Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃nyati 35

Yi Edzi Nàgbɔ Dzi Ði

Yi Edzi Nàgbɔ Dzi Ði

“Migbɔ dzi ɖi.”—YAK. 5:8.

HADZIDZI 114 “Migbɔ Dzi Ði”

NYA VEVIAWO a

1. Nu ka tae ame siwo gbɔa dzi ɖi ƒe nu dzɔa dzi na wò?

 AME siwo gbɔa dzi ɖi ƒe nu nyoa mí katã ŋu. Elabe ne ame aɖe tea ŋu lalana kpɔa nane sinu, evɔ medoa dziku nɔa nyatoƒoe tom oa, míedea bubu eŋu. Ne míeda vo eye amewo gbɔ dzi ɖi na mía, edzɔa dzi na mí. Eye edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míaƒe Biblia nufiala gbɔ dzi ɖi na mí esi míenɔ agbagba dzem be míase nu siwo srɔ̃m míele gɔme ahawɔ ɖe wo dzi. Ƒo wo katã taa, míeda akpe ŋutɔ be Yehowa Mawu gbɔa dzi ɖi na mí!—Rom. 2:4.

2. Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu asesẽ na mí le be míagbɔ dzi ɖi?

2 Togbɔ be edzɔa dzi na mí ne amewo gbɔa dzi ɖi hãa, menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe na míawo ŋutɔ be míagbɔ dzi ɖi o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu asesẽ be míagbɔ dzi ɖi ne míele fli legbee aɖe me le nane lalam, vevietɔ ne míetsi megbe. Dzi ate ŋu aku mí ne ame aɖe wɔ nu wòve mí. Eye ɣeaɖewoɣia, ate ŋu awɔ na mí be xexe yeye si ƒe ŋugbe Yehowa doa le megbe tsim. Ðe nàdi be yeagagbɔ dzi ɖi geɖe wua? Le nyati sia mea, míadzro nu si wòfia be míagbɔ dzi ɖi kple nu si tae wòle vevie be míagbɔ dzi ɖia me. Eye míadzro nu siwo míawɔ be míagbɔ dzi ɖi geɖe wu hã me.

NU KAE WÒFIA BE MÍAGBƆ DZI ÐI?

3. Aleke ame si gbɔa dzi ɖi wɔa nui ne wodo dziku nɛ?

3 Nu ene aɖewo ɖea dzesi le ame si gbɔa dzi ɖi ŋu. Gbãtɔ, ame si gbɔa dzi ɖi medoa dziku kabakaba o. Eléa eɖokui ne amewo do dziku nɛ eye mewɔa wɔɖenui o. Ewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie ne nu te ɖe edzi gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be Yehowa nye “Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” Emae nye zi gbãtɔ si nya “medoa dziku kabakaba o” dze le Biblia me.—2 Mose 34:6.

4. Aleke ame si gbɔa dzi ɖi wɔa nui ne ehiã be wòalala?

4 Evelia, ame si gbɔa dzi ɖi tea ŋu ɖea dzi ɖi lalana. Eye ne nu si lalam wòle xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòkpɔ mɔe hãa, metsia dzodzodzoe alo doa dziku o. (Mat. 18:26, 27) Nɔnɔme geɖe li siwo me wòhiã be míalala le. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be míaɖo to dzigbɔɖitɔe ne ame aɖe le nu ƒom, eye míagatso nya le enu o. (Hiob 36:2) Ahiã hã be míagbɔ dzi ɖi ne míele kpekpem ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòase Biblia ƒe nufiafia aɖe gɔme alo aɖu numame gbegblẽ aɖe dzi.

5. Mɔ bubu ka nue míate ŋu aɖee afia le be míegbɔa dzi ɖi?

5 Etɔ̃lia, ame si gbɔa dzi ɖi mewɔa nu dzitsitsitɔe o. Ele eme be nɔnɔme aɖewo biana be míawɔ nu kpata ya. Gake ne ehiã be ame si gbɔa dzi ɖi nawɔ dɔ vevi aɖea, metsɔa dzitsitsi dzea egɔme o; nenema kee mewɔnɛ kple dzitsitsi be yeawu enu kaba o. Ke boŋ edia ɣeyiɣi wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòawɔ dɔae ŋu. Esia wɔnɛ be wògbɔa dzi ɖi wɔa dɔa nyuie.

6. Aleke ame si gbɔa dzi ɖi wɔa nui ne ele nɔnɔme sesẽwo me tom?

6 Enelia, ame si gbɔa dzi ɖi kua kutri nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu eye metoa nyatoƒoe o. Ta ne míagblɔea, kadodo le dzigbɔɖi kple dzidodo dome. Le nyateƒe mea, ne míele nɔnɔme sesẽ aɖe me tom eye míegblɔ ale si míele sesem le mía ɖokui me na mía xɔlɔ̃ aɖea, naneke megblẽ le eŋu o. Gake ame si gbɔa dzi ɖi yia edzi doa dzi eye wòsubɔa Yehowa kple dzidzɔ. (Kol. 1:11) Ele be dzigbɔɖi ƒe akpa ene siawo katã nadze le mí Yehowa subɔlawo ŋu. Nu ka tae? Na míadzro susu siwo tae me.

NU SI TAE DZIGBƆÐI LE VEVIE ŊUTƆ

Ale si ko agbledela lalana dzigbɔɖitɔe ne eƒã nukuwo eye wòkana ɖe edzi be yeaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, nenema kee míelalana kpɔa Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe be wòawɔ ŋugbe siwo katã wòdoa dzi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi (Kpɔ memama 7 lia)

7. Le Yakobo 5:7, 8 ƒe nya nua, nu ka tae wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi? (Kpɔ nɔnɔmetataawo hã.)

7 Hafi míate ŋu akpɔ ɖeɖea, ele vevie be míagbɔ dzi ɖi. Ehiã be míakpɔ Mawu sinu dzigbɔɖitɔe, abe ale si esubɔla wɔnuteƒewo wɔe le blema ene. (Heb. 6:11, 12) Biblia tsɔ míaƒe nɔnɔmea sɔ kple agbledela tɔ. (Xlẽ Yakobo 5:7, 8.) Agbledela kua kutri ƒãa nuku eye wòdea tsii, gake menya ɣeyiɣi si tututu wòatsi o. Eya ta agbledelaa lalana dzigbɔɖitɔe eye wòkana ɖe edzi be yeaŋe nu. Nenema kee ehiã be míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me togbɔ be ‘míenya ŋkeke si dzi míaƒe Aƒetɔ la ava o’ hã. (Mat. 24:42) Míelalana dzigbɔɖitɔe, elabe míeka ɖe edzi be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, Yehowa awɔ ŋugbe siwo katã wòdoa dzi. Ne míeva le dzi tsim fũu akpaa, ɖeɖi ate mía ŋu eye vivivia, míatra ɖa tso Yehowa gbɔ. Ate ŋu awɔe hã be míava vu ɖe nu siwo míesusu be ana agbea nadze edzi na mí fifia ŋu. Gake ne míegbɔa dzi ɖia, míate ŋu ado dzi va se ɖe nuwuwu eye míakpɔ ɖeɖe.—Mika 7:7; Mat. 24:13.

8. Ne míegbɔa dzi ɖia, aleke wòɖea vi na mí? (Kolosetɔwo 3:12, 13)

8 Ne míegbɔa dzi ɖia, mía kple amewo dome anɔ nyuie. Dzigbɔɖi kpena ɖe mía ŋu míeɖoa to nyuie ne ame bubuwo le nu ƒom. (Yak. 1:19) Ewɔnɛ hã be ŋutifafa nɔa mía kpli wo dome. Ne míegbɔa dzi ɖia, awɔe be mímatsɔ dzitsitsi awɔ nu alo agblɔ nya veamewo ne nu te ɖe mía dzi o. Awɔe be mímado dziku ne ame aɖe wɔ nu wòve mí o. Akpe ɖe mía ŋu hã be míawɔ wɔɖenui o, ke boŋ ‘míayi edzi ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo, eye míatsɔ anɔ mía nɔewo kem faa.’—Xlẽ Kolosetɔwo 3:12, 13.

9. Ne míegbɔa dzi ɖia, aleke wòakpe ɖe mía ŋu ne ehiã be míatso nya me? (Lododowo 21:5)

9 Ne míegbɔa dzi ɖia, míatsɔ dzitsitsi atso nya me o, ke boŋ míadi ɣeyiɣi aku nu me nyuie ada nuwo kpɔ hafi atso nya me eye esia awɔe be míatso nya me nyuie. (Xlẽ Lododowo 21:5.) Le kpɔɖeŋu me, ne míele dɔ dimaa, dzitsitsi ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be míalɔ̃ axɔ dɔ gbãtɔ si míekpɔ, ne dɔa awɔe be míagava nɔ kpekpeawo kple gbeadzi dem edziedzi o gɔ̃ hã. Gake ne míegbɔa dzi ɖia, míade ŋugble le nu vevi aɖewo ŋu hafi alɔ̃ axɔ dɔa; le kpɔɖeŋu me, afi si dɔa le, gaƒoƒo si wòaxɔ kple ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ƒomea kple ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome dzi. Ne míegbɔa dzi ɖia, ate ŋu awɔe be mímatso nya me si agblẽ nu le mía ŋu o.

NU SIWO MÍAWƆ BE MÍAGBƆ DZI ÐI GEÐE WU

10. Nu kae míawɔ be míayi edzi agbɔ dzi ɖi?

10 Do gbe ɖa nàbia dzigbɔɖi geɖe wu. Dzigbɔɖi nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Eya ta míate ŋu abia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míatse gbɔgbɔa ƒe ku. Ne míedo go nɔnɔme aɖe si na wòsesẽ na mí be míagbɔ dzi ɖia, ele be ‘míayi edzi anɔ Mawu biam’ be wòana eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu míagbɔ dzi ɖi. (Luka 11:9, 13) Míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu abe ale si wòbua woe ene. Ne míedo gbe ɖa vɔa, ehiã be míaku kutri vevie anɔ dzi gbɔm ɖi gbe sia gbe. Zi ale si míedoa gbe ɖa biaa dzigbɔɖi eye míekua kutri gbɔa dzi ɖia, zi nenemae nɔnɔme sia aƒo ke ɖe to le míaƒe dzi me eye wòava nye míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe.

11-12. Mɔ kawo nue Yehowa gbɔ dzi ɖi le?

11 De ŋugble le Biblia me kpɔɖeŋuwo ŋu. Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo gbɔ dzi ɖi ŋu. Ne míede ŋugble le woƒe kpɔɖeŋuawo ŋua, míate ŋu asrɔ̃ mɔ vovovo siwo dzi míato agbɔ dzi ɖi. Míadzro kpɔɖeŋu siawo dometɔ aɖewo me. Gake gbãa, mina míakpɔ dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu deblibo si Yehowa ŋutɔ ɖo.

12 Le Eden-bɔa mea, Satana gblẽ Yehowa ŋu heƒo ɖi eƒe ŋkɔa esi wòna Xawa susui be Yehowa menye Dziɖula nyui o. Yehowa metsrɔ̃ ameŋugblẽla ma enumake o, ke boŋ eɖu eɖokui dzi eye wògbɔ dzi ɖi, elabe enya be axɔ ɣeyiɣi hafi amewo nade dzesii be yeƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ. Le esia ta, eyi edzi le lalam eye wòle dzi dom le vlodoame siwo katã wohe va eƒe ŋkɔa dzi me. Azɔ hã, Yehowa le lalam dzigbɔɖitɔe be mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖe si woakpɔ agbe mavɔ. (2 Pet. 3:9, 15) Esia wɔe be ame miliɔn geɖe va nya Yehowa. Ne míedea ŋugble le ale si Yehowa ƒe dzigbɔɖia le vi ɖem na amewoe ŋua, anɔ bɔbɔe na mí be míalala akpɔ esinu be wòahe nuwuwua avɛ le eƒe ɣeyiɣi dzi.

Ne wowɔ nu wòve mía, dzigbɔɖi akpe ɖe mía ŋu be míado dziku o (Kpɔ memama 13 lia)

13. Aleke Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe dzigbɔɖi? (Kpɔ fotoa hã.)

13 Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe dzigbɔɖi le mɔ deblibo nu, eye eɖe esia fia esi wònɔ anyigba dzi. Manya nɔ bɔbɔe nɛ ɣesiaɣi be wòagbɔ ɖi na amewo o, vevietɔ agbalẽfiala kple Farisitɔ alakpanuwɔlawo. (Yoh. 8:25-27) Gake abe Fofoa ke enea, Yesu medoa dziku kabakaba o. Esi wodzui alo wɔ nu wòveea, mewɔ wɔɖenui o. (1 Pet. 2:23) Esi wònɔ xaxawo me tomaa, meto nyatoƒoe o, ke boŋ edo dzi kpɔ Yehowa sinu. Eya ta mewɔ nuku o be Biblia gblɔ na mí be ‘míabu ame si do dzi kpe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋunya ƒe fu la ŋu’! (Heb. 12:2, 3) Yehowa ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu be míagbɔ dzi ɖi ado dzi le xaxa ɖe sia ɖe si ava mía dzi me.

Ne míesrɔ̃ Abraham eye míegbɔ dzi ɖia, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na mí fifia eye wòagaɖo eteƒe na mí geɖe wu le xexe yeyea me (Kpɔ memama  14 lia)

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Abraham ƒe dzigbɔɖi me? (Hebritɔwo 6:15) (Kpɔ fotoa hã.)

14 Ðewohĩ mía dometɔ aɖewo nɔ mɔ kpɔm be nuwuwua nava xoxoxo hafi, gake fifia míetsi dzi elabe míesusu be míanɔ agbe akpɔ eteƒe o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi alala dzigbɔɖitɔe? Abraham ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Abraham xɔ ƒe 75 gake vi menɔ esi o. Ɣemaɣie Yehowa do ŋugbe nɛ be: “Mana nàzu dukɔ gã aɖe.” (1 Mose 12:1-4) Ðe Abraham kpɔ eteƒe ŋugbedodo ma va emea? Ao, mekpɔ eteƒe bliboe o. Esi Abraham tso Frat-tɔsisia eye wòlala ƒe 25 la, wodzi Isak. Ema megbea, ƒe 60 sɔŋ va yi hafi wodzi tɔgbuiayɔviwo Esau kple Yakob. (Xlẽ Hebritɔwo 6:15.) Gake Abraham mekpɔ eteƒe eƒe dzidzimeviwo va zu dukɔ gã eye wonyi Ŋugbedodonyigbaa dome o. Togbɔ be enɔ alea hãa, ŋutsu nuteƒewɔla sia kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. (Yak. 2:23) Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Abraham ne wofɔe ɖe tsitre eye wòva nyae be yeƒe xɔse kple dzigbɔɖi wɔe be Yehowa yra dukɔwo katãe ɖa! (1 Mose 22:18) Nufiame kae le eme na mí? Ðewohĩ mímakpɔ eteƒe Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã nava eme ya o. Gake ne míesrɔ̃ Abraham eye míegbɔ dzi ɖia, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na mí fifia, eye wòagaɖo eteƒe na mí geɖe wu le xexe yeye si ŋugbe wòdoa me.—Marko 10:29, 30.

15. Nu ka mee míate ŋu adzro le míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ me?

15 Ame bubu siwo hã gbɔ dzi ɖi ƒe ŋutinyawo le Biblia me. (Yak. 5:10) Ðe manyo be nàku nu me tso wo ŋu oa? b Wo dometɔ ɖekae nye David. Togbɔ be ɖevime kee wosi ami nɛ be wòava nye Israel-fia hãa, ehiã be wòalala ƒe geɖe hafi fianyenyea nasu esi. Simeon kple Anna hã yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime wonɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yewoakpɔ Mesia si ƒe ŋugbe wodo. (Luka 2:25, 36-38) Esi nèle ŋutinya siawo me dzromaa, di ŋuɖoɖo na biabia siwo gbɔna: Nu kae anya kpe ɖe ame sia ŋu be wòte ŋu gbɔ dzi ɖi? Esi wògbɔ dzi ɖia, vi kae wòɖe nɛ? Aleke mate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua? Àte ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo megbɔ dzi ɖi o hã ƒe ŋutinyawo me. (1 Sam. 13:8-14) Ne èle woƒe ŋutinyawo xlẽmaa, bia ɖokuiwò be: ‘Nu ka gbɔe wòtso be womete ŋu gbɔ dzi ɖi o? Nu kae do tso eme na wo?’

16. Ne míegbɔa dzi ɖia, aleke wòɖea vi na mí?

16 Bu nu siwo ado tso eme ne míegbɔa dzi ɖi ŋu. Ne míegbɔa dzi ɖia, míekpɔa dzidzɔ eye míeɖea dzi ɖi. Esia wɔnɛ be míenɔa lãmesẽ me eye míaƒe susu dzea akɔ anyi. Ne míegbɔa dzi ɖi na amewoa, mía kpli wo dome nɔna nyuie, eye ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mía, míagbɔ dzi ɖi eye mímana nyaa nagblẽ ɖe edzi o. (Ps. 37:8, etenuŋɔŋlɔ; Lod. 14:29) Gake vevietɔ wua, ne míegbɔa dzi ɖia, míele mía Fofo si le dziƒo srɔ̃m eye míegatena ɖe eŋu geɖe wu.

17. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ?

17 Dzigbɔɖi nye nɔnɔme nyui aɖe si ɖea vi na mí katã! Menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi be míagbɔ dzi ɖi o, gake Yehowa akpe ɖe mía ŋu míayi edzi atu nɔnɔme nyui sia ɖo. Esi míele lalam dzigbɔɖitɔe be xexe yeyea navaa, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be “Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo kpɔa mɔ na eƒe amenuveve.” (Ps. 33:18) Neva eme be mí katã míaɖoe kplikpaa agbɔ dzi ɖi.

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

a Dzigbɔɖi zu dze bu ɖe ama me le Satana ƒe xexe sia me. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be míanɔ dzi gbɔm ɖi. Le nyati sia mea, míakpɔ nu si tae wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi kple nu si míawɔ be míate ŋu agbɔ dzi ɖi geɖe wu.

b Be nàkpɔ ame siwo gbɔ dzi ɖi ƒe ŋutinyawo le Biblia mea, ʋu Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo eye nàkpɔ tanya sue si nye “Dzigbɔɖi” si dze le Seselelãmewo, Nɔnɔmewo Kple Agbenɔnɔ te.