Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 1

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Be Nàɖu Vɔvɔ̃ Dzi

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Be Nàɖu Vɔvɔ̃ Dzi

ƑE 2024 ƑE MAWUNYAKPUKPUIA: “Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa dzi ɖe ŋuwò.”PS. 56:3.

TAÐODZINUA

Míasrɔ̃ ale si míagaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu ale be míaɖu vɔvɔ̃ dzi.

1. Nu kawoe ate ŋu ana míavɔ̃ ɣeaɖewoɣi?

 AME SIA AME vɔ̃na ɣeaɖewoɣi. Ele eme be Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe mía ŋu be míegavɔ̃na na kukuawo, gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple nu si ava dzɔ le etsɔme o. Gake míele ɣeyiɣi si me “nu dovoɖinamewo” abe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, kple dɔléle ene bɔ ɖo me. (Luka 21:11) Azɔ hã ate ŋu adzɔ be míavɔ̃ dziɖuɖumegã siwo tia mía yome, ƒometɔ alo ame bubu siwo tsi tre ɖe nyateƒea ŋu. Ame aɖewo hã vɔ̃na be yewomate ŋu ado dzi le xaxa siwo me tom yewole fifia alo esiwo ava le etsɔmea me o.

2. Nɔnɔme ka mee David ɖo esime wònɔ Gat?

2 Vɔvɔ̃ ɖo David ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia Saul nɔ eyome tim be yeawuia, esi yi Filistitɔwo ƒe du si nye Gat me. Medidi o, Gat-fia Akis de dzesii be David ye nye aʋakalẽtɔ si wokpa ha na be ‘ewu Filistitɔ akpe ewowo.’ Esia na David ‘vɔ̃ ŋutɔ’ eye wòtsi dzimaɖi be Akis atu nu kpli ye. (1 Sam. 21:​10-12) Aleke David wɔ ɖu vɔvɔ̃ ma dzi?

3. Le Psalmo 56:​1-3, 11 la, aleke David wɔ te ŋu ɖu vɔvɔ̃ dzi?

3 David gblɔ ale si wònɔ sesem le eɖokui me esime wònɔ Gat la ɖe Psalmo 56 lia me. Le psalmo ma mea, David gblɔ nu siwo na wòvɔ̃ kple nu si kpe ɖe eŋu wòɖu vɔvɔ̃ dzi. Egblɔ be ne vɔvɔ̃ ɖo yea, yeɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu. (Xlẽ Psalmo 56:​1-3, 11.) David wɔe nyuie be wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Yehowa kpe ɖe David ŋu wòdze aɖaŋu ale be wòte ŋu wɔ nane tsɔ do le nɔnɔme ma me; edo aɖaʋa eɖokui. Esia wɔe be Akis megaxa wu David o, ke boŋ eɖe asi le eŋu wòdzo.—1 Sam. 21:13–22:1.

4. Aleke míawɔ aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Míawo hã míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzi ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Gake aleke míawɔ aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, vevietɔ ne vɔvɔ̃ ɖo mí? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne èva nya be dɔléle sesẽ aɖe le ye ŋua, ɖewohĩ vɔvɔ̃ aɖo wò. Gake tsɔe be èyi kɔdzi eye nèkpɔ ɖɔkta aɖe si kpe ɖe ame geɖe siwo lé dɔ ma ŋu. Ðɔktaa gbɔ dzi ɖo to wò hese wò nɔnɔmea gɔme nyuie, edo wò kpɔ eye wòna atike aɖewo wò heka ɖe edzi na wò be àhaya. Ðikeke mele eme o be àka ɖe ɖɔktaa dzi eye màgavɔ̃ abe tsã ene o. Nenema kee ne míedea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ va yi, nu siwo wɔm wòle fifia, kple nu siwo wòava wɔ le etsɔme ŋua, míagaɖo ŋu ɖe eŋu geɖe wu. Nu sia tututue David wɔ. Azɔ na míadzro nya siwo gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ le Psalmo 56 lia me. Esi míele wo me dzromaa, de ŋugble le nu siwo wò hã nàte ŋu awɔ be nàgaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu eye nàɖu vɔvɔ̃ dzi ŋu.

NU SIWO YEHOWA WƆ VA YI

5. Nu kawo ŋue David de ŋugble le si na wòte ŋu ɖu vɔvɔ̃ dzi? (Psalmo 56:​12, 13)

5 David tsɔ susu ɖo nu siwo Yehowa wɔ va yi ŋu togbɔ be eƒe agbe ɖo afɔku me hã. (Xlẽ Psalmo 56:​12, 13.) Le nyateƒe mea, nenemae David wɔe le eƒe agbe me katã. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣia, edea ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye esia ɖoa ŋku edzi nɛ be Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ eye wòlɔ̃ amegbetɔwo vevie. (Ps. 65:​6-9) David dea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ na ame bubuwo hã ŋu. (Ps. 31:19; 37:​25, 26) Tsɔ kpe ɖe eŋua, David dea ŋugble vevie le nu siwo Yehowa wɔ na eya ŋutɔ hã ŋu. Yehowa kpe ɖe eŋu hekpɔ eta tso eƒe ɖevime ke. (Ps. 22:​9, 10) Ðikeke mele eme o be ŋugbledede le nu mawo ŋu na David gaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.

David tsɔ susu ɖo nu siwo Yehowa wɔ va yi, nu siwo wɔm wòle, kple nu siwo wòava wɔ le etsɔmea ŋu, eye esia kpe ɖe eŋu wòdo dzi ɖe Yehowa ŋu (Kpɔ memama 5, 8, 12) d


6. Ne vɔvɔ̃ ɖo wòa, nu kawoe nàte ŋu awɔ be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

6 Ne vɔvɔ̃ ɖo wòa, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kawoe Yehowa wɔ xoxo?’ De ŋugble le eƒe nuwɔwɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ‘míelé ŋku ɖe’ dziƒoxewo kple seƒoƒowo ŋua, míekpɔnɛ be Yehowa léa be na wo, evɔ mewɔ wo ɖe eƒe nɔnɔme nu o eye womate ŋu asubɔe hã o. Ŋugbledede alea ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa alé be na mí. (Mat. 6:​25-32) De ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ na esubɔlawo va yi hã ŋu. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso nuteƒewɔla aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu, alo nàxlẽ Yehowa subɔla siwo li egbea dometɔ aɖe ƒe ŋutinya. a Azɔ hã, de ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò va yi ŋu. Aleke wòkpe ɖe ŋuwò nèva nya nyateƒea? (Yoh. 6:44) Aleke wòɖo wò gbedodoɖawo ŋui? (1 Yoh. 5:14) Aleke Via malɔ̃nugbɔa ƒe vɔsa le vi ɖem na wòe?—Ef. 1:7; Heb. 4:​14-16.

Ne èdia ɣeyiɣi dea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ va yi, nu siwo wɔm wòle fifia, kple nu siwo wòava wɔ le etsɔme ŋua, esia ana nàgaka eyama dzi geɖe wu (Kpɔ memama 6, 9-10, 13-14) e


7. Aleke Daniel ƒe ŋutinya kpe ɖe Vanessa ŋu wòɖu vɔvɔ̃ dzi?

7 Bu nɔnɔme aɖe si me Vanessa b si le Haiti toa ŋu kpɔ. Ŋutsu aɖe si le woƒe nutoa mea nɔa ahiã dimee vevie; eƒoa ka nɛ eye wòɖoa message ɖee gbe sia gbe. Gake Vanessa gbe gbidii. Esia na ŋutsua do dziku eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeatu nu kplii. Vanessa gblɔ be, “Vɔvɔ̃ ɖom ale gbegbe.” Aleke wòwɔ ɖu vɔvɔ̃a dzi? Eɖe afɔ aɖewo tsɔ kpɔ eɖokui ta. Hamemetsitsi aɖe kpe ɖe eŋu wòtsɔ nyaa yi na setɔwo. Gake eya ŋutɔ hã de ŋugble le ale si Yehowa kpɔ esubɔlawo ta va yi ŋu. Egblɔ be: “Ame gbãtɔ si va susu me nam ye nye nyagblɔɖila Daniel. Wotsɔe ƒu gbe ɖe do si me dzata siwo dɔ nɔ wuwum vevie le la me, evɔ meɖi fɔ hafi o. Gake Yehowa kpɔ eta. Medo gbe ɖa na Yehowa eye megblẽ nya bliboa ɖe esi me. Esia megbea, nyemegavɔ̃na o.”—Dan. 6:​12-22.

NU SI WƆM YEHOWA LE FIFIA

8. Nu ka dzie David ka ɖo? (Psalmo 56:8)

8 Togbɔ be David ƒe agbe ɖo afɔku me esime wònɔ Gat hãa, meɖe mɔ vɔvɔ̃ ɖu edzi o. Ke boŋ, etsɔ susu ɖo nu siwo wɔm Yehowa le nɛ le ɣeyiɣi ma me ŋu. David de dzesii be Yehowa nɔ mɔ fiam ye henɔ ye ta kpɔm, eye wòse yeƒe seselelãmewo gɔme. (Xlẽ Psalmo 56:8.) Xɔlɔ̃ nyuiwo hã nɔ David si siwo kpe ɖe eŋu eye wode dzi ƒo nɛ; ɖewoe nye Yonatan kple Nunɔlagã Ahimelek. (1 Sam. 20:​41, 42; 21:​6, 8, 9) Eye togbɔ be Fia Saul di be yeawu David hã, ete ŋu si le enu. David ka ɖe edzi be Yehowa nya xaxa siwo me tom yele kple ale si yele sesem le ye ɖokui mea nyuie.

9. Ne míele xaxawo me tomaa, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

9 Ne nɔnɔme aɖe wɔe be vɔvɔ̃ ɖo wòa, ɖo ŋku edzi be Yehowa nya nu si me tom nèle kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me. Le kpɔɖeŋu me, menye ale si wosẽ ŋuta le Israel-viwo ŋu le Egipte ɖeɖe koe Yehowa kpɔ o. Biblia gblɔ be enya ‘fu siwo kpem wonɔ la nyuie,’ si fia be enya veve si sem wonɔ hã. (2 Mose 3:7) David dzi ha be Yehowa nya yeƒe “fukpekpewo” kple “nuxaxawo” nyuie. (Ps. 31:7) Eye esi Mawu ƒe amewo nɔ fu kpem le woawo ŋutɔ ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta gɔ̃ hã, “eya hã se veve.” (Yes. 63:9) Ne wò kuxiwo wɔe be vɔvɔ̃ ɖo wòa, Yehowa nya ale si nèle sesem le ɖokuiwò me eye edi vevie be yeakpe ɖe ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ dzi.

10. Nu kae na nèka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò eye akpe ɖe ŋuwò?

10 Ne èle nɔnɔme dziŋɔ̃ aɖe mea, ɖewohĩ asesẽ be nàde dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwòe. Eya ta biae be wòakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ade dzesii. (2 Fia. 6:​15-17) Eyome bu biabia siawo ŋu kpɔ: Ðe nèse nuƒo alo nyaŋuɖoɖo aɖe le kpekpeawo me si do ŋusẽ wòa? Ðe míaƒe agbalẽ, video, alo hakpakpa aɖe de dzi ƒo na wòa? Ðe nɔvi aɖe xlẽ mawunyakpukpui aɖe alo gblɔ nya aɖe tsɔ de dzi ƒo na wòa? Ele bɔbɔe be míaŋlɔ ale si gbegbe mía nɔviwo ƒe dzideƒonyawo doa ŋusẽ mí kple ale si Ŋɔŋlɔawo faa akɔ na míi la be. Gake le nyateƒe mea, Yehowa toa esiawo dzi kpena ɖe mía ŋu; wonye nunana tso egbɔ. (Yes. 65:13; Marko 10:​29, 30) Woɖenɛ fiana be Yehowa léa be na wò. (Yes. 49:​14-16) Eye woɖo kpe edzi be àte ŋu aka ɖe Yehowa dzi bliboe.

11. Nu kae kpe ɖe Aida ŋu wòɖu vɔvɔ̃ dzi?

11 Nɔvinyɔnu Aida si le Senegal de dzesi ale si Yehowa kpe ɖe eŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Esi eyae nye vi tsitsia ta, edzilawo nɔ mɔ kpɔm be wòawɔ dɔ akpɔ ga geɖe ne wòakpɔ eya ŋutɔ kple ƒomea me tɔ susɔeawo dzi. Gake Aida nɔ agbe tsɛ ale be wòate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Esia ta ganyawo meva de edzi o. Eƒe ƒometɔwo do dziku eye wohe nya ɖe eŋu vevie. Egblɔ be: “Menɔ vɔvɔ̃m be nyemate ŋu akpɔ dzinyelawo dzi o, eye ame sia ame agbe nu le gbɔnye. Mebu fɔ Yehowa gɔ̃ hã be wòɖe mɔ nuwo va yi alea.” Emegbe Aida se nuƒo aɖe le kpekpe me. Egblɔ be: “Nuƒolaa ɖe eme be Yehowa nya nu siwo gbegbe me tom mía dometɔ ɖe sia ɖe le. Hamemetsitsiwo kple nɔvi bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo hã kpe ɖe ŋunye be ʋɛʋɛʋɛa, meva ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃m eye esea nye gbedodoɖa. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa enuenu, eye esi mekpɔ ale si wòɖo wo ŋua, nye dzi dze eme.” Ɣeyiɣi aɖe megbea, Aida va kpɔ dɔ aɖe si kpe ɖe eŋu wòyi mɔɖeɖedɔa dzi, eye wòtea ŋu kpena ɖe edzilawo kple ame bubuwo hã ŋu. Egblɔ be: “Mesrɔ̃ ale si maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Fifia ya ne menya do gbe ɖa koa, nyemegavɔ̃na o.”

NU SIWO YEHOWA AWƆ LE ETSƆME

12. Le Psalmo 56:9 ƒe nya nua, nu ka dzie David ka ɖo?

12 Xlẽ Psalmo 56:9. Mawunyakpukpui sia na míekpɔ nu bubu aɖe si David wɔ be wòte ŋu ɖu vɔvɔ̃ dzi. Eyae nye be togbɔ be eƒe agbe ɖo afɔku me hãa, ede ŋugble le nu siwo Yehowa awɔ nɛ le etsɔme ŋu. David nya be Yehowa axɔ na ye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Elabe Yehowa ŋutɔ gblɔ be ava ɖu fia ɖe Israel dzi. (1 Sam. 16:​1, 13) David ka ɖe edzi be Yehowa awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi godoo.

13. Nu ka dzie míeka ɖo be Yehowa awɔ na mí?

13 Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na wò? Míekpɔa mɔ be wòaxe mɔ ɖe míaƒe kuxiwo katã nu o. c Gake kuxi ka kee ava mía dzi le xexe sia me o, Yehowa aɖee ɖa le xexe yeye si gbɔna me. (Yes. 25:​7-9) Ŋusẽ le mía Wɔlaa si be wòafɔ kukuawo ɖe tsitre, wòada dɔ na mí, eye wòaɖe futɔwo katã ɖa.—1 Yoh. 4:4.

14. Nu ka ŋue míate ŋu ade ŋugble le?

14 Ne vɔvɔ̃ ɖo wòa, de ŋugble le nu siwo Yehowa awɔ le etsɔme ŋu. Bu ale si nàse le ɖokuiwò me ne Satana kple ame vɔ̃ɖiwo megali o, ke ame dzɔdzɔewo sɔŋ koe le anyigba dzi eye míeva le blibo dem vivivi gbe sia gbe ŋu kpɔ. Míekpɔ wɔwɔfia aɖe le ƒe 2014 takpekpe gãa me si ɖe ale si míate ŋu ade ŋugble le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋui fia. Le wɔwɔfia ma mea, vifofo aɖe dzro 2 Timoteo 3:​1-5 me kple eƒe ƒomea, eye wòtrɔ asi le kpukpui ma me nyawo ŋu be wòaku ɖe ale si agbea anɔ le Paradisoa me ŋu. Egblɔ be: “Le xexe yeyea mea, dzidzɔ sɔŋ axɔ aƒe ɖi. Elabe amewo anye ame siwo lɔ̃a ame, ame siwo dea asixɔxɔ woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu, ame siwo nya afi si woƒe ŋutete se ɖo, ɖokuibɔbɔlawo, ame siwo kafua Mawu, ame siwo ɖoa to wo dzilawo, akpedalawo, nuteƒewɔlawo, ame siwo lɔ̃a woƒe ƒometɔwo vevie, ame siwo lɔ̃na ɖe ɖoɖo dzi, ame siwo ƒoa nu nyui tso ame bubuwo ŋu ɣesiaɣi, ɖokuidziɖulawo, ame fafawo, nu nyui lɔ̃lawo, ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, ame siwo lɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susu dzi, ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi le dzi me, ame siwo lɔ̃a Mawu tsɔ wu be woalɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ, ame siwo ƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be wotsɔ wo ɖokuiwo na Mawu vavã; ku ɖe ame siawo ŋu goŋgoŋ.” Ðe nèɖoa dze kple wò ƒomea alo nɔvi bubuwo tso ale si agbea ava nɔ le xexe yeyea me ŋua?

15. Togbɔ be vɔvɔ̃ ɖo Tanja hãa, nu kae kpe ɖe eŋu wòyi edzi wɔ nuteƒe?

15 Ŋugbledede le míaƒe etsɔmeyayrawo ŋu kpe ɖe Nɔvinyɔnu Tanja, si le North Macedonia ŋu wòɖu vɔvɔ̃ dzi. Esi wònɔ Biblia srɔ̃maa, edzilawo tsi tre ɖe eŋu vevie. Egblɔ be: “Nu siwo menɔ vɔvɔ̃m be woadzɔ la dzɔ hã vavã. Ɣesiaɣi si megbɔ tso kpekpea, nɔnye ƒoam. Dzinyelawo do ŋɔdzi nam be ne meka atse zu Yehowa Ðasefoa, yewoawum.” Mlɔeba, Tanja dzilawo nyae le aƒe me. Aleke wòwɔ nui? Egblɔ be: “Metsɔ susu ɖo ale si nye nuteƒewɔwɔ ana mava kpɔ dzidzɔ le etsɔme tegbeea ŋu. Medea ŋugble le ale si Yehowa ava ɖo nu sia nu si abu nam fifia la teƒe nam le xexe yeyea me ŋu. Mebua ale si míava ŋlɔ nu siawo katã be hã ŋu.” Tanja yi edzi wɔ nuteƒe. Eye Yehowa kpe ɖe eŋu wòkpɔ teƒe aɖe nɔ. Eva kpɔ nɔviŋutsu nyui aɖe ɖe. Fifia, wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm eye wole dzidzɔ kpɔm.

YI EDZI NÀKA ÐE YEHOWA DZI

16. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo ne nyagblɔɖi si le Luka 21:​26-28 le eme vam?

16 Le xaxa gãa mea, “amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ . . . ta.” Gake dzi anɔ Mawu ƒe amewo ya ƒo eye woanɔ te sesĩe. (Xlẽ Luka 21:​26-28.) Nu ka tae? Elabe míesrɔ̃ ale si míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu xoxo. Tanja, si ŋu míeƒo nu tsoe la, de dzesii be nu siwo me yeto va yia, kpe ɖe ye ŋu be yete ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔme sesẽ bubuwo nu. Egblɔ be: “Meva kpɔe be Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me eye wòayra mí.” Egblɔ kpee be: “Ɣeaɖewoɣia, edzena abe ŋusẽ le amewo si ene, gake le nyateƒe mea, ŋusẽ le Yehowa si sãsãsã wu wo. Eye aleke kee míaƒe xaxawo nu sẽe o, wo nu ayi godoo.”

17. Aleke ƒe 2024 ƒe mawunyakpukpuia akpe ɖe mía ŋui? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

17 Egbea, nu geɖe ate ŋu ana míavɔ̃. Gake abe David enea, mele be míaɖe mɔ vɔvɔ̃ naɖu mía dzi o. David do gbe ɖa be: “Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa dzi ɖe ŋuwò.” (Ps. 56:3) Gbedodoɖa mae nye ƒe 2024 ƒe mawunyakpukpuia. Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso kpukpui sia ŋu be, David “meyia edzi nɔa nu siwo nana vɔvɔ̃ ɖonɛ la ŋu bum o, ke boŋ eɖoa ŋu ɖe Ame si axɔ nɛ ŋu.” Le ɣleti siwo gbɔna mea, de ŋugble le ƒea ƒe mawunyakpukpuia ŋu, vevietɔ ne kuxi sesẽwo va dziwò. Di ɣeyiɣi nàde ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ va yi, nu siwo wɔm wòle fifia, kple nu siwo wòava wɔ le etsɔmea ŋu. Ne èwɔe alea, ke wò hã àte ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be: “Mawu ŋue meɖoa dzi ɖo; nyemavɔ̃ o.”—Ps. 56:4.

Nɔvinyɔnu aɖe si dzi afɔku dzɔ ɖo le ŋugble dem le ƒea ƒe mawunyakpukpuia ŋu (Kpɔ memama 17)

ALEKE ŊUGBLEDEDE LE NU SIAWO ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ NÀÐU VƆVƆ̃ DZI?

  • Nu siwo Yehowa wɔ va yi.

  • Nu siwo wɔm Yehowa le fifia.

  • Nu siwo Yehowa awɔ le etsɔme.

HADZIDZI 33 Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

a Be nàkpɔ nyati siwo ado ŋusẽ wò xɔsea, ʋu jw.org eye nàyi nyadiƒea; ŋlɔ “srɔ̃ woƒe xɔse” alo “nuteƒekpɔkpɔwo” ɖe afi ma eye nàdii. Le JW Library® dɔwɔnua mea, yi akpa si nye Nyati Vovovowo eye nàʋu “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” alo “Yehowa Ðasefowo Ƒe Agbemeŋutinyawo.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

d NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: David de ŋugble le ale si Yehowa do ŋusẽe wòwu sisiblisi, ale si wòto Ahimelek dzi kpe ɖe ye ŋu, kple ale si wòana yeava zu fia ŋu.

e NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe si wolé de ga le eƒe xɔse ta le ŋugble dem le ale si Yehowa kpe ɖe eŋu va yi wòdzudzɔ atamanono, ale si wòto lɛta siwo nɔviwo ŋlɔ dzi le dzi dem ƒo na ye kple ale si wòana yeava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzia ŋu.