Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Esia Kpɔ

Te Esia Kpɔ

Srɔ̃ Míaƒe Hawo Woatsi Susu Me Na Wò

“Ne dzi ɖe le ƒonyea, Yehowa toa míaƒe ha siwo le JW Nyakakadɔwɔƒea dzi dea dzi ƒo nam.”—Lorraine, U.S.A.

Tso blema kea, hadzidzi nye Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Ne èlé ‘gbɔgbɔmeha’ siawo ɖe susu mea, aɖe vi na wò ne eva dzɔ be mèlé hadzigbalẽ alo wò elektrɔnikmɔ̃ ɖe asi o gɔ̃ hã. (Kol. 3:16) Be ha siawo natsi susu me na wòa, te aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna kpɔ.

  • Xlẽ hagbeawo nyuie be nàse wo gɔme. Ne èse nya aɖe gɔme nyuiea, àte ŋu aɖo ŋku edzi bɔbɔe. Àkpɔ ha siwo míedzina le kpekpeawo, míaƒe hakpakpawo kple ɖeviwo ƒe hawo katã me nyawo le jw.org. Yi akpa si nye, Agbalẽwo Kple Nu Bubuwo, eye nàʋu Hawo.

  • Gbugbɔ ŋlɔ hagbeawo ɖe agbalẽ dzi. Esia awɔe be nàte ŋu aɖo ŋku haa me nyawo dzi bɔbɔe.—5 Mose 17:18.

  • Srɔ̃ haa nàɖu tu nɛ. Kɔ gbe dzi nàxlẽ emenyawo alo nàdzii enuenu.

  • Do ɖokuiwò kpɔ. Dze agbagba nàdzi haa tso susu me, eye nàkpɔe ɖa be àte ŋu aɖo ŋku hagbeawo katã dzi hã.