Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ado eƒe ŋkɔa ɖe dzi tegbee

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke nyati si ƒe tanyae nye “Wò Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ” si dze le June 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ mea kɔ nu me tso Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ŋu?

Le nyati ma mea, míesrɔ̃e be nya vevi aɖe ka Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo kple mawudɔlawo; eyae nye Yehowa ƒe ŋkɔ gã la ŋuti kɔkɔ. Kadodo le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa—si nye be eƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ—dome. Nenema kee amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu hã nye nya vevi ma ƒe akpa aɖe.

Nu ka tae míele gbe tem ɖe edzi fifia be Yehowa ƒe ŋkɔa kple eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ koŋue nye nya vevitɔ la? Mina míadzro susu vevi etɔ̃ me.

Tso Eden-bɔa me kee Satana gblẽ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu

Gbã, Satana gblẽ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu le Eden-bɔa me. Satana bia Xawa be: “Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?” (1 Mose 3:1) Ayemenya ma si Satana bia Xawa na wòdze be Mawu menyoa dɔme o eye se si wòde na Adam kple Xawa mesɔ kura o. Eyome Satana gblɔ nya siwo tsi tre ɖe Yehowa Mawu ƒe nyawo ŋu tẽe. Eto esia dzi do Mawu alakpatɔe. Ta egblẽ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Eva zu “Abosam,” si gɔmee nye “amegɔmezɔla.” (Yoh. 8:44) Esi Xawa xɔ Satana ƒe alakpanyawo dzi se taa, egbe toɖoɖo Mawu eye wòdze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu. (1 Mose 3:2-6) Satana yi edzi le alakpanyawo kakam tso ame si ƒomevi Yehowa nye ŋu va se ɖe egbe. Ele bɔbɔe be ame siwo xɔ Satana ƒe alakpanya mawo dzi sea nagbe toɖoɖo Yehowa. Eya ta Mawu ƒe amewo bua ale si Satana gblẽ Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu be enye nu madzɔmadzɔ si vɔ̃ɖi wu ɖe sia ɖe. Esia koŋ gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea mea tso.

Evelia, Yehowa aʋli eƒe ŋkɔa ta eye wòakɔ eŋu be wòaɖe vi na eƒe nuwɔwɔwo katã. Esia le vevie na Yehowa wu nu bubu ɖe sia ɖe. Ema tae wògblɔ be: “Makɔ nye ŋkɔ gã . . . la ŋuti.” (Eze. 36:23) Yesu na míenya nu vevitɔ si ŋu wòle be Yehowa subɔla ɖe sia ɖe nado gbe ɖa tsoe. Egblɔ be míado gbe ɖa be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mat. 6:9) Mawunyakpukpui geɖe te gbe ɖe edzi be ele vevie be míakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewoe nye esi: “Mitsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la nɛ.” (1 Kron. 16:29; Ps. 96:8) “Midzi kafukafuha miatsɔ ado kɔkɔ eƒe ŋkɔ si ŋu bubu le la.” (Ps. 66:2) “Mado wò ŋkɔ la ɖe dzi ɖaa.” (Ps. 86:12) Gbe ɖeka esi Yesu nɔ gbedoxɔa me le Yerusalem la, edo gbe ɖa na Fofoa gblɔ be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Kasia, Yehowa ŋutɔ ɖo eŋu tẽe be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.”—Yoh. 12:28. a

Etɔ̃lia, kadodo le tame si Yehowa ɖo kple eƒe ŋkɔa dome. Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua wu enua, dodokpɔ mamlɛa ava. Ke nu kae adzɔ le ema megbe? Ðe mawudɔlawo kple amegbetɔwo ƒe susu agawɔ eveve le nya vevi si nye Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋua? Be míate ŋu aɖo biabia mawo ŋua, na míabu nya eve siwo do ƒome kple nya vevi ma ŋu; woawoe nye amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ kple Mawu ƒe dziɖulanyenye. Ðe wòagãhiã be woado amegbetɔ siwo wɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛa me akpɔ akea? Ao. Elabe ɣemaɣia, wodo wo kpɔ le goawo katã me xoxo eye wode blibo. Woadze anɔ agbe tegbee. Azɔ hã magahiã be woaɖo kpe edzi na ame aɖeke be Yehowa ƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ o. Elabe ɣemaɣia, Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi awɔ ɖeka eye woabɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te. Gake ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa akpɔtɔ anye nu vevitɔ na eƒe amewoa?

Kaka ɣemaɣi naɖoa, ame sia ame anya nyateƒea tso Yehowa ŋu eye eƒe ŋkɔa ŋuti akɔ keŋkeŋ. Ke hã, Yehowa ƒe ŋkɔa akpɔtɔ anye nu vevitɔ na nuteƒewɔlawo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi siaa. Nu ka tae? Nu si tae nye be woayi edzi akpɔ nu wɔnuku siwo wɔm Yehowa le. Bu eŋu kpɔ: Yesu abɔbɔ eɖokui atsɔ dziɖulanyenyewo katã agbugbɔ ana Yehowa Mawu, ale be “Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.” (1 Kor. 15:28) Le ema megbea, ame siwo katã le anyigba dzi akpɔ “Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.” (Rom. 8:21) Eye Yehowa awɔ tame si wòɖo be yeƒe nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi nawɔ ɖeka anye ƒome gã ɖeka la nava eme bliboe.—Ef. 1:10.

Ne nu siawo katã dzɔa, aleke Yehowa ƒe ƒome si le dziƒo kple anyigba dzi ase le wo ɖokui me? Ðikeke mele eme o be míadi vevie be míayi edzi akafu Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã hakpala David wògblɔ be: “Woakafu Yehowa Mawu . . . Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu bubu le la tegbee.” (Ps. 72:18, 19) Susu geɖe asu mía si si tae míayi edzi anɔ Yehowa kafum ɖaa tegbee.

Yehowa ƒe ŋkɔa le tsitre ɖi na eƒe amenyenye bliboa. Eya ta ne míagblɔea, ɣesiaɣi si míede ŋugble le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋua, míeɖoa ŋku eƒe lɔlɔ̃ dzi. (1 Yoh. 4:8) Ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be lɔlɔ̃e ʋã Yehowa wòwɔ mí eye wòxe tafea ɖe mía ta. Eye míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi hã be eɖua dzi le lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye me. Míakpɔ ale si Yehowa ayi edzi alɔ̃ míi tegbee. Míaƒe dzi aʋã mí míate ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu eye míadzi ha akafu eƒe ŋkɔ gãa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.—Ps. 73:28.

a Biblia na míenya be Yehowa ɖea afɔ “le eƒe ŋkɔ la ta.” Le kpɔɖeŋu me, Yehowa kplɔa eƒe amewo, ekpena ɖe wo ŋu, eɖea wo, etsɔna kea wo, eye wòxɔa wo ɖe agbe le eƒe ŋkɔ gã la ta.—Ps. 23:3; 31:3; 79:9; 106:8; 143:11.