Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Esia Kpɔ

Te Esia Kpɔ

Ale Si Nàwɔ Ake Ðe Numekɔkɔ Yeye Siwo Su Mía Si Ŋu

Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míele ɣeyiɣi si me Yehowa na Biblia me nyateƒea me le kɔkɔm ɖe edzi wua me. (Dan. 12:4) Togbɔ be ele alea hã, ate ŋu asesẽ na mí be míatrɔ ɖe numekɔkɔ yeye siwo su mía si fifia le ale si míese Biblia me nyateƒe aɖewo gɔmee ŋua ŋu. Afi kae míakpɔ numekɔkɔ kple numeɖeɖe siawo le?

• Le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo mea, woɖo nyatiwo ɖe ɖoɖo nu. Yi akpa si nye “Yehowa Ðasefowo,” nàyi “Míaƒe Nuŋububu Kple Dzixɔsewo,” eyome nàyi “Míaƒe Dzixɔsewo Ŋuti Numekɔkɔ Yeyewo.”

Ðe manyo be nàɖoe wò taɖodzinu aku nu me le Ŋɔŋlɔawo me gɔmesese yeye aɖe si su mía si fifia ŋu le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me eye nàkpɔ susu si tae numekɔkɔ yeyea sɔ nyuie oa?