Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Esia Kpɔ

Te Esia Kpɔ

Ale Si Nàke Ðe Nyati Siwo Wodo Bobloe Ŋu

Nɔvi geɖe zãa nyati siwo wodo bobloe le jw.org ƒe gɔmedzeƒea le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nyati siawo ɖea ale si nu siwo le dzɔdzɔm le xexea mea ɖee fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam la me nyuie. Eye ele bɔbɔe be woaɖo wo ɖe amewo le mɔ̃ dzi. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be nyati siwo wodo bobloe le jw.org ƒe gɔmedzeƒea “nye nu si tututu míehiã na gbeƒãɖeɖedɔa fifia.”

Gake esi woɖɔ lia nyati siwo wodo bobloe edziedzi taa, aleke nàwɔ ake ɖe esiwo megale dzedzem le gɔmedzeƒea o ŋu?

  • Ʋu jw.org ƒe gɔmedzeƒea, eye nàte asi ɖe “Kpɔ Bubuwo” si le nyati siwo wodo bobloea gbɔ lɔƒo. Aʋu akpa si nye “Nu Siwo Wodo Bobloe Le Gɔmedzeƒea” la na wò, eye àkpɔ nyati siwo wodo bobloe nyitsɔ laa le afi ma.

  • Ʋu jw.org alo JW Library®, eye nàyi “Agbalẽwo Kple Nu Bubuwo.” Ʋu akpa si nye “Nyati Vovovowo,” eye nàdi “Nyati ­Bubuwo.” Àkpɔ nyati siwo wodo bobloe le gɔmedzeƒea dometɔ geɖe le afi sia.