Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 44

Srɔ̃ Mawu Ƒe Nyaa Nàku Eme Tsitotsito

Srɔ̃ Mawu Ƒe Nyaa Nàku Eme Tsitotsito

“[Miase] nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme tsitotsito.”—EF. 3:18.

HADZIDZI 95 Kekeli La Le Kɔkɔm Ðe Edzi

NYA VEVIAWO a

1-2. Mɔ ka dzie míato asrɔ̃ Biblia wòaɖe vi na mí wu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

 TSƆE BE èdi be yeaƒle aƒe aɖe. Nu kae nàdi be yeakpɔ le aƒea ŋu hafi aƒlee? Aƒea ŋkume ƒe foto koe nàdi be yeakpɔa? Ðikeke mele eme o be àdi be ye ŋutɔ yeayi aƒea me, atsa le eŋu godoo, age ɖe xɔawo me alé ŋku ɖe woƒe kekeme kple nu bubu ɖe sia ɖe ŋu. Ðewohĩ àdi gɔ̃ hã be yealé ŋku ɖe xɔa ƒe tatawo ŋu be yeakpɔ ale si wotui. Edze ƒãa be àdi be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu tsitotsito hafi aƒlee.

2 Míate ŋu alé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie alea ne míele Biblia srɔ̃m. Bibliaŋutinunyala aɖe tsɔ Biblia sɔ kple “xɔ gã nyadri aɖe si wotu ɖe gɔmeɖoanyi si li ke sesĩe dzi.” Ke aleke míawɔ ase Biblia me nyawo gɔme tsitotsito? Ne èxlẽe dzradzradzraa, “Mawu ƒe gbedeasi kɔkɔeawo ƒe gɔmedzenuwo” koe nànya. (Heb. 5:12) Eya ta abe ale si ko nàyi aƒea me alé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie enea, anyo be nàdzro Biblia hã me tsitotsito. Mɔ nyui aɖe si dzi nàto awɔ esiae nye be nàde dzesi ale si Biblia ƒe akpa vovovoawo de nu wo nɔewo me. Dze agbagba nàse nyateƒenya siwo dzi nèxɔ se kple nu siwo tae nèxɔ wo dzi se hã gɔme.

3. Nu kae apostolo Paulo de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woawɔ, eye nu ka tae? (Efesotɔwo 3:​14-19)

3 Hafi míate ŋu ase Biblia me nyawo gɔme nyuiea, ele be míadzro Biblia me nyateƒe goglowo me. Apostolo Paulo de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woalé fɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ŋu ale be woase “nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme tsitotsito.” Esia awɔe be ‘woaƒo ke ɖe to ali ke sesĩe ɖe’ xɔse la me. (Xlẽ Efesotɔwo 3:​14-19.) Ele be míawo hã míawɔ nenema ke. Na míakpɔ ale si míate ŋu adzro Mawu ƒe Nyaa me tsitotsito be míase egɔme nyuie ɖa.

DZRO BIBLIA ME NYATEƑE GOGLOWO ME

4. Nu kae míawɔ be míate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Menye Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo koe mí Kristotɔ vavãwo míedina be míanya o. Míedina vevie be míasrɔ̃ “Mawu ƒe nu goglowo” hã, eye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. (1 Kor. 2:​9, 10) Ðe manyo be nàde ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe to me si akpe ɖe ŋuwò be nàgate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli oa? Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aku nu me tso ale si Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fia esubɔlawo le blema ŋu eye esia ana nàkpɔe be elɔ̃ wò hã vevie. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe esubɔsubɔ ŋu na blema Israel-viwo, eye nàtsɔe asɔ kple ɖoɖo si wòwɔ na Kristo hamea egbea. Alo àte ŋu aku nu me tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa kple ale si wova emee ŋu.

5. Nyati ka mee nàdi be yeadzro tsitotsito le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me?

5 Esi wobia gbe Biblia srɔ̃la dovevienu aɖewo ku ɖe Biblia me nyateƒe goglo siwo ŋu wodi be yewoaku nu me tsoea, nya si wogblɔa ƒe ɖewo dze le aɖaka si ƒe tanyae nye, “ Nyati Siwo Me Nàte Ŋu Adzro Le Wò Ðokuisinusɔsrɔ̃ Me” la me. Dzi adzɔ wò ŋutɔ ne èzã Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo tsɔ ku nyati siawo me. Biblia me nya goglowo me dzodzro ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse eye wòakpe ɖe ŋuwò ‘wò asi natu sidzedze Mawu.’ (Lod. 2:​4, 5) Azɔ na míakpɔ Biblia me nyateƒe goglo siwo me nàte ŋu adzro ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

DE ŊUGBLE LE MAWU ƑE TAMEÐOÐO ŊU

6. (a) Vovototo kae le ɖoɖowɔɖi kple tameɖoɖo dome? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be tame si Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigbaa ŋu nye “tameɖoɖo mavɔ”? (Efesotɔwo 3:11)

6 Le kpɔɖeŋu me, bu nu si Biblia ɖe fia tso Mawu ƒe tameɖoɖo ŋua ŋu kpɔ. Vovototo le tameɖoɖo kple ɖoɖowɔɖi dome. Míate ŋu atsɔ ɖoɖowɔɖi asɔ kple mɔ si tututu ame aɖe tia be yeato aɖo afi si yim yele. Ðoɖo ma me ate ŋu agblẽ ne wotsɔ nane xe mɔa si wɔe be magate ŋu atoe o. Gake tameɖoɖo ya kuna ɖe teƒea ɖoɖo koŋ ŋu. Amea nya afi si yim wòle, eye ate ŋu ato mɔ vovovowo dzi aɖo afi ma. Ne nane xe mɔ aɖea, ate ŋu ato mɔ bubu ayi ale be eƒe tameɖoɖoa nava eme. Dzidzɔtɔea, Biblia na míenya be ‘tameɖoɖo mavɔ’ ye le Yehowa si eye eɖee fia vivivi le Biblia me. (Ef. 3:11) Nu ka kee ɖadzɔ o, Yehowa ƒe tameɖoɖoa ava eme, elabe ewɔa “nu sia nu hena eƒe tameɖoɖo me vava.” (Lod. 16:4) Eye ne eƒe tameɖoɖoa va emea, viɖeawo anɔ anyi ɖaa. Gake nu kae nye Yehowa ƒe tameɖoɖoa, eye aleke wòtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ale be wòava eme?

7. Esi amegbetɔ gbãtɔwo dze aglãa, aleke Yehowa trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu be yeƒe tameɖoɖo nava eme? (Mateo 25:34)

7 Mawu na mía dzila gbãtɔwo nya tame si wòɖo ɖe wo ŋu. Eyae nye be ‘woadzi ne woasɔ gbɔ, woayɔ anyigba la dzi, eye woaɖu edzi; woakpɔ ŋusẽ ɖe nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.’ (1 Mose 1:28) Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu si wɔe be amegbetɔƒomea zu nuvɔ̃mewoa, esia megblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖoa me o. Etrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu be yeana wòava eme. Enumake eɖoe be yeaɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi le dziƒo si dzi yeato ana tame si yeɖo ku ɖe amegbetɔwo kple anyigbaa ŋu le gɔmedzedzea nava eme. (Xlẽ Mateo 25:34.) Le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzia, edɔ eƒe Ŋgɔgbevia ɖe anyigba dzi be wòafia nu amewo tso Fiaɖuƒe ma ŋu eye wòatsɔ eƒe agbe ana wòanye tafe aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. Eyome efɔ Yesu ɖe tsitre yi dziƒo be wòanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Gake nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Mawu ƒe tameɖoɖoa ŋu.

Kpɔe ɖa le susu me be ɣeyiɣi aɖe ava esime Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple anyigba dzi siaa awɔ ɖeka asubɔe! (Kpɔ memama 8 lia)

8. (a) Nyati vevi kae le Biblia me? (b) Abe ale si wòdze le Efesotɔwo 1:​8-11 enea, nu ka hãe Yehowa awɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

8 Nyati vevi si le Biblia mee nye be Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu eye wòana tame si wòɖo ɖe anyigbaa ŋu nava eme to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Naneke mate ŋu atrɔ esia o. Edo ŋugbe be nu sia nu ava eme abe ale si yeɖoe ene. (Yes. 46:​10, 11; Heb. 6:​17, 18) Madidi o, anyigba azu paradiso, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi siwo nye ame dzɔdzɔewo ade blibo eye ‘woase agbe ƒe vivi tegbee.’ (Ps. 22:26) Gake menye nu siawo koe Yehowa awɔ o. Ana eƒe nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple anyigba dzi siaa nawɔ ɖeka eye wo katã woaɖo toe eye woabɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te. (Xlẽ Efesotɔwo 1:​8-11.) Ðe ale si Yehowa na eƒe tameɖoɖoa le eme vam mewɔ nuku na wò oa?

DE ŊUGBLE LE WÒ ETSƆME ŊU

9. Nu kawoe Biblia xexlẽ ana míanya tso etsɔme ŋu?

9 Bu nya si Yehowa gblɔ ɖi le Eden-bɔa me si dze le 1 Mose 3:15 ŋu kpɔ. b Nyagblɔɖi ma ƒo nu tso nu siwo adzɔ ƒe akpe geɖe megbe siwo ana Mawu ƒe tameɖoɖoa nava emea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Abraham be eƒe dzidzimevi aɖe ava zu Kristo la. (1 Mose 22:​15-18) Le ƒe 33 K.Ŋ. mea, da la ɖu afɔkpodzi na Yesu, abe ale si wogblɔe ɖi ene. (Dɔw. 3:​13-15) Nyagblɔɖi ma ƒe akpa mamlɛtɔe nye ale si woagbã ta na Satana. Gake esia adzɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe. (Nyaɖ. 20:​7-10) Biblia na míenya nu geɖe siwo adzɔ ne fuléle si le Satana ƒe nuɖoanyia kple Yehowa ƒe habɔbɔa domea ɖo eƒe sesẽaƒe.

10. (a) Nu kawoe adzɔ kpuie? (b) Aleke míawɔ adzra míaƒe dzi kple susu ɖo ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

10 Bu nu ɖedzesi siwo Biblia gblɔ be woadzɔ ŋu kpɔ. Gbãa, dukɔwo aɖe gbeƒã “ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” (1 Tes. 5:​2, 3) Ekema xaxa gãa adze egɔme ne dukɔwo dze alakpasubɔsubɔhawo dzi. (Nyaɖ. 17:16) Ema megbea, anɔ eme be “woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.” (Mat. 24:30) Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo eye wòama alẽawo tso gbɔ̃wo gbɔ. (Mat. 25:​31-33, 46) Le ɣeyiɣi mawo mea, Satana ayi edzi anɔ tsitre tsim ɖe Yehowa ŋu. Esi Satana lé fu Mawu ƒe amewo taa, aʋã dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si Biblia yɔ be Gog, si tso Magog-nyigba dzi be woadze Yehowa ƒe amewo dzi. (Eze. 38:​2, 10, 11) Le ɣeyiɣi mawo mea, amesiamina susɔeawo ayi dziƒo ava wɔ ɖeka kple Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔa be woawɔ Armagedon-ʋaa; esia ahe xaxa gã la ava nuwuwui. c (Mat. 24:31; Nyaɖ. 16:​14, 16) Ekema Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme.—Nyaɖ. 20:6.

Aleke wò kple Yehowa dome anɔ ne èsrɔ̃ nu tso eŋu ƒe miliɔn akpe geɖe? (Kpɔ memama 11 lia)

11. Aleke nèsusu be agbe tegbee anɔ na wò? (Kpɔ fotoa hã.)

11 Azɔ bu nu siwo adzɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be mía Wɔlaa ‘de mavɔmavɔ dzi me na mí.’ (Nyagb. 3:11) Bu ale si gbegbe nàte ɖe Yehowa ŋu ne èva le agbe tegbee kple nu nyui siwo ado tso eme na wò ŋu kpɔ. Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa ƒe axa 319 gblɔ be: “Kaka míanɔ agbe ƒe alafa geɖe, ƒe akpe geɖe, ƒe miliɔn geɖe, ƒe biliɔn geɖe gɔ̃ hã la, nu siwo míava nya tso Yehowa Mawu ŋu la asɔ gbɔ kura wu esi míenya fifia. Gake ɣemaɣi [kura] gɔ̃ hã míasee le mía ɖokui me be nu gbogbo aɖewo siwo mele xexlẽ me o gakpɔtɔ li wòle be míasrɔ̃. . . . Agbe tegbee nɔnɔ ayɔ fũu kple gɔmesese kple nu vovovo siwo ŋu míate ŋu abu fifia o—eye tete ɖe Yehowa ŋu geɖe wu anye eƒe akpa si ado dzidzɔ na ame ɣesiaɣi wu.” Nu bubu ka ŋue míate ŋu aku nu me tsoe le Mawu ƒe Nyaa me?

KPƆ NU SIWO LE EDZI YIM LE DZIƑONUTOWO ME LE SUSU ME

12. Aleke míawɔ akpɔ nu siwo le edzi yim le dziƒonutowo me la le susu me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Mawu ƒe Nyaa na míekpɔ ale si nuwo le le Yehowa nɔƒe “le dziƒo boo” la ƒe sue aɖe. (Yes. 33:5) Biblia na míenya nu wɔnuku geɖe tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒoa ŋu. (Yes. 6:​1-4; Dan. 7:​9, 10; Nyaɖ. 4:​1-6) Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu axlẽ nu tso nu wɔnuku siwo Ezekiel kpɔ esime “dziƒowo nu ʋu, eye [wòkpɔ] ŋutega siwo tso Mawu gbɔ” la ŋu.—Eze. 1:1.

13. Aleke nèse le ɖokuiwò me tso nu si wɔm Yesu le na mí tso dziƒo ŋu? (Hebritɔwo 4:​14-16)

13 Yesu le nu geɖe wɔm na mí le dziƒo. Eyae nye míaƒe Fia kple Nunɔlagã si sea veve ɖe mía nu. To eyama dzia, míate ŋu ado gbe ɖa ate ɖe Mawu ƒe “amenuvevezikpui la ŋu” abia be wòakpɔ nublanui na mí eye wòakpe ɖe mía ŋu le “hiahiãgbe.” (Xlẽ Hebritɔwo 4:​14-16.) Neva eme be míade ŋugble le nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí kple nu siwo woyi edzi le wɔwɔm na mí tso dziƒo ŋu gbe sia gbe. Na lɔlɔ̃ si woɖe fia mí naʋã wò be nàwɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.—2 Kor. 5:​14, 15.

Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ wò le xexe yeyea me ɖa esi nènyae be yekpe ɖe ame aɖewo ŋu wova zu Yehowa subɔlawo kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo! (Kpɔ memama 14 lia)

14. Nu nyui kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖee fia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mía ŋu? (Kpɔ foto kple nɔnɔmetataa hã.)

14 Mɔ nyui aɖe si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu kple Via ŋue nye be míakpe ɖe amewo ŋu woava zu Yehowa ƒe Ðasefowo kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:​19, 20) Esia tututue apostolo Paulo wɔ tsɔ ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Mawu kple Kristo wɔa ŋu. Enyae be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:​3, 4) Eya ta edo vevie gbeƒãɖeɖedɔa be yeakpe ɖe ame geɖe ŋu ‘ale be yeate ŋu aɖe wo dometɔ aɖewo kokoko.’—1 Kor. 9:​22, 23.

KPƆ DZIDZƆ ÐE MAWU ƑE NYAA ME DZODZRO ŊU

15. Le Psalmo 1:2 ƒe nya nua, nu kae ana míakpɔ dzidzɔ?

15 Psalmowo ŋlɔla aɖe gblɔ be dzidzɔtɔe nye ame si ‘kpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli.’ (Ps. 1:​1-3; etenuŋɔŋlɔ) Esi Biblia gɔmeɖela aɖe nɔ nu ƒom tso kpukpui sia ŋua, egblɔ be: “Ele be ame nakpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame ŋu ale gbegbe be wòadii, asrɔ̃e, eye wòazã ɣeyiɣi geɖe ade ŋugble le eŋu.” Egblɔ kpee be “ne ŋkeke aɖe va yi eye [Biblia xlẽla dovevienu aɖe] mexlẽ Biblia oa, ate ŋu ase le eɖokui me be yemewɔ ŋkekea ŋu dɔ nyuie o.” Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu ado dzidzɔ na wò ne èku nu me nyuie eye nèkpɔ ale si eƒe akpa vovovoawo de nu wo nɔewo me. Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi wòanye na mí ne míedzro Mawu ƒe Nyaa me tsitotsito hese egɔme!

16. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

16 Anya wɔ be míase nyateƒenya vevi siwo Yehowa fia mí le eƒe Nyaa mea gɔme. Le nyati si kplɔe ɖo mea, míadzro nyateƒenya goglo siawo dometɔ ɖeka me. Eyae nye Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si ŋu Paulo ƒo nu tsoe le agbalẽ si wòŋlɔ na Hebri Kristotɔwo me. Neva eme be nyati sia me dzodzro nado dzidzɔ na wò.

HADZIDZI 94 Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nya La Ta

a Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ le míaƒe agbe me katã. Eɖea vi na mí eye wòtea mí ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu. Le nyati sia mea, míakpɔ ale si míate ŋu adzro Mawu ƒe Nyaa me tsitotsito.

b Kpɔ nyati si nye “Nyagblɔɖi Vevi Aɖe Si Ka Wò,” si dze le July 2022 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

c Be nàkpɔ ale si nàwɔ adzra ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋua, kpɔ agbalẽ si nye Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum! axa 230.