Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 9

De Asixɔxɔ Mawu Ƒe Nunana Si Nye Agbe Ŋu

De Asixɔxɔ Mawu Ƒe Nunana Si Nye Agbe Ŋu

“Eyae na míele agbe, eye míeʋãna, eye míeli.”—DƆW. 17:28.

HADZIDZI 141 Agbe Nye Nukunu

NYA VEVIAWO a

1. Aleke gbegbee míaƒe agbe xɔ asi na Yehowa?

 TSƆE be xɔ̃wò vevi aɖe na aƒe gã aɖe wò. Tsi kple dzo mele aƒea me o, eye womesi aŋɔ na xɔawo o. Togbɔ be ele alea hãa, ɖikeke mele eme o be àde asixɔxɔ aƒea ŋu eye àlé be nɛ, elabe ènya be menye ga vie xɔ̃wòa gblẽ ɖe eŋu o. Nenema kee Yehowa na nu xɔasi aɖe mí; eyae nye agbe. Le nyateƒe mea, Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe agbe ŋu ale gbegbe be etsɔ Via na wònye tafe ɖe mía ta.—Yoh. 3:16.

2. Le 2 Korintotɔwo 7:1 ƒe nya nua, nu kae Yehowa di be míawɔ?

2 Yehowa Mawu gbɔe agbe dzɔ tso. (Ps. 36:9) Apostolo Paulo gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Eyae na míele agbe, eye míeʋãna, eye míeli.” (Dɔw. 17:25, 28) Eya ta esɔ be míagblɔ be míaƒe agbe nye nunana tso Mawu gbɔ. Eye ena nu sia nu si míehiã be míayi edzi anɔ agbea mí. (Dɔw. 14:15-17) Gake Yehowa mekpɔa míaƒe agbe ta nukutɔe o, ke boŋ edi be míawɔ nu si míate ŋui be míanɔ lãmesẽ me eye míasubɔ ye. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 7:1.) Nu ka tae wòhiã be míadze agbagba be míanɔ lãmesẽ me eye míanɔ dedie, eye aleke míawɔe?

DE ASIXƆXƆ NUNANA SI NYE AGBE ŊU

3. Nu ka tae wòle be míadze agbagba be míanɔ lãmesẽ me?

3 Susu vevi aɖe si tae wòhiã be míadze agbagba anɔ lãmesẽ mee nye be, ana míasubɔ Yehowa kple míaƒe ŋutete katã. (Marko 12:30) Esi míedi be míatsɔ míaƒe “ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu” taa, míeƒoa asa na nu siwo ana míadze dɔ. (Rom. 12:1) Ele eme be míate ŋu aƒo asa na dɔléle keŋkeŋ ya o, gake ele be míawɔ mía tɔ sinua be míanɔ lãmesẽ me, elabe míedi be míaɖee afia mía Fofo si le dziƒo be míedea asixɔxɔ agbe si wòna mí ŋu.

4. Nu kae Fia David di be yeawɔ?

4 Fia David de asixɔxɔ agbe si Mawu nɛ ŋu. Egblɔ be: “Viɖe kae wòanye ne meku, ne meyi yɔdo me? Ðe ʋuʋudedi akafu wòa? Ðe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa?” (Ps. 30:9) Anye be esime David gogo eƒe agbe ƒe nuwuwue wòŋlɔ nya mawo. Gake edi vevie be yeayi edzi anɔ agbe ale si wòanya wɔe ale be yeakafu Yehowa. Ðikeke mele eme o be míawo hã míedii nenema.

5. Ne míele dɔ lém alo míetsi hãa, nu kae míate ŋu awɔ?

5 Dɔléle alo tsitsimekuxiwo ate ŋu awɔe be mímagate ŋu awɔ geɖe abe tsã ene o, eye esia ate ŋu ate ɖe mía dzi ɣeaɖewoɣi. Gake mele be míana ta o, ke boŋ míawɔ mía tɔ sinua alé be na mía ɖokui. Nu ka tae? Nu si tae nye be ne míele dɔ lém alo míetsi hãa, míate ŋu akafu Yehowa, abe ale si Fia David wɔe ene. Efaa akɔ na mí ŋutɔ be ne míetsi alo míedze dɔ hãa, Yehowa gadea asixɔxɔ mía ŋu. (Mat. 10:29-31) Ne eva dzɔ be míeku hãa, adzroe vevie be yeafɔ mí ɖe tsitre. (Hiob 14:14, 15) Eya ta esi míekpɔtɔ le agbea, ele be míawɔ mía tɔ sinua anɔ lãmesẽ me eye míanɔ dedie.

ƑO ASA NA NU SIWO ATE ŊU AGBLẼ NU LE ŊUWÒ

6. Nu kae Yehowa di be míawɔ ne míele nu ɖum alo le nu nom?

6 Togbɔ be menye lãmesẽ alo nuɖuɖu ŋuti mɔfiagbalẽe Biblia nye o hãa, ena míenya Yehowa ƒe susu le nu siawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be Yehowa di be ‘míatsri nu siwo agblẽ nu le míaƒe ŋutilã ŋu.’ (Nyagb. 11:10) Egblɔ be míaƒo asa na nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono, elabe woate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu alo awu mí gɔ hã. (Lod. 23:20) Edze ƒãa be Yehowa di be míakpɔ nyuie le nu si míaɖu kple nu si míano ŋu, eye míada asɔ le nu agbɔsɔsɔ si míaɖu kple aha agbɔsɔsɔ si míano me.—1 Kor. 6:12; 9:25.

7. Aleke Lododowo 2:11 me nyawo akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie le míaƒe lãmesẽnyawo ŋu?

7 Míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe agbe si Mawu na mí ta ne míewɔa míaƒe tamebubuŋutete ŋu dɔ nyuie. (Ps. 119:99, 100; xlẽ Lododowo 2:11.) Le kpɔɖeŋu me, ele be míabu nuwo ŋu nyuie ne míele nu si míaɖu tiam. Ne nuɖuɖu aɖe dzɔa dzi na mí gake míenya be agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋua, nunya le eme be míaƒo asa nɛ. Azɔ hã míaɖee afia be míebua nuwo ŋu nyuie ne míedɔa alɔ̃ ale si dze, míedea kame edziedzi, eye míekpɔa egbɔ be míele dzadzɛ eye míaƒe aƒe me hã le dzadzɛ.

NƆ ŊUDZƆ BE NÀGADZE AFƆKU O

8. Aleke Biblia ɖee fia be Yehowa di be míanɔ dedie?

8 Le Se si Yehowa de na Israel-viwo mea, ena mɔfiame geɖe wo ku ɖe ale si woaƒo asa na afɔku le aƒe me alo dɔme ŋu. (2 Mose 21:28, 29; 5 Mose 22:8) Ne ame aɖe wɔ nane si he afɔku vɛ eye ame aɖe ƒe agbe tsi emea, ne menye nu si wòɖo wɔ o hãa, wobua esia ŋkubiãnya gã. (5 Mose 19:4, 5) Sea bia be ne ame aɖe wɔ nu vevi vi si le dɔme evɔ menye ɖe wòɖoe hafi o hãa, woahe to nɛ. (2 Mose 21:22, 23) Esiawo katã ɖee fia be Yehowa di be míanɔ ŋudzɔ ale be míagawɔ naneke si ahe afɔku vɛ o.

Aleke míaɖee afia be míedea bubu agbe ŋu le nɔnɔme siawo me? (Kpɔ memama 9 lia)

9. Nu kawoe míate ŋu awɔ be míagadze afɔku o? (Kpɔ fotoawo.)

9 Míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe agbe si Mawu na mí ta ne míewɔa nu siwo ana míanɔ dedie le aƒe me kple dɔme. Le kpɔɖeŋu me, ele be míada atikewo, aɖitikewo, kple nu siwo ate ŋu atɔ ame alo ade abi ame ŋu la ɖe teƒe siwo sɔ, alo míatsɔ wo aƒu gbe ɖe teƒe si sɔ ale be ɖeviwo nagava ke ɖe wo ŋu alo woagblẽ nu le ame bubuwo ŋu o. Ne míedo dzo, míeɖo nu dzo dzi, alo míele mɔ̃ aɖe zãm tsɔ le dɔ aɖe wɔmaa, ele be míanɔ ŋudzɔ eye míagagblẽ wo ɖi adzo o. Masɔ be míaku ʋu ne míeno atike aɖe si le mía mum, míede nu aha me alo alɔ̃ le mía tsɔm o, eye masɔ hã be míanɔ ʋu kum evɔ míaganɔ fon alo tablɛt zãm o.

NE AFƆKU DZƆ KPATA

10. Nu kae wòle be míawɔ hafi afɔku nadzɔ? Nu kae wòle be míawɔ ne afɔku dzɔ?

10 Ɣeaɖewoɣia, nanewo ate ŋu adzɔ kpata siwo ade míaƒe agbe afɔku me. Ðewoe nye dzɔdzɔmefɔkuwo, dɔvɔ̃wo, kple ʋunyaʋunyawo. Togbɔ be mímate ŋu axe mɔ na nu mawo o hãa, míate ŋu awɔ nanewo be míanɔ dedie ne wodzɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne dumegãwo de se be míanɔ aƒe me, míadzo le teƒe aɖe, alo míawɔ nu bubu aɖe be míanɔ dediea, anyo be míaɖo to. (Rom. 13:1, 5-7) Esi wònye be woate ŋu akpɔ afɔku aɖewo do ŋgɔ taa, ne dumegãwo na mɔfiame mí be míawɔ nanewo atsɔ adzra ɖo ɖe afɔku aɖe ŋua, ele be míawɔ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ade tsi, nuɖuɖu siwo megblẽna o, kple atike vevi aɖewo akpete me ada ɖe alɔ dzi.

11. Ne dɔ vɔ̃ɖi aɖe le kakam le míaƒe nutoa mea, nu kae wòle be míawɔ?

11 Ke ne dɔ vɔ̃ɖi aɖe le kakam le míaƒe nutoa me ɖe? Ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe mɔfiame siwo dziɖuɖua ana mí dzi. Woate ŋu abia tso mía si be míanɔ asi klɔm edziedzi, míanɔ adzɔge tso amewo gbɔ, míaɖɔ ŋɔtitsyɔnu, alo míaɖe mía ɖokui ɖe aga. Ne míewɔ mɔfiame siawo dzia, míaɖee afia be míeda akpe ɖe agbe si Mawu na mí ta.

12. Aleke míate ŋu awɔ gɔmeɖose si le Lododowo 14:15 ŋu dɔ ne dɔvɔ̃ do alo afɔku aɖe dzɔ?

12 Ne dɔvɔ̃ aɖe do alo afɔku aɖe dzɔa, mía xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, kple nyakakadɔwɔƒewo gblɔa nya vovovowo tso eŋu, eye ɖewo menyea nyateƒe o. Ne edzɔ alea, mele be míaxɔ “nya sia nya” si míesea dzi se o, ke boŋ míaɖo to nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le tso dziɖuɖua kple ɖɔktawo gbɔ. (Xlẽ Lododowo 14:15.) Dɔdzikpɔhaa kple míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kua nu me tsitotsito kena ɖe nyatakaka siwo de pɛpɛpɛ ŋu hafi naa mɔfiame mí tso ale si míawɔ hame ƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔae ŋu. (Heb. 13:17) Ne míewɔ ɖe mɔfiame siwo wona mí dzia, míakpɔ mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe agbe ta. Eye míakpe asi ɖe eŋu be amewo naƒo nu nyui tso Yehowa Ðasefowo ŋu le nutoa me.—1 Pet. 2:12.

‘MITSRI ƲU’

13. Aleke míeɖenɛ fiana be míedea bubu agbe ŋu?

13 Amewo nya Yehowa Ðasefowo be wobua ʋu be enye nu kɔkɔe. Míewɔna ɖe se si Yehowa de ku ɖe ʋu ŋu dzi eye mímelɔ̃na be woado ʋu na mí o, ne nane dzɔ ɖe mía dzi kpata gɔ̃ hã. (Dɔw. 15:28, 29) Gake ema mefia be míedi be míaku o. Míedea asixɔxɔ agbe si Mawu na mí ŋu, eye míedia ɖɔkta siwo alɔ̃ faa awɔ dɔ na mí nyuie evɔ womado ʋu na mí o.

14. Nu kawoe míate ŋu awɔ be míagadze afɔku alo adze dɔ eye wòahiã be woawɔ dɔ na mí o?

14 Ne míeléa be na mía ɖokui eye míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi dzia, míaƒo asa na dɔléle geɖe eye ɖewohĩ mahiã be woawɔ dɔ na mí o. Ne eva hiã be woawɔ dɔ na mí hãa, esi wònye be míewɔa nu siwo ana míanɔ lãmesẽ me taa, míahaya kaba. Azɔ hã ne míeda nuwo ɖe teƒe si sɔ le aƒe me kple dɔme eye míewɔna ɖe ʋukusewo dzia, mímadze afɔku kaka wòava hiã be woawɔ dɔ na mí o.

Esi míedea bubu agbe ŋu taa, míekpea DPA gbalẽvia ɖo eye míenana wònɔa mía ŋu ɣesiaɣi (Kpɔ memama 15 lia) c

15. (a) Nu ka tae wòhiã vevie be míakpe DPA gbalẽvia ɖo eye míana wòanɔ mía ŋu ɣesiaɣi? (Kpɔ fotoa.) (b) Abe ale si wòdze le videoa me enea, aleke nàwɔ atso nya me nyuie le ʋudonyawo ŋu?

15 Esi míedea asixɔxɔ nunana si nye agbe ŋu taa, míekpea Ameteƒenɔla Ƒe Ŋusẽ Si Nɔa Anyi Ðaa (DPA) gbalẽvia ɖo eye míenana wònɔa mía ŋu ɣesiaɣi. Enye agbalẽvi si ɖenɛ fiana be mímedi be woado ʋu na mí o, eye míeŋlɔa míaƒe nyametsotsowo ku ɖe atike kple dɔdamɔnu siwo míelɔ̃ be woazã na mí ne ʋunyawo do mo ɖa ŋu ɖe eme. Ðe nèkpe wò DPA gbalẽvia ɖoa? Ne èkpee ɖoa, ɖe wònɔa ŋuwò ɣesiaɣia? Ne ehiã be nàkpe yeyetɔ ɖo alo nàwɔ tɔtrɔ aɖewo le edzia, mègahe ɖe megbe o. Ðo ŋku edzi be ‘mele ge mele ge, ɖe wòtsia ɖi ame.’ Ne míeŋlɔ míaƒe didiwo wo me kɔ nyuiea, ɖɔktawo akpɔ mía gbɔ kaba elabe womava nɔ nya geɖe biam kple susu be yewoase míaƒe didiwo gɔme o, eye womazã atike alo dɔdamɔnu aɖe na mí si ava gblẽ nu le mía ŋu emegbe o. b

16. Ne míenya ale si míakpe DPA gbalẽvia ɖo oa, nu kae míate ŋu awɔ?

16 Aleke kee míaƒe lãme sẽe o, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adze afɔku alo adze dɔ. (Nyagb. 9:11) Eya ta nunya le eme be míakpe DPA gbalẽvia ɖo. Ne mènya ale si nàkpee ɖo oa, bia miaƒe hamemetsitsiwo woakpe ɖe ŋuwò, elabe wo dometɔ geɖe nya ale si wokpenɛ ɖo. Gake womatso nya me na wò o; ema nye wò ŋutɔ wò agba. (Gal. 6:4, 5) Woakpe ɖe ŋuwò nàse tiatiawo gɔme nyuie eye nàkpe agbalẽvia ɖo wòasɔ ɖe wò didiwo nu.

DA SƆ

17. Aleke míaɖee afia be míeda sɔ le atikewɔnyawo me?

17 Míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee ye fiaa mɔ mí le tiatia siwo míewɔna le míaƒe lãmesẽ kple atikewɔnya dometɔ geɖe me. (Dɔw. 24:16; 1 Tim. 3:9) Eya ta ne míele nya me tsom le nu siawo ŋu alo míele dze ɖom tso wo ŋu kple amewoa, ele be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Filipitɔwo 4:5 dzi. Afi ma gblɔ be: “Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye [alo mieda sɔ].” Ne míeda sɔa, mímatsi dzi ɖe míaƒe lãmesẽ ŋu fũu akpa o, eye mímazi míaƒe susu ɖe amewo dzi o. Míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo eye míedea bubu woƒe nyametsotso ŋu, ne eto vovo na mía tɔ gɔ̃ hã.—Rom. 14:10-12.

18. Aleke míaɖee afia be míeda akpe ɖe agbe si Mawu na mí ta?

18 Míedaa akpe na Yehowa ɖe agbe si wòna mí ta, eye míedzea agbagba be míanɔ dedie eye míasubɔe ale si dze. (Nyaɖ. 4:11) Esi míekpɔtɔ le xexe sia mea, míadze dɔ eye afɔku ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi. Gake menye aleae mía Wɔlaa di be agbea nanɔ na mí o. Madidi o, aɖe vevesese kple ku ɖa, eye wòana míakpɔ agbe mavɔ. (Nyaɖ. 21:4) Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, edzɔa dzi na mí be míele agbe eye mɔnukpɔkpɔ su mía si be míasubɔ mía Fofo lɔ̃ame, Yehowa.

HADZIDZI 140 Agbe Mavɔ Azɔ!

a Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míagade asixɔxɔ agbe si Mawu na mí ŋu geɖe wu. Míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ be míanɔ lãmesẽ me eye míanɔ dedie, kple nu siwo míawɔ be míagadze afɔku o. Eye míakpɔ ale si míadzra ɖo ɖe lãmesẽnya siwo ado mo ɖa kpata ŋu.

c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe le DPA gbalẽvi kpem ɖo, eye emegbe ele edem eƒe gakotoku me ale be wòanɔ ye ŋu ɣesiaɣi.