Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 5

HADZIDZI 27 Mawu Viwo Ƒe Ðeɖefia La

“Nyemagblẽ Wò Ði Akpɔ O”!

“Nyemagblẽ Wò Ði Akpɔ O”!

“[Mawu gblɔ] be: ‘Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.’”HEB. 13:5b.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mawusubɔla siwo le anyigba dzi ŋu woaka ɖe edzi be Mawu magblẽ yewo ɖi ne amesiamina susɔeawo dzo yi dziƒo o.

1. Ɣekaɣie amesiaminawo katã anɔ dziƒo?

 ƑE AÐEWO va yia, Yehowa ƒe amewo bua eŋu zi geɖe be, ‘Ɣekaɣie Kristotɔ amesiamina susɔeawo adzo ayi dziƒo?’ Míesusui va yi be ɖewohĩ le Armagedon-ʋaa megbea, amesiaminawo dometɔ aɖewo akpɔtɔ anɔ anyigba dzi le Paradisoa me hena ɣeyiɣi aɖe hafi adzo ayi dziƒo. Gake July 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe eme be, amesiaminawo katã anɔ dziƒo hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme.—Mat. 24:31.

2. Nyabiase kae ate ŋu anɔ fu ɖem na ame aɖewo, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Ame aɖe abia be: Le “xaxa gã” la mea, aleke nuwo anɔ na Kristo ƒe ‘alẽ bubu’ siwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe? (Yoh. 10:16; Mat. 24:21) Ðewohĩ mía dometɔ aɖewo atsi dzi be ne wokplɔ mía nɔvi amesiaminawo dzo yi dziƒoa, míatsi asi eye mímanya nu si míawɔ o. Mina míadzro Biblia me nudzɔdzɔ eve siwo ate ŋu ana míabu nuwo ŋu nenema me. Emegbe míadzro susu siwo ta mele be míatsi dzi kura o hã me.

NU KAE MADZƆ ÐE ALẼ BUBUAWO DZI O?

3-4. Nu kae ame aɖewo anya nɔ susum, eye nu ka tae?

3 Awɔ na ame aɖewo be ne amesiamina siwo nye Dɔdzikpɔha me tɔwo megali ana mɔfiame o koa, alẽ bubuawo adzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ðewohĩ Biblia me nudzɔdzɔ aɖewoe anya na wòawɔ na wo nenema. Mina míadzro wo dometɔ eve me. Gbãtɔ ku ɖe Nunɔlagã Yehoyada ŋu. Enye mawusubɔla wɔnuteƒe. Eya kple srɔ̃a Yehosabat tsɔ ŋutsuvi dzaa aɖe si ŋkɔe nye Yehoas ɣla eye wokpe ɖe eŋu wòva zu fia nyui si wɔ nuteƒe. Le Yehoyada ƒe agbenɔɣi katã la, Yehoas subɔ Yehowa eye wòwɔ nu si le eteƒe. Gake le Yehoyada ƒe ku megbea, Yehoas va te nu baɖa wɔwɔ. Eva nɔ to ɖom amegã siwo nye ame vɔ̃ɖiwo eye wògblẽ Yehowa ɖi.—2 Kron. 24:​2, 15-19.

4 Nudzɔdzɔ evelia ku ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le apostoloawo ƒe ku megbe ŋu. Yohanes ye nye apostolo mamlɛtɔ si susɔ. Le eƒe agbenɔɣia, ekpɔ ŋusẽ nyui ɖe Kristotɔwo dzi eye wòkpe ɖe wo ŋu wodo dzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. (3 Yoh 4) Abe ale si eya kple Yesu ƒe apostolo bubuawo wɔe enea, eku kutri vevie kpɔ hameawo ta ale be xɔsegbelawo ƒe alakpanufiafia siwo nɔ kakam la nagagblẽ nu le nɔviawo ŋu o. (1 Yoh. 2:18; 2 Tes. 2:7) Gake le Yohanes ƒe ku megbea, hamea me tɔ geɖe va lɔ̃ ɖe xɔsegbelawo ƒe alakpanufiafiawo dzi. Le ƒe aɖewo megbea, alakpanufiafia mawo koe va xɔ aƒe ɖe Kristo hameawo me eye woɖe mɔ ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu.

5. Nu kae mele be Biblia me nudzɔdzɔ eve mawo nana míasusu o?

5 Ðe Biblia me nudzɔdzɔ siawo fia be ne amesiaminawo dzo yi dziƒoa, Kristo ƒe alẽ bubuawo ava te nu gbegblẽwo wɔwɔ abe ale si Yehoas wɔe enea? Ðe woava zu xɔsegbelawo abe ale si wònɔ le apostoloawo ƒe ku megbe enea? Ŋuɖoɖoae nye: Ao, madzɔ gbeɖe o! Míate ŋu aka ɖe edzi be ne amesiaminawo dzo yi dziƒoa, alẽ bubuawo ayi edzi asubɔ nuteƒewɔwɔtɔe, eye Yehowa hã alé be na wo. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe nya sia dzi?

TADEDEAGU DZADZƐA NU MAYI O

6. Ɣeyiɣi vovovo etɔ̃ kawo ŋue míasrɔ̃ nu tsoe?

6 Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be le ɣeyiɣi sesẽ siwo le ŋgɔ me gɔ̃ hã, tadedeagu dzadzɛa dome magblẽ o? Elabe Biblia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ɣeyiɣi si me míelea to vovo sãa na Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia kple Kristotɔ siwo nɔ anyi le apostoloawo ƒe ku megbe la tɔ. Eya ta na míalé ŋku ɖe ɣeyiɣi vovovo etɔ̃ siawo ŋu: (1) Blema Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia, (2) le apostoloawo ƒe ku megbe, kple (3) míaƒe ɣeyiɣia, si nye “ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo.”—Dɔw. 3:21.

7. Le Israel-viwo ŋɔlia, nu ka tae dzi meɖe le nuteƒewɔlawo ƒo esi dukɔa kple woƒe fiawo dze aglã ɖe Yehowa ŋu o?

7 Blema Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia. Esi wòsusɔ vie Mose nakua, egblɔ na Israel-viwo be: “Menyae nyuie be le nye ku megbe la, miele nu gbegblẽ wɔ ge, eye miatrɔ ɖa le mɔ si meɖo na mi la dzi.” (5 Mose 31:29) Mose xlɔ̃ nu wo hã be ne wodze aglãa, woƒe futɔwo aɖe aboyo wo. (5 Mose 28:​35, 36) Ðe nya mawo va emea? Ɛ̃. Israel-fia geɖe wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa Mawu ŋkume. Wokplɔ Mawu ƒe amewo de trɔ̃subɔsubɔ me eye esia yi edzi ƒe alafa geɖe. Esia ta Yehowa he to na eƒe dukɔa kple fia vɔ̃ɖi mawo siaa. (Eze. 21:​25-27) Gake esi Israel-vi wɔnuteƒewo kpɔe be nya siwo Mawu gblɔ va emea, dzi ɖo wo ƒo woyi edzi subɔe.—Yes. 55:​10, 11.

8. Ðe wòle be wòawɔ nuku na mí be xɔsegbegbe va ge ɖe Kristo hamea me le apostoloawo ƒe ku megbea? Ðe eme.

8 Le apostoloawo ƒe ku megbe. Ðe wòle be wòawɔ nuku na mí be alakpanufiafiawo va xɔ aƒe ɖe Kristo hame si nɔ anyi le apostoloawo ƒe ku megbe mea? Kura o. Nu si tae nye be Yesu gblɔe ɖi be xɔsegbegbe gã aɖe ava. (Mat. 7:​21-23; 13:​24-30, 36-43) Apostolo Paulo, Petro, kple Yohanes ɖo kpe edzi be Yesu ƒe nyagblɔɖia te eme vava le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me ke. (2 Tes. 2:​3, 7; 2 Pet. 2:​1-3, 17-19; 1 Yoh. 2:18) Le apostolo mamlɛtɔ ƒe ku megbea, xɔsegbegbe va xɔ aƒe ɖi eye Kristotɔ mawo va zu Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo, ƒe akpa aɖe. Mawu ƒe nyagblɔɖi sia hã va eme.

9. Aleke míaƒe ɣeyiɣia to vovo na blema Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia kple Kristo hame si nɔ anyi le apostoloawo ƒe ku megbe la tɔ?

9 “Ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo.” Míaƒe ɣeyiɣia to vovo na blema Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia kple ɣeyiɣi si me xɔsegbegbe gã la va le apostoloawo ƒe ku megbe. Aleke woyɔ míaƒe ɣeyiɣiae? Biblia yɔe be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo.” (2 Tim. 3:1) Gake Biblia na míenya be ɣeyiɣi bubu aɖe si le vevie wu eye wòdidi wua dze egɔme le míaƒe ɣeyiɣi sia ke me. Ɣeyiɣi ma anɔ anyi va se ɖe esime Mesia Fiaɖuƒea va na amegbetɔwo de blibo eye anyigba bliboa zu Paradiso. Biblia yɔe be “ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo.” (Dɔw. 3:21) Ɣeyiɣi sia dze egɔme tso ƒe 1914 me. Nu kae woɖɔ ɖo ɣemaɣi? Woɖo Yesu Fiae le dziƒo. Esia wɔe be fia si nye Yehowa teƒenɔla eye wònye nuteƒewɔla Fia David ƒe dzidzimevi la gava nɔ dzi ɖum. Gake menye ema koe Yehowa wɔ o. Le esia megbe kpuiea, wogadze tadedeagu dzadzɛa ɖoɖo anyi gɔme! (Yes. 2:​2-4; Eze. 11:​17-20) Ke ɖe tadedeagu dzadzɛa dome agagblẽ akea?

10. (a) Nya kae Biblia gblɔ ɖi tso tadedeagu dzadzɛa ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me? (Yesaya 54:17) (b) Nu ka tae nyagblɔɖi mawo dea dzi ƒo na mí ŋutɔ?

10 Xlẽ Yesaya 54:17. Bu nyagblɔɖi sia ŋu kpɔ: “Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o”! Nya sia le eme vam egbea. Akɔfanya siwo gbɔna hã ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu: “Yehowa afia nu viwòwo katã, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ. Woatsɔ dzɔdzɔenyenye ali ke wò. . . . Màvɔ̃ na naneke o, eye naneke madzi ŋɔ na wò o.” (Yes. 54:​13, 14) Ŋusẽ mele Satana ŋutɔ, si nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu,” gɔ̃ hã si be wòana Yehowa subɔlawo nadzudzɔ nufiafia amewo tso Yehowa ŋu o. (2 Kor. 4:4) Wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi, eye edome magagblẽ akpɔ gbeɖe o. Anɔ anyi yi mavɔmavɔ me. Nyateƒee, lãnu sia lãnu si woatu ɖe mía ŋu la madze edzi o!

NU KAE ADZƆ?

11. Nu kae na míeka ɖe edzi be womagblẽ ameha gãa me tɔwo ɖi ne amesiaminawo yi dziƒo o?

11 Nu kae adzɔ ne amesiaminawo yi dziƒo? Ðo ŋku edzi be Yesue nye mía Kplɔla. Eyae nye Kristo hamea ƒe ta. Yesu ŋutɔ gblɔe eme kɔ be: “Ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la.” (Mat. 23:10) Míaƒe Fia Yesu si le dzi ɖum le dziƒo mado kpo beléle na eyomedzela vavãwo o. Esi Kristoe le ŋgɔ xɔm taa, susu aɖeke meli si ta wòle be míavɔ̃ o. Mímenya nu sia nu ku ɖe ale si Kristo akplɔ eƒe amewo ɣemaɣi ŋu o. Eya ta na míadzro Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo siwo ade dzi ƒo na mí la me.

12. Aleke Yehowa lé be na eƒe amewo (a) le Mose ƒe ku megbe? (b) esi wòde dɔ bubu asi na Eliya? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

12 Mose ku esi wòsusɔ vie Israel-viwo nayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Aleke nuwo va nɔ na Mawu ƒe amewo? Ðe wotsi asi le esi ŋutsu nuteƒewɔla ma megali o taa? Kura o. Yehowa lé be na wo zi ale si woyi edzi wɔ nuteƒe nɛ. Hafi Mose nakua, Yehowa gblɔ nɛ be wòana Yosua naxɔ ŋgɔ na yeƒe amewo. Mose tsɔ ƒe geɖe na hehe Yosua xoxo. (2 Mose 33:11; 5 Mose 34:9) Tsɔ kpe ɖe eŋua, ŋutsu bubu geɖe siwo dze la nɔ anyi siwo axɔ ŋgɔ le wo dome. Ðewo nye tatɔwo ɖe ame akpewo nu, ɖe ame alafawo nu, ɖe ame blãatɔwo nu, kple ɖe ame ewoewowo gɔ̃ hã nu. (5 Mose 1:15) Mawu ƒe amewo metsi asi kura o. Esia ƒe kpɔɖeŋu bubue nye Eliya. Etsɔ ƒe geɖe nɔ kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu be woasubɔ Yehowa. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣia, Yehowa de dɔ bubu esi le keke anyiehe gome ɖaa le Yuda. (2 Fia. 2:1; 2 Kron. 21:12) Ðe esia fia be wogblẽ nuteƒewɔla siwo nɔ Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea me la ɖia? Ao. Do ŋgɔa, Eliya tsɔ ƒe geɖe na hehe Elisa. Azɔ hã, ‘nyagblɔɖilawo ƒe viwo’ nɔ wo dome eye edze ƒãa be wonye ame siwo nɔ hehe xɔm ɖe nyagblɔɖidɔ wɔwɔ ŋu. (2 Fia. 2:7) Eya ta ŋutsu nuteƒewɔla geɖe nɔ anyi siwo axɔ ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome. Esia fia be Yehowa kpɔ egbɔ be yeƒe tameɖoɖoa nɔ eme vam eye wòyi edzi lé be na esubɔla wɔnuteƒewo.

Mose (miame) kple Eliya (ɖusime) siaa na hehe ame siwo dze be woaxɔ ɖe yewo teƒe (Kpɔ memama 12)


13. Ŋugbe kae Yehowa do na mí le Hebritɔwo 13:5b? (Kpɔ fotoa hã.)

13 Esi kpɔɖeŋu mawo le susu me na mí la, aleke nèsusu be nuwo anɔ ne amesiamina mamlɛawo dzo yi dziƒo? Mehiã be míatsi dzi kura o. Biblia gblɔ nyateƒenya kpui sia si nana dzi ɖoa mía ƒo: Yehowa magblẽ eƒe ame siwo le anyigba dzi la ɖi akpɔ o. (Xlẽ Hebritɔwo 13:5b.) Abe ale si Mose kple Eliya wɔe enea, Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si le ŋgɔ xɔm egbea la nya ale si gbegbe wòle vevie be woana hehe ame bubuwo. Ƒe geɖee nye esia Dɔdzikpɔhaa le hehe nam alẽ bubuawo be woaxɔ ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, woɖo suku siwo me wonaa hehe hamemetsitsiwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, Alɔdzekɔmiti me tɔwo, dɔdzikpɔla siwo le Betel, kple ame bubuwo. Azɔ hã, Dɔdzikpɔhaa me tɔwo naa hehe Dɔdzikpɔhaa ƒe kɔmiti vovovoawo ƒe kpeɖeŋutɔwo. Fifia gɔ̃ hã, kpeɖeŋutɔ siawo le dɔ vevi geɖe wɔm nuteƒewɔwɔtɔe le habɔbɔa me. Wosu te nyuie be woayi edzi akpɔ Kristo ƒe alẽhaa dzi.

Dɔdzikpɔhaa ku kutri na hehe woƒe kɔmiti vovovoawo ƒe kpeɖeŋutɔwo, eye woɖo suku vovovo siwo me wonaa hehe hamemetsitsiwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, Alɔdzekɔmiti me tɔwo, dɔdzikpɔla siwo le Betel, kple dutanyanyuigblɔlawo le le xexea me godoo (Kpɔ memama 13)


14. Nu kae nye nya vevitɔ le míaƒe numedzodzro sia me?

14 Míaƒe numedzodzroa ƒe nya vevitɔe nye esi: Ne míeɖo xaxa gã la ƒe yɔyrɔe nu eye amesiamina mamlɛawo yi dziƒoa, Yehowa ƒe ame siwo le anyigba dzi ayi edzi asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Esi Yesu Kristoe le ŋgɔ xɔm ta la, naneke matɔ te tadedeagu dzadzɛa o. Míenya be ɣemaɣia, dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si Biblia yɔ be Gog si tso Magog la adze Mawu ƒe amewo dzi. (Eze. 38:​18-20) Gake amedzidzedze kpui ma atɔ kpe; mana Mawu ƒe amewo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Yehowa axɔ na eƒe amewo. Le ŋutega aɖe mea, apostolo Yohanes kpɔ “ameha gã aɖe” siwo nye Kristo ƒe alẽ bubuawo. Woɖe eme na Yohanes be “ameha gã” la nye ame siwo “do go tso xaxa gã la me.” (Nyaɖ. 7:​9, 14) Esia na míekpɔe kɔtɛ be Yehowa axɔ na eƒe amewo godoo!

15-16. Le Nyaɖeɖefia 17:14 ƒe nya nua, nu kae Kristotɔ amesiaminawo awɔ le Armagedon-ʋaa wɔɣi, eye nu ka tae esia nye dzidzɔnya?

15 Gake ame aɖewo agabia be: ‘Nu kae amesiaminawo awɔ ne woyi dziƒo?’ Biblia ɖo nya sia ŋu eme kɔ. Ena míenya be xexe sia me dziɖuɖuwo awɔ “aʋa kple Alẽvi la.” Gake woado kpo nu, elabe Biblia gblɔ be: “Alẽvi la . . . aɖu wo dzi.” Ke ame kawoe akpe ɖe “Alẽvi la” ŋu wòawɔ esia? Kpukpuia gblɔ be wonye “ame yɔyɔwo,” “ame tiatiawo,” kple “nuteƒewɔlawo.” (Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:14.) Ame kawoe wonye? Woawoe nye amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo! Eya ta ne amesiamina siwo le anyigba dzi la me tɔ susɔeawo yi dziƒo le xaxa gãa ƒe nuwuwu lɔƒoa, dɔ siwo woawɔ gbã dometɔ ɖekae nye be woawɔ aʋa. Dɔdeasi sia ɖe dzesi ŋutɔ! Kristotɔ amesiaminawo dometɔ aɖewo wɔ aʋa kpɔ hafi va zu Yehowa Ðasefowo. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nɔ asrafoha me kpɔ. Gake emegbe wova zu Kristotɔ vavãwo eye wosrɔ̃ ale si woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me. (Gal. 5:22; 2 Tes. 3:16) Eye womegakpea asi ɖe aʋawɔwɔwo ŋu azɔ o. Gake ne wova fɔ wo ɖe tsitre woyi dziƒoa, woakpe ɖe Kristo kple eƒe dɔla kɔkɔewo ŋu woawɔ aʋa mamlɛtɔ kple Mawu ƒe futɔwo.

16 Bu eŋu kpɔ ko. Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi egbea dometɔ aɖewo tsi eye ŋusẽ boo megale wo ŋu o. Gake ne wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒoa, woava zu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ siwo magaku akpɔ o, eye woakpe ɖe woƒe Aʋafia Yesu Kristo ŋu. Ne wowɔ Armagedon-ʋaa vɔa, woakpe asi ɖe Yesu ŋu woana amegbetɔwo nade blibo. Ðikeke mele eme o be, ɣemaɣia, woate ŋu akpe ɖe wo nɔvi siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o siwo le anyigba dzi ŋu geɖe wu ale si wole ewɔm fifia esi wonye amegbetɔ madeblibowo!

17. Aleke míewɔ nya be mawusubɔla wɔnuteƒewo katã anɔ dedie le Armagedon-ʋaa wɔɣi?

17 Alẽ bubuawo me tɔe nènyea? Ekema nu kae wòhiã be nàwɔ hafi Armagedon-ʋa vevi ma nafe ati? Eya koe nye be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye nàwɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Nu kae esia ate ŋu abia be nàwɔ? Biblia gblɔ dzideƒonya sia be: “Yi ɖe wò xɔgãwo me, eye nàtu ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu. Ɣla ɖokuiwò vie va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yes. 26:20) Mawusubɔla wɔnuteƒewo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi siaa, anɔ dedie ɣemaɣi. Abe ale si apostolo Paulo gblɔe enea, míeka ɖe edzi bliboe be “eɖanye dziɖuɖuwo o, eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, . . . mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃” la gbɔ o. (Rom. 8:​38, 39) Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be: Yehowa lɔ̃ wò, eye magblẽ wò ɖi akpɔ o!

NE KRISTOTƆ AMESIAMINA SUSƆEAWO YI DZIƑOA,

  • nu kae madzɔ o?

  • nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be naneke magblẽ tadedeagu dzadzɛa dome o?

  • nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa alé be na eƒe amewo?

HADZIDZI 8 Yehowae Nye Míaƒe Sitsoƒe