Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 6

Nu Siwo Biblia Ðe Fia Tso Yehowa Ŋu

Nu Siwo Biblia Ðe Fia Tso Yehowa Ŋu

“Ŋlɔ nya siwo katã magblɔ na wò la ɖe agbalẽ me.”—YER. 30:2.

HADZIDZI 96 Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue

NYA VEVIAWO a

1. Nu ka tae nèdaa akpe ɖe Biblia ta?

 MÍEDAA akpe na Yehowa Mawu ɖe Eƒe Nya, Biblia ta. Yehowa ɖo aɖaŋu nyui geɖe le Biblia me siwo kpena ɖe mía ŋu ne kuxiwo va mía dzi egbea, eye edo ŋugbe nyuiwo na mí le Biblia me ku ɖe etsɔme ŋu. Vevietɔ wua, Yehowa to Biblia dzi ɖe eƒe amenyenye ƒe akpa vovovowo fia mí. Ŋugbledede le Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu nana eƒe nu léa dzi na mí eye woʋãa mí be míate ɖe eŋu azu exɔlɔ̃wo.—Ps. 25:14.

2. Mɔ vovovo kawo dzie Yehowa to ɖe nu geɖe fia tso eɖokui ŋu?

2 Yehowa di be amewo nanya ye. Le blemaa, eto drɔ̃ewo, ŋutegawo, kple mawudɔlawo gɔ̃ hã dzi ɖe nu geɖe fia amewo tso eɖokui ŋu. (4 Mose 12:6; Dɔw. 10:3, 4) Gake aleke wòanya wɔ be míasrɔ̃ nu tso nu si Yehowa ɖe fia amewo le blema la me ne ɖe womeŋlɔ wo ɖi o? Asesẽ ŋutɔ. Esia tae Yehowa na amewo ŋlɔ nu siwo wòdi be míanya la “ɖe agbalẽ me.” (Yer. 30:2) Esi “Mawu vavã la ƒe mɔ de blibo” taa, míeka ɖe edzi be mɔ sia si dzi wòto le nu ƒom na mí egbea nyo ŋutɔ eye aɖe vi na mí.—Ps. 18:30.

3. Aleke Yehowa kpɔ egbɔ be Biblia li va de asi na egbea? (Yesaya 40:8)

3 Xlẽ Yesaya 40:8. Mawu ƒe Nyaa li ƒe akpe geɖee nye esia, eye efia mɔ mawusubɔla wɔnuteƒewo le ɣeyiɣi vovovowo me. Esia wɔ nuku ŋutɔ! Nu ka tae? Elabe agbalẽ siwo dzi woŋlɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo le blemaa nyunyɔna bɔbɔe. Eya ta agbalẽ siwo Biblia ŋlɔlawo ŋutɔ ŋlɔa dometɔ aɖeke megali va se ɖe egbe o. Gake Yehowa kpɔ egbɔ be amewo gbugbɔ ŋlɔ Biblia ŋlɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo. Togbɔ be nugbugbɔŋlɔlaawo mede blibo o hãa, wowɔ woƒe dɔa beléletɔe. Biblia ŋutinunyala aɖe gblɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu be: “Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔmee be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo wogbugbɔŋlɔ ɖi wòde pɛpɛpɛ alea kpɔ o.” Edze ƒãa be togbɔ be ƒe geɖe va yi tso esime woŋlɔ Biblia, nu siwo dzi woŋlɔe ɖoa nyunyɔna bɔbɔe, eye ame siwo gbugbɔ ŋlɔe mede blibo o hãa, míate ŋu aka ɖe edzi be nya siwo le Biblia me egbea tututue Yehowa na woŋlɔ ɖi.

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Yehowa gbɔe “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” tso. (Yak. 1:17) Nunana nyuitɔ siwo Yehowa na mí dometɔ ɖekae nye Biblia. Nunana ɖea nu geɖe fiana mí tso enala ŋu; eɖea ale si gbegbe amea nya mí kple míaƒe hiahiãwo fiana. Nenema kee Biblia ɖe nu geɖe fia mí tso enala Yehowa ŋu. Ne míesrɔ̃ Bibliaa, míeva nyaa Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo, eye míeva dea dzesii be enya mí kple míaƒe hiahiãwo nyuie. Le nyati sia mea, míadzro nu si Biblia fia mí tso Yehowa ƒe nunya, eƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ ŋu me. Gbãa, míaƒo nu tso Yehowa ƒe nunya ŋu.

BIBLIA ÐE MAWU ƑE NUNYA FIA

5. Gblɔ mɔ ɖeka si nu Biblia ɖe Mawu ƒe nunya fia le.

5 Yehowa nya be míehiã aɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Eya ta eɖo aɖaŋu nyui geɖe na mí le Biblia me. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi na amewo. Biblia trɔa amewo ƒe agbenɔnɔ. Mose si Mawu zã wòŋlɔ Biblia-gbalẽ gbãtɔawo gblɔ na Israel-viwo be: ‘Menye nya gbɔloe Mawu ƒe nyawo nye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee.’ (5 Mose 32:47) Esia fia be ame siwo awɔ ɖe Mawu ƒe nyawo dzi akpɔ dzidzɔ kple dzidzedze le agbe me. (Ps. 1:2, 3) Togbɔ be ƒe gbogbo aɖewoe nye esia woŋlɔ Mawu ƒe Nyaa hãa, ŋusẽ gakpɔtɔ le eŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne èʋu jw.org eye nèdi nyati siwo ƒe tanyae nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” la, àkpɔ ŋutsu kple nyɔnu 50 aɖewo siwo ŋu Biblia kpe ɖo wotrɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe ŋutinyawo. Woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be Biblia ‘le dɔ dzi vevie ŋutɔ le ame siwo xɔ edzi sea me.’—1 Tes. 2:13.

6. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be agbalẽ aɖeke mesɔ kple Biblia o?

6 Agbalẽ bubu aɖeke mesɔ kple Mawu ƒe Nya, Biblia o. Nu ka tae? Nu si tae nye be Biblia la ŋlɔla si nye Yehowa Mawu nye ŋusẽkatãtɔ, eli tegbee, eye eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta. Agbalẽŋlɔla geɖe kuna gblẽa woƒe agbalẽwo ɖi eye aɖaŋuɖoɖo siwo le woƒe agbalẽwo me hã megaɖea vi le ɣeyiɣi aɖe megbe o. Gake Biblia me gɔmeɖosewo ya ɖea vi ɣesiaɣi; woɖe vi na ame siwo nɔ anyi le blema eye wogale vi ɖem na mí egbea hã. Ne míexlẽ Biblia eye míede ŋugble le eŋua, Yehowa Mawu atsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋua akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ mɔfiame siwo le emea ŋu dɔ le míaƒe agbe me. (Ps. 119:27; Mal. 3:16; Heb. 4:12) Ɛ̃, Mawu gbagbe si gbɔ Biblia tsoa di vevie be yeakpe ɖe ŋuwò nàse yeƒe Nyaa gɔme. Na esia naʋã wò nàxlẽ Biblia edziedzi.

Aleke Biblia kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu wowɔ ɖeka le blema kple le míaƒe ɣeyiɣia me? (Kpɔ memama 7-8 lia)

7. Aleke Biblia kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu wowɔ ɖeka le blema?

7 Nu bubu aɖe si ɖo kpe edzi be Biblia ɖe Mawu ƒe nunya fiae nye ale si wòkpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu wowɔ ɖeka. Esi Israel-viwo yi Ŋugbedodonyigbaa dzia, wokaka ɖe anyigbaa dzi. Wo dometɔ aɖewo va zu tɔƒodelawo, lãnyilawo, kple agbledelawo. Ele bɔbɔe be Israel-vi siwo le anyigbaa ƒe akpa aɖe naŋlɔ wo nɔvi siwo le anyigbaa ƒe akpa bubuawo be. Esia taa, Yehowa wɔ ɖoɖo be le ŋkeke aɖewo dzi le ƒea mea, Israel-viwo nava ƒo ƒu ɖekae eye woaxlẽ eƒe Nyaa na wo aɖe eme na wo. (5 Mose 31:10-13; Neh. 8:2, 8, 18) Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Israel-vi aɖe si va Yerusalem ne ekpɔ nɔvia Yehowa subɔla miliɔn geɖe siwo hã tso anyigbaa ƒe akpa bubuwo va la ɖa. Yehowa to esia dzi kpe ɖe eƒe amewo ŋu woyi edzi wɔ ɖeka. Emegbe esi woɖo Kristo hamea, ŋutsu kple nyɔnu siwo doa gbe vovovowoe nɔ eme. Wo dometɔ aɖewo nye ame ŋkutawo eye ɖewo nye ame tsɛwo; bubuwo nye kesinɔtɔwo eye ɖewo hã nye ame dahewo. Gake esi wo katã wolɔ̃ Ŋɔŋlɔawo taa, wowɔ ɖeka subɔ Mawu vavã la. Eye nu si akpe ɖe wo ŋu woase Mawu ƒe Nyaa gɔmee nye be woade ha kple haxɔsetɔwo eye woasubɔ kpli wo ɖekae.—Dɔw. 2:42; 8:30, 31.

8. Aleke Biblia na Mawu ƒe amewo wɔ ɖeka egbea?

8 Egbea hãa, mía Mawu Yehowa si ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta yi edzi le Biblia zãm tsɔ le nu fiam eƒe amewo eye wòle kpekpem ɖe wo ŋu be woawɔ ɖeka. Nu sia nu si wòle be míanya tso Yehowa ŋu le Biblia me. Míeƒoa ƒu kple mía nɔviwo edziedzi le hame ƒe kpekpewo, takpekpe gãwo kple sueawo me. Le kpekpe mawo mea, woxlẽa Ŋɔŋlɔawo, wodzroa wo me, eye woɖea wo me na mí. Edze ƒãa be Biblia nye agbalẽ vevi aɖe si zãm Yehowa le tsɔ le kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu be “woasubɔe le ɖekawɔwɔ me.”—Zef. 3:9.

9. Nɔnɔme nyui kae wòle be wòanɔ mía si hafi míate ŋu ase Biblia me nyawo gɔme? (Luka 10:21)

9 Bu mɔ bubu aɖe si nu Yehowa ɖe eƒe nunya fia le ŋu kpɔ. Ena woŋlɔ Biblia ƒe akpa geɖe le mɔ sia nu be ame siwo bɔbɔ wo ɖokui koe ate ŋu ase egɔme. (Xlẽ Luka 10:21.) Amewo xlẽa Biblia le xexea ƒe akpa sia akpa. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be, menye ɖeko Biblia “nye agbalẽ si amewo xlẽna wu o, ke boŋ enye agbalẽ si amewo xlẽna belelétɔe wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe.” Gake ame siwo bɔbɔa wo ɖokui koe tea ŋu sea egɔme nyuie eye wotsɔa emenyawo wɔa dɔe.—2 Kor. 3:15, 16.

10. Mɔ bubu ka nue Biblia ɖe Yehowa ƒe nunya fia le?

10 Biblia ɖe Yehowa ƒe nunya fia le mɔ bubu aɖe hã nu. Menye ɖeko Yehowa toa Biblia dzi fiaa nu mí abe ƒuƒoƒo ene o, ke etoa Biblia dzi fiaa nu mí hefaa akɔ na mí ame ɖekaɖekawo hã. Ne mía dometɔ ɖe sia ɖe xlẽ Bibliaa, míesena le mía ɖokui me be Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí. (Yes. 30:21) Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be nènɔ kuxi aɖe me tom eye esi nèxlẽ Biblia ƒe akpa aɖea, èse le ɖokuiwò me be ye koŋue woŋlɔe na? Ɛ̃, edzɔna ɖe mía dometɔ geɖe dzi. Bu eŋu kpɔ: Ne ƒe gbogbo aɖewoe nye esi woŋlɔ Biblia eye wòɖea vi na ame miliɔn geɖewoa, ɖe mewɔ nuku be emenyawo sɔ ɖe wò nuhiahiãwo nu pɛpɛpɛ egbea oa? Esia ɖo kpe edzi be Yehowa Mawu si ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta ƒe nyawoe le Biblia me.—2 Tim. 3:16, 17.

BIBLIA ÐE MAWU ƑE DZƆDZƆENYENYE FIA

11. Aleke Biblia ɖee fia be Yehowa mekpɔa ame ŋkume o?

11 Yehowa ƒe nɔnɔme vevi aɖee nye dzɔdzɔenyenye. (5 Mose 32:4) Esi Yehowa le dzɔdzɔe taa, mekpɔa ame ŋkume o, elabe ame si wɔa nu dzɔdzɔe mekpɔa ame ŋkume o. (Dɔw. 10:34, 35; Rom. 2:11) Ale si wòna woŋlɔ Biblia ɖe gbe vovovowo mea ɖee fia be mekpɔa ame ŋkume o. Hebrigbe koŋ mee woŋlɔ Biblia-gbalẽ 39 gbãtɔawo ɖo, eye esiae nye gbe si gɔme sese nɔ bɔbɔe na Mawu ƒe amewo ɣemaɣi. Gake kaka ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) mea, ame akpa gãtɔ va nɔ Helagbe dom, taa woŋlɔ Biblia-gbalẽ 27 susɔeawo ɖe Helagbe me. Yehowa meɖoe be woaŋlɔ Biblia ɖe gbe ɖeka aɖe koŋ me o. Egbea, ame miliɔn akpe enyi siwo le anyigba dzi doa gbe vovovowo. Aleke ame gbogbo siawo awɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu?

12. Aleke nyagblɔɖi si le Daniel 12:4 va eme le ŋkeke mamlɛ siawo me?

12 Yehowa to nyagblɔɖila Daniel dzi do ŋugbe be Biblia me “sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi” le ‘nuwuɣia,’ si fia be ame geɖe ase Biblia gɔme. (Xlẽ Daniel 12:4.) Nu si wɔe be ame geɖe te ŋu va se Biblia gɔmee nye ale si woɖe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe gbe vovovowo me kple ale si wotae hemae na ame geɖe. Bibliae nye agbalẽ si gɔme woɖe wu eye wòle ame geɖe si le xexea me godoo. Biblia gɔmeɖeɖe siwo asitsahawo ta le dzadzram la tea ŋu xɔa asi ale gbegbe. Gake to vovo na woa, Yehowa ƒe amewo ɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 240 me, eye ame sia ame ate ŋu axɔ ɖe femaxee. Esia wɔe be ame siwo tso dukɔwo katã me le nu srɔ̃m tso “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la ŋu hafi nuwuwua nava. (Mat. 24:14) Mía Mawu dzɔdzɔetɔ la di be yeana mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖe ale si wòanya wɔe si be woaxlẽ yeƒe Nyaa eye woava nya ye. Esi wòlɔ̃ mí katã vevie tae wòwɔ esia ɖo.

BIBLIA ÐE MAWU ƑE LƆLƆ̃ FIA

13. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Biblia ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ fia? (Yohanes 21:25)

13 Biblia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃. (1 Yoh. 4:8) Bu nu siwo wòna woŋlɔ ɖe Biblia me kple nu siwo mena woŋlɔ ɖe eme o ŋu kpɔ. Esi Yehowa lɔ̃ mí taa, mena woŋlɔ nyatakaka gbogbowo ɖe Biblia me na mí tsɔ do agba na mí o. Ke boŋ nu siwo míehiã be mía kplii dome nanɔ nyuie, nu siwo ana be míakpɔ dzidzɔ fifia, kple nu siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ agbe mavɔe wòna woŋlɔ ɖe eme.—Xlẽ Yohanes 21:25.

14. Mɔ bubu ka nue Biblia ɖee fia le be Mawu lɔ̃ mí?

14 Yehowa na woŋlɔ eƒe nyawo le mɔ si de bubu mía ŋu nu, eye esia hã ɖee fia be elɔ̃ mí. Le kpɔɖeŋu me, mena woŋlɔ se gbogbowo ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia ŋu ɖe Biblia me o. Ke boŋ ena woŋlɔ agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo, nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedziwo, kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ɖe eme. Esia wɔe be ne míexlẽ Bibliaa, eʋãa mí be míalɔ̃ Yehowa eye míaɖo toe tso dzi me.

Nu ka tae wòle be míade ŋugble le ale si Yehowa wɔ nu ɖe esubɔla siwo nɔ anyi le blema ŋua ŋu? (2 Fia. 5:1-3; 1 Mose 39:1, 10-12; Luka 2:25-38) (Kpɔ memama 15 lia)

15. (a) Aleke Biblia ɖee fia be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí? (b) Abe ale si wòdze le foto vovovoawo me enea, ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ka ŋue nyɔnuvi suea, nɔviŋutsua, kple nɔvinyɔnu tsitsia le ŋugble dem le?

15 Biblia ɖee fia be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí vevie. Le mɔ ka nu? Ena woŋlɔ ale si ame vovovowo se le wo ɖokui me ɖe Biblia me. Ne míexlẽ nu tso ame siawo ŋua, míetea ŋu sea nɔnɔme siwo me wotoa gɔme, elabe woƒe “seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yak. 5:17) Vevietɔ wua, ne míede ŋugble le ale si Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋu ŋua, esia kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be “Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.”—Yak. 5:11.

16. Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le ale si wòwɔ nu ɖe ame siwo wɔ vodada ŋua me? (Yesaya 55:7)

16 Mɔ bubu aɖe si nu Biblia ɖee fia le be Yehowa lɔ̃ míe nye be eka ɖe edzi na mí be Yehowa magbe mí ne míeda vo o. Israel-viwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu enuenu, ke hã ne wotrɔ dzi me vavãa, Yehowa tsɔna kea wo. (Xlẽ Yesaya 55:7.) Kristotɔ gbãtɔwo hã nyae be Mawu lɔ̃ yewo vevie. Esi ŋutsu aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã trɔ dzi mea, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ na ehati Kristotɔwo be ‘woatsɔe akee faa, eye woafa akɔ nɛ.’ (2 Kor. 2:6, 7; 1 Kor. 5:1-5) Eɖe dzesi ŋutɔ be Yehowa megbe esubɔla siwo da vo o. Ke boŋ eɖe afɔ kpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe, eɖɔ wo ɖo, eye wògaxɔ wo alɔ eve. Edo ŋugbe be yeawɔ nenema ke na nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me egbea hã.—Yak. 4:8-10.

DE ASIXƆXƆ MAWU ƑE ‘NUNANA NYUI’ LA ŊU

17. Nu ka tae Biblia nye nunana tɔxɛ tso Yehowa gbɔ?

17 Nunana nyui aɖe ŋutɔe Biblia nye tso Yehowa gbɔ na mí. Nu ka tae Biblia le etɔxɛe? Abe ale si míeva srɔ̃e enea, Biblia ɖe Mawu ƒe nunya, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe lɔlɔ̃ fia. Biblia ɖee fia hã be Yehowa di be míava nya ye eye míanye ye xɔlɔ̃wo.

18. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe Biblia ta?

18 Mele be míabu Mawu ƒe ‘nunana nyui’ si nye eƒe Nyaa nu tsɛ o. (Yak. 1:17) Ke boŋ mina míayi edzi anɔ akpe dam ɖe eta. Míate ŋu awɔ esia ne míexlẽnɛ edziedzi eye míedea ŋugble le eŋu. Ne míewɔe alea, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa, ame si gbɔ Biblia tsoa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi eye wòana míagadze si eyama ɖe edzi.—Lod. 2:5.

HADZIDZI 98 Ŋɔŋlɔawo—Wotso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me

a Biblia kpena ɖe mía ŋu be míate ɖe Yehowa ŋu. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso agbalẽ kɔkɔe ma me ku ɖe Mawu ƒe nunya, eƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ ŋu? Nu siwo ŋu míasrɔ̃ tso emea akpe ɖe mía ŋu míagade asixɔxɔ Mawu ƒe Nyaa ŋu geɖe wu, eye míabu Biblia be enye nunana xɔasi tso mía Fofo si le dziƒo la gbɔ.