Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 6

HADZIDZI 10 Kafu Yehowa, Mía Mawu La!

“Mikafu Yehowa Ƒe Ŋkɔ”

“Mikafu Yehowa Ƒe Ŋkɔ”

“Mi Yehowa subɔlawo, mikafui, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ.”​—PS. 113:1.

TAÐODZINUA

Nyati sia ahe míaƒe susu ayi nu siwo ʋãa mí míewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ kafua Yehowa ƒe ŋkɔ la dzi.

1-2. Kpɔɖeŋu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si Yehowa se le eɖokui me esime wogblɔ alakpanyawo ɖe eŋu?

 BU EŊU kpɔ ko be ame aɖe si nèlɔ̃ vevie vae gblɔ alakpanya vɔ̃ɖiwo tso ŋuwò. Nya siwo wògblɔa mele eme o, gake amewo xɔ edzi se eye woawo hã le ekakam. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Ne èlɔ̃ amewo eye mèdi be yeƒe ŋkɔ nyuia nagblẽ oa, ke alakpanya ma siwo kakam wole tso ŋuwò ate ɖe dziwò, alo?—Lod. 22:1.

2 Kpɔɖeŋu ma na míekpɔ ale si Yehowa se le eɖokui me esime wogblɔ alakpanyawo tsɔ ƒo ɖi eƒe ŋkɔ. Mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ alakpanyawo tso Mawu ŋu na nyɔnu gbãtɔ si nye Xawa, eye eya hã xɔ edzi se. Alakpanya ma wɔe be mía dzila gbãtɔwo dze aglã ɖe Yehowa ŋu. Esia gbɔ wòtso be nu vɔ̃ kple ku kaka ɖe ameƒomea katã dome. (1 Mose 3:​1-6; Rom. 5:12) Kuxi siwo xɔ aƒe ɖe xexea me—ku, aʋawɔwɔ fukpekpe kple bubuawo—katã do tso alakpa si Satana da le Eden-bɔa mea me. Ðe alakpanya mawo kple nu siwo katã do tso eme te ɖe Yehowa dzia? Ɛ̃, ete ɖe edzi ŋutɔ! Gake Yehowa melé dziku ɖe dɔme o, ke boŋ ekpɔtɔ nye “Mawu dzidzɔtɔ la.”—1 Tim. 1:11.

3. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si?

3 Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míawɔ akpa aɖe akɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu atsɔ aɖee afia be Satana nye alakpatɔ. Míate ŋu awɔ esia ne míewɔ ɖe amekpekpe sia dzi be: “Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ.” (Ps. 113:1) Ne míeƒoa nu nyui tso Yehowa ŋu na amewoa, efia be míele eƒe ŋkɔa kafum. Ðe wò hã àlɔ̃ faa awɔ esia? Na míadzro susu vevi etɔ̃ siwo tae wòle be míakafu Yehowa tso dzi blibo mea me.

EDZƆA DZI NA YEHOWA NE MÍEKAFU EƑE ŊKƆ

4. Nu ka tae wòdzɔa dzi na Yehowa ne míekafunɛ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoa hã.)

4 Mía Fofo si le dziƒo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne míekafu eƒe ŋkɔ. (Ps. 119:108) Gake ɖe esia fia be mía Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le abe amegbetɔ madeblibo siwo dina be woakafu yewo ne yewoase le yewo ɖokui me be yewo hã yewole vevie enea? Kura o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nyɔnuvi sue aɖe da asi ɖe kɔme na fofoa eye wògblɔ nɛ be: “Wòe nye vifofo nyuitɔ kekeake le xexea me!” Nya siawo dzɔ dzi na fofoa eye wòwɔ dɔ ɖe edzi. Nu ka tae? Ðe míagblɔ be esi ŋutsua mebua eɖokui ɖe ɖeke me o alo ehiã na dzideƒonya kple kafukafunya siawo tso via gbɔ taea? Ao. Ke boŋ míeka ɖe edzi be enye vifofo nyui si wɔa eƒe ŋutete ɖe sia ɖe eye wònye dzidzɔ nɛ be ye via lɔ̃ ye eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu. Vifofoa nya be ne nɔnɔme nyui siawo tsi ye via sia, atsi ava nye dzidzɔme. Nenema kee wòdzɔa dzi na Fofo nyuitɔ kekeake Yehowa ne míekafunɛ.

Ale si ko wònyea dzidzɔ na vifofo be ye vi lɔ̃ ye eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋua, nenema kee Yehowa hã kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne míekafu eƒe ŋkɔ (Kpɔ memama 4)


5. Ne míekafua Yehowa la, Satana ƒe alakpanya kawo dzie míekloa nu le?

5 Ne míekafua mía Fofo si le dziƒoa, míeɖenɛ fiana be nya si Satana tsɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋua nye alakpa. Satana ƒe nyae nye be amegbetɔ aɖeke mate ŋu aʋli Mawu ƒe ŋkɔa ta nuteƒewɔwɔtɔe o, eye mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu o. Egblɔ be ne nɔnɔmeawo sesẽ na mía, mí katã míatrɔ megbe ade Mawu eye míawɔ nu siwo aɖe vi na míawo ŋutɔwo. (Hiob 1:​9-11; 2:4) Gake Hiob wɔ nuteƒe tsɔ ɖee fia be Satana nye alakpatɔ. Ke wò ya ɖe? Mɔnukpɔkpɔ su mía dometɔ ɖe sia ɖe si be míanɔ mía Fofo si le dziƒo ƒe akpa dzi aʋli eƒe ŋkɔa ta eye míasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. (Lod. 27:11) Ele be esia wɔwɔ nanye dzidzɔ gã aɖe na mí.

6. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Fia David kple Lewi-viwo? (Nehemiya 9:5)

6 Nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Mawu la, akafu eƒe ŋkɔ tso dzi blibo me. Fia David gblɔ be: “Makafu Yehowa; nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.” (Ps. 103:1) David se egɔme be, be woakafu Yehowa ƒe ŋkɔa fia be woakafu Yehowa ŋutɔ. Ne míese ŋkɔ Yehowa la, míaƒe susu yia ame si wònye, nɔnɔme nyui siwo le esi kple eƒe dɔ wɔnukuwo katã dzi. David di be yeakɔ ye Fofo si le dziƒo ƒe ŋkɔa ŋu eye yeakafui. Edi be yeakafu Yehowa kple dzi blibo, eya tae wògblɔ be “nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ.” Nenema kee Lewi-viwo hã xɔ ŋgɔ kafu Yehowa. Wolɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be kafukafu si Yehowa dze na la, yewomate ŋu agblɔe kple nu wòade edeƒe gɔ̃ hã o. (Xlẽ Nehemiya 9:5.) Ðikeke mele eme o be ale si wobɔbɔ wo ɖokui kafu Yehowa tso dzi me na Yehowa kpɔ dzidzɔ.

7. Aleke míate ŋu akafu Yehowa ne míele gbeadzi kple le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo me?

7 Egbea míawo hã míate ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ne míetsɔa dzidzɔ ƒoa nu tso eŋu na amewo eye míegblɔa ale si gbegbe míelɔ̃e na wo. Ne míele gbeadzia, ele be míaɖoe míaƒe taɖodzinu be míakpe ɖe amewo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu eye woalɔ̃e abe ale si míelɔ̃e ene. (Yak. 4:8) Dzidzɔe wònyena na mí be míazã Biblia atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woanya nɔnɔme nyui siwo le Yehowa si. Nɔnɔme siawo ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, ŋusẽ, kple bubuawo. Míekafua Yehowa ne míedzea agbagba srɔ̃a eƒe nɔnɔme nyuiwo, elabe esia dzea eŋu. (Ef. 5:1) Esia ana míato vovo le xexe vɔ̃ɖi sia me. Amewo akpɔe be míaƒe nɔnɔmewo to vovo eye woadi be yewoanya nu si tae. (Mat. 5:​14-16) Le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo mea, míate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ aɖe nu si tae míeto vovo me na wo. Ne míewɔe alea, ate ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le ɖe mía Mawua ŋu. Ne míetoa mɔ siawo dzi kafua Yehowa la, esia ado dzidzɔ nɛ.—1 Tim. 2:​3, 4.

EDZƆA DZI NA YESU NE MÍEKAFU YEHOWA ƑE ŊKƆ

8. Aleke Yesu xɔ ŋgɔ kafu Yehowa ƒe ŋkɔa?

8 Le mawudɔla siwo le dziƒo kple amegbetɔ siwo katã le anyigba dzi domea, Yesue nya Fofo la nyuie wu. (Mat. 11:27) Yesu lɔ̃ Fofoa Yehowa, eye wòxɔ ŋgɔ kafu eƒe ŋkɔ. (Yoh. 14:31) Le zã mamlɛtɔ me hafi Yesu nakua, egblɔ nu vevitɔ si wòwɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me na Fofoa le gbedodoɖa me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.” (Yoh. 17:26) Nu kae esia fia?

9. Ŋutinya kae Yesu gblɔ si na míenya ame si Fofoa nye la nyuie?

9 Menye Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖeɖe koe Yesu na amewo nya o. Yudatɔ siwo Yesu fia nui la nya Mawu ƒe ŋkɔa xoxo. Eya ta Yesu “ɖe ame si wònye la [hã] fia” wo. (Yoh. 1:​17, 18) Le kpɔɖeŋu me, Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula. (2 Mose 34:​5-7) Yesu na nyateƒenya sia me gakɔ nyuie esi wògblɔ vi nudomegblẽla ƒe ŋutinyaa na wo. Yesu gblɔ be esi vifofoa kpɔ via si trɔ dzi me “wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la,” eƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ eye wòtsɔ nu si wòwɔa kee faa. Esia na míese ale si gbegbe Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula la gɔme nyuie. (Luka 15:​11-32) Nyateƒee, Yesu ɖe ame si tututu Fofoa nyea fia.

10. (a) Aleke míewɔ nya be Yesu zã Fofoa ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ eye wòdi be amewo hã nazãe? (Marko 5:19) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.) (b) Nu kae Yesu di be míawɔ egbea?

10 Ðe Yesu di be amewo nanɔ ye Fofo ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ zãma? Ɛ̃. Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me dometɔ aɖewo gblɔ be Mawu ƒe ŋkɔa le kɔkɔe akpa be amewo nanɔ eyɔm alo anɔ ezãm. Gake Yesu mena nufiafia ma si menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o la na wòdzudzɔ bubudede Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu o. Bu ɣeyiɣi si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ŋutsu aɖe me le Gerasa nuto aɖe me ŋu kpɔ. Vɔvɔ̃ ɖo amewo, eya ta woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nutoa me. (Marko 5:16, 17) Gake Yesu di godoo be amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔa le afi ma. Eya ta egblɔ na ŋutsu si wòda dɔ na la be wòavae gblɔ nu si Yehowa wɔ nɛ, ke menye nu si ye Yesu yewɔ nɛ o la, na amewo. (Xlẽ Marko 5:19.) a Nu ma tututu dim Yesu le egbea hã, be míana amewo nanye ye Fofo ƒe ŋkɔ le xexe bliboa me! (Mat. 24:14; 28:​19, 20) Ne míedoa vevie nu wɔa esia la, ado dzidzɔ na míaƒe Fia, Yesu.

Yesu gblɔ na ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le be wòavae gblɔ nu si Yehowa wɔ nɛ la na amewo (Kpɔ memama 10)


11. Nu ka ŋue Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa tsoe, eye nu ka tae esia le vevie? (Ezekiel 36:23)

11 Yesu nyae be Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeakɔ yeƒe ŋkɔa ŋu tso vlodoame ɖe sia ɖe me. Esia tae míaƒe Aƒetɔ Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mat. 6:9) Yesu nya be ye Fofo ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔe nye nya vevitɔ si le toa me. (Xlẽ Ezekiel 36:23.) Le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã domea, Yesue nye ame si kɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu wu ame bubu ɖe sia ɖe. Gake esi futɔwo va lée la, nya kae wotsɔ ɖe eŋu? Wobe egblɔ busunya! Yesu nya nyuie be enye nu vɔ̃ gã be ame nagblɔ busunya ɖe ye Fofo ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu. Eya ta ete ɖe edzi vevie be wotsɔ nya ma le ye nu tsom. Anye susu ma koŋ tae le gaƒoƒo si do ŋgɔ hafi woalée mea, ‘wòxa nu vevie’ ɖo.—Luka 22:​41-44.

12. Aleke Yesu kɔ Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake me?

12 Esi Yesu di vevie be yeakɔ ye Fofo ƒe ŋkɔa ŋu taa, edo dzi esi wowɔ fui, wodzui eye woda alakpa ɖe esi. Enyae be yeɖo to ye Fofo le nu sia nu me eye susu aɖeke meli si tae ŋu nakpe ye o. (Heb. 12:2) Enya be Satana koŋue tɔ ŋku ye le ɣeyiɣi sesẽ ma me. (Luka 22:​2-4; 23:​33, 34) Satana susui be yeate ŋu agblẽ Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ me; gake eda ƒu kura! Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ vɔ̃ɖi eye be amewo ayi edzi alɔ̃ Yehowa awɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

13. Nu kae nàwɔ be míaƒe Fia si le dzi ɖum la nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò?

13 Ðe nèdi be yeawɔ nu atsɔ ado dzidzɔ na míaƒe Fia si le dzi ɖuma? Ne nenemaea, ke yi edzi nànɔ Yehowa ƒe ŋkɔa kafum eye nànɔ kpekpem ɖe ame geɖe ŋu be woava nya ame si tututu Yehowa nye. Ne èwɔe alea, ke èle Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzem. (1 Pet. 2:21) Eye abe ale si Yesu wɔe enea, wò hã àna Yehowa nakpɔ dzidzɔ eye àɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ vɔ̃ɖi!

MÍAXƆ AMEWO ÐE AGBE NE MÍEKAFUA YEHOWA ƑE ŊKƆ

14-15. Nu nyui kawoe dona tsoa eme ne míefiaa nu amewo tso Yehowa ŋu?

14 Ne míekafua Yehowa ƒe ŋkɔ la, ana mɔnukpɔkpɔ amewo be woakpɔ agbe. Le mɔ ka nu? Biblia gblɔ be Satana ‘gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.’ (2 Kor. 4:4) Esia wɔe be wova xɔ Satana ƒe alakpanyawo dzi se. Alakpanya mawo ƒe ɖewoe nye be: Mawu meli o, eye ne eli hãa, ele adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ eye metsɔ ɖeke le eme na mí o, eƒe tame sẽ eye wòwɔa fu nu vɔ̃ wɔlawo le dzo mavɔ me. Satana kaka alakpanya mawo kple susu ko be yeagblẽ Yehowa ƒe ŋkɔ ale be amewo naganyae ate ɖe eŋu o. Gake míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le Satana ƒe tameɖoɖoa me gblẽm. Míefiaa nyateƒea amewo tso mía Fofo si le dziƒo ŋu eye míekafua mía Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔea. Nu kae dona tso esia me?

15 Ŋusẽ le nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu. Ne míefia nu amewo eye wova nya ame si tututu Yehowa nyea, nu nyui geɖe dona tsoa eme. Vivivia, woƒe ŋku dzi va kɔna, wova dea dzesi Satana ƒe alakpanyawo eye wova kpɔa mía Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔme nyuiwo dzea sii. Ewɔa nuku na wo ne wova se egɔme be seɖoƒe meli na Yehowa ƒe ŋusẽ o. (Yes. 40:26) Wova ɖoa ŋu ɖe eŋu, elabe eƒe mɔwo katã dzɔ. (5 Mose 32:4) Eƒe nunya goglo la wɔa dɔ ɖe wo dzi. (Yes. 55:9; Rom. 11:33) Eye woƒe dzi dzea eme ne wova srɔ̃e be Mawu nye lɔlɔ̃. (1 Yoh. 4:8) Ne wole tetem ɖe Yehowa ŋua, mɔkpɔkpɔ si le wo si be yewoava nɔ agbe tegbee la me gasẽna ɖe edzi. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe su mía si be míakpe ɖe amewo ŋu woate ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu. Ne míewɔe alea, Yehowa abu mí be míenye yeƒe “hadɔwɔlawo.”—1 Kor. 3:​5, 9.

16. Esi amewo va nyae be ŋkɔ le Mawu sia, vi kae wòɖe na wo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

16 Ne míedze nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewoa, míenana wonyana be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Ŋkɔa nyanya ɖeɖe dzaa wɔa dɔ ɖe ame siwo si dzi nyui lea dzi. Le kpɔɖeŋu me, menye Kristotɔwo ƒe ƒome mee wonyi ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Aaliyah b le o. Subɔsubɔha si me wònɔa medze eme nɛ o eye mena wòte ɖe Mawu ŋu hã o. Gake nuwo trɔ esi Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Eva kpɔe be yeate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃. Esi wòva nya be amewo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖa le Biblia geɖe me eye wotsɔ dzesideŋkɔ abe Aƒetɔ ene ɖo eteƒea, ewɔ nuku nɛ. Esi wòva nya Yehowa ƒe ŋkɔa, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ! Egblɔ kple dzidzɔ be: “Ŋkɔ le xɔ̃nye vevitɔ si!” Eye wògblɔ kpee be: “Fifia nye dzi dze eme ale gbegbe. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye esia su asinye.” Steve nye hadzila aɖe si wodzi ɖe Yudasubɔsubɔ me. Gake megadi be yeanɔ subɔsubɔha aɖeke me o, elabe ekpɔ woƒe alakpanuwɔwɔ geɖe teƒe. Esi nɔa ku eye wònɔ nu xam veviea, Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple ame aɖe eye eya hã lɔ̃ faa be yeaɖo to. Eva srɔ̃e be ŋkɔ le Mawu si, eye esia wɔ nuku nɛ ale gbegbe. Egblɔ be: “Nyemenya kpɔ be ŋkɔ le Mawu si o. Esiae nye zi gbãtɔ si meva dze sii be ame ŋutɔŋutɔe Mawu nye. Mekpɔe enumake be meke ɖe xɔlɔ̃ vevi aɖe ŋu.”

17. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeayi edzi akafu Yehowa ƒe ŋkɔ? (Kpɔ fotoa hã.)

17 Ne èle gbeƒã ɖem eye nèle nu fiam amewoa, ɖe nènana wonyaa Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe Yehowa? Ðe nèkpena ɖe amewo ŋu be woanya ame si tututu mía Mawu la nyea? Ne èwɔa esia, ke èle Mawu ƒe ŋkɔa kafum. Eya ta yi edzi nàkpe ɖe amewo ŋu woanya Yehowa nyuie eye nàto edzi anɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea kafum. Elabe esia akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ agbe eye wòana nàyi edzi anɔ míaƒe Fia Kristo Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzem. Ƒo wo katã taa, wò nu adze mía Fofo lɔlɔ̃a Yehowa ŋu. Neva eme be nàyi edzi ‘akafu eƒe ŋkɔ ɖaa tegbee’!—Ps. 145:2.

Míekafua Yehowa ƒe ŋkɔ ne míefiaa eƒe ŋkɔa amewo eye míekpena ɖe wo ŋu wova nyaa ame si tututu Yehowa nye (Kpɔ memama 17)

NE MÍEKAFUA MAWU ƑE ŊKƆA, . . .

  • aleke wòdzea eŋui?

  • aleke wòdzea Kristo Yesu ŋui?

  • aleke wòana amewo nakpɔ ɖeɖe?

HADZIDZI 2 Ŋkɔwòe Nye Yehowa

a Susu geɖe li si tae míeka ɖe edzi be Marko zã Mawu ƒe ŋkɔ le Yesu ƒe nya siwo dze le afi sia me. Míegbugbɔe de afi ma le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me.

b Míetrɔ ŋkɔawo.