Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 5

“Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ La” Ʋãa Mí

“Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ La” Ʋãa Mí

‘Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu be míaganɔ agbe na mía ɖokui azɔ o.’—2 KOR. 5:14, 15.

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

NYA VEVIAWO a

1-2. (a) Aleke míesena le mía ɖokui me ne míede ŋugble le Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa ŋu? (b) Nu ka me míadzro le nyati sia me?

 NE MÍAƑE ame vevi aɖe kua, etena ɖe mía dzi ŋutɔ, eye ne míeɖo ŋku nu siwo dzɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na eƒe ku me alo ɖewohĩ ale si gbegbe wòkpe fu hafi ku dzia, míegaxaa nu vevie, eye míesusunɛ ŋutɔ. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim eye míeɖo ŋku nu vevi aɖe si wòfia mí, nane si wòwɔ alo nya aɖe si wògblɔ tsɔ de dzi ƒo na mí alo tsɔ do nukokoe na mí dzia, míekoa alɔgbɔnu eye dzi dzɔa mí.

2 Nenema kee ne míexlẽ nu tso ale si Yesu kpe fu heku ŋua, etena ɖe mía dzi. Míedia ɣeyiɣi dea ŋugble le ale si gbegbe Yesu ƒe vɔsaa xɔ asii ŋu, vevietɔ le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me. (1 Kor. 11:24, 25) Gake dzi dzɔa mí geɖe ne míede ŋugble le nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ esime wònɔ anyigba dzi ŋu. Eye ne míebu nu siwo wɔm wòle fifia kple nu siwo wòava wɔ na mí le etsɔme ŋua, esia dea dzi ƒo na mí. Enyo ŋutɔ be míade ŋugble le nu siawo kple ale si Yesu lɔ̃ mí ŋu, elabe esia aʋã mí míawɔ nu wòaɖee afia be míeda akpe ɖe wo ta, abe ale si míava kpɔe le nyati sia me ene.

NU SIWO YESU WƆ NA MÍ ƲÃA MÍ BE MÍADA AKPE EYE MÍAWƆ NUTEƑE

3. Susu kawo tae wòle be míada akpe ɖe tafea ta?

3 Ŋugbledede le Yesu ƒe agbenɔnɔ kple ku ŋu ʋãa mí be míada akpe ɖe nu si wòwɔ na mí ta. Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa mea, efia nu amewo tso nu nyui siwo Mawu Fiaɖuƒea awɔ ŋu. Míedea asixɔxɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu, eye míedaa akpe ɖe tafea ta, elabe eʋu mɔ na mí be míate ɖe Yehowa kple Yesu ŋu. Mɔkpɔkpɔ sua ame siwo xɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi sea si be woava nɔ agbe tegbee eye woagakpɔ woƒe ame vevi siwo woafɔ ɖe tsitre la ake. (Yoh. 5:28, 29; Rom. 6:23) Míedze na yayra siawo o, eye mímate ŋu axe fe na Mawu kple Kristo ɖe nu siwo gbegbe wowɔ na mí ta o. (Rom. 5:8, 20, 21) Gake míate ŋu ada akpe na wo. Aleke míawɔe?

Aleke ŋugbledede le nu si Maria Magdalatɔ la wɔ ŋu ʋã wò be nàda akpe ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na wò ta? (Kpɔ memama 4-5 lia)

4. Aleke Maria Magdalatɔ ɖee fia be yeda akpe ɖe nu si Yesu wɔ na ye ta? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

4 Bu Yuda nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Maria Magdalatɔ ŋu kpɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ adre nɔ fu wɔmee, eye esia na eƒe nu wɔ nublanui. Anya susu be ame aɖeke mate ŋu akpe ɖe ye ŋu o. Gake Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃awo do go eye wòkpɔ ablɔɖe. Ðikeke mele eme o be Maria da akpe ɖe nu si Yesu wɔ nɛ ta. Esia ʋãe wòdze Yesu yome eye wòzã eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo tsɔ kpe asi ɖe Yesu ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me. (Luka 8:1-3) Anɔ eme be Maria menya be Yesu ava wɔ nu si lolo wu ema na ye atsɔ eƒe agbe ana ɖe amegbetɔwo ta ale be “ame sia ame si xɔa edzi sena” nakpɔ agbe mavɔ o. (Yoh. 3:16) Gake eda akpe ɖe nu si Yesu wɔ nɛ ta eye wòwɔ nuteƒe nɛ. Esi Yesu nɔ fu kpem le fuwɔametia ŋua, Maria nɔ afi ma, elabe elɔ̃ Yesu eye wòdi be yeafa akɔ na ame siwo nɔ eteƒe. (Yoh. 19:25) Le Yesu ƒe ku megbea, Maria kple nyɔnu eve wotsɔ atike ʋeʋĩwo yi yɔdoa to be yewoasi na eƒe kukua. (Marko 16:1, 2) Yehowa ɖo eteƒe na Maria le eƒe nuteƒewɔwɔ ta. Mɔnukpɔkpɔ su esi wòkpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre eye wòɖo dze kplii. Yesu ƒe nusrɔ̃la ʋɛ aɖewo ko sie mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia su.—Yoh. 20:11-18.

5. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe nu siwo katã Yehowa kple Yesu wɔ na mí ta?

5 Míawo hã míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe nu siwo katã Yehowa kple Yesu wɔ na mí ta ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ga tsɔna kpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana akpe asi ɖe tadeaguƒewo tutu kple belelé na wo ŋu.

LƆLƆ̃ NA YEHOWA KPLE YESU ƲÃA MÍ MÍELƆ̃A AMEWO

6. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be tafea nye nunana tso Yehowa gbɔ na mí ame ɖekaɖekawo?

6 Ne míede ŋugble le ale si gbegbe Yehowa kple Yesu lɔ̃ mí ŋua, esia ʋãa mí be míawo hã míalɔ̃ wo. (1 Yoh. 4:10, 19) Míegalɔ̃a wo ɖe edzi ne míese egɔme be Yesu ku ɖe mí ame ɖekaɖekawo ta. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe nya vevi sia dzi eye wòɖe ale si gbegbe wòda akpe ɖe tafea tae fia le eƒe lɛta aɖe me. Egblɔ be: “Mawu ƒe Vi [la] lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye.” (Gal. 2:20) Yehowa to tafea dzi te wò ɖe eɖokui ŋu be nànye ye xɔlɔ̃. (Yoh. 6:44) Ðe medzɔa dzi na wò be Yehowa kpɔ nu nyui aɖe le mewò, eye wòxe fe gã aɖe ɖe tawò be nàte ŋu ava nye ye xɔlɔ̃ oa? Ðikeke mele eme o be, esia nyanya na nègava lɔ̃ Yehowa kple Yesu ɖe edzi. Gake ele be míabia mía ɖokui be, ‘Nu kae lɔlɔ̃ ma aʋãm mawɔ?’

Lɔlɔ̃ na Mawu kple Kristo ʋãa mí míegblɔa Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo katã (Kpɔ memama 7 lia)

7. Abe ale si wòdze le fotoa me enea, aleke mí katã míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa kple Yesu? (2 Korintotɔwo 5:14, 15; 6:1, 2)

7 Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple Kristo la ʋãa mí be míalɔ̃ ame bubuwo. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 5:14, 15; 6:1, 2.) Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ amewo ne míedoa vevie gbeƒãɖeɖedɔa. Míedzea agbagba ɖia ɖase na ame sia ame si míedo goe, dukɔ ka ke me wotso o, ga le wo si alo woda ahe o, wonye ameŋkutawo alo ame tsɛwo o. Esia ɖenɛ fiana be míele asi kpem ɖe tame si Yehowa ɖo be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si” ŋu.—1 Tim. 2:4.

8. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo?

8 Mɔ bubu si dzi míetona ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu kple Kristoe nye be míelɔ̃a mía nɔvi Kristotɔwo. (1 Yoh. 4:21) Míetsɔa ɖe le eme na mía nɔviwo eye míekpena ɖe wo ŋu ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom. Míefaa akɔ na wo ne woƒe ame vevi aɖe ku, míesrãa wo kpɔ ne wodze dɔ, eye míedea dzi ƒo na wo ne dzi ɖe le wo ƒo. (2 Kor. 1:3-7; 1 Tes. 5:11, 14) Míedoa gbe ɖa ɖe wo ta elabe míenyae be “ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe [gbedodoɖa] ŋu, eye wòwɔa dɔ.”—Yak. 5:16.

9. Mɔ bubu ka dzie míate ŋu ato aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo?

9 Mɔ bubu si dzi míetona ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwoe nye be míewɔa nu sia nu si míate ŋui be ŋutifafa nanɔ mía kpli wo dome. Míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yehowa ƒe tsɔtsɔke. Yehowa lɔ̃ faa tsɔ Via na wòku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eya ta ɖe mele be míalɔ̃ faa atsɔ ake mía nɔviwo ne wodze agɔ le mía dzi oa? Mímadi gbeɖe be míawɔ nu abe kluvi vɔ̃ɖi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋu aɖe me ene o. Togbɔ be kluvi ma ƒe aƒetɔ tsɔ fe gbogbo si wònyi le eŋu kee hãa, eya ya gbe gbidii be yematsɔ fe sue si ehati kluvi bubu nyi le eŋu akee o. (Mat. 18:23-35) Ne masɔmasɔ aɖe le wò kple nɔvi aɖe domea, ɖe nàte ŋu aɖe afɔ gbã awɔ ŋutifafa kplii hafi ade Ŋkuɖodzia? (Mat. 5:23, 24) Ewɔwɔ alea aɖee afia be èlɔ̃ Yehowa kple Yesu vevie.

10-11. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖee afia be yewolɔ̃ Yehowa kple Yesu? (1 Petro 5:1, 2)

10 Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖee afia be wolɔ̃ Yehowa kple Yesu? Mɔ vevi ɖekae nye be woalé be na Yesu ƒe alẽawo. (Xlẽ 1 Petro 5:1, 2.) Yesu te gbe ɖe nya ma dzi na apostolo Petro. Esi Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ megbea, edi vevie be yeaɖee afia Yesu be yelɔ̃e. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbea, ebia Petro be: “Simon, Yohanes vi, èlɔ̃ma?” Míeka ɖe edzi be Petro adi vevie be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui atsɔ aɖee afia yeƒe Aƒetɔa be yelɔ̃e. Yesu gblɔ nɛ be: “Kplɔ nye alẽ sueawo.” (Yoh. 21:15-17) Nu ma tututue Petro wɔ. Le eƒe agbemeŋkeke susɔeawo mea, elé be na Aƒetɔ Yesu ƒe alẽawo nyuie, eye esia ɖo kpe edzi be elɔ̃ Yesu vavã.

11 Hamemetsitsiwo, aleke miate ŋu aɖee afia le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me be yewotsɔ nya si Yesu gblɔ na Petro la nya vevii? Miate ŋu aɖee afia be mielɔ̃ Yehowa kple Yesu ne miedia ɣeyiɣi srãa alẽawo kpɔna edziedzi, eye miedzea agbagba vevie be yewoakpe ɖe ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ŋu be woatrɔ ava Yehowa gbɔ. (Eze. 34:11, 12) Miate ŋu adze agbagba hã be yewoaxɔ Biblia nusrɔ̃vi kple ɖetsɔlemetɔ siwo ade Ŋkuɖodzia nyuie eye miade dzi ƒo na wo, elabe woate ŋu ava nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo.

LƆLƆ̃ NA KRISTO ƲÃA MÍ BE MÍALÉ DZI ÐE ƑO

12. Vi kae wòaɖe na mí ne míede ŋugble le nya si Yesu gblɔ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me ŋu, eye nu ka tae? (Yohanes 16:32, 33)

12 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Le xexea me la, miele xaxawo me tom, gake milé dzi ɖe ƒo! Nye la meɖu xexea dzi.” (Xlẽ Yohanes 16:32, 33.) Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu dzi nɔ eƒo esi futɔwo dze edzi eye wòyi edzi wɔ nuteƒe va se ɖe ku me? Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋue. Yesu nya be ye yomedzelawo hã ava to nɔnɔme mawo tɔgbi me, eya ta edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpɔ wo ta. (Yoh. 17:11) Esia nana dzi ɖoa mía ƒo. Nu ka tae? Elabe Yehowa sesẽ wu míaƒe futɔwo eye naneke mele ɣaɣla ɖee o. (1 Yoh. 4:4) Míeka ɖe edzi be ne míeɖo ŋu ɖe eŋua, akpe ɖe mía ŋu míalé dzi ɖe ƒo aɖu vɔvɔ̃ dzi.

13. Aleke wòdzɔe be dzi va ɖo Yosef si tso Arimatia ƒo?

13 Bu Yosef si tso Arimatia ŋu kpɔ: Enye Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ me tɔ eye wodea bubu eŋu le Yudatɔwo dome. Gake esime Yesu nɔ subɔsubɔm le anyigba dzia, dzi menɔ Yosef ƒo kura o. Yohanes gblɔ be enye “Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta.” Togbɔ be Yosef tsɔ ɖe le Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me hãa, mena amewo nya be yexɔ Yesu dzi se o. (Yoh. 19:38) Ðewohĩ evɔ̃ be esia ana womagade bubu ye ŋu o. Aleke kee wòɖanɔ o, Biblia gblɔ be esi Yesu kua, Yosef ‘do dzi yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.’ (Marko 15:42, 43) Aleae wòdzɔe be Yosef megaɣlae ɖe amewo be yenye Yesu ƒe nusrɔ̃la o.

14. Nu kae wòle be nàwɔ ne èvɔ̃a amegbetɔ?

14 Ðe nèvɔ̃a amegbetɔ abe ale si wònɔ le Yosef gome enea? Ðe wòkpea ŋu na wò be nàna amewo nanya le suku alo dɔ me be Yehowa Ðasefoe yenyea? Ðe nèle hehem ɖe megbe be yeazu gbeƒãɖela alo yeaxɔ nyɔnyrɔ le esi nètsi dzi ɖe nu si amewo asusu tso ŋuwò ŋu taa? Mègana vɔvɔ̃ na nu siawo nawɔe be nàgbe nu si nènya be esɔ la wɔwɔ o. Do gbe ɖa na Yehowa vevie be wòana dzi nanɔ ƒowò nàwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Ne èkpɔ ale si Yehowa ɖo wò gbedodoɖawo ŋua, esia ana nàsẽ ŋu eye dzi nagaɖo ƒowò geɖe.—Yes. 41:10, 13.

DZIDZƆ SI MÍEKPƆNA ƲÃA MÍ MÍESUBƆA YEHOWA MADZUDZƆMADZUDZƆE

15. Esi Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo megbea, nu kae dzidzɔ si wokpɔ ʋã wo wowɔ? (Luka 24:52, 53)

15 Bu ale si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se le wo ɖokuiwo me esi wòku ŋu kpɔ. Wolé blanui elabe wobú wo xɔlɔ̃ vevi, eye wose le wo ɖokui me be mɔkpɔkpɔ bu ɖe yewo. (Luka 24:17-21) Gake esi Yesu ɖe eɖokui fia woa, ekpe ɖe wo ŋu wose egɔme be nu siwo dzɔ ɖe ye dzia na Biblia me nyagblɔɖiwo va eme, eye wòde dɔ vevi aɖe wo si. (Luka 24:26, 27, 45-48) Ŋkeke 40 megbe esi Yesu yi dziƒoa, nusrɔ̃lawo megalé blanui azɔ o, ke boŋ wonɔ dzidzɔ kpɔm elabe wonya be yewoƒe Aƒetɔa le agbe eye akpe ɖe yewo ŋu yewoawɔ dɔ yeye si wòde yewo si. Dzidzɔ si wokpɔ la na wokafu Yehowa madzudzɔmadzudzɔe.—Xlẽ Luka 24:52, 53; Dɔw. 5:42.

16. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo?

16 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpɔɖeŋua? Míate ŋu akpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me, menye le Ŋkuɖodzia ƒe ɣeyiɣia ɖeɖe ko me o, ke boŋ le ƒe bliboa me. Esia bia be míatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi geɖe trɔ asi le woƒe dɔwɔɖui ƒe ɖoɖowo ŋu ale be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi ade gbeadzi kple kpekpeawo, eye woawɔ ƒometadedeagu edziedzi. Nɔvi aɖewo tea ŋutilãmenu siwo amewo buna be ehiã vevie la wo ɖokui gɔ̃ hã kple susu be yewoate ŋu awɔ geɖe le hamea me, alo yewoate ŋu asubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Togbɔ be ehiã be míado dzi hafi míate ŋu asubɔ Yehowa hãa, Yehowa do ŋugbe be yeayra mí geɖe ne míetsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Lod. 10:22; Mat. 6:32, 33.

Le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia mea, di ɣeyiɣi nàde ŋugble le nu si Yehowa kple Yesu wɔ na wò ŋu (Kpɔ memama 17 lia)

17. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣi sia me? (Kpɔ fotoa.)

17 Míele mɔ kpɔm vevie na Ŋkuɖodzia le Braɖa, April 4 dzi. Gake mehiã be nàlala va se ɖe ɣemaɣi hafi ade ŋugble le Yesu ƒe agbenɔnɔ, eƒe ku, kpakple lɔlɔ̃ si gbegbe eya kple Yehowa ɖe fia mí ŋu o. Dze agbagba nàwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia katã me nàtsɔ ade ŋugble le nu vevi mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi nàxlẽ nudzɔdzɔ siwo dze le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenyawo B12 si ƒe tanyae nye “Yesu Ƒe Anyigbadzigbenɔnɔ Ƒe Kwasiɖa Mamlɛtɔ,” eye nàde ŋugble le wo ŋu vevie. Ne èle nudzɔdzɔawo xlẽmaa, de dzesi akpa siwo aʋã wò be nàda akpe ɖe tafea ta, nàɖe lɔlɔ̃ afia, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàkpɔ dzidzɔ. Eyome de ŋugble le mɔ siwo dzi nàto ada akpe na Yehowa kple Yesu tso dzi mea ŋu. Àte ŋu aka ɖe edzi be Yesu ade asixɔxɔ nu siwo katã nàwɔ atsɔ aɖo ŋku ye dzi le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣi sia me ŋu.—Nyaɖ. 2:19.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

a Kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia kple esiwo kplɔe ɖo naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí be míade ŋugble le Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe ku, kpakple lɔlɔ̃ gã si eya kple Fofoa ɖe fia mí ŋu. Esia aʋã mí míawɔ nu wòaɖee afia be míeda akpe ɖe ale si gbegbe wolɔ̃ mí ta. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ esiae. Azɔ hã, míakpɔ ale si Kristo ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu aʋã mí míalɔ̃ mía nɔviwo, míalé dzi ɖe ƒo, eye míakpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me.