Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 12

Srɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me

Srɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me

“Eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me.”—ROM. 1:20.

HADZIDZI 6 Dziƒowo Le Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Ðem Fia

NYA VEVIAWO a

1. Aleke Hiob wɔ va nya Yehowa nyuie wu?

 HIOB ɖo dze kple ame vovovowo le eƒe agbe me, gake esi ɖe dzesi wue nye dze si Yehowa Mawu ɖo kplii. Le dzeɖoɖo ma mea, Yehowa gblɔ na Hiob be wòalé ŋku ɖe yeƒe nuwɔwɔ wɔnuku aɖewo ŋu ale be wòade dzesii be yeƒe nunya goglo eye ŋutete le ye si be yealé be na ye subɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ɖo ŋku edzi na Hiob be yeléa be na lãwo, eya ta yeate ŋu alé be na eya hã. (Hiob 38:39-41; 39:1, 5, 13-16) Esi Hiob lé ŋku ɖe Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋua, ede dzesi eƒe nɔnɔmewo.

2. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu?

2 Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu ne míeléa ŋku ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu nyuie. Gake esia menya wɔna na mí ɣesiaɣi o. Ame aɖewo le dugã me afi si Mawu ƒe nuwɔwɔwo mebɔ ɖo o. Eye ame siwo le teƒe siwo Mawu ƒe nuwɔwɔwo bɔ ɖo gɔ̃ hã metea ŋu kpɔa ɣeyiɣi léa ŋku ɖe wo ŋu zi geɖe o. Eya ta míadzro susu siwo ta wòhiã vevie be míadze agbagba adi ɣeyiɣi alé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu me. Azɔ hã míakpɔ ale si Yehowa kple Yesu zã nuwɔwɔwo tsɔ fia nui, kple nu siwo míate ŋu awɔ be míasrɔ̃ nu geɖe tso nuwɔwɔwo me.

NU KA TAE WÒLE BE MÍANƆ ŊKU LÉM ÐE YEHOWA ƑE NUWƆWƆWO ŊU?

Yehowa ƒe didie nye be Adam nakpɔ dzidzɔ ɖe yeƒe nuwɔwɔwo ŋu eye wòana ŋkɔ lãwo (Kpɔ memama 3 lia)

3. Nu kae ɖee fia be Yehowa di be Adam nakpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo yewɔ ŋu?

3 Esi Yehowa wɔ amegbetɔ gbãtɔa, eƒe didie nye be wòakpɔ dzidzɔ ɖe yeƒe nuwɔwɔwo ŋu ase vivi na wo. Esi Mawu wɔ Adam la, etsɔe da ɖe abɔ nyui aɖe me eye wòde dɔ asi nɛ be wòalé be na abɔa eye wòakekee ɖe enu. (1 Mose 2:8, 9, 15) Kpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ Adam esi wòkpɔ ale si nukuwo miena kple ale si atiwo ƒoa see ɖa! Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee nye ema su Adam si be wòalé be na Eden-bɔa. Azɔ hã Yehowa bia tso Adam si be wòana ŋkɔ lã vovovoawo. (1 Mose 2:19, 20) Yehowa ŋutɔ ate ŋu ana ŋkɔ lãawo hafi, gake ede dɔ ma asi na Adam. Ðikeke mele eme o be Adam lé ŋku ɖe lãwo ƒe nɔnɔme kple nuwɔna ŋu nyuie hafi tsɔ ŋkɔ na wo. Adam anya se vivi na dɔ sia ŋutɔ! Edze ƒãa be dɔ sia na mɔnukpɔkpɔ Adam wòde dzesi ale si Yehowa wɔ nuwo aɖaŋutɔe wonya kpɔ, kple ale si esia ɖe eƒe nunya fia.

4. (a) Susu vevi ka tae wòle be míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu? (b) Yehowa ƒe nuwɔwɔ kae léa dzi na wò wu?

4 Susu vevi aɖe si tae wòle be míalé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋue nye be Yehowa di be míawɔe nenema. Egblɔ be: “Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo.” Eyome ebia be: “Ame kae wɔ nu siawo?” Ŋuɖoɖoa dze ƒãa. (Yes. 40:26) Yehowae wɔ nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi, kpakple atsiaƒu me, eye woate ŋu afia nu geɖe mí tso eyama ŋu. (Ps. 104:24, 25) Bu ale si Mawu wɔ mí amegbetɔwo ŋu kpɔ. Ede ŋutetea mía me be míalé ŋku ɖe eƒe nuwɔwɔ dzeaniwo ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu. Ewɔ mí hã be míate ŋu akpɔ nu, ase nu, aka asi nu ŋu, aɖɔ nu kpɔ eye míase nuwo ƒe ʋeʋẽ, ale be míate ŋu ase vivi na eƒe nuwɔwɔwo katã.

5. Le Romatɔwo 1:20 ƒe nya nua, aleke wòaɖe vi na mí ne míeléa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu?

5 Susu bubu si tae wòle be míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋue nye be Biblia na míenya be nuwɔwɔwo ɖea Yehowa ƒe nɔnɔmewo fiana. (Xlẽ Romatɔwo 1:20.) Le kpɔɖeŋu me, ale si wòwɔ nuwo aɖaŋutɔe ɖe eƒe nunya fia, eye ale si wòwɔ nuɖuɖu ƒomevi vovovowo ɖee fia be elɔ̃ amegbetɔwo. Ne míede dzesi Yehowa ƒe nɔnɔmewo le eƒe nuwɔwɔwo mea, míeva nyanɛ nyuie wu eye esia ʋãa mí míegatena ɖe eŋu geɖe wu. Yehowa zã eƒe nuwɔwɔwo tsɔ fia nu amewo. Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

MAWU ZÃA EƑE NUWƆWƆWO TSƆ FIAA NU MÍ TSO EÐOKUI ŊU

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso xe siwo ʋuna tso teƒe yi teƒe gbɔ?

6 Yehowa ɖo ɣeyiɣi ɖe nuwo ŋu. Ƒe sia ƒe tso February ƒe nuwuwu va ɖo May ƒe domedomea, Israel-viwo kpɔa damixewo wodzona le ha me va toa woƒe anyigba dzi ɖo ta dziehe gome. Mawu gblɔ na Israel-viwo be: “Damixe le dziƒo gɔ̃ hã nya eƒe azã.” (Yer. 8:7) Ale si ko Yehowa ɖo ɣeyiɣi na xe mawoa, nenema kee wòɖo ɣeyiɣi si wòadrɔ̃ ʋɔnu. Egbea ne míekpɔ xewo wodzo tso teƒe aɖe yina teƒe bubua, eɖoa ŋku edzi na mí be míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ɖo “azãgbe” alo ɣeyiɣi si wòatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia.—Hab. 2:3.

7. Ne míekpɔ xevi aɖe wòdzo yi yamea, nu ka dzie esia ate ŋu ana míaka ɖo? (Yesaya 40:31)

7 Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawo. Yehowa to Yesaya dzi do ŋugbe na eƒe amewo be yeado ŋusẽ wo “woadzo ayi dzi abe hɔ̃ ene,” ne wogbɔdzɔ alo dzi ɖe le wo ƒo. (Xlẽ Yesaya 40:31.) Israel-viwo kpɔa hɔ̃wo enuenu wodzona yia yame ʋĩi nɔa agba sam, eye wowɔa esia bɔbɔe. Esia ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ esubɔlawo abe ale si wòna ŋusẽ xevi mawo ene. Ne èkpɔ xevi aɖe wòdzo yi dzi ʋĩi eye wòle agba sam le yame abe fefe enea, ɖo ŋku edzi be aleke kee wò kuxiwo sesẽe o, Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ wò nàɖu wo dzi.

8. Nu kae Hiob de dzesii esi wòlé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu, eye nu kae míawo míade dzesii ne míelé ŋku ɖe wo ŋu?

8 Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi. Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wògaka ɖe eyama dzi geɖe wu. (Hiob 32:2; 40:6-8) Esi wònɔ dze ɖom kple Hiob la, ehe susu yi eƒe nuwɔwɔwo abe ɣletiviwo, alilikpowo, kple dzikedzowo ene dzi. Eye eƒo nu tso gbenyi, sɔ kple lã bubuwo hã ŋu. (Hiob 38:32-35; 39:9, 19, 20) Nuwɔwɔ siawo ɖee fia be Mawu ƒe ŋusẽ tri akɔ, eƒe nunya goglo, eye wòlɔ̃ eƒe nuwɔwɔwo katã. Dzeɖoɖo ma kpe ɖe Hiob ŋu wògava ka ɖe Yehowa dzi wu tsã. (Hiob 42:1-6) Ne míawo hã míesrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋua, esia ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa ƒe nunya kple ŋusẽ ƒo mía tɔ ta sãsãsã. Ŋutete le esi be wòaɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa, eye awɔe hã. Nyateƒenya sia nana míegakana ɖe Yehowa dzi geɖe wu.

YESU ZÃ NUWƆWƆWO TSƆ FIA NU AMEWO TSO FOFOA ŊU

9-10. Nu kae ɣe kple tsidzadza fia mí tso Yehowa ŋu?

9 Yesu nya nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu nyuie. Esia mewɔ nuku o, elabe esi wònye “dɔwɔla bibi” le dziƒoa, ewɔ dɔ kple Fofoa wowɔ nu sia nu le xexea me katã. (Lod. 8:30) Emegbe esi Yesu nɔ anyigba dzia, ezã nuwɔwɔwo tsɔ fia nu eƒe nusrɔ̃lawo tso Fofoa ŋu. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

10 Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo katã. Le Yesu ƒe Todzimawunyaa mea, ehe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe susu yi Yehowa ƒe nuwɔwɔ eve siwo ame geɖe buna nu tsɛe dzi. Woawoe nye ɣe kple tsidzadza. Míehiã evea siaa be míanɔ agbe. Yehowa ate ŋu atè nu siawo ame siwo mesubɔnɛ o hafi, gake mewɔnɛ nenema o. Ke boŋ enana ɣe dzena eye tsi dzana na amewo katã. (Mat. 5:43-45) Yesu zã esia tsɔ fia eƒe nusrɔ̃lawo be Yehowa di be míaɖe lɔlɔ̃ afia ame sia ame. Ɣesiaɣi si míekpɔe ɣe ɖo to eye wògba amigo wònya kpɔ, alo tsi dza si na xexea me fa nyuiea, ele be esia naʋã mí míade ŋugble le ale si Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo katã ŋu, eye míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua aɖe gbeƒã na amewo katã.

11. Aleke ŋkuléle ɖe xeviwo ŋu ade dzi ƒo na mí?

11 Yehowa kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ. Le Yesu ƒe Todzimawunyaa mea, egblɔ be: “Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu miakpɔ; womeƒãa nu o, womeŋea nu o, eye womeƒoa nuwo nu ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo si le dziƒo la nyia wo.” Eyome Yesu bia eƒe nyaselawo be: “Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?” Anɔ eme be xeviwo nɔ dzodzom le yame esime Yesu bia nya sia. (Mat. 6:26) Yesu to kpɔɖeŋu sia dzi ka ɖe edzi na mí be Yehowa alé be na mí! (Mat. 6:31, 32) Nufiame si le Yesu ƒe kpɔɖeŋu ma me dea dzi ƒo na Yehowa subɔlawo egbea hã. Nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe si nye mɔɖela le Spain la di xɔ ʋuu do kpoe, eye dzi ɖe le eƒo. Gake esi wòkpɔ xeviwo wonɔ nukuiwo fɔm nɔ mimimaa, esia na dzi ɖo eƒo. Egblɔ be, “Xevi mawo kpɔkpɔ ɖo ŋku edzi nam be Yehowa léa be na wo, eye alé be na nye hã.” Ema megbe kpuiea, nɔvinyɔnua kpɔ xɔ.

12. Le Mateo 10:29-31 ƒe nya nua, nu kae atsutsrɔewo fia mí tso Yehowa ŋu?

12 Yehowa dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Hafi Yesu nadɔ eƒe apostoloawo ɖa be woava ɖe gbeƒãa, ekpe ɖe wo ŋu be woagavɔ̃ na ame siwo atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Aleke wòwɔ esia? (Xlẽ Mateo 10:29-31.) Yesu zã atsutsrɔe si nye xevi aɖe si bɔ le Israel tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na wo. Togbɔ be xevi ma ƒe home le sue ŋutɔ ɣemaɣi hãa, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o.” Eye wògblɔ kpee be: “Miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.” Yesu to esia dzi ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be Yehowa dea asixɔxɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eya ta mele be woavɔ̃ ne amewo ti wo yome o. Anɔ eme be tso ema dzia, ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le gbeƒã ɖem le duwo kple kɔƒewo me eye wokpɔ atsutsrɔewoa, woɖoa ŋku Yesu ƒe nyawo dzi. Eya ta ɣesiaɣi si nèkpɔ xeviwoa, ɖo ŋku edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwò elabe wò hã “[èxɔ] asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.” Akpe ɖe ŋuwò be màvɔ̃ na ame siwo atsi tsitre ɖe ŋuwò o.—Ps. 118:6.

ALEKE MÍAWƆ ASRƆ̃ NU GEÐE TSO MAWU ŊU LE EƑE NUWƆWƆWO ME?

13. Aleke míawɔ ade dzesi nufiame siwo le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo me?

13 Míagate ŋu asrɔ̃ nu bubu geɖe tso Yehowa ŋu le eƒe nuwɔwɔwo me. Aleke míawɔe? Gbã, ele be míadi ɣeyiɣi alé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Eyome, míabu nu siwo wofia mí tso Yehowa ŋua ŋu. Anɔ eme be nu siawo wɔwɔ manɔ bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o. Nɔvinyɔnu Géraldine, si tso Cameroon gblɔ be, “Dugã mee metsi le, taa mekpɔe be ebia agbagbadzedze geɖe be malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu.” Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Alfonso gblɔ be: “Meva kpɔe be ehiã be madi ɣeyiɣi alé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye made ŋugble le nu siwo wofiam tso eyama ŋua ŋu.”

Esi David lé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋua, ede ŋugble le nu siwo wofiae tso Yehowa ŋua ŋu (Kpɔ memama 14 lia)

14. Esi David de ŋugble le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋua, nu kae wòde dzesii?

14 David de ŋugble le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu vevie. Egblɔ na Yehowa be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, dɔ siwo nètsɔ wò asibidɛwo wɔ, ɣleti kple ɣletivi siwo nèwɔ la, nu kae amegbetɔ nye, be nèɖoa ŋku edzi?” (Ps. 8:3, 4) Edze ƒãa be ne David kpɔ dziƒo le zã mea, menye ɖeko ɣletiviawo kpɔkpɔ doa dzidzɔ nɛ ko evɔ o, ke boŋ edea ŋugble le nu siwo wofiae tso Yehowa ŋua ŋu. Esia na wòde dzesi Yehowa ƒe gãnyenye. Ɣebubuɣiwoa, David bua ale si Yehowa wɔ eƒe ametia nukutɔe hã ŋu. Esia wɔe be wògava de dzesi ale si gbegbe Yehowa ƒe nunya gogloe, eye wòda akpe ɖe eta.—Ps. 139:14-17.

15. Yehowa ƒe nɔnɔme kawoe nède dzesi le eƒe nuwɔwɔwo me? (Psalmo 148:7-10)

15 Abe David enea, ele bɔbɔe be míakpɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo ade ŋugble le wo ŋu, elabe woƒo xlã mí fũu. Ne èlé ŋku ɖe wo ŋua, àte ŋu ade dzesi Yehowa ƒe nɔnɔme nyui geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, ne ɣe dze eye nèdo ɖe ŋdɔgbea, de dzesi Yehowa ƒe ŋusẽ. (Yer. 31:35) Ne èkpɔ xevi wòle atɔ wɔmaa, de ŋugble le Yehowa ƒe nunya ŋu. Ne èkpɔ avuvi wòle totrom le agbagba dzem be yealé yeƒe asikea, de ŋugble le ale si Yehowa nye dzidzɔ ƒe Mawui ŋu. Eye ɣesiaɣi si nèkpɔ vidada aɖe wòle fefem kple via, de ŋugble le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu. Mɔnukpɔkpɔ geɖe ate ŋu asu mía si be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu elabe eƒe nuwɔwɔwo, sueawo kple gãawo, esiwo le didiƒe kple esiwo tsɔ mía gbɔ, la katã kafunɛ.—Xlẽ Psalmo 148:7-10.

16. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

16 Mía Mawu la ƒe nunya de ŋgɔ, elɔ̃ ame, ŋusẽ le esi, eye nu sia nu si wòwɔa nya kpɔ. Ne míelé ŋku ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋua, míade dzesi eƒe nɔnɔme nyui siawo kple bubu geɖe. Neva eme be mí katã míadi ɣeyiɣi edziedzi alé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu ase vivi na wo, eye míade ŋugble le nu si wofia mí tso Yehowa ŋua ŋu. Ne míewɔe alea, míagate ɖe mía Wɔla Yehowa ŋu geɖe wu. (Yak. 4:8) Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míakpɔ ale si dzilawo ate ŋu azã Yehowa ƒe nuwɔwɔwo atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu.

HADZIDZI 5 Mawu Ƒe Dɔwo Wɔ Nuku

a Yehowa ƒe nuwɔwɔwo wɔ nuku eye wo katã wowɔa dɔ ɖe mía dzi; tso gãwo abe ɣe ene va se ɖe suewo abe seƒoƒo dzeaniwo ene dzi. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ame si ƒomevi Yehowa nye ŋu le eƒe nuwɔwɔwo me. Le nyati sia mea, míakpɔ nu si tae wòle be míadi ɣeyiɣi alé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu nyuie, kple ale si esia wɔwɔ ana míagate ɖe eŋu geɖe wu.