Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèwɔa Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu Abe Ale Si Yehowa Wɔnɛ Enea?

Ðe Nèwɔa Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu Abe Ale Si Yehowa Wɔnɛ Enea?

MƆNUKPƆKPƆE wònye na mí be míawɔ dɔ kple nyɔnu wɔnuteƒe geɖewo. Míelɔ̃ mía nɔvi dɔ sesẽ wɔla siawo vevie eye míedea asixɔxɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu! a Eya ta nɔviŋutsuwo, midze agbagba miawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie eye miade bubu wo ŋu. Gake ɣeaɖewoɣia, blibomademade ate ŋu ana esia wɔwɔ nasesẽ. Nɔnɔme aɖewo wɔnɛ be esia wɔwɔ gasesẽna na nɔviŋutsu aɖewo wu.

Nɔviŋutsu aɖewo tsi le teƒe siwo ŋutsuwo mebua nyɔnuwo ɖe ɖeke me o le. Le kpɔɖeŋu me, Hans, si nye nutome sue dzikpɔla le Bolivia, gblɔ be: “Teƒe siwo ŋutsu aɖewo tsi le ƒe dekɔnu wɔnɛ be wotea tɔ ɖe woƒe susu dzi. Esia nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewonyo wu nyɔnuwo eye womedea bubu wo ŋu o.” Shengxian, si nye hamemetsitsi le Taiwan, gblɔ be: “Le mía gbɔa, ŋutsu geɖe medina be nyɔnuwo nado woƒe susu ɖa o. Ne ŋutsu aɖe gblɔ susu si nyɔnu aɖe do ɖa ku ɖe nane ŋu na exɔlɔ̃woa, ete ŋu dzɔna be womegadea bubu ŋutsu ma ŋu o.” Ŋutsu aɖewo hã bua nazã ɖe nyɔnuwo ŋu le mɔ siwo menya kpɔna dzea sii o nu. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔa fefenya madzetowo tso nyɔnuwo ŋu.

Gake nyateƒeae nye be, afi ka kee ŋutsu aɖe ɖatsi le o, ate ŋu atrɔ. Ate ŋu aɖe asi le nuŋububu si nye be ŋutsuwo nyo wu nyɔnuwoa ŋu. (Ef. 4:​22-24) Esia anya wɔ ne esrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu. Le nyati sia mea, míadzro ale si Yehowa wɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu kple ale si nɔviŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua me. Eyome míadzro ale si hamemetsitsiwo ate ŋu aɖo kpɔɖeŋu nyui eye woade bubu nyɔnuwo ŋu me.

ALEKE YEHOWA WƆA NU ÐE NYƆNUWO ŊUI?

Yehowa ɖo kpɔɖeŋu deblibo le ale si míawɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu me. Enye Fofo si sea veve ɖe ame nu, eye wòlɔ̃ amegbetɔwo katã. (Yoh. 3:16) Edea asixɔxɔ nyɔnu siwo subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu; wonye vianyɔnu siwo gbɔ melɔ̃a nu le o. Na míakpɔ mɔ siwo nu Yehowa ɖenɛ fiana le be yelɔ̃ nyɔnuwo eye yedea bubu wo ŋui ɖa.

Ewɔa nu ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋu sɔsɔe. Yehowa wɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖe eƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:27) Mewɔ ŋutsuwo woƒe susu ɖa wu nyɔnuwo tɔ alo na ŋutete geɖe wo wu nyɔnuwo o. Nenema kee melɔ̃ ŋutsuwo wu nyɔnuwo o. (2 Kron. 19:7) Ke boŋ ewɔ ŋutsu kple nyɔnu siaa sɔsɔe eye wòna ŋutete vovovo wo be woate ŋu ase Biblia me nyateƒea gɔme eye woaɖe yeƒe nɔnɔme nyuiwo afia. Yehowa dea asixɔxɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖea xɔse fiana ŋu sɔsɔe. Ena mɔnukpɔkpɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be woava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi alo woava nye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo. (2 Pet. 1:1) Edze ƒãa be, Yehowa mebua nazã ɖe nyɔnuwo ŋu o.

Eɖoa to nyɔnuwo. Yehowa tsɔ ɖe le ale si nyɔnuwo sena le wo ɖokui me kple nu siwo me tom wolea me. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa se Rahel kple Hana ƒe gbedodoɖawo eye wòɖo wo ŋu. (1 Mose 30:22; 1 Sam. 1:​10, 11, 19, 20) Azɔ hã, Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔa ʋã amewo woŋlɔ nu tso ŋutsu siwo ɖo to nyɔnuwo ŋu ɖe Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Abraham wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi eye wòɖo to srɔ̃a Sara. (1 Mose 21:​12-14) Fia David hã ɖo to Abigail. Le nyateƒe mea, ese le eɖokui me be Yehowae dɔ Abigail ɖa be wòava ƒo nu na ye. (1 Sam. 25:​32-35) Yesu, ame si ɖe Fofoa Yehowa ƒe nɔnɔmewo fia le mɔ deblibo nu hã ɖo to nɔa Maria. (Yoh. 2:​3-10) Kpɔɖeŋu siawo na míekpɔe be mɔ aɖe si dzi Yehowa tona dea bubu nyɔnuwo ŋue nye be eɖoa to wo.

Eka ɖe nyɔnuwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ka ɖe Xawa dzi, eya ta ede dɔ asi nɛ be wòakpe asi ɖe srɔ̃a ŋu woalé be na anyigba. (1 Mose 1:28) Yehowa to esia me ɖee fia be Xawa nye kpeɖeŋutɔ na srɔ̃a Adam eye asixɔxɔ le eŋu, ke menye be Adam nyo wui o. Yehowa ka ɖe nyɔnunyagblɔɖila siwo nye Debora kple Hulda hã dzi, eya ta ede dɔ asi na wo be woaɖo aɖaŋu na yeƒe amewo. Woɖo aɖaŋu na ʋɔnudrɔ̃la aɖe kple fia aɖe gɔ̃ hã. (Ʋɔn. 4:​4-9; 2 Fia. 22:​14-20) Egbea hã, Yehowa dea dɔ vovovowo asi na esubɔla siwo nye nyɔnuwo. Ðewo nye gbeƒãɖelawo, mɔɖelawo, kple dutanyanyuigblɔlawo. Wo dometɔ aɖewo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu kple beléle na wo ŋu. Wo dometɔ aɖewo hã wɔa dɔ le Betel kple gbegɔmeɖeƒewo. Nɔvinyɔnu siawo nye ameha gã aɖe si zãm Yehowa le tsɔ le eƒe lɔlɔ̃nu wɔm. (Ps. 68:11) Esiawo katã na wòdze ƒãa be Yehowa mebua nyɔnuwo be womele ɖeke me o, ke boŋ edea asixɔxɔ wo ŋu.

ALEKE NƆVIŊUTSUWO ATE ŊU ASRƆ̃ YEHOWA ƑE KPƆÐEŊUA?

Nɔviŋutsuwo, aleke miawɔ anyae nenye be miewɔa nu ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu abe ale si Yehowa wɔnɛ ene? Eyae nye be mialé ŋku ɖe miaƒe nuŋububu kple nuwɔnawo ŋu. Nu kae akpe ɖe mia ŋu le esia me? Ale si ko ɖɔktawo tea ŋu zãa mɔ̃ tsɔ léa ŋku ɖe ale si ame ƒe dzi le dɔ wɔmee ŋua, nenema kee xɔlɔ̃ nyuiwo kple Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ne ale si míebua nyɔnuwoe dzea Yehowa ŋu. Na míadzro ale si nu eve mawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋui me.

Bia xɔ̃wò si dzi nèka ɖo. (Lod. 18:17) Anyo be nàbia nya siwo gbɔna xɔ̃wò aɖe si bua nuwo ŋu nyuie eye wòɖoa kpɔɖeŋu nyui le esia me: “Aleke nèsusu be mewɔa nu ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu? Ðe wokpɔnɛ be medea bubu yewo ŋua? Aleke magate ŋu awɔ nu ɖe wo ŋu nyuie wu?” Ne xɔ̃wòa de dzesi nane siwo ŋu wòle be nàtrɔ asi lea, mèganɔ ɖokuiwò nu ɖem o. Ke boŋ lɔ̃ faa nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã.

Srɔ̃ Mawu ƒe Nyaa. Mɔ nyuitɔ si dzi míato anya nenye be míewɔa nu ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu nyuie ye nye be míatsɔ Mawu ƒe Nyaa adzro míaƒe nuwɔnawo kple nuŋububu me. (Heb. 4:12) Esia akpe ɖe mía ŋu míade dzesi ŋutsu siwo wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu nyuie kple esiwo mewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o, eye míatsɔ woƒe nuwɔnawo asɔ kple mía tɔ. Azɔ hã anyo be míatsɔ mawunyakpukpui siwo míexlẽ asɔ kple Biblia ƒe akpa vovovowo ale be mímatsɔ kpukpui aɖe ado taflatsɛ ɖe susu manyomanyo si le mía si ɖe nyɔnuwo ŋu la ta o. Le kpɔɖeŋu me, 1 Petro 3:7 ɖo aɖaŋu na ŋutsuwo be: “Nyɔnuwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu mi, eya ta mide bubu wo ŋu.” b Ðe esia fia be nyɔnuwo mele ɖeke me o alo ŋutetewo mele wo si de ŋutsuwo nu oa? Kura o! Azɔ tsɔ Petro ƒe nya mawo sɔ kple nya si le Galatiatɔwo 3:​26-29. Afi ma na eme kɔ be Yehowa tia nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo. Ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa eye míebia mía xɔlɔ̃ aɖe ƒe susu le ale si míewɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋui ŋua, esia akpe ɖe mía ŋu míade bubu mía nɔvinyɔnuwo ŋu ale si dze.

ALEKE HAMEMETSITSIWO ATE ŊU ADE BUBU NƆVINYƆNUWO ŊU?

Nɔviŋutsu siwo le hamea me ate ŋu asrɔ̃ ale si woade bubu nɔvinyɔnuwo ŋu tso hamemetsitsiwo hã gbɔ. Aleke hamemetsitsiwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le ale si wowɔa nu ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu me? Na míakpɔe ɖa.

Wokafua nɔvinyɔnuwo. Apostolo Paulo ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui na hamemetsitsiwo. Ekafu nɔvinyɔnu geɖe le agbalẽ si wòŋlɔ na hame si nɔ Roma me. (Rom. 16:12) Dzi anya dzɔ nɔvinyɔnu mawo ŋutɔ esi wosee woxlẽ Paulo ƒe agbalẽa na hamea. Egbea hã, hamemetsitsiwo kafua nɔvinyɔnuwo ɖe nɔnɔme nyui siwo woɖena fiana kple dɔ siwo wowɔna na Yehowa ta. Kafukafunya mawo ate ŋu anye nu si tututu wohiã be woayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe eye woakpɔe be nɔviwo dea bubu kple asixɔxɔ yewo ŋu.—Lod. 15:23.

Kafu wo

Ele be hamemetsitsiwo nagblɔ nu si tututu nɔvinyɔnuawo wɔ nyuie si tae wole wo kafum ɖo na wo eye woawɔ esia tso dzi me. Nu ka tae? Nɔvinyɔnu Jessica gblɔ be: “Edzɔa dzi na mí ne nɔviŋutsuwo kafu mí be ‘miedze agbagba ŋutɔ.’ Gake edzɔa dzi na mí wu ne wogblɔa nu si tututu tae wole mía kafum ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ale si míefia mía viwo be woanɔ anyi kpoo le kpekpeawo me kple ale si míekplɔa míaƒe nusrɔ̃viwo vaa kpekpeawoe.” Ne hamemetsitsiwo wɔe alea, enana nɔvinyɔnuwo sena le wo ɖokui me be yewole vevie na hamea eye wodea asixɔxɔ yewo ŋu.

Woɖoa to nɔvinyɔnuwo. Hamemetsitsi siwo bɔbɔa wo ɖokui dea dzesii be menye yewo ɖeɖe ko sie susu nyuiwo le o. Wobiaa nɔvinyɔnuwo ƒe susu le nanewo ŋu eye woɖoa to nyuie sea nya siwo woagblɔ. Ne hamemetsitsiwo wɔe alea, esia ɖea vi na woawo ŋutɔ eye wòdea dzi ƒo na nɔvinyɔnuawo hã. Le mɔ ka nu? Hamemetsitsi aɖe si le Betel, si ŋkɔe nye Gerardo gblɔ be: “Mebiaa nɔvinyɔnuwo ƒe susu le nuwo ŋu eye esia kpena ɖe ŋunye mewɔa nye dɔwo wonyona ɖe edzi. Nuteƒekpɔkpɔ su wo dometɔ geɖe si wu nɔviŋutsuwo le esi wowɔ dɔa ƒe geɖe ta.” Le hamea mea, nɔvinyɔnu geɖe nye mɔɖelawo, eya ta wonya nu geɖe tso ame siwo le nutoa me ŋu. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Bryan gblɔ be: “Nɔnɔme nyuiwo le mía nɔvinyɔnuwo si eye nu geɖe li woate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe habɔbɔa ŋu. Eya ta srɔ̃ nu tso wo gbɔ!”

Ðo to wo

Mele be hamemetsitsiwo nagbe nɔvinyɔnuwo ƒe susuwo xɔxɔ o. Nu ka tae? Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Edward gblɔ be: “Nuteƒekpɔkpɔ si su nɔvinyɔnu aɖe si kple susu siwo wòado ɖa ate ŋu akpe ɖe nɔviŋutsuwo ŋu woabu nuwo ŋu nyuie, eye woagase veve ɖe ame nu geɖe wu.” (Lod. 1:5) Ne manya wɔ be hamemetsitsi nawɔ ɖe susu si nɔvinyɔnu aɖe do ɖa dzi o hãa, ate ŋu ada akpe nɛ ɖe eƒe susua ta.

Wonaa hehe nɔvinyɔnuwo. Hamemetsitsi dzeaɖaŋuwo dia mɔnukpɔkpɔ tsɔ naa hehe nɔvinyɔnuwo. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ana hehe nɔvinyɔnuwo kple susu be ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ meli oa, woate ŋu akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi. Woate ŋu afia wo ale si woazã mɔ̃ aɖewo ale be woate ŋu akpe asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋu. Le Betel la, nɔvi siwo kpɔa dɔwo dzi naa hehe nɔvinyɔnuwo le dɔ vovovowo me, abe beléle na nuwo, nuƒeƒle na Betel, akɔntabubu, kɔmpiuta dzi ɖoɖowo ŋu dɔwo wɔwɔ kple bubuawo ene. Ne hamemetsitsiwo na hehe nɔvinyɔnuwoa, esia ɖenɛ fiana be woka ɖe wo dzi be woate ŋu awɔ dɔa.

Na hehe wo

Nɔvinyɔnu geɖe zãa hehe si woxɔ tso hamemetsitsiwo gbɔ tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu siwo xɔ hehe le xɔtudɔwo me dometɔ aɖewo kpea asi ɖe eŋu wotua nɔvi siwo ƒe xɔwo ŋu dzɔdzɔmefɔku gblẽ nu le. Nenema kee nɔvinyɔnu siwo xɔ hehe le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me hã naa hehe nɔvinyɔnu bubuwo be woawo hã woate ŋu awɔe. Aleke nɔvinyɔnuwo sena le wo ɖokui me tso hamemetsitsi siwo na hehe woa ŋu? Nɔvinyɔnu Jennifer gblɔ be: “Esi meva kpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔ aɖe ŋua, nɔviŋutsu si nɔ dɔa dzi kpɔm la na hehem. Eye ne mewɔ dɔ aɖea, edea dzesii eye wòkafuam ɖe eta. Dɔwɔwɔ kplii dzɔa dzi nam ŋutɔ elabe mekpɔe be eka ɖe dzinye eye ena mese le ɖokuinye me be mele akpa vevi aɖe wɔm.”

EÐEA VI NE MÍEWƆA NU ÐE NƆVINYƆNUWO ŊU ABE MÍAƑE ƑOMETƆWO ENE

Míelɔ̃ mía nɔvinyɔnu wɔnuteƒe siawo abe ale si Yehowa lɔ̃ woe ene. Eya ta míewɔa nu ɖe wo ŋu abe míaƒe ƒometɔ kplikplikpliwo ene. (1 Tim. 5:​1, 2) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míesubɔa Yehowa kpli wo ɖekae. Eye edzɔa dzi na mí ne wokpɔe be míelɔ̃ yewo. Nɔvinyɔnu Vanessa gblɔ be: “Nɔviŋutsu siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me dea dzi ƒo nam ale gbegbe. Medaa akpe na Yehowa be mele eƒe habɔbɔa me.” Nɔvinyɔnu aɖe si le Taiwan gblɔ be: “Medaa akpe ŋutɔ be Yehowa ƒe habɔbɔa dea asixɔxɔ gã nyɔnuwo ŋu eye wobua míaƒe seselelãmewo ŋu. Esia doa ŋusẽ nye xɔse eye wònana mekpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asinye be meva le Yehowa ƒe habɔbɔa me ŋu geɖe wu.”

Edzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ ne nɔviŋutsu wɔnuteƒewo dzea agbagba wɔa nu ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu abe ale si wòwɔnɛ ene. (Lod. 27:11) Nɔviŋutsu Benjamin, si nye hamemetsitsi le Scotland, gblɔ be: “Le xexea mea, ŋutsu geɖe medea bubu nyɔnuwo ŋu kura o. Gake míawo ya míeto vovo, eya ta ne nyɔnuwo va Fiaɖuƒe Akpataa mea, míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie.” Neva eme be míaku kutri vevie asrɔ̃ Yehowa ale be míawɔ nu ɖe mía nɔvinyɔnuwo ŋu le lɔlɔ̃ me eye míade bubu wo ŋu ale si dze ɣesiaɣi.—Rom. 12:10.

a Le nyati sia mea, nya “nɔvinyɔnuwo” fia mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo, ke menye míaƒe ƒometɔwo o.

b Be nàkpɔ numeɖeɖe geɖe ku ɖe nya “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo” si wotsɔ ɖɔ nyɔnuwoe ŋua, xlẽ nyati si nye “Asixɔxɔ Si Le Nyɔnuwo Ŋu” le May 15, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me, kple “Mɔfiame Si Me Nunya Le Na Srɔ̃tɔwo” le March 1, 2005 ƒe Gbetakpɔxɔ me.