, ele vevie be nàdo amenyenye yeyea hã. Aleke nàwɔ esiae? Ðoe wò taɖodzinu be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye yeaɖe eƒe nɔnɔmewo afia. (Ef. 5:1, 2) Le kpɔɖeŋu me, ne èxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe si ƒo nu tso Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋua, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe metsɔna kea amewoa?’ Ne èxlẽ nu tso ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame dahewo ŋua, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe metsɔa ɖe le eme na haxɔsetɔ siwo hiã kpekpeɖeŋua, eye ɖe nye nuwɔnawo ɖea esia fiana?’ Togbɔ be ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi be míado amenyenye yeyea hãa, ne mèna ta le esia wɔwɔ me oa, àɖee afia be èle wò tamesusu wɔm yeyee.

12. Aleke Biblia kpe ɖe Stephen ŋu wòtrɔ eƒe nɔnɔme?

12 Vivivia, Stephen si ŋu míeƒo nu tsoe va yia te ŋu do amenyenye yeyea. Egblɔ be: “Tso esime mexɔ nyɔnyrɔa, medo go nɔnɔme geɖe siwo ate ŋu ana masẽ ŋuta le amewo ŋu hafi. Meva srɔ̃e be ele be madzo le ame siwo di be yewoado dziku nam la gbɔ kpoo, alo ato mɔ aɖe dzi ahe ŋutifafa vɛ. Srɔ̃nye kple ame geɖewo kafuam ɖe ale si mekpɔ kuxi mawo gbɔe ta. Ewɔa nuku na nye ŋutɔ hã! Nyemekpɔe be nye ŋutɔ nye ŋusẽ mee mete ŋu trɔ nye amenyenye le o. Ke boŋ mexɔe se be, enye kpeɖodzi be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe nɔnɔme.”

YI EDZI NÀWƆ AVU KPLE DZODZRO VƆ̃WO

13. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi? (Galatiatɔwo 5:16)

13 Xlẽ Galatiatɔwo 5:16. Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí faa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi, eye míawɔ nu nyui. Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa, ke míele mɔ ɖem be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu. Azɔ hã Mawu naa gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne míede kpekpeawo. Le kpekpeawo mea, míedea ha kple mía nɔvi siwo hã le agbagba dzem abe míawo ke ene be yewoawɔ nu si sɔ, eye esia dea dzi ƒo na mí. (Heb. 10:24, 25; 13:7) Ne míedo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzia, ana gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòado ŋusẽ mí be míagana ta o. Nu siawo wɔwɔ mana dzodzro vɔ̃wo nadzo nukutɔe ya o, gake woado ŋusẽ mí be míagaɖi kɔ na wo o. Abe ale si Galatiatɔwo 5:16 gblɔe enea, ne Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm le mía dzia, ‘mímawɔ ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke dzi o.’

14. Nu ka tae wòle vevie be míayi edzi atu didi siwo sɔ ɖo?

14 Ne míenya va le nu siwo ana mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli wɔm koa, ele be míalé wo me ɖe asi eye míatu didi siwo aʋã mí míawɔ nu si sɔ la ɖo. Nu ka tae? Elabe futɔ aɖe le mía ŋu si ɖea fu na mí ɣesiaɣi. Futɔ mae nye didi si vaa mía me be míawɔ nu gbegblẽ. Le míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hãa, ate ŋu adzɔ be nu siwo wòle be míaƒo asa na nagava nɔ mía dzrom vevie. Wo dometɔ aɖewoe nye tsatsadada, ahatsunono, kple nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me kpɔkpɔ. (Ef. 5:3, 4) Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Nu siwo dzi wòsesẽ nam be maɖu dometɔ ɖekae nye dzodzro si nɔ menye be madɔ kple ŋutsu. Mesusu be dzodzro ma nu ava yi, gake egaɖea fu nam kokoko.” Nu kae nàte ŋu awɔ ne dzodzro vɔ̃wo nu sẽ ɖe mewò?

Ne ele sesẽm na wò be nàɖu dzodzro vɔ̃ aɖe dzia, mɔkpɔkpɔ megabu ɖe wò o; ame bubuwo wɔ avu kple dzodzro vɔ̃ ma ke eye woɖu edzi (Kpɔ memama 15-16 lia)

15. Nu ka tae enyanya be dzodzro vɔ̃wo ɖea fu na amegbetɔwo katã dea dzi ƒo na mí? (Kpɔ fotoa.)

15 Ne ele sesẽm na wò be nàɖu dzodzro vɔ̃ aɖe dzia, ɖo ŋku edzi be menye wò ɖeka koe o. Biblia gblɔ be: “Tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko.” (1 Kor. 10:13a) Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔe ale: “Tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi si meva amegbetɔwo dzi kpɔ o.” Ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔ siwo nɔ Korintoe Paulo ŋlɔ nya mawo na. Wo dometɔ aɖewo nye ahasiwɔlawo, ahamulawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, kpakple nyɔnu siwo dɔna kple nyɔnuwo tsã. (1 Kor. 6:9-11) Ðe nèsusu be le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, dzodzro vɔ̃ aɖeke megaɖe fu na wo kpɔ oa? Ele eme be wo katã wonye Kristotɔ amesiaminawo ya, gake womede blibo o. Eya ta anɔ eme be wowɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo ɣeaɖewoɣi. Esia nyanya dea dzi ƒo na mí. Nu ka tae? Elabe eɖee fia be dzodzro vɔ̃ ka kee nèle avu wɔm kplii o, ame aɖe te ŋu ɖu edzi va yi. Ɛ̃, àte ŋu ayi edzi ‘anɔ te sesĩe le xɔse me, esi nènyae be mía nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la hã le fukpekpe mawo ke me tom ta.’—1 Pet. 5:9.

16. Afɔku ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nu ka tae?

16 Afɔku le eme be nàsusu be ame aɖeke mate ŋu ase yeƒe nɔnɔmea gɔme na ye o. Ðeko nuŋububu alea ana nàsusu be naneke manya wɔ le yeƒe nɔnɔmea ŋu o eye manya wɔ na ye be yeaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi o. To vovo na emaa, Biblia gblɔ be: “Nuteƒewɔlae Mawu nye, eye maɖe mɔ woate mi akpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, gake ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la hã, ale be miate ŋu ado dzi atsɔe.” (1 Kor. 10:13b) Eya ta aleke kee dzodzro vɔ̃ nu sẽ ɖe mía me o, míate ŋu aɖu edzi. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu awɔ nuteƒe.

17. Togbɔ be míate ŋu aƒo asa na dzodzro vɔ̃wo keŋkeŋ o hãa, nu kae míate ŋu awɔ ne wodo mo ɖa?

17 Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be: Esi mède blibo o taa, màte ŋu axe mɔ na dzodzro vɔ̃wo keŋkeŋ o. Gake ne wodo mo ɖaa, àte ŋu aɖe wo ɖa keŋkeŋ, abe ale si Yosef wɔe esime wòsi dzo le Potifar srɔ̃ gbɔ enumake ene. (1 Mose 39:12) Ðoe kplikpaa be yeagaɖe mɔ dzodzro vɔ̃ naɖu ye dzi o.

YI EDZI NÀNƆ WÒ TAMESUSU WƆM YEYEE

18-19. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui esi míele agbagba dzem be míawɔ míaƒe tamesusu yeyee?

18 Abe ale si míekpɔe enea, míaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee bia be míayi edzi anɔ agbagba dzem be míaƒe nuŋububu kple nuwɔnawo nadze Yehowa ŋu. Eya ta ele be míanɔ mía ɖokui me dzrom abia be: ‘Ðe nye nuwɔnawo ɖenɛ fiana be menya be xexea ƒe nuwuwu tu aƒea? Ðe mele agbagba dzem be mado amenyenye yeyea? Ðe mele mɔ ɖem be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔm le agbe me ale be mate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzia?’

19 Ne èle ɖokuiwò me dzromaa, wò susu nenɔ afi si nèyi ŋgɔ se ɖo ŋu eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò agbagbadzedzewo ŋu. Ne ahiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewoa, dzi megaɖe le ƒowò o. Ke boŋ wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Filipitɔwo 3:16 dzi. Egblɔ be: “Afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.” Ne èwɔe alea, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi eye akpe ɖe ŋuwò nàwɔ wò tamesusu yeyee.

HADZIDZI 36 Míadzɔ Míaƒe Dzi Ŋu

a Apostolo Paulo de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woagaɖe mɔ xexe sia nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu kple nuwɔna dzi o. Aɖaŋuɖoɖo ma sɔ na míawo hã egbea. Mele be míaɖe mɔ xexea nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le mɔ aɖeke nu o. Eya ta ɣesiaɣi si míede dzesii be míaƒe nuŋububu mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu oa, ele be míadze agbagba aɖɔe ɖo. Míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esia le nyati sia me.

b Di nyati si nye “Ðeko Nye Agbenɔnɔ Nɔ Vovlom Ðe Edzi” le jw.org.

c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe le edam kpɔ be yeayi yunivɛsiti loo alo yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa.