Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 2

HADZIDZI 19 Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La

Èle Dzadzraɖoɖi Na Ŋkeke Vevitɔ Le Ƒea Mea?

Èle Dzadzraɖoɖi Na Ŋkeke Vevitɔ Le Ƒea Mea?

“Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”LUKA 22:19.

TAÐODZINUA

Míakpɔ nu si tae Ŋkuɖodzia nye wɔna tɔxɛ, ale si míawɔ adzra ɖo ɖe eŋu, kple ale si míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woade.

1. Nu ka tae Ŋkuɖodzia le vevie ŋutɔ? (Luka 22:​19, 20)

 KRISTO ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ye nye wɔna vevitɔ le ƒea me na Yehowa ƒe amewo. Ema koe nye wɔna si Yesu de se na eyomedzelawo be woanɔ wɔwɔm. (Xlẽ Luka 22:​19, 20.) Míekpɔa mɔ na Ŋkuɖodzia le susu vovovowo ta. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me.

2. Susu kawo tae míekpɔa mɔ na Ŋkuɖodzia vevie?

2 Ŋkuɖodzia kpena ɖe mía ŋu míedea ŋugble le ale si tafea le vevie ŋu. Enana míebua ale si míada akpe ɖe Yesu ƒe vɔsaa ta ŋu. (2 Kor. 5:​14, 15) Eye naa mɔnukpɔkpɔ mí be “míade dzi ƒo na mía nɔewo.” (Rom. 1:12) Nɔvi siwo dzudzɔ kpekpeawo dede dometɔ geɖe dea Ŋkuɖodzia. Eye ale si míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie ne wodea ʋãa wo dometɔ aɖewo be woatrɔ ava Yehowa gbɔ. Nenema kee nu siwo yia edzi le Ŋkuɖodzia ʋãa ɖetsɔlemetɔ geɖe be woava zɔ agbemɔa dzi. Ɛ̃, Ŋkuɖodzia nye wɔna tɔxɛ vavã!

3. Aleke Ŋkuɖodzia nana mí katã míewɔa ɖeka? (Kpɔ fotoa hã.)

3 Ŋkuɖodzia wɔnɛ hã be míewɔa ɖeka kple mía nɔviwo le xexea me godoo, elabe mí katã míeƒoa ƒu le ŋkeke ma dzi le ɣeɖoto megbe ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi. Mí katã míesea nuƒo ɖeka si nana míekpɔa ale si gbegbe tafea le vevie. Mí katã míedzia ha eve tsɔ kafua Yehowa, wotsɔa abolo kple wain tsanae eye wodoa gbe ɖa zi ene ale be mí katã míegblɔa “amen.” Aleae wòyia edzi le ŋkeke ma dzi le hamewo katã me le xexea me godoo. Bu ale si gbegbe Yehowa kple Yesu akpɔ dzidzɔe ne wokpɔe be mí katã míele wɔna sia wɔm ɖekae tsɔ le bubu dem yewo ŋua ŋu kpɔ.

Ŋkuɖodzia nana míewɔa ɖeka kple mía nɔviwo le xexea me godoo (Kpɔ memama 3) f


4. Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia mea, míadzro biabia siawo me: Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu? Aleke míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woade? Eye aleke míawɔ akpe ɖe nɔvi siwo dzudzɔ kpekpeawo dede ŋu? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe wɔna vevi sia ŋu.

ALEKE MÍADZRA MÍAƑE DZI ÐO ÐE ŊKUÐODZIA ŊU?

5. (a) Nu ka tae wòle be míade ŋugble le asixɔxɔ si le tafea ŋua ŋu? (Psalmo 49:​7, 8) (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso video si nye Nu Ka Tae Yesu Ku? me?

5 Nu vevi aɖe si míate ŋu awɔ atsɔ adzra míaƒe dzi ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋue nye be míade ŋugble le asixɔxɔ si le Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa ŋua ŋu. Míawo ŋutɔwo míate ŋu aɖe mía ɖokui tso nu vɔ̃ kple ku si me gbeɖe o. (Xlẽ Psalmo 49:​7, 8; kpɔ video si nye Nu Ka Tae Yesu Ku?) a Eya ta Yehowa wɔ ɖoɖo Via malɔ̃nugbɔa va tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Nu gã aɖe ŋutɔe wònye wowɔ na mí! (Rom. 6:23) Ne míedea ŋugble le nu si gbegbe Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋua, ana míakpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu. Le nyati sia mea, míade dzesi nu siwo me Yehowa kple Yesu to hafi xe tafea ɖe mía ta dometɔ aɖewo me. Gake gbãa, nu kae tafea bia?

6. Nu kae tafea bia?

6 Tafe nye fe si woxe be woagbugbɔ nane aƒle. Esi wowɔ ame gbãtɔ Adam la, ede blibo, eye mɔnukpɔkpɔ su esi be wòanɔ agbe tegbee. Gake esi wòwɔ nu vɔ̃a, mɔnukpɔkpɔ ma to eya ŋutɔ kple viawo katã ŋu. Be woagbugbɔ aƒle nu si Adam bua, Yesu tsɔ eƒe agbe debliboa sa vɔ. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, “mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o.” (1 Pet. 2:22) Yesu kpɔtɔ nye ame deblibo abe Adam ene hafi ku. Esia tae wòsɔ be Yesu tsɔ eƒe agbe na be wòagbugbɔ aƒle nu si Adam bu.—1 Kor. 15:45; 1 Tim. 2:6.

7. Dodokpɔ sesẽ kawo mee Yesu to esime wònɔ anyigba dzi?

7 Esi Yesu nɔ anyigba dzia, eɖo to Fofoa si le dziƒo bliboe eye wòwɔ nuteƒe nɛ le dodokpɔ sesẽwo gɔ̃ hã me. Le eƒe ɖevimea, togbɔ be ede blibo hã, ebɔbɔ ɖe edzila siwo mede blibo oa te. (Luka 2:51) Esi wònye sɔhɛa, enɔ te ɖe ehatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu ale be wòte ŋu yi edzi wɔ nuteƒe. Esi Yesu tsia, Satana Abosam tee kpɔ enuenu eye wògblɔ nɛ tẽe gɔ̃ hã be wòade ta agu na ye. Gake Yesu ɖu tetekpɔ mawo katã dzi. (Mat. 4:​1-11) Satana ɖoe kplikpaa be yeana Yesu nawɔ nu vɔ̃ ale be wòagadze axe tafea o.

8. Nɔnɔme sesẽ bubu kawo mee Yesu to?

8 Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa mea, eto nɔnɔme sesẽ bubuwo hã me. Eƒe futɔwo ti eyome vevie eye wodze agbagba be yewoawui. (Luka 4:​28, 29; 13:31) Ehiã be wòanɔ te ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. (Marko 9:​33, 34) Esi wokplɔe yi ʋɔnua, wowɔ fui eye woɖu fewu le eŋu. Eyome wohee ɖe ati ŋu abe nu vlo wɔla ene eye wòse veve helĩhelĩ ʋuu hafi ku. (Heb. 12:​1-3) Ehiã be Yesu nato dodokpɔ mamlɛtɔ sia me Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ manɔmee. bMat. 27:46.

9. Aleke míesena le mía ɖokui me tso Yesu ƒe vɔsaa ŋu? (1 Petro 1:8)

9 Edze ƒãa be menye nu vi mee Yesu to hafi xe tafea o. Ne míede ŋugble le ale si Yesu lɔ̃ faa tsɔ eɖokui sa vɔ ɖe mía ta ŋua, ɖe esia menana míegalɔ̃nɛ ɖe edzi oa?—Xlẽ 1 Petro 1:8.

10. Nu ka gbegbe mee Yehowa to be Yesu nate ŋu axe tafea?

10 Ke nu kae Yehowa lɔ̃ faa tsɔ sa vɔe ale be Yesu nate ŋu axe tafea? Ƒomedodo kplikplikpli nɔ Yehowa kple Yesu dome wu ale si wònɔna le vi kple tɔ dome gɔ̃ hã. (Lod. 8:30) Eya ta bu ale si gbegbe wòte ɖe Yehowa dzi esime wòkpɔ Yesu wòto dodokpɔ geɖe me le anyigba dzi ŋu kpɔ. Ðikeke mele eme o be Yehowa se veve ŋutɔ esime wòkpɔe be wogbe nu le ye Via gbɔ eye wowɔ fui wòse veve vevie.

11. Aleke Yehowa anya se le eɖokui me esime wohe Yesu ɖe ati ŋu?

11 Dzila ɖe sia ɖe si vi ku na kpɔ la nya ale si gbegbe esia nana ame xaa nu hesea vevee. Togbɔ be míeka ɖe edzi be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre hãa, míesea veve ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Esia na míekpɔ ale si Yehowa anya se le eɖokui me esime Via malɔ̃nugbɔa kpe fu ʋuu eye wòku le Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. me. cMat. 3:17.

12. Nu kawoe míate ŋu awɔ tso fifia va se ɖe Ŋkuɖodzia dzi?

12 Tso fifia va se ɖe Ŋkuɖodzi ŋkekea dzia, ɖe manyo be miawɔ ɖoɖo asrɔ̃ nu tso tafea ŋu le miaƒe Ƒometadedeagu me alo nàdzro eme le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me oa? Miate ŋu azã Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo alo míaƒe agbalẽ bubuwo atsɔ aku nyati ma me tsitotsito. d Azɔ hã, dze agbagba nàzɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia Xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si le Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa mea dzi. Eye le Ŋkuɖodziŋkekea dzia, ɖo ŋku edzi nàkpɔ Ŋditadedeagu wɔnaa. Ne míedzra míaƒe dzi ɖo nyuie ɖe Ŋkuɖodzia ŋua, awɔe be míasu te akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woade eye wɔnaa naɖe vi na wo.—Ezra 7:10.

KPE ÐE AME BUBUWO ŊU WOADE ŊKUÐODZIA

13. Nu kae nye nu gbãtɔ si míawɔ be Ŋkuɖodzia naɖe vi na ame bubuwo hã?

13 Aleke míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woawo hã woade Ŋkuɖodzia be wòaɖe vi na wo? Nu gbãtɔ si míawɔe nye be míakpe wo. Tsɔ kpe ɖe ame siwo míedoa goe le gbeadzi ŋua, míate ŋu aŋlɔ míaƒe ƒometɔwo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo kple ame nyanyɛ bubu siwo míadi be míakpe ƒe ŋkɔwo ɖi. Ne amekpegbalẽvia ƒe tatatɔ mesɔ gbɔ ɖe mía si o hã, míate ŋu aɖo mɔ̃ dzi tɔ ƒe link ɖe amewo. Ate ŋu adzɔ be wo dometɔ aɖewo nade.—Nyagb. 11:6.

14. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be eɖea vi wu ne míena amekpegbalẽvi amewo tsɔ kpe wo.

14 Eɖea vi ŋutɔ ne míena amekpegbalẽvi amea alo ɖo eƒe link ɖee tsɔ kpee tẽe, tsɔ wu be míakpe amea le nu me ko. Gbe ɖeka nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃ menye Ðasefo o gblɔ nɛ be yeade Ŋkuɖodzia kplii. Esia wɔ nuku na nɔvinyɔnua ŋutɔ. Nu ka tae? Elabe ede dzi ƒo nɛ zi geɖe be wòade Ŋkuɖodzia kpli ye gake mede kpɔ o. Ke nu kae na wòɖoe be yeade fifia? Ŋutsua gblɔ be: “Mia tɔwo kpem eye wona amekpegbalẽvim.” Hamemetsitsi aɖe si le woƒe nutoa mee kpee. Ŋutsua de Ŋkuɖodzia ƒe ma eye eyi edzi de ƒe geɖe.

15. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele amewo kpem na Ŋkuɖodzia?

15 Anyo be wòanɔ susu me na mí be nyabiase geɖe anɔ ame siwo míakpea si, vevietɔ ne womede míaƒe kpekpewo kpɔ o. Eya ta ele be míabu nyabiase siwo woate ŋu abia ŋu do ŋgɔ eye míadzra ɖo ɖe ale si míaɖo wo ŋui ŋu. (Kol. 4:6) Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu abia be: ‘Nu kawoe ayi edzi?’ ‘Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ?’ ‘Awu ka ƒomevie wòle be mado?’ ‘Ðe woadzɔ ga?’ Ne èle ame aɖe kpem na Ŋkuɖodzia, àte ŋu abiae ko be, “Nya aɖewo le asiwò nèdi be yeabia?” eye nàɖo eƒe biabiawo ŋu nɛ. Àte ŋu azã video siwo nye Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi kple Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? atsɔ akpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si míewɔa míaƒe kpekpewoe. Azɔ hã àte ŋu azã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 28 me nya vevi aɖewo atsɔ akpe ɖe amea ŋu.

16. Nya bubu kawoe ame siwo de Ŋkuɖodzia ate ŋu abia?

16 Le Ŋkuɖodzia megbea, biabia aɖewo ate ŋu anɔ ɖetsɔlemetɔ siwo dea si. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu abia be, ‘Nu ka tae ame aɖeke meɖu aboloa heno wain la o? Alo nu ka tae ame ʋɛ aɖewo koe ɖu aboloa heno wain la? Nu ka tae miewɔa Ŋkuɖodzia edziedzi o?’ Woate ŋu abia nenye be alea Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe kpekpewo katã. Togbɔ be wodzro nya mawo tɔgbi me le Ŋkuɖodzinuƒoa me hãa, ahiã be míagaɖe nu geɖe me na wo dometɔ aɖewo. Nyati si nye “Nu Ka Tae Ale Si Yehowa Ðasefowo Wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua To Vovo Na Subɔsubɔha Bubuwo Tɔ?” si dze le jw.org ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo woƒe biabia aɖewo ŋu. Míedi be míawɔ nu sia nu si míate ŋui akpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le” ŋu do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia, le Ŋkuɖodzia wɔɣi kple emegbe, be wòaɖe vi na wo bliboe.—Dɔw. 13:48.

ALE SI MÍAKPE ÐE NƆVI SIWO DZUDZƆ KPEKPEAWO DEDE ŊU

17. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe nɔvi siwo dzudzɔ kpekpeawo dede ŋu? (Ezekiel 34:​12, 16)

17 Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe nɔvi siwo dzudzɔ kpekpeawo dede ŋu le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo me? Mina woakpɔe be mielɔ̃ yewo. (Xlẽ Ezekiel 34:​12, 16.) Do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia, midze agbagba miasrã wo dometɔ geɖe ale si wòanya wɔe kpɔ. Mika ɖe edzi na wo be mietsɔ ɖe le eme na wo eye miedi vevie be yewoakpe ɖe wo ŋu. Mikpe wo be woade Ŋkuɖodzia. Eye ne wodze agbagba vaa, mido vivi ɖe wo ŋu. Le Ŋkuɖodzia megbea, miyi edzi mianɔ mía nɔvi lɔlɔ̃ siawo srãm kpɔ eye miakpe ɖe wo ŋu ale si dze be woatrɔ ava Yehowa gbɔ.—1 Pet. 2:25.

18. Aleke mí katã míate ŋu akpe ɖe ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede ŋu? (Romatɔwo 12:10)

18 Mí katã míate ŋu akpe ɖe nɔvi siwo dzudzɔ kpekpeawo dede evɔ wodze agbagba va Ŋkuɖodzia ŋu. Aleke míawɔe? Eyae nye be míawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie le lɔlɔ̃ me eye míade bubu wo ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 12:10.) Ðo ŋku edzi be wo dometɔ aɖewo hena ɖe megbe be yewoade kpekpeawo elabe wotsi dzi ɖe ale si woawɔ nu ɖe wo ŋu le esi yewomegade kpɔ o ta. e Eya ta ɖɔ ŋu ɖo be màgabia nya aɖe si aɖia wo nu alo agblɔ nya aɖe si ate ɖe wo dzi o. (1 Tes. 5:11) Wogakpɔtɔ nye mía nɔvi Kristotɔwo. Eye míaƒe didie nye be woagava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa kple dzidzɔ!—Ps. 119:176; Dɔw. 20:35.

19. Aleke Ŋkuɖodzia ɖea vi na mí?

19 Edzɔ dzi na mí be Yesu bia tso mía si be míanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi ƒe sia ƒe. Elabe Ŋkuɖodzia ɖea vi na míawo ŋutɔ kple ame bubuwo siaa le mɔ geɖe nu. (Yes. 48:​17, 18) Eʋãa mí be míagalɔ̃ Yehowa kple Yesu ɖe edzi. Ewɔnɛ be míegakpɔa ŋudzedze ɖe nu si wowɔ na mí ŋu geɖe wu. Enana mía kple mía nɔviwo dome nɔna kplikplikpli. Eye enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be nu nyui siwo Yehowa ato tafea dzi awɔ la nasu woawo hã si. Neva eme be míawɔ nu sia nu si míate ŋui adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia, si nye wɔna vevitɔ si míawɔ le ƒea mea ŋu!

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke míadzra míaƒe dzi ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu?

  • Aleke míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woade Ŋkuɖodzia eye wòaɖe vi na wo?

  • Aleke míakpe ɖe nɔvi siwo dzudzɔ kpekpeawo dede ŋu?

HADZIDZI 18 Akpedada Ðe Tafea Ta

a Ne èdi be yeakpɔ nyati kple video siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia mea, ʋu jw.org eye ŋlɔ tanyawo ɖe nyadiƒea, eye nàdii.

b Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le April 2021 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

d Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Siwo Ŋu Nàte Ŋu Aku Nu Me Tsoe.

e Kpɔ fotoawo kple aɖaka si nye “ Aleke Hamea Me Tɔwo Xɔ Woe?” Ŋu le nɔviŋutsu aɖe si dzudzɔ kpekpeawo dedea kpem be wòage ɖe Fiaɖuƒea Akpataa me, gake edze agbagba geɖe eme. Nɔviwo xɔe nyuie eye wòkpɔ dzidzɔ.

f NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Yehowa ƒe ame siwo le xexea ƒe akpa siwo zã mekpɔ do le o le dzadzram ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu, eye esiwo le xexea ƒe akpa siwo ɣea ɖo to lea dze egɔme xoxo.