Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 3

Yehowa Le Kpekpem Ðe Ŋuwò Be Nàkpɔ Dzidzedze

Yehowa Le Kpekpem Ðe Ŋuwò Be Nàkpɔ Dzidzedze

‘Yehowa nɔ kple Yosef. Eye Yehowa nana nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ.’—1 MOSE 39:2, 3.

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

NYA VEVIAWO a

1-2. (a) Nu ka tae mewɔa nuku na mí be xaxawo vaa mía dzi o? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

 MEWƆA nuku na mí Yehowa subɔlawo ne xaxawo va mía dzi o, elabe míenya be Biblia gblɔ be “xaxa geɖewo me to ge míala hafi ayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.” (Dɔw. 14:22) Míenyae hã be míaƒe kuxi aɖewo nu mayi gbeɖe o, negbe ɖe míeyi xexe yeyea me, afi si “ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖ. 21:4.

2 Togbɔ be Yehowa mexea mɔ be kuxiwo nagava mía dzi o hãa, ekpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le wo me. Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma mea, eyɔ kuxi siwo me tom eya kple nɔvia Kristotɔ bubuwo le eye wògblɔ be: “Gake le nu siawo katã me la, míeɖua dzi bliboe to ame si lɔ̃ mí la dzi.” (Rom. 8:35-37) Esia fia be Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze esi míekpɔtɔ le nɔnɔme sesẽwo me tom. Na míakpɔ ale si Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu wòkpɔ dzidzedze le eƒe xaxawo me, kple ale si wòate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwòe.

NE NUWO TRƆ KPATA LE MÍAƑE AGBE ME

3. Aleke nuwo trɔ kpata le Yosef ƒe agbe me?

3 Blemafofo Yakob lɔ̃ via Yosef vevie, eye Yosef foawo nya esia nyuie. (1 Mose 37:3, 4) Eya ta woʋã ŋui, eye esi mɔnukpɔkpɔ su wo sia, wodzrae na Midiantɔ asitsalawo. Asitsala mawo kplɔ Yosef yi Egipte si gbɔ didi kilometa alafa geɖe, eye wodzrae le afi ma hã na Potifar, si nye Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã. Alea wòdzɔe be nuwo trɔ kpata le Yosef ƒe agbe me. Eya si nye vi malɔ̃nugbɔa va zu kluvi dzro na Egiptetɔ!—1 Mose 39:1.

4. Ðe nu si dzɔ ɖe Yosef dzi la tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzia? Ðe eme.

4 Biblia gblɔ be “vɔ̃ dzɔna ɖe ame sia ame dzi.” (Nyagb. 9:11, Holy Bible—Easy-to-Read Version) Eya ta míetoa nɔnɔme sesẽwo me abe ame sia ame ke ene. (1 Kor. 10:13) Gake esi míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo taa, míegatoa xaxa bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, amewo ɖua fewu le mía ŋu, wotsia tsitre ɖe mía ŋu eye wotia mía yome gɔ̃ hã le míaƒe xɔse ta. (2 Tim. 3:12) Nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava dziwò o, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze. Aleke Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu?

Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu wòkpɔ dzidzedze esime wodzrae wòzu kluvi le Potifar ƒe me le Egipte gɔ̃ hã (Kpɔ memama 5 lia)

5. Nu kae Potifar susu tso Yosef ŋu? (1 Mose 39:2-6)

5 Xlẽ 1 Mose 39:2-6. Potifar de dzesii be Yosef dze aɖaŋu eye wòdoa vevie dɔ, eye enya nu si gbɔ wòtso hã. Potifar nya be ‘Yehowae na nu sia nu si Yosef wɔna la dzea edzi.’ b Ɣeyiɣi aɖe megbea, Potifar ɖo Yosef wòzu eƒe subɔvi eye wòtsɔe ɖo eƒe aƒe bliboa nu. Nu kae do tso esia me? Nuwo tsɔ afɔ nyuie le Potifar ƒe me, eye wòkpɔ kesinɔnu geɖe.

6. Aleke Yosef anya se le eɖokui me tso eƒe nɔnɔmea ŋu?

6 Bu ale si Yosef anya se le eɖokui me ŋu kpɔ. Togbɔ be Potifar de dzesi eƒe agbagbadzedze eye wòdoe ɖe ŋgɔ hãa, èsusu be ema ŋue Yosef tsi dzi ɖoa? Nu kae nèsusu be Yosef di vevie le nɔnɔme ma me? Anɔ eme be nu si wòdi vevie ye nye be woana ablɔɖe ye ne yeadzo ayi ye fofo gbɔ. Nya lae nye be, mɔnukpɔkpɔ ka kee ɖasu Yosef si o, kluvi ko wògakpɔtɔ nye le Potifar, ame si mesubɔa Yehowa o ƒe me. Nyateƒeae nye be Yehowa mena Potifar na ablɔɖe Yosef o, eye Yosef ƒe nɔnɔmea gava nyra ɖe edzi.

NE NƆNƆMEA GANYRA ÐE EDZI

7. Aleke Yosef ƒe nɔnɔmea va nyra ɖe edzi? (1 Mose 39:14, 15)

7 Abe ale si 1 Mose ta 39 lia ɖee fia enea, Yosef ƒe nu va lé dzi na Potifar srɔ̃ eye wòtee kpɔ enuenu be yeable enu wòadɔ kpli ye. Gake Yosef gbe. Mlɔeba edo dziku ɖe Yosef ŋu ale gbegbe be etso Yosef nu be edi be yeadɔ ye gbɔ sesẽe. (Xlẽ 1 Mose 39:14, 15.) Esi Potifar se nya sia, ena wode Yosef gaxɔ me eye wònɔ afi ma ƒe aɖewo. (1 Mose 39:19, 20) Aleke gaxɔa me nɔ? Hebrigbe me nya si Yosef zã, si gɔme woɖe be “gaxɔ” agate ŋu afia “ʋe” alo “do,” si ɖee fia be teƒea do viviti, eye Yosef se le eɖokui me be naneke manya wɔ le yeƒe nɔnɔmea ŋu o. (1 Mose 40:15; etenuŋɔŋlɔ) Biblia gblɔ hã be wode ga Yosef ƒe afɔwo eye wode kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ hena ɣeyiɣi aɖe. (Ps. 105:17, 18) Yosef ƒe nɔnɔmea va nyra ɖe edzi vavã. Eya ame si nye subɔvi si dzi woka ɖo va zu gamenɔla.

8. Ne míaƒe nɔnɔmea gale gbegblẽm ɖe edzi hãa, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

8 Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom eye nèdo gbe ɖa vevie tso eŋu, gake ɖeko nɔnɔmea ganɔ gbegblẽm ɖe edzia? Esia ate ŋu adzɔ. Yehowa mexea mɔ be míagato xaxawo me le xexe sia si dzi ɖum Satana le me o. (1 Yoh. 5:19) Gake àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya nu si me tom nèle nyuie eye eléa be na wò. (Mat. 10:29-31; 1 Pet. 5:6, 7) Edo ŋugbe hã be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” (Heb. 13:5) Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ne edze abe naneke manya wɔ le wò nɔnɔmea ŋu o ene gɔ̃ hã. Na míakpɔ ale si wòkpe ɖe Yosef ŋui ɖa.

Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu esime wodee gaxɔ me eye woɖoe gamenɔla bubuawo dzi kpɔla(Kpɔ memama 9 lia)

9. Nu kae ɖee fia be Yehowa nɔ kple Yosef esime wònɔ gaxɔ me? (1 Mose 39:21-23)

9 Xlẽ 1 Mose 39:21-23. Wodoa lo be ‘lã matoasikea, Mawue nyaa tagbatsu nɛ.’ Le ɣeyiɣi sesẽ ma me esime Yosef nɔ gaxɔ me gɔ̃ hãa, Yehowa na wòkpɔ dzidzedze. Le mɔ ka nu? Ɣeyiɣi aɖe megbea, gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã va ka ɖe Yosef dzi eye wòde bubu eŋu, abe ale si Potifar hã wɔe va yi ene. Eteƒe medidi o, amegãa ɖo Yosef gamenɔla bubuwo nu. Le nyateƒe mea, Biblia gblɔ be “gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã la megatsia dzi ɖe nu siwo le Yosef ƒe dzikpɔkpɔ te la dometɔ aɖeke ŋu o.” Fifia Yosef kpɔ dɔ si wòawɔ si ŋu wòatsɔ eƒe susu aɖo! Ðe tɔtrɔ sia mewɔ nuku ŋutɔ oa? Aleke wòate adzɔe be woade dɔ vevi ma asi na gamenɔla si nu wotso be etee kpɔ be yeadɔ fiaŋudzɔlawo ƒe amegã srɔ̃ gbɔ sesẽe? Nu ɖeka gbɔ ko wòate ŋu atso. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 39:23 gblɔ be: “Yehowa nɔ kple Yosef, eye nu sia nu si wòwɔna la, Yehowa nana wòdzea edzi.”

10. Ðe Yosef se le eɖokui me be nu sia nu dze edzi na yea? Ðe eme.

10 Gabu ale si Yosef anya se le eɖokui me ŋu kpɔ. Esi woda alakpa ɖe esi eye wodee gaxɔ mea, èsusu be ese le eɖokui me be nu sia nu dze edzi na yea? Azɔ hãa, esi gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegãa ka ɖe Yosef dzi eye wòɖoe gamenɔla bubuwo nua, èsusu be ema ŋue Yosef tsi dzi ɖoa? Nu kae Yosef di vevie le nɔnɔme ma me? Anɔ eme be nu si wòdi vevie wue nye be nya si wotsɔ ɖe ye ŋua ƒe nyateƒe nadze eye woana ablɔɖe ye. Egblɔ na gamenɔla aɖe gɔ̃ hã be ne woɖe asi le eŋua, wòaƒo nu tso ye ŋu na Farao ale be woaɖe ye le gaxɔa me. (1 Mose 40:14) Gake ŋutsua ŋlɔ be; megblɔ nyaa na Farao enumake o. Eya ta Yosef ganɔ gaxɔa me ƒe eve. (1 Mose 40:23; 41:1, 14) Ke hã, Yehowa gakpɔtɔ nɔ kpekpem ɖe Yosef ŋu eye wòna nuwo dze edzi nɛ. Le mɔ ka nu?

11. Nu kae Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu wòte ŋu wɔ, eye aleke esia na Yehowa ƒe tameɖoɖo va eme?

11 Esi Yosef nɔ gaxɔ mea, Yehowa na Egipte-fia Farao ku drɔ̃e eve siwo ɖe fu nɛ ŋutɔ. Farao di vevie be yease drɔ̃eawo gɔme. Esi wòse be Yosef tea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔmea, edɔ be woava kplɔe vɛ. Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu wòɖe Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme, eye aɖaŋu si wòɖoa dze Farao ŋu. Farao kpɔe be Yehowa nɔ kple Yosef, taa eɖo Yosef Egipte bliboa ƒe nuɖuɖudzikpɔla. (1 Mose 41:38, 41-44) Emegbe dɔ sesẽ aɖe to le Egipte kple Kanaan, afi si Yosef ƒe ƒomea nɔ. Mɔnukpɔkpɔ su Yosef si azɔ be wòaxɔ eƒe ƒomea ɖe agbe ale be woakpɔ ƒome si me Mesia ado tso la ta.

12. Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be Yehowae na nuwo dze edzi na Yosef?

12 Bu biabia vevi siawo ŋu kpɔ: Ame kae na be Potifar ƒe susu va Yosef si nye kluvi dzro le eƒe aƒe me dzi? Ame kae na Yosef si nye gamenɔla dzro la ƒe nu dze gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã ŋu? Ame kae na Farao ku drɔ̃e siwo ɖe fu nɛ, eye ame kae na ŋutetea Yosef wòte ŋu ɖe wo gɔme? Ame kae na be Farao ɖo Yosef Egipte bliboa ƒe nuɖuɖudzikpɔla? (1 Mose 45:5) Nu siawo mate ŋu anye nudogoɖenunu o. Edze ƒãa be Yehowae na nu sia nu si Yosef wɔa dze edzi. Yehowa trɔ Yosef foawo ƒe nugbeɖoɖoa wòzu yayra eye wòto edzi na be eƒe lɔlɔ̃nu va eme.

ALE SI YEHOWA LE KPEKPEM ÐE ŊUWÒ BE NÀKPƆ DZIDZEDZE

13. Ðe Yehowa ɖea mí tso nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe mea? Ðe eme.

13 Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yosef ƒe ŋutinyaa me? Ðe míakpɔ mɔ be ɣesiaɣi si nane adzɔ ɖe mía dzia, Yehowa nade asi nyaa mea? Ðe míate ŋu agblɔ be vɔ̃ ɖe sia ɖe si dzɔ ɖe mía dzi le agbe mea, susu nyui aɖe taea? Ao. Biblia meda asi ɖe nuŋububu mawo dzi o. (Nyagb. 8:9; 9:11) Gake eka ɖe edzi na mí be Yehowa nya nɔnɔme ɖe sia ɖe si me tom míele, eye atɔ na mí ne míeyɔe be wòaxɔ na mí. (Ps. 34:15; 55:22; Yes. 59:1) Akpe ɖe mía ŋu míado dzi bliboe le nɔnɔme sesẽwo me. Aleke wòwɔa esiae?

14. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu le xaxaɣiwo?

14 Mɔ aɖe si dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋue nye be efaa akɔ na mí eye wòdea dzi ƒo na mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (2 Kor. 1:3, 4) Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Eziz si le Turkmenistan ŋu kpɔ. Wolée de gaxɔ me ƒe eve le eƒe xɔse ta. Egblɔ be: “Gbe si gbe woadrɔ̃ nyaa ƒe ŋdi mea, nɔviŋutsu aɖe tsɔ Yesaya 30:15 fiam. Afi ma gblɔ be: ‘Miakpɔ ŋusẽ ne mieɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe ŋunye.’ Esia kpe ɖe ŋunye meɖe dzi ɖi eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nu sia nu me. Ŋugbledede le kpukpui sia ŋu kpe ɖe ŋunye esime menɔ gaxɔa me.” Àte ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si Yehowa fa akɔ na wò eye wòde dzi ƒo na wò esime nèhiãe vevie dzia?

15-16. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si me Tori toa me?

15 Zi geɖea, ne míeto nɔnɔme sesẽ aɖe me do vɔ hafi míedea dzesi ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu le eme. Aleae wònɔ le nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Tori gome. Viaŋutsu Mason lé kansadɔ eye dɔa wɔ fui ƒe ade sɔŋ va se ɖe esime wòku. Esia gbã dzi na Tori. Egblɔ be: “Nyemesusu be naneke agate ŋu agbã dzi nam wu esia o. . . . Meka ɖe edzi be dzilawo alɔ̃ ɖe edzi be ne wò ŋutɔ èle fu kpem alo le veve semaa, enya tsɔna wu be nàkpɔ viwò wòanɔ veve sem.”

16 Togbɔ be ete ɖe Tori dzi ŋutɔ esime via nɔ fu kpem hãa, emegbea, eva de ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe ye ŋu yeto nɔnɔme ma mea ŋu. Egblɔ be: “Ɣemaɣi katã vinyea dze dɔa, mekpɔe be Yehowa kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi dɔa te Mason ŋu ale gbegbe be womeɖe mɔ be amewo nava srãe kpɔ o gɔ̃ hãa, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kua ʋu gaƒoƒo eve sɔŋ vaa kɔa dzi. Ɣesiaɣia, ame aɖe nɔa kɔa dzi godoo, si le klalo be yeakpe ɖe mía ŋu. Azɔ hã nɔviawo kpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí. Le ɣeyiɣi sesẽtɔ gɔ̃ hã mea, naneke mehiã mí o.” Edze ƒãa be Yehowa kpe ɖe Tori kple Mason siaa ŋu wodo dzi.—Kpɔ aɖaka si nye “ Yehowa Na Nu Si Tututu Míehiãa Mí.”

DE DZESI ALE SI YEHOWA LE KPEKPEM ÐE ŊUWÒ

17-18. Aleke míawɔ ade dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu le xaxawo me eye míada akpe ɖe eta? (Psalmo 40:5)

17 Xlẽ Psalmo 40:5. Tsaɖila siwo le to liam ƒe taɖodzinu koŋue nye be yewoaɖo toa tame. Gake wotɔna sẽe kple sẽe eye woléa ŋku ɖe adzɔge be yewoakpɔ ale si teƒea nya kpɔe. Nenema kee wòle be nàdi ɣeyiɣi enuenu anɔ ŋugble dem le ale si Yehowa na nèle dzidzedze kpɔm le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me ŋu. Le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwua, bia ɖokuiwò be: ‘Aleke Yehowa yram egbeae? Togbɔ be nye nɔnɔmea nu meyi o hãa, aleke Yehowa le kpekpem ɖe ŋunye be mado dzi?’ Kpɔe ɖa be àte ŋu ade dzesi nu ɖeka ya teti si Yehowa wɔ tsɔ kpe ɖe ŋuwò gbe ma gbe be nàte ŋu akpɔ dzidzedze le wò nɔnɔmea me hã.

18 Ðewohĩ ànɔ gbe dom ɖa be yeƒe xaxaa nu nayi, eye esɔ be nàwɔe nenema. (Flp. 4:6) Gake ele be míade dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu fifia hã. Ðo ŋku edzi be edo ŋugbe be yeado ŋusẽ mí eye yeakpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Eya ta ɖoe kplikpaa be yeakpɔ Yehowa ƒe asi le yeƒe agbe me. Ne èwɔe alea, àkpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzedze le nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã, abe ale si wòkpe ɖe Yosef ŋu ene.—1 Mose 41:51, 52.

HADZIDZI 32 Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi!

a Zi geɖea, ne míeto nɔnɔme sesẽ aɖe me do hafi míesena le mía ɖokui me be míekpɔ “dzidzedze” le eme. Gake ɖe wòanya wɔ be míakpɔ dzidzedze esime míele nɔnɔme sesẽ me toma? Yosef ƒe ŋutinyaa me dzodzro ana míakpɔe be Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

b Togbɔ be Biblia ƒo nu tso ale si wòdzɔe be Yosef si nye kluvi va zu subɔvi ŋu le kpukpui ʋɛ aɖewo ko me hãa, anɔ eme be ƒe geɖe va yi hafi esia dzɔ.