Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 8

“Minɔ Mo Xexi, Minɔ Ŋudzɔ!”

“Minɔ Mo Xexi, Minɔ Ŋudzɔ!”

“Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ!”—1 PET. 5:8.

HADZIDZI 144 Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!

NYA VEVIAWO a

1. Nya kae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo tso nuwuwua ŋu, eye nu kae wòxlɔ̃ nu wo be woawɔ?

 ŊKEKE ʋɛ aɖewo hafi Yesu nakua, eƒe nusrɔ̃la ene te ɖe eŋu biae be: “Nu kae anye . . . nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mat. 24:3) Anɔ eme be nusrɔ̃la mawo di be yewoanya nu siwo aɖee afia be Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu tu aƒe. Gake esi Yesu nɔ nya ŋu ɖom na woa, menye Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu ŋu koe wòƒo nu tsoe o, ke eƒo nu tso nuɖoanyi si me míele fifia ƒe nuwuɣi hã ŋu. Egblɔ tso míaƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu ŋu be: “Le ŋkeke ma alo gaƒoƒo la ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.” Eyome exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo katã be ‘woanɔ ŋudzɔ.’—Marko 13:32-37.

2. Nu ka tae wòhiã vevie be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me nanɔ ŋudzɔ?

2 Ehiã vevie be Yudatɔ Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me nanɔ ŋudzɔ be woatsi agbe. Yesu gblɔ nu si woakpɔ si ana woade dzesii be Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia gbɔna nu wu ge la na wo. Egblɔ be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo.” Ne wonya kpɔ esia koa, ele be woawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi ‘asi ayi towo dzi.’ (Luka 21:20, 21) Ame siwo wɔ ɖe edzia tsi agbe esi Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Egbea, míele agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuɣi. Eya ta ele na míawo hã be míanɔ ŋudzɔ eye míanɔ mo xexi. Le nyati sia mea, míakpɔ ale si míada asɔ esi míele ŋudzɔ ɖe nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ŋu. Eyome míadzro ale si míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie kple ale si míawɔ ɣeyiɣi si susɔ ŋu dɔ nyuie hã me.

DA SƆ

4. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le ale si Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam egbea me?

4 Míedina be míakpɔ ale si xexemenudzɔdzɔwo ɖee fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam. Nu ka tae? Nu si tae nye be Yesu yɔ nu vovovo siwo adzɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míade dzesii be Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu tu aƒe. (Mat. 24:3-14) Apostolo Petro hã de dzi ƒo na mí be míalé ŋku ɖe ale si nyagblɔɖiwo le eme vam ŋu ale be míayi edzi ali ke le xɔse me. (2 Pet. 1:19-21) Eye Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa dze egɔme be: “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia si Mawu tsɔ nae be wòaɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la afia eƒe kluviwo.” (Nyaɖ. 1:1) Eya ta esɔ be míetsɔ ɖe le xexemenudzɔdzɔwo me vevie eye míedina be míanya ale si woɖee fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam. Ɣeaɖewoɣia, edzɔa dzi na mí be míaɖo dze tso eŋu le mía nɔewo dome gɔ̃ hã. Aleke míada asɔ?

Ne míele dze ɖom tso Biblia me nyagblɔɖiwo ŋua, nu kae wòle be míaƒo asa na? Eye nu kae wòle be míawɔ? (Kpɔ memama 5 lia) b

5. Nu kae wòle be míaƒo asa na, eye nu kae wòle be míawɔ? (Kpɔ fotoawo.)

5 Ne míele dze ɖom tso ale si Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam ŋua, ele be míakpɔ nyuie be míagasusu nuwo ko agblɔ o. Nu ka tae? Elabe mímadi be míagblɔ nya aɖeke si ade mama hamea me o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míese be xexemedziɖulawo le adaŋu dem le ale si yewoakpɔ kuxi sesẽ aɖe gbɔ be ŋutifafa kple dedienɔnɔ nanɔ anyi ŋu. Masɔ be míasusu nane anɔ gbɔgblɔm na amewo be esiae nye 1 Tesalonikatɔwo 5:3 me vava o, ke boŋ míaku nu me akpɔ numeɖeɖe yeye si Yehowa ƒe habɔbɔa na tso nya siawo ŋu. Ne míele dze ɖom tso Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu eye míetu míaƒe nyawo ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe numeɖeɖewo dzia, míakpe asi ɖe eŋu be mí katã ‘míaƒe susu nawɔ ɖeka’ le hamea me.—1 Kor. 1:10; 4:6.

6. Nu vevi kae míesrɔ̃ tso 2 Petro 3:11-13 me?

6 Xlẽ 2 Petro 3:11-13. Apostolo Petro ƒe nyawo akpe ɖe mía ŋu míada asɔ ne míele Biblia me nyagblɔɖiwo me dzrom. Ede dzi ƒo na mí be míana ‘míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ŋu vevie.’ Nu ka tae? Menye esi míedi be míanya ‘ŋkeke kple gaƒoƒo’ si Armagedon ava tae o, ke boŋ esi míedi be ‘míabu ame siwo ƒomevi míenye le agbe kɔkɔe nɔnɔ kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me ŋu’ tae. (Mat. 24:36; Luka 12:40) Esia fia be míedi be míanɔ agbe dzadzɛ eye míakpɔ egbɔ be lɔlɔ̃e ʋã mí míele Yehowa subɔm. Be míawɔ esia, ehiã be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie.

ALE SI MÍAKPƆ MÍA ÐOKUI DZI NYUIE

7. Nu kae wòfia be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie? (Luka 21:34)

7 Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋudzɔ ɖe xexemenudzɔdzɔwo ŋu, gake egaxlɔ̃ nu wo hã be ‘woakpɔ wo ɖokui dzi nyuie.’ (Xlẽ Luka 21:34.) Ame si kpɔa eɖokui dzi nyuie nɔa ŋudzɔ ɖe nu sia nu si agblẽ eya kple Yehowa dome ŋu, eye wòɖea afɔ siwo hiã be yeaƒo asa na nu mawo. Esia wɔnɛ be wòyia edzi nɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.—Lod. 22:3; Yuda 20, 21.

8. Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo na Kristotɔwo?

8 Apostolo Paulo hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woakpɔ wo ɖokui dzi nyuie. Le kpɔɖeŋu me, eɖo aɖaŋu na Kristotɔ siwo nɔ Efeso be: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene.” (Ef. 5:15, 16) Satana le agbagba dzem ɣesiaɣi be yeagblẽ mía kple Yehowa dome, eya tae Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘míayi edzi akpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii’ ale be Satana ƒe mɔ̃ aɖeke nagaɖe mí o.—Ef. 5:17.

9. Aleke míawɔ akpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu na mí adze sii?

9 Biblia megblɔ nu sia nu si ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome na mí o. Eye zi geɖea, ehiãna be míatso nya me le nu siwo ŋu Biblia meƒo nu tsoe tẽe o ŋu. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie? Eyae nye be ‘míakpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii.’ Míate ŋu awɔ esia ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa edziedzi eye míedea ŋugble le eŋu. Ne míeva nya Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nyuie eye míedze agbagba be míana “Kristo ƒe tamesusu” nasu mía sia, míawɔ nu le nunya me eye míatso nya me nyuie le nu siwo ŋu Biblia meƒo nu tsoe tẽe o gɔ̃ hã me. (1 Kor. 2:14-16) Enɔa bɔbɔe be míade dzesi nu siwo ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome dometɔ aɖewo, gake ɖewo ya menya kpɔna dzea si bɔbɔe o.

10. Nɔnɔme kawoe wòle be míaƒo asa na?

10 Nu siwo ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome, siwo wòhiã vevie be míaƒo asa na dometɔ aɖewoe nye ahiãmoɖoɖo, aha tsu nono, nu tsu ɖuɖu, nya veamewo gbɔgblɔ, ŋutasẽnuwɔnawo kpɔkpɔ, nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me kpɔkpɔ, kple nu siawo tɔgbi. (Ps. 101:3) Míaƒe adikãtɔ Abosam dzea agbagba ɣesiaɣi be yeagblẽ mía kple Yehowa dome. (1 Pet. 5:8) Ne míele ŋudzɔ oa, Satana aƒã ŋubiabiã, anukwaremaɖimaɖi, ŋukeklẽ, fulelé, dzikuléleɖedɔme, kple dada ɖe míaƒe susu kple dzi me. (Gal. 5:19-21) Ðewohĩ gbãa, míasusu be nɔnɔme mawo magblẽ nu boo le mía ŋu o. Gake ne mímeɖe afɔ kaba ɖe nɔnɔme mawo ɖa le mía ɖokui me oa, woatsi agblẽ nu le mía ŋu.—Yak. 1:14, 15.

11. Nu ka ŋue wòhiã be míanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nu ka tae?

11 Nu siwo ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o dometɔ ɖekae nye hadede vɔ̃. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be èwɔa dɔ kple ame aɖe si menye Ðasefo o. Esi nèdi be susu nyui nanɔ esi ɖe Ðasefowo ŋu taa, èwɔa nu ɖe eŋu nyuie. Ɣeaɖewoɣia, wò kplii mieɖua ŋdɔnu ɖekae. Gake ʋɛʋɛʋɛa, mieva nɔ esia wɔm edziedzi. Mieɖoa dze tso nu vovovowo ŋu, gake eva ɖo ɣeaɖeɣia, edina be yeaƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu. Gbãa, esia medzɔa dzi na wò o, gake emegbea, esia megaɖea fu na wò. Gbe ɖeka esi miekpa le dɔmea, ekpe wò be miava ɖe nu me ɖekae. Nu kae nèsusu be ado tso hadede sia me? Ʋɛʋɛʋɛa, àva nɔ nuwo ŋu bum abe eya ene, eye eteƒe madidi o àva nɔ nu wɔm abe eya ene. Ele eme be míewɔa nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie, gake ele be míaɖo ŋku edzi be ame siwo míedea ha kplii akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi godoo. (1 Kor. 15:33) Ne míekpɔa mía ɖokui dzi nyuie abe ale si Yesu xlɔ̃ nu mí enea, mímanɔ ha dem kple ame siwo menɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu o. (2 Kor. 6:15) Míakpɔ afɔkua, eye míaƒo asa nɛ.

WƆ WÒ ƔEYIƔI ŊU DƆ NYUIE

12. Dɔ vevi kae Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ esi wole nuwuwua lalam?

12 Yesu di be yeƒe nusrɔ̃lawo nanɔ dɔ dzi vevie esi wole nuwuwua lalam. Eya ta ede dɔ asi na wo be woaɖe gbeƒã nya nyuia “le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:6-8) Dɔ gã aɖee nye ema wòde asi na eyomedzelawo. Wowɔ dɔ sia veviedodotɔe, eye esia na wowɔ woƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie.

13. Nu ka tae wòhiã be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie? (Kolosetɔwo 4:5)

13 Xlẽ Kolosetɔwo 4:5. Be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuiea, ehiã be míalé ŋku ɖe ale si míewɔa míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔe ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be ‘nu ate ŋu aɖi ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe’ kpata, alo míaƒe agbe nu ate ŋu atso gɔ̃ hã.—Nyagb. 9:11.

Aleke míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie? (Kpɔ memama 14-15 lia)

14-15. Aleke míate ŋu awɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie? (Hebritɔwo 6:11, 12) (Kpɔ fotoa.)

14 Míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie ne míewɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu eye míedzea agbagba be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli. (Yoh. 14:21) Ehiã be ‘míanɔ te sesĩe, maʋamaʋã, eye míawɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔa me ɣesiaɣi.’ (1 Kor. 15:58) Esia awɔe be ne nuwuwua va, eɖanye míaƒe agbe ƒe nuwuwu alo nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu o, mave mí kpɔ be míewɔ míaƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie o.—Mat. 24:13; Rom. 14:8.

15 Egbea, Yesu yi edzi le mɔ fiam eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea le anyigba bliboa dzi. Eto Yehowa ƒe habɔbɔa dzi le hehe nam mí be míaɖe gbeƒã eye ena nu sia nu si míehiã be míakaka nya nyuia mí. Edze ƒãa be Yesu wɔ ŋugbe si wòdoa dzi. (Mat. 28:18-20) Ele be míawo hã míawɔ mía tɔ sinua ado vevie gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa, eye míanɔ ŋudzɔ esi míele lalam be Yehowa nahe nuɖoanyi sia ava nuwuwui. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Hebritɔwo 6:11, 12 dzia, míalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe “va se ɖe nuwuwu.”—Xlẽe.

16. Nu kae míeɖo kplikpaa be míawɔ?

16 Yehowa ɖo ŋkeke kple gaƒoƒo si dzi tututu wòatsrɔ̃ Satana ƒe xexea. Ne ŋkeke ma ɖoa, Yehowa mahe ɖe megbe kura o, ana ŋugbe siwo katã wòdo na mí le eƒe Nyaa mea nava eme. Togbɔ be awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be nuwuwua le megbe tsim hãa, míeka ɖe edzi be ava godoo; “mahe ɖe megbe o.” (Hab. 2:3) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa ‘ayi edzi anɔ Yehowa, míaƒe xɔnametɔ la si nu kpɔm dzigbɔɖitɔe.’—Mika 7:7.

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

a Le nyati sia mea, míakpɔ ale si míada asɔ eye míabu nuwo ŋu nyuie esi míele ŋudzɔ ɖe nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ŋu. Eyome míadzro ale si míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie kple ale si míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie me.

b NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (Esi le dzia) Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a le nyadzɔdzɔ kpɔm le television dzi. Emegbe, esi wokpa le hame ƒe kpekpea, wole nu si wosusu be nyadzɔdzɔa fia gblɔm na nɔvi aɖewo. (Etetɔa) Nɔviŋutsu bubu aɖe kple srɔ̃a le Dɔdzikpɔhaa ƒe nyatakaka ƒe video kpɔm ale be yewoanya numeɖeɖe yeye siwo kluvia na tso Biblia me nyagblɔɖi aɖewo ŋu. Emegbea, wole Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo kluvi nuteƒewɔlaa ta na mía nam amewo le gbeƒãɖeɖedɔa me.