Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

1923​—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

1923​—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

JANUARY 1, 1923 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Míele mɔ kpɔm na nu nyui geɖe le ƒe sia me.” Egblɔ hã be: “Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míana ame siwo wote ɖe anyi le xexe sia me nanya be ɣeyiɣi nyuiwo le ŋgɔ gbɔna.” Nu nyuiwo dzɔ le ƒe ma me hã vavã, elabe Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ tɔtrɔ vevi aɖewo le woƒe kpekpewo, takpekpewo, kple gbeƒãɖeɖedɔa me. Esia wɔe be woƒe ɖekawɔwɔa gaɖe dzesi wu.

KPEKPEAWO NA WOGAWƆ ÐEKA ÐE EDZI

Ɣletigbalẽ si dzi woŋlɔ mawunyakpukpuiwo kple ha si woadzi la ƒe xexlẽdzesiwo ɖo

Habɔbɔa wɔ tɔtrɔ aɖewo le ƒea me si wɔe be Biblia Nusrɔ̃viawo gawɔ ɖeka ɖe edzi. Wote ŋɔŋlɔ si me woadzro le kpekpe si nye Gbedodoɖa, Kafukafuhawo, Kple Nuteƒekpɔkpɔwo mea tata ɖe Gbetakpɔxɔ me. Azɔ hã Biblia Nusrɔ̃viawo taa ɣletigbalẽ si me woŋlɔa ŋɔŋlɔ si woaxlẽ kwasiɖa sia kwasiɖa kple ha si woadzi le woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃ mea ɖo.

Le kpekpea mea, mɔnukpɔkpɔ sua ame sia ame si be wòagblɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ si su esi, wòagblɔ nu nyui siwo Yehowa wɔ nɛ ahada akpe ɖe eta, wòadzi ha alo ado gbe ɖa gɔ̃ hã. Nɔvinyɔnu Eva Barney, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1923 me esime wòxɔ ƒe 15 gblɔ be: “Ne èdi be yeagblɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ aɖe si su asiwòa, àtso ɖe tsitrenu adze wò nyawo gɔme kple nya siawo tɔgbi be ‘Medi be mada akpe na Aƒetɔ la ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ nam ta.’” Nɔviŋutsu aɖewo lɔ̃ nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ ŋutɔ. Nɔvinyɔnu Barney yi eƒe nyaa dzi gblɔ be: “Nya geɖe nɔa mía nɔviŋutsu tsitsi Godwin si wòagblɔ atsɔ ada akpe na Aƒetɔ la. Gake ne ele nu ƒom fũu eye srɔ̃a kpɔe be kpekpea dzi kpɔla ƒe mo trɔ koa, srɔ̃a hea eƒe awutoga, ale wòzina ɖoɖoe henɔa anyi.”

Zi ɖeka le ɣletia mea, hamea wɔa Gbedodoɖa, Kafukafuhawo, Kple Nuteƒekpɔkpɔwo Kpekpea etɔxɛe. April 1, 1923 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ tso kpekpe tɔxɛ sia ŋu be: “Ele be kpekpea ƒe afã naku ɖe gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo kple dzidedeƒo na dɔa wɔlawo ŋu. . . . Míeka ɖe edzi be kpekpe siawo ade dzi ƒo na nɔviawo eye wòana wo dome nanɔ kplikplikpli.”

Kpekpe siawo ɖe vi na gbeƒãɖela aɖe si ŋkɔe nye Charles Martin, si xɔ ƒe 19 ɣemaɣi eye wòtso Vancouver, Canada la ale gbegbe. Egblɔ be: “Nya siwo magblɔ le ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe dɔa mea, kpekpe sia mee mesrɔ̃ wo le zi gbãtɔ. Zi geɖea, ame aɖe gblɔa nuteƒekpɔkpɔ si su esi tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe dɔa me. Esia na nye hã mekpɔ nya siwo magblɔ kple ale si maɖo nya vovovo siwo amewo gblɔna tsɔ tsia tsitre ɖe mía ŋua ŋu.”

GBEƑÃÐEÐEDƆA NA WOGAWƆ ÐEKA ÐE EDZI

May 1, 1923 ƒe Nyatakakagbalẽvi

“Gbeadziŋkekewo” ƒe ɖoɖoa hã na nɔviawo wɔ ɖeka. April 1, 1923, ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe gbeƒãe be: “Be míate ŋu awɔ dɔ vevi sia ɖekaea, . . . wotia Braɖa, May 1, 1923, be wòanye gbeadziŋkeke le xexea me godoo. Eye tso ema dzia, Braɖa gbã ɖe sia ɖe le ɣletia me anye gbeadziŋkeke . . . Ele be hamea me tɔ ɖe sia ɖe nawɔ dɔ vevi sia.”

Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ siwo nye ɖeviwo gɔ̃ hã ƒo wo ɖokui ɖe dɔa sia me. Nɔvinyɔnu Hazel Burford, si xɔ ƒe 16 ɣemaɣia gblɔ be: “Wotaa kpɔɖeŋudzeɖonyawo ɖe Nyatakakagbalẽvi (alo Bulletin) la me be míalé ɖe susu me. a Nye kple tɔgbuinye míewɔa dɔ sia veviedodotɔe.” Gake nɔviŋutsu aɖe mekpɔ dzidzɔ be Hazel Burford hã le dɔ sia wɔm o. Nɔvinyɔnu Burford gblɔ be: “Nɔviŋutsu tsitsi aɖe te tɔ ɖe edzi be nyemekpɔ mɔ aƒo nu na amewo o. Ɣemaɣia, ame aɖewo mese egɔme be ele be Biblia Nusrɔ̃viawo katã, ‘ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo’ hã nakafu mía Wɔla Gã la o.” (Ps. 148:​12, 13) Gake Nɔvinyɔnu Burford yi edzi ɖe gbeƒã. Emegbea, ede Gilead Suku ƒe klass evelia eye wòwɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Panama. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, nɔviŋutsu mawo trɔ woƒe nuŋububu kple ale si wowɔa nu ɖe gbeƒãɖela siwo nye sɔhɛwo ŋu.

TAKPEKPEWO NA WOGAWƆ ÐEKA ÐE EDZI

Takpekpewo hã na be nɔviawo gawɔ ɖeka ɖe edzi. Wowɔ ɖoɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu le takpekpe mawo dometɔ geɖe me. Esia ƒe ɖee wowɔ le Winnipeg, Canada. Wobia tso takpekpea valawo katã si be woaɖe gbeƒã le dugãa me le March 31 dzi. Woke ɖe ame geɖe ŋu le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ siawo me eye nu nyui geɖewo do tso eme. Le August 5 dzia, ame abe 7,000 sɔŋ ene de takpekpe bubu aɖe si wowɔ le Winnipeg. Emae nye ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si de takpekpe le Canada ɣemaɣi.

Takpekpe si Yehowa ƒe amewo wɔ si ɖedzesi wu le ƒe 1923 me ye nye esi wowɔ le Los Angeles, California le August 18-26 dzi. Kwasiɖa siwo do ŋgɔ na takpekpea, nyadzɔdzɔgbalẽwo do bobloe. Eye Biblia Nusrɔ̃viawo ma amekpegbalẽvi siwo wu 500,000 sɔŋ. Wotre agbalẽ kakɛwo hã ɖe ʋuwo ŋu tsɔ do boblo takpekpea.

Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe si wowɔ le Los Angeles le ƒe 1923 me

Le Memleɖa, August 25 dzia, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Alẽwo Kple Gbɔ̃wo.” Le nuƒo ma mea, eɖe eme be ‘alẽawoe’ nye dzianukwaretɔ siwo anɔ paradiso me le anyigba dzi. Egaƒo nuƒo bubu si me wòxlẽ agbalẽvi aɖe si ƒe tanyae nye “Nuxlɔ̃ame” le. Agbalẽvia ƒo nu tsi tsitre ɖe Kristodukɔa ŋu eye wòxlɔ̃ nu dzianukwaretɔwo be woado go le “Babilon Gã la” me. (Nyaɖ. 18:​2, 4) Emegbea, Biblia Nusrɔ̃vi siwo le xexea me godooa tsɔ dzonɔameme ma agbalẽvi sia miliɔn geɖe.

“Kpekpe siawo ade dzi ƒo na nɔviawo eye wòana wo dome nanɔ kplikplikpli”

Le takpekpea ƒe ŋkeke mamlɛa dzia, ame siwo wu 30,000 va se Nɔviŋutsu Rutherford ƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Dukɔwo Katã Le Zɔ Ðem Ðo Ta Armagedon, Gake Ame Miliɔnwo Le Agbe Fifia Siwo Maku Akpɔ O.” Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ mɔ kpɔm be ame gbogbo aɖewo nava takpekpea, ta wohaya Los Angeles kamedefefewɔƒe gã si wotu yeye. Be vavalawo katã nase nyawo nyuiea, wozã fefewɔƒea ƒe gbeɖiɖimɔ̃, si nye mɔ̃ɖaŋunu yeye si woto vɛ ɣemaɣi. Ame gbogbo aɖewo hã se wɔnaa me nyawo to radio dzi.

GBEƑÃÐEÐEDƆA KEKE TA LE XEXEA ME GODOO

Le ƒe 1923 mea, gbeƒãɖeɖedɔa keke ta le mɔ ɖedzesi nu le Afrika, Europa, India, kple Anyiehe Amerika. Le India la, nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye A. J. Joseph si si srɔ̃ kple vi ade lea, kpe asi ɖe eŋu wota agbalẽwo ɖe Hindi, Tamil, Telugu, kple Urdu gbegbɔgblɔwo me.

William R. Brown kple eƒe ƒomea

Le Sierra Leone la, Biblia Nusrɔ̃vi siwo nye Alfred Joseph kple Leonard Blackman ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, bia kpekpeɖeŋu. Le April 14, 1923 dzia, woɖo agbalẽa ŋu na wo. Alfred gblɔ be: “Memleɖa zã aɖe mea, mexɔ kaƒoƒo aɖe si nyemenɔ mɔ kpɔm na o.” Ame si ƒo ka nɛ tsɔ gbe gã aɖe biae be, “Wòe ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa bia be woaɖo gbeƒãɖelawo ɖe yewoa?” Alfred ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Nɔviŋutsua gblɔ be, “Nyee woɖo ɖa.” Nɔviŋutsu William R. Brown ƒe gbee. Eya kple srɔ̃a Antonia, kple vianyɔnuawo, Louise kple Lucy ʋu tso Karib-ƒukpowo dzi va ɖo Sierra Leone koe nye ema wòyɔ. Eya ta megahiã be woalala hafi ado go wo o. 

Alfred gblɔ be: “Nye kple Leonard míenɔ Biblia me dzrom abe ale si míewɔnɛ kwasiɖa sia kwasiɖa ene eye kasia, ŋutsu kɔkɔ aɖee nye ema tsi tre ɖe míaƒe ʋɔtrua nu. Nɔviŋutsu Brown ye. Dzo le eme ɖe nyateƒea ŋu ale gbegbe be, ena míenya be ne ŋu kea yeaƒo Biblia me nuƒo.” Mede ɣleti ɖeka o, ema agbalẽ siwo katã wòtsɔ vɛa keŋkeŋ. Wogaɖo agbalẽ 5,000 bubu ɖee gake eteƒe medidi o, ema eya hã keŋkeŋ. Togbɔ be Nɔviŋutsu Brown lɔ̃ agbalẽwo mama hãa, menye ema mee wòxɔ ŋkɔ le o. Le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katãa, ale si dzo le eme ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu eye wòzã Biblia enuenu le eƒe nuƒowo me wɔe be amewo tsɔ ŋkɔ nɛ be Bible Brown.

Magdeburg Betel le ƒe 1920-awo me

Le ɣeyiɣi mawo mea, alɔdzedɔwɔƒe si le Barmen, le Germany la, melolo na wo o, eye wose hã be France srafowo le ɖoɖo wɔm be yewoava xɔ dua. Biblia Nusrɔ̃viawo va kpɔ xɔ aɖe le Magdeburg, eye afi ma sɔ nyuie na agbalẽwo tata. Kaka June 19 naɖoa, nɔviawo fɔ agbalẽtamɔ̃wo kple nuhiahiã bubuawo katã yi Betel yeyea le Magdeburg. Gbe si gbe nɔvi siwo le dɔwɔƒegã se be mía nɔviawo ʋu le Barmen ƒe ŋufɔkee nyadzɔdzɔgbalẽwo ɖe gbeƒãe be France va xɔ Barmen dua. Nɔviawo kpɔe be ale si nuwo va yia ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe asi le eme eye wòkpɔ yewo ta.

George Young, kple Sarah Ferguson (ɖusime) kple nɔvianyɔnu

Le Brazil la, George Young, si zɔa mɔ kakaa nya nyuia le du geɖewo mea, ɖo alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe dukɔa me eye wòdze Gbetakpɔxɔ tata ɖe Portugalgbe me. Ɣleti ʋɛ aɖewo ko mea, ema agbalẽ siwo wu 7,000 sɔŋ. Nɔvinyɔnu Sarah Ferguson kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi Nɔviŋutsu Young va ɖo Brazil. Nu si tae nye be enɔ Gbetakpɔxɔ xlẽm tso ƒe 1899 me ke, gake mete ŋu ɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ o. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbea, Nɔvinyɔnu Ferguson kple via ene ɖe afɔ vevi ma hexɔ nyɔnyrɔ mlɔeba.

MÍAYI EDZI “ASUBƆ KPLE DZIDZƆ”

Esi ƒea nɔ enu wum la, December 15, 1923 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒo nu tso nu nyui siwo do tso eme esi Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ ɖeka le tadedeagu me ŋu. Gbetakpɔxɔa gblɔ be: “Edze ƒãa be nɔviawo . . . ƒe xɔse va sẽ ɖe edzi . . . Eya ta mina míabla ali dzi eye míaɖoe kplikpaa be míatsɔ dzo yeye awɔ geɖe le ƒe si gbɔna me, asubɔ kple dzidzɔ.”

Ƒe si kplɔe ɖo hã nye ƒe ɖedzesi na Biblia Nusrɔ̃viawo. Nɔvi siwo le Betel la nɔ xɔ tum ɖe anyigba si woƒle le Staten Island, si medidi boo tso dɔwɔƒegã si le Brooklyn gbɔ oa dzi. Ɣleti aɖewo megbea, wowu xɔa nu le Staten Island le ƒe 1924 ƒe gɔmedzedze. Esia kpe ɖe nɔviawo ŋu wowɔ ɖeka kaka nya nyuia le mɔ ɖedzesiwo nu.

Staten Island xɔtudɔwɔlawo

a Esiae woyɔna egbea be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ.