Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 7

HADZIDZI 51 Mawue Míeɖe Adzɔgbe Na!

Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Naziritɔwo Gbɔ?

Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Naziritɔwo Gbɔ?

“Ame kɔkɔe wònye na Yehowa le ŋkeke siwo katã me wònye Naziritɔ.”4 MOSE 6:8.

TAÐODZINUA

Kpɔɖeŋu si Naziritɔwo ɖo la akpe ɖe mía ŋu dzi nanɔ mía ƒo eye míatsɔ nuwo asa vɔe le Yehowa subɔsubɔ me.

1. Nɔnɔme nyui kae Yehowa subɔlawo ɖe fia tso blema ke?

 ÐE NÈLƆ̃ Yehowa veviea? Anɔ eme be èlɔ̃e! Eye menye wò ɖeka koe o. Tso blema kea, ame geɖe ɖee fia be yewolɔ̃ Yehowa, abe wò ke ene. (Ps. 104:​33, 34) Wo dometɔ geɖe tsɔ nuwo sa vɔe ale be yewoate ŋu asubɔe. Nu mae Israel-vi siwo nɔ anyi le blema siwo woyɔ be Naziritɔwo wɔ. Ame kawoe wonye, eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ?

2. (a) Ame kawoe nye Naziritɔwo? (4 Mose 6:​1, 2) (b) Nu ka tae Israel-vi aɖe atiae be yeaɖe adzɔgbe azu Naziritɔ?

2 Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Ame Si Ðe Adzɔgbe,” alo “Ame Si Woɖe Ðe Vovo,” mee woɖe nya “Naziritɔ” tso. Naziritɔ nye Israel-vi dovevienu si tsɔ nanewo sa vɔe ale be yeate ŋu asubɔ Yehowa le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Mose ƒe Sea ɖe mɔ be ŋutsu alo nyɔnu ate ŋu aɖe adzɔgbe tɔxɛ be yeazu Naziritɔ hena ɣeyiɣi aɖe. a (Xlẽ 4 Mose 6:​1, 2.) Ne Israel-vi aɖe ɖe adzɔgbe sia la, efia be awɔ ɖe se aɖewo siwo dzi Israel-vi susɔeawo mewɔna ɖo o la dzi. Ne nyaa le alea, nu kae aʋã Israel-vi aɖe be wòaɖe adzɔgbe sia? Anɔ eme be ale si amea lɔ̃ Yehowa kple ale si wòkpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nunana gbogboawo ŋue aʋãe.—5 Mose 6:5; 16:17.

3. Adzɔgbe kae Mawu ƒe amewo ɖena egbea si ɖi Naziritɔwo tɔ?

3 “Kristo la ƒe se la” va xɔ ɖe Mose ƒe Sea teƒe. Esia na Naziritɔnyenye ƒe ɖoɖoa megava li o. (Gal. 6:2; Rom. 10:4) Gake abe ale si Naziritɔwo wɔe enea, Yehowa ƒe ame siwo li egbea subɔnɛ kple dzi blibo, luʋɔ blibo, susu blibo, kple ŋusẽ blibo. (Marko 12:30) Míelɔ̃na faa ɖea adzɔgbe be míatsɔ mía ɖokuiwo ana Yehowa. Be míate ŋu awɔ ɖe adzɔgbeɖeɖe ma dzia, ele be míatsɔ nanewo asa vɔe eye míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Esi míele nu si kpe ɖe Naziritɔwo ŋu wote ŋu wɔ ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖea dzi me dzroma, míasrɔ̃ nu vevi aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míawo hã míawɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea dzi. b (Mat. 16:24) Na míakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

LƆ̃ FAA NÀTSƆ NUWO ASA VƆE

4. Le 4 Mose 6:​3, 4 ƒe nya nua, nu kawoe Naziritɔwo tsɔ sa vɔe?

4 Xlẽ 4 Mose 6:​3, 4. Ele be Naziritɔwo natsri aha sesẽ kple nu sia nu si wotsɔ waintsetse wɔ, eɖanye ɖiɖia alo ƒuƒua o. Israel-vi bubuwo ya ɖua nu siawo faa eye naneke megblẽ le wo ŋu o. Biblia ŋutɔ gblɔ be ‘wain doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi,’ eye wònye nunana tso Mawu gbɔ. (Ps. 104:​14, 15) Togbɔ be nu siawo doa dzidzɔ na amegbetɔwo hã, Naziritɔwo ya tiae be yewomawɔ wo ŋu dɔ o. c

Ðe nàlɔ̃ faa atsɔ nanewo asa vɔe, abe ale si Naziritɔwo wɔe enea? (Kpɔ memama 4-6)


5. Nu kae Madián kple Marcela tsɔ sa vɔe, eye nu ka tae?

5 Míawo hã míate ŋu atsɔ nanewo asa vɔe ale be míasubɔ Yehowa bliboe, abe ale si Naziritɔwo wɔe ene. Bu nu si Madián kple Marcela wɔ ŋu kpɔ. d Nu de atsu kple asi sia dzi ŋutɔ. Madián kpɔ dɔ aɖe si me ga geɖe le eye wonɔ aƒe nyui aɖe hã me. Woɖoe be yewoawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Gake hafi woate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔa, ele be woawɔ tɔtrɔ aɖewo. Wogblɔ be: “Míeɖe míaƒe gazazãwo dzi kpɔtɔ. Míeʋu yi aƒe kpokploe aɖe me, eye míedzra míaƒe ʋua hã.” Mehiã be atsu kple asi sia nawɔ tɔtrɔ siawo kokoko hafi o. Gake wotiae be yewoawɔe nenema ale be yewoate ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Esi wowɔe alea, wole dzidzɔ kpɔm eye meve wo be yewowɔ tɔtrɔ siawo o.

6. Nu ka tae Kristotɔ siwo li egbea tsɔa nanewo saa vɔe? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Edzɔa dzi na Yehowa subɔla siwo li egbea hã be woatsɔ nanewo asa vɔe ale yewoakpɔ ɣeyiɣi asubɔe bliboe. (1 Kor. 9:​3-6) Yehowa mezia mía dzi be míatsɔ nu siawo asa vɔe kokoko o, eye ne nu mawo le mía si hã, menye ɖe wògblẽ o. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi aɖewo ɖe asi le woƒe dɔwo ŋu, ɖewo ʋu le woƒe aƒewo me, ɖewo hã ɖoe be yewomaɖe srɔ̃ fifia o, eye wo dometɔ siwo ɖe srɔ̃ hã ƒe ɖewo tiae be yewomadzi vi haɖe o. Ame aɖewo hã tiae be yewoasubɔ le afi si hiahiã geɖe le, togbɔ be esia abia be woaʋu le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ hã. Mía dometɔ geɖe lɔ̃ faa tsɔ nu siawo sa vɔe elabe míedi be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo ana Yehowa. Ka ɖe edzi be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe nu sue alo nu gã ɖe sia ɖe si míetsɔ sa vɔe be míasubɔe la ŋu.—Heb. 6:10.

LƆ̃ FAA NÀTO VOVO

7. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na Naziritɔ be wòawɔ ɖe adzɔgbe si wòɖea dzi? (4 Mose 6:5) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

7 Xlẽ 4 Mose 6:5. Naziritɔwo ɖe adzɔgbe be yewomalũ ta o. Mɔ ma dzie wotona ɖenɛ fiana be yewodi be yewoawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi. Ne Israel-vi aɖe zu Naziritɔ eteƒe didia, eƒe ɖa ato legbee eye amewo ade dzesii. Ne ame siwo dome wòle da asi ɖe adzɔgbe si wòɖe la dzia, ke anɔ bɔbɔe nɛ be wòawɔ ɖe edzi. Gake nublanuitɔea, edzɔ ɣeaɖewoɣi be Israel-vi aɖewo megava dea bubu Naziritɔwo ŋu o. Le nyagblɔɖila Amos ƒe ŋkekea mea, Israel-vi xɔsegbela aɖewo ‘naa wain Naziritɔwo be woano,’ ɖewohĩ kple susu be yewoagblẽ adzɔgbe si woɖea me. (Amos 2:12) Ɣeaɖewoɣia, ahiã be dzi nanɔ Naziritɔ ƒo wòato vovo ale be wòate ŋu awɔ ɖe adzɔgbe si wòɖea dzi.

Naziritɔ aɖe lɔ̃ faa be yeato vovo le amewo dome eye wòwɔ ɖe adzɔgbe si wòɖea dzi nuteƒewɔwɔtɔe (Kpɔ memama 7)


8. Aleke Benjamin ƒe nuwɔnaa de dzi ƒo na wòe?

8 Yehowa ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu dzi nanɔ mía ƒo míato vovo, ne ŋu kpea mí alo míevɔ̃na gɔ̃ hã. Bu Benjamin si nye Ðasefo si xɔ ƒe ewo si le Norway ŋu kpɔ. Esi aʋa le edzi yim le Ukraine taa, wowɔ wɔna aɖe le woƒe suku be woatsɔ ade Ukraintɔwo dzi. Wodi tso ɖeviawo si be woado awu si ƒe amadede sɔ kple dukɔa ƒe aflaga tɔ eye woadzi ha. Esi Benjamin medi be yeaƒo ye ɖokui ɖe dulɔlɔ̃ ƒe nuwɔna sia me o taa, enɔ adzɔge tso afi si wɔnaa nɔ edzi yim le. Gake nufialawo dometɔ ɖeka kpɔe eye wòdo ɣli gblɔ be: “Va wɔ ɖeka kpli mí. Míele wò lalam!” Benjamin lé dzi ɖe ƒo te ɖe nufialaa ŋu eye wògblɔ be: “Nyemedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Le nyateƒe mea, wolé Yehowa Ðasefo geɖewo de gaxɔ me le esi wogbe be yewomayi aʋa o ta.” Nufialaa se nu gɔme nɛ eye wògblɔ be mahiã be wòava o. Gake emegbe eƒe sukuhatiwo va biae be nu ka tae eya meva o hã. Vɔvɔ̃ ɖo Benjamin eye wòde avi fa ge kloe, gake dzi nɔ eƒo wògblɔ nya si tututu wògblɔ na nufialaa na wo. Esi Benjamin gbɔ va aƒe mea, egblɔ na edzilawo be yekpɔe be Yehowae kpe ɖe ye ŋu yeʋli yeƒe xɔse ta.

9. Nu kae míawɔ be míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi?

9 Esi míetiae be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu taa, míetoa vovo tso ame siwo dome míelea gbɔ. Ne míele dɔme alo sukua, ahiã be dzi nanɔ mía ƒo míana amewo nanyae be Yehowa Ðasefowoe míenye. Amewo ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me, eya ta agate ŋu anɔ sesẽm ɖe edzi be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi eye míagblɔ nya nyuia na amewo. (2 Tim. 1:8; 3:13) Gake ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be ne dzi le mía ƒo míetoa vovo tso ame siwo mesubɔa Yehowa o gbɔa, ‘míedoa dzidzɔ na eƒe dzi.’—Lod. 27:11; Mal. 3:18.

NA YEHOWA ƑE NUDIDIWO DZI WƆWƆ NANYE NU VEVITƆ NA WÒ

10. Aleke se siwo le 4 Mose 6:​6, 7 ate ŋu ado Naziritɔ ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ?

10 Xlẽ 4 Mose 6:​6, 7. Naziritɔwo megogoa ame kuku o. Adze abe se sia dzi wɔwɔ menye nu gã aɖeke o ene. Gake le blemaa, esia ate ŋu asesẽ na Naziritɔ, vevietɔ ne eƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖee ku. Ɣemaɣi ne ame kua, ehiãna be woate ɖe eŋu. (Yoh. 19:​39, 40; Dɔw. 9:​36-40) Le adzɔgbe si Naziritɔ ɖe taa, mate ŋu ate ɖe ame kuku ŋu alo aka asi eŋu o. Eya ta ne edzɔ be Naziritɔ aɖe ƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖe ku eye wòle nu xam vevie hãa, eɖea xɔse sẽŋu fiana eye wòwɔna ɖe adzɔgbe si wòɖea dzi. Edze ƒãa be Yehowa kpena ɖe esubɔla wɔnuteƒe siawo ŋu wodoa dzi le nɔnɔme sesẽ mawo me.

11. Ne míaƒe nyametsotso aɖe madze ƒometɔwo ŋu o hãa, nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

11 Mí Kristotɔwo hã míeɖe adzɔgbe na Yehowa, eye esia le vevie na mí ŋutɔ. Adzɔgbe ma si míeɖe la nɔa susu me na mí ne míele nu wɔm kple míaƒe ƒometɔwo alo le nya me tsom le nanewo ŋu. Míedzea agbagba vevie kpɔa míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ, abe ale si Ŋɔŋlɔawo di tso mía si ene. Gake mímetsɔa nu si míaƒe ƒometɔwo di tso mía si doa ŋgɔ na nu si Yehowa di tso mía si o. (Mat. 10:​35-37; 1 Tim. 5:8) Eya ta ɣeaɖewoɣia, míaƒe nyametsotso aɖewo madzɔ dzi na ƒometɔwo o, gake wodzea Yehowa ya ŋu.

Ðe nàlɔ̃ faa ana Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ nanye nu vevitɔ na wò le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã mea? (Kpɔ memama 11) e


12. Nu kae Alexandru wɔ esi nya sesẽ aɖe do mo ɖa le ƒomea me, eye nu kae mewɔ o?

12 Bu Alexandru kple srɔ̃a Dorina ƒe kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Esi Ðasefowo srɔ̃ Biblia kpli wo ƒe ɖekaa, Dorina va dzudzɔ nusɔsrɔ̃a eye wòdi be ye srɔ̃ Alexandru hã nadzudzɔ. Gake ŋutsua ɖe eme nɛ tufafatɔe be yemadzudzɔ o. Esia medzɔ dzi na Dorina o, eya ta edze agbagba be yeazii ɖe ye srɔ̃ dzi wòadzudzɔ. Alexandru gblɔ be yedze agbagba be yease nu si tae wònɔ nu wɔm nenemaa gɔme, gake menɔ bɔbɔe na ye kura o. Ɣeaɖewoɣi ne Dorina he nya ɖe ŋutsua ŋu kple dzikua, ewɔna nɛ be yeadzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Ke hã, ŋutsua mena ta o, eyi edzi tsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ eye wòyi edzi lɔ̃ srɔ̃a hede bubu eŋu. Mlɔebaa, eƒe kpɔɖeŋu nyuia wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi wògate Biblia sɔsrɔ̃ eye wòva xɔ nyateƒea.—Ʋu jw.org eye nàkpɔ video si nye Alexandru kple Dorina Vacar: Lɔlɔ̃ Gbɔa Dzi Blewu, Eye Wònyoa Dɔme. Ele video hatsotso vovovo siwo ƒe tanyae nye “Nyateƒea Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” te.

13. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa kple míaƒe ƒomea?

13 Yehowae ɖo ƒomea anyi, eye wòdi be ƒomewo nakpɔ dzidzɔ. (Ef. 3:​14, 15) Eya ta ne míedi be míakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔa, ke ele be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Ka ɖe edzi be ne èyia edzi léa be na wò ƒomea eye nèwɔa nu ɖe wo ŋu le lɔlɔ̃ kple bubu mea, wò agbagbadzedzewo kple nu siwo katã nèwɔna le esubɔsubɔ mea adze eŋu.—Rom. 12:10.

DE DZI ƑO NA AMEWO BE WOASRƆ̃ NAZIRITƆWO

14. Ame kawoe wòle be míadze agbagba ade dzi ƒo na?

14 Ele be ame sia ame si di be yeasubɔ Yehowa egbea nalɔ̃ eyama eye wòatsɔ nanewo asa vɔe. Gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔewo ŋu be míatsɔ nanewo asa vɔe? Ele be míatsɔ míaƒe numenyawo ade dzi ƒo na mía nɔewo. (Hiob 16:5) Ðe ame aɖewo le miaƒe hamea me siwo di be yewoanɔ agbe tsɛ ale be yewoawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ mea? Ðe nènya sɔhɛ aɖewo siwo ƒo dzi le eye wowɔa nu wòtoa vovo na sukuvi bubuwo tɔ togbɔ be esia menɔa bɔbɔe na wo oa? Ke Biblia nusrɔ̃viwo alo mía nɔvi siwo le agbagba dzem be yewoawɔ nuteƒe togbɔ be woƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe wo ŋu hã ɖe? Ekema wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nàde dzi ƒo na wo eye nàgblɔ ale si gbegbe nèkpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ɖe woƒe dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ta.—Filem. 4, 5, 7.

15. Nu kae ame aɖewo wɔna tsɔ kpena ɖe ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ŋu?

15 Ɣeaɖewoɣia, míate ŋu awɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖewo atsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ŋu. (Lod. 19:17; Heb. 13:16) Mía nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si le Sri Lanka ɖoe be yeawɔ esia. Togbɔ be ganyawo mede edzi o hã, esi woda ɖe eƒe dzudzɔxɔledɔmega dzi ko la, eɖoe be yeakpe ɖe mɔɖela eve aɖewo ŋu. Eka ga aɖe ɖi koŋ be yeatsɔ ana wo ɣleti sia ɣleti be woatsɔ anɔ telefondziɖaseɖiɖidɔa wɔm. Nɔnɔme nyui aɖee nye esia mía nɔvia ɖe fia!

16. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Naziritɔwo ƒe ɖoɖoa me?

16 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso blematɔ siwo ŋutɔwo tiae be yewoanye Naziritɔwo la gbɔ. Naziritɔwo ƒe ɖoɖoa na míegasrɔ̃ nu vevi bubu aɖe tso Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la gbɔ. Eyae nye be eka ɖe edzi be míawɔ nu siwo adze ye ŋu eye míalɔ̃ faa atsɔ nanewo asa vɔe be míawɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe na yea dzi. Ede bubu mía ŋu eye wòna mɔnukpɔkpɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaɖe ale si míelɔ̃ ye afia. (Lod. 23:​15, 16; Marko 10:​28-30; 1 Yoh. 4:19) Naziritɔwo ƒe ɖoɖoa na míekpɔe hã be Yehowa dea dzesi nu siwo míetsɔna saa vɔe be míasubɔ ye eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Neva eme be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo asa vɔe ale be míayi edzi asubɔ Yehowa.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ame siwo ɖe adzɔgbe zu Naziritɔwo le blema la tsɔ nu geɖe sa vɔe eye dzi nɔ wo ƒo?

  • Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔewo egbea be míasrɔ̃ Naziritɔwo?

  • Aleke Naziritɔwo ƒe ɖoɖoa ɖee fia be Yehowa ka ɖe esubɔlawo dzi?

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

a Togbɔ be Yehowa ŋutɔ tia ame ʋɛ aɖewo be woanye Naziritɔwo hãa, Israel-vi siwo nye Naziritɔwo dometɔ geɖe ŋutɔe ɖe adzɔgbe ma.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “ Ame Siwo Yehowa Ŋutɔ Ðo Naziritɔwo.”

b Ɣeaɖewoɣia, míetsɔa ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la sɔna kple Naziritɔwo le míaƒe agbalẽwo me. Gake le nyati sia mea, míazãe wòaku ɖe Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe siwo katã ɖea Naziritɔwo ƒe nɔnɔme fiana la ŋu.

c Zi geɖea, womegadea dɔ bubu aɖeke asi na Naziritɔwo tsɔ kpe ɖe esi woawo ŋutɔwo ɖe adzɔgbe be yewoawɔa ŋu o.

d Ʋu jw.org be nàkpɔ nyati si nye “Míetso Nya Me Be Míanɔ Agbe Tsɛ,” si dze le nyati vovovo siwo nye “Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo” te.

e NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Naziritɔ aɖe le xɔta eye wòkpɔ wotsɔ eƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖe yina ɖiɖi ge evɔ mate ŋu ate ɖe wo ŋu o le adzɔgbe si wòɖe ta.