Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 45

Mɔnukpɔkpɔ Gã Su Asiwò Be Nàsubɔ Le Yehowa Ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔa Me

Mɔnukpɔkpɔ Gã Su Asiwò Be Nàsubɔ Le Yehowa Ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔa Me

“Mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba.”—NYAÐ. 14:7.

HADZIDZI 93 Yra Míaƒe Kpekpe La

NYA VEVIAWO a

1. Nya ka gblɔm mawudɔla aɖe le, eye nu kae wòle be míawɔ?

 TSƆE BE mawudɔla aɖe va be yeagblɔ nya aɖe na wò. Ðe nàɖo toea? Le nyateƒe mea, mawudɔla aɖe le nu ƒom na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi.” Nya ka gblɔm wòle? Ele gbɔgblɔm be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ . . . Mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba.” (Nyaɖ. 14:​6, 7) Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia si wòle be ame sia ame nasubɔ. Aleke gbegbee wòle be míada akpee nye esi be ena mɔnukpɔkpɔ mí be míasubɔ ye le yeƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me!

2. Nu kae nye Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa? (Kpɔ aɖaka si nye  “Nu Si Gbɔgbɔmegbedoxɔa Mefia O” hã.)

2 Nu ka tututue nye gbɔgbɔmegbedoxɔa, eye Biblia ƒe akpa kae akpe ɖe mía ŋu míase nu si wònyea gɔme? Menye xɔ ŋutɔŋutɔe gbɔgbɔmegbedoxɔa nye o. Ke boŋ enye ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu si nɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi. Apostolo Paulo ɖe ɖoɖo sia me le agbalẽ si wòŋlɔ na Hebri Kristotɔ siwo nɔ Yudea la me. b

3-4. Nu kae Paulo de dzesii le Hebri Kristotɔ siwo le Yudea ŋu, eye aleke wòkpe ɖe wo ŋui?

3 Nu ka tae Paulo ŋlɔ agbalẽ na Hebri Kristotɔ siwo nɔ Yudea? Anye susu eve tae. Gbãa, be yeatsɔ ade dzi ƒo na wo. Yudasubɔsubɔ mee wodzi wo dometɔ akpa gãtɔ ɖo. Eye anɔ eme be Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ɖua fewu le wo ŋu le esi wova zu Kristotɔwo ta. Nu ka tae? Elabe gbedoxɔ gã aɖeke mele Kristotɔwo si si me wodea ta agu le o, vɔsamlekpuiwo menɔ wo si siwo dzi wosaa vɔ na Mawu le o, eye nunɔla siwo axɔ ŋgɔ hã menɔ wo si o. Esia ate ŋu ana dzi naɖe le Kristo yomedzelawo ƒo eye woƒe xɔse nagbɔdzɔ. (Heb. 2:1; 3:​12, 14) Anya dzro wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã be yewoagatrɔ ɖe Yudasubɔsubɔ ŋu.

4 Susu eveliae nye be, Paulo di be Hebri Kristotɔwo nanya be womele agbagba dzem be yewoase nyateƒenya goglowo, siwo nye “nuɖuɖu sesẽ” siwo le Mawu ƒe Nyaa mea gɔme o. (Heb. 5:​11-14) Edze ƒãa be wo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ lé Mose ƒe Sea me ɖe asi kokoko. Gake Paulo ɖe eme na wo be vɔsa siwo Sea bia la mate ŋu aɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa bliboe o. Le esia taa, ‘woɖe sea ɖa.’ Paulo yi edzi ƒo nu tso nyateƒenya goglowo ŋu na wo. Eɖo ŋku edzi na nɔvia Kristotɔwo be “mɔkpɔkpɔ si nyo wu” si wotu ɖe Yesu ƒe vɔsaa dzi lae le wo si eye emae ana ‘woate ɖe Mawu ŋu.’—Heb. 7:​18, 19.

5. Nu ka gɔmee Hebritɔwo ƒe Agbalẽa akpe ɖe mía ŋu míase, eye nu ka tae?

5 Paulo ɖe eme na Hebri Kristotɔwo be ale si wole Yehowa subɔm fifia nyo sãsãsã wu ale si wowɔe va yi. Ena wonya be nu vovovo siwo Yudasubɔsubɔ bia nye “nu siwo ava va la ƒe vɔvɔli, ke nua ŋutɔŋutɔ le Kristo la me.” (Kol. 2:17) Nane ƒe vɔvɔli nye nua ƒe nɔnɔme ko, ke menye nua ŋutɔŋutɔ o. Nenema kee ale si Yudatɔwo subɔ Mawu nye vɔvɔli ko, elabe subɔsubɔ si nyo wu ava xɔ ɖe eteƒe. Ele be míase ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la gɔme ale be míaƒe subɔsubɔ nadze eŋu. Mina míatsɔ “vɔvɔli” la (blema Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ) kple “nua ŋutɔŋutɔ” (Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ) asɔ kple wo nɔewo abe ale si woɖe eme le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me ene. Esia akpe ɖe mía ŋu míase gbɔgbɔmegbedoxɔa kple akpa si wɔm míele le eme gɔme nyuie.

AVƆGBADƆ LA

6. Aleke wozã avɔgbadɔa le blema?

6 Ale si wònɔ le blema. Le Paulo ƒe numeɖeɖea mea, eƒo nu tso avɔgbadɔ si Mose tu le ƒe 1512 D.Y. mea ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Wònɔ Le Blema—Nu Si Wòfia Na Kristotɔwo.”) Le gɔmedzedzea mea, Israel-viwo kɔa avɔgbadɔa tso teƒe yi teƒe le woƒe mɔzɔzɔa me. Wozãe ƒe 500 aɖewo va se ɖe esime wotu gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ ɖe Yerusalem. (2 Mose 25:​8, 9; 4 Mose 9:22) “Takpegbadɔ” sia nye teƒe si koŋ Israel-viwo saa vɔ na Mawu hesubɔnɛ le. (2 Mose 29:​43-46) Ke hã, takpegbadɔa alo avɔgbadɔa gale tsitre ɖi na nane si lolo wu si le ŋgɔ si ƒe ɖoɖo wowɔ na Kristotɔwo.

7. Tso ɣekaɣie gbɔgbɔmegbedoxɔa te dɔwɔwɔ?

7 Nu si wòfia na Kristotɔwo. Avɔgbadɔa nye “dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli,” eye wòle tsitre ɖi na Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la. Paulo gblɔ be: “Agbadɔ [alo, avɔgbadɔ] sia tututu nye kpɔɖeŋu na nu siwo li le fifi ɣeyiɣi sia me.” (Heb. 8:5; 9:9) Kaka Paulo naŋlɔ Hebritɔwo ƒe agbalẽa, gbɔgbɔmegbedoxɔ ƒe ɖoɖoa te dɔwɔwɔ na Kristotɔwo xoxo. Ete dɔwɔwɔ tso ƒe 29 K.Ŋ. Ƒe ma mee Yesu xɔ nyɔnyrɔ, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe edzi, eye wòte subɔsubɔ le gbɔgbɔmegbedoxɔa me, abe Yehowa ƒe “nunɔlagã” ene. cHeb. 4:14; Dɔw. 10:​37, 38.

NUNƆLAGÃ LA

8-9. Le Hebritɔwo 7:​23-27 ƒe nya nua, vovototo kae le nunɔlagã siwo nɔ Israel kple Nunɔlagã, Yesu Kristo dome?

8 Ale si wònɔ le blema. Nunɔlagã la xɔa ŋgɔ na Mawu ƒe amewo le subɔsubɔ me. Yehowa ŋutɔe ɖo Aron wònye Israel ƒe nunɔlagã gbãtɔ esime wokɔ avɔgbadɔa ŋu. Ke hã abe ale si Paulo gblɔe enea, “ame geɖewo va zu nunɔlawo ɖe wo nɔewo yome le esi ku meɖe mɔ be woayi edzi asubɔ o ta.” d (Xlẽ Hebritɔwo 7:​23-27.) Eye esi nunɔlagã mawo mede blibo o taa, ehiã be woasa vɔ ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta. Esia na míekpɔ vovototo gã aɖe le Israel ƒe nunɔlagãwo kple Nunɔlagã si de ŋgɔ wu, si nye Yesu Kristo dome.

9 Nu si wòfia na Kristotɔwo. Yesu Kristoe nye míaƒe Nunɔlagã la, “eyae nye . . . agbadɔ vavã si Yehowa tu, eye menye amee tui o, la ƒe subɔla.” (Heb. 8:​1, 2) Paulo ɖe eme be esi “[Yesu] le agbe yi mavɔmavɔ me ta la, ame aɖeke mexɔna ɖe eƒe nunɔlanyenye la teƒe o.” Paulo gblɔ kpee be Yesu nye ame “si ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o, si te ɖa tso nu vɔ̃ ŋu,” eya ta mehiã be “wòanɔ vɔ sam gbe sia gbe” ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Israel ƒe nunɔlagãwo wɔe ene o. Azɔ míakpɔ ale si blema vɔsamlekpuiwo kple vɔ siwo wosana le wo dzi to vovo na Kristotɔwo tɔ.

VƆSAMLEKPUIAWO KPLE VƆSAAWO

10. Nu kae vɔ siwo wosa le akɔblivɔsamlekpuia dzi nye vɔvɔli na?

10 Ale si wònɔ le blema. Woɖi akɔblivɔsamlekpui ɖe avɔgbadɔa ƒe mɔnu si dzi wotsɔa lãwo saa vɔ ɖo na Yehowa. (2 Mose 27:​1, 2; 40:29) Gake vɔsa mawo mate ŋu aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ o. (Heb. 10:​1-4) Ale si wotsɔa lãwo nɔa vɔ sam le avɔgbadɔa me nye vɔvɔli na vɔsa ɖeka aɖe si atutu amegbetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ.

11. Vɔsamlekpui ka dzie Yesu tsɔ eɖokui sa vɔ le? (Hebritɔwo 10:​5-7, 10)

11 Nu si wòfia na Kristotɔwo. Yesu nyae be Yehowa dɔ ye ɖe anyigba dzi be yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafevɔsa ɖe amegbetɔwo ta. (Mat. 20:28) Eya ta esi Yesu xɔ nyɔnyrɔa, etsɔ eɖokui na be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Yoh. 6:38; Gal. 1:4) Kpɔɖeŋuvɔsamlekpui si dzi Yesu tsɔ eɖokui sa vɔ ɖo la le tsitre ɖi na Yehowa ƒe “lɔlɔ̃nu” si nye be Via Yesu natsɔ eƒe agbe debliboa asa vɔe. Eya ta Yesu tsɔ eƒe agbe na be wòanye fexexe ɖe ame sia ame si xɔa edzi sena ƒe nu vɔ̃wo ta “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.” (Xlẽ Hebritɔwo 10:​5-7, 10.) Azɔ na míakpɔ nu siwo le avɔgbadɔa me kple nu siwo wole tsitre ɖi na.

KƆKƆEƑE LA KPLE KƆKƆEƑEWO ƑE KƆKƆEƑE LA

12. Ame kawoe gena ɖe Kɔkɔeƒe la, eye ame kae tea ŋu gena ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la?

12 Ale si wònɔ le blema. Avɔgbadɔa kple gbedoxɔ si wotu emegbe le Yerusalem la ƒe nɔnɔmewo sɔ. Dometsotso eve ye nɔ eme—“Kɔkɔeƒe la” kple “Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la.” Xɔmetsovɔ gã aɖee ma teƒe eveawo dome. (Heb. 9:​2-5; 2 Mose 26:​31-33) Nu siwo le Kɔkɔeƒe lae nye sikakaɖiti, dzudzɔdomlekpui kple ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃. ‘Nunɔla siwo wosi ami na’ koe kpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒea awɔ woƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe la. (4 Mose 3:​3, 7, 10) Nu si le Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe lae nye nubablaɖakaa, si fia be Yehowa le wo dome. (2 Mose 25:​21, 22) Nunɔlagã la koe kpɔ mɔ ato xɔmetsovɔa ŋu age ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea ƒe sia ƒe le Avuléŋkekea dzi. (3 Mose 16:​2, 17) Zi ɖeka le ƒea mea, etsɔa lãwo ƒe ʋu gena ɖe afi ma tsɔ léa avu ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple dukɔ bliboa ƒe nu vɔ̃wo ta. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na nu si avɔgbadɔa ƒe akpa vovovoawo le tsitre ɖi naa me va kɔ.—Heb. 9:​6-8. e

13. Nu kae avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒe la kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la fia na Kristotɔwo?

13 Nu si wòfia na Kristotɔwo. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Kristo ƒe nusrɔ̃la aɖewo eye mɔnukpɔkpɔ su wo si be wova le ƒomedodo tɔxɛ me kple Yehowa. Ame siawo ƒe xexlẽmee nye 144,000. Woanye nunɔlawo asubɔ kple Yesu le dziƒo. (Nyaɖ. 1:6; 14:1) Avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒea fia be Mawu xɔ wo abe viawo ene esime wokpɔtɔ le anyigba dzi. (Rom. 8:​15-17) Avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la le tsitre ɖi na dziƒo, si nye Yehowa nɔƒe. “Xɔmetsovɔ” si ma Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea dome le tsitre ɖi na Yesu ƒe amegbetɔŋutilã. Eye mate ŋu atsɔ ŋutilã ayi dziƒo ava subɔ abe Nunɔlagã ene le gbɔgbɔmegbedoxɔa me o. Eya ta esi Yesu tsɔ eƒe amegbetɔŋutilãa sa vɔe la, eʋu mɔ na Kristotɔ amesiaminawo katã be woava nɔ agbe le dziƒo. Amesiaminawo hã mate ŋu atsɔ woƒe amegbetɔŋutilã ayi dziƒo o. (Heb. 10:​19, 20; 1 Kor. 15:50) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre eye wòyi dziƒoa, ege ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la, eye emegbe amesiaminawo katã ava wɔ ɖeka kplii le afi ma.

14. Le Hebritɔwo 9:​12, 24-26 ƒe nya nua, nu ka tae Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa de ŋgɔ wu?

14 Edze ƒãa be ɖoɖo si Yehowa wɔ na tadedeagu dzadzɛa si nɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa kple akpa si wòawɔ abe nunɔlagã ene dzia, de ŋgɔ sãsãsã wu blema tɔ. Israel-viwo ƒe nunɔlagãa tsɔa lãwo ƒe ʋu gena ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe si wotsɔ asi wɔ, gake Yesu ya yi ɖe “dziƒo ŋutɔŋutɔ,” si nye teƒe si le kɔkɔe wu ɖe sia ɖe eye wòdo ɖe Yehowa ŋkume. Etsɔ eƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔe ɖe mía ta ƒe asixɔxɔ do ɖe Yehowa gbɔ “be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa.” (Xlẽ Hebritɔwo 9:​12, 24-26.) Yesu ƒe vɔsaa nye vɔsa gãtɔ kekeake si atutu nu vɔ̃wo ɖa tegbee. Míeɖale mɔ kpɔm be míanɔ agbe le dziƒo alo anyigba dzi o, mí katã míate ŋu asubɔ Yehowa le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. Na míakpɔe ɖa.

XƆXƆNUAWO

15. Ame kawoe subɔna le avɔgbadɔa ƒe xɔxɔnu?

15 Ale si wònɔ le blema. Xɔxɔnu ɖekae le avɔgbadɔa si, si nye gbadzaƒe aɖe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo eye afi mae nunɔlawo wɔa dɔ vovovowo le. Nu siwo le xɔxɔnuawoe nye numevɔsamlekpui gã la kple akɔblize si me tsi le, si nunɔlawo zãna tsɔ klɔa wo ɖokui ŋu hafi wɔa woƒe subɔsubɔdɔwo. (2 Mose 30:​17-20; 40:​6-8) Gake woɖe xɔxɔnu gotatɔ aɖe hã na gbedoxɔ siwo wova tu emegbe, eye afi mae ame siwo menye nunɔlawo o yina ɖasubɔa Mawu le.

16. Ame kawoe le subɔsubɔm le gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu emetɔ kple xɔxɔnu gotatɔa?

16 Nu si wòfia na Kristotɔwo. Hafi Yesu nɔvi amesiaminawo nava subɔ abe nunɔlawo ene kple Yesu le dziƒoa, ele be woayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le gbɔgbɔmegbedoxɔ si le anyigba dzi la ƒe xɔxɔnu emetɔ la me. Akɔblize si me tsi lea ɖoa ŋku edzi na amesiaminawo kple Kristotɔwo katã be ele vevie be woayi edzi anɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ me. Gbedoxɔa ƒe akpa kae “ameha gã” si le asi kpem ɖe Kristo nɔvi amesiaminawo ŋua, subɔna le? Apostolo Yohanes kpɔ wo wole “tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ,” afi si le tsitre ɖi na xɔxɔnu gotatɔ le anyigba dzi. Afi mae ‘wole subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na Mawu le zã kple keli le eƒe gbedoxɔa me.’ (Nyaɖ. 7:​9, 13-15) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míele subɔsubɔm le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me!

MƆNUKPƆKPƆ GÃE WÒNYE BE MÍASUBƆ YEHOWA

17. Nu kawoe míate ŋu atsɔ asa vɔ na Yehowa?

17 Egbea, mɔnukpɔkpɔ su mí Kristotɔwo katã si be míatsɔ míaƒe ŋusẽ, ɣeyiɣi, kple nunɔamesiwo asubɔ Yehowa eye míado Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Apostolo Paulo gblɔ na Hebri Kristotɔwo be míatsɔ “kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam ɣesiaɣi, si nye míaƒe nuyi si míetsɔ ʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.” (Heb. 13:15) Míate ŋu atsɔ míaƒe nu nyuitɔwo ana Yehowa atsɔ aɖee afia be míedea asixɔxɔ akpa si wɔm míele le esubɔsubɔ mea ŋu.

18. Abe ale si Hebritɔwo 10:​22-25 gblɔe enea, nu kae wòle be míawɔ ɣesiaɣi, eye nu kae wòle be wòatsi susu me na mí?

18 Xlẽ Hebritɔwo 10:​22-25. Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo ƒe nuwuwua, egblɔ nu vevi siwo wòle be míanɔ wɔwɔm ɣesiaɣi le Yehowa subɔsubɔ me. Woawoe nye gbedodoɖa na Yehowa, gbeƒãɖeɖe, hame ƒe kpekpewo dede, kple dzidedeƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi ‘míekpɔ be Yehowa ƒe ŋkeke la le ɖoɖom.’ Mawudɔla si le nu ƒom na mí gblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe nuwuwu lɔƒo be: “[Mide] ta agu na Mawu!” Egblɔ nya sia zi eve sɔŋ tsɔ te gbe ɖe eƒe vevienyenye dzi. (Nyaɖ. 19:10; 22:9) Neva eme be nyateƒea ƒe nufiafia goglo sia si ku ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ŋua natsi susu me na mí eye míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si wònye na mí be míasubɔ mía Mawu gã la ŋu!

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

a Mawu ƒe Nya la me nufiafia goglowo dometɔ ɖekae nye esi ku ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ŋu. Nu kae gbedoxɔ ma nye? Le nyati sia mea, míadzro nya si Hebritɔwo ƒe agbalẽa gblɔ tso gbedoxɔ sia ŋu me. Akpe ɖe ŋuwò nàde asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ gã si su asiwò be nàsubɔ Yehowa ŋu.

b Be nànya nu siwo ŋu Hebritɔwo ƒe agbalẽa ku ɖoa, kpɔ video si nye Hebritɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya le jw.org.

c Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo mea, Hebritɔwo ƒe agbalẽa me koe woyɔ Yesu le be Nunɔlagã.

d Numekugbalẽ aɖe gblɔ be kaka woatsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 K.Ŋ. mea, nunɔlagã vovovo 84 ye subɔ le gbedoxɔa me le Israel.

e Be nàse nu si nunɔlagãa wɔna le Avuléŋkekea dzi gɔmea, kpɔ video si nye Avɔgbadɔ La si le jw.org.

g Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Gbɔgbɔ La Ðe Nu Si Gbɔgbɔmegbedoxɔa Fia La Me,” si dze le July 15, 2010, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 22.