Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Nedzɔ Wò Esi Nèle Yehowa Sinu Kpɔm Dzigbɔɖitɔe

Dzi Nedzɔ Wò Esi Nèle Yehowa Sinu Kpɔm Dzigbɔɖitɔe

ÐE NÈLE mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yehowa ava ɖe nu vlo wɔwɔwo katã ɖa, eye wòawɔ nuwo katã yeyea? (Nyaɖ. 21:​1-5) Ðikeke mele eme o be èle mɔ kpɔm! Gake mele bɔbɔe be míagbɔ dzi ɖi ɣesiaɣi akpɔ Yehowa sinu o, vevietɔ ne nɔnɔmeawo sesẽ. Ne míele mɔ kpɔm na nane eye meva eme kaba oa, míaƒe dzi sea veve.—Lod. 13:12.

Ke hã, Yehowa di be míalala akpɔ ye sinu va se ɖe esime yeɖɔ nuwo ɖo. Nu ka tae wòdi be míanɔ ye sinu kpɔm? Eye nu kae ana dzi nanɔ mía dzɔm esi míele esinu kpɔm?

NU KA TAE YEHOWA DI BE MÍANƆ YE SINU KPƆM?

Biblia gblɔ be: “Yehowa anɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yeave mia nu, eye wòatso be yeakpɔ nublanui na mi. Elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã kpɔa esinu.” (Yes. 30:18) Yuda-vi sẽtowo koŋue Yesaya gblɔ nya siawo na. (Yes. 30:1) Gake Yudatɔ aɖewo nye nuteƒewɔlawo, eye nya siawo na mɔkpɔkpɔ wo. Nya siawo na mɔkpɔkpɔ mí Yehowa subɔla siwo li egbea hã.

Ele be míalala dzigbɔɖitɔe elabe Yehowa ŋutɔ le lalam dzigbɔɖitɔe. Eɖo ɣeyiɣi si wòahe xexe xoxo sia ava nuwuwui, eye eya ŋutɔ hã le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma lalam. (Mat. 24:36) Ɣemaɣia, ava dze ƒãa be nya siwo Abosam tsɔ ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu nye alakpa. Ekema atsrɔ̃ Satana kple ame siwo katã de edzi, gake ‘akpɔ nublanui na míawo ya.’

Yehowa maɖe míaƒe xaxawo ɖa fifia kokoko o, gake eka ɖe edzi na mí be míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm esime míele lalam. Yesaya gblɔe wòsɔ nyuie be, míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm esi míele mɔ kpɔm na nu nyui siwo le ŋgɔ. (Yes. 30:18) a Aleke míawɔ anɔ dzidzɔ kpɔm? Nu ene aɖewo akpe ɖe mía ŋu.

NU SIWO ANA NÀNƆ DZIDZƆ KPƆM ESI NÈLE LALAM

Wò susu nenɔ nu nyuiwo ŋu. Amewo wɔ ŋutasẽnu geɖe ɖe Fia David ŋu le eƒe agbe me. (Ps. 37:35) Egblɔ be: “Zi kpi le Yehowa ŋkume kpoo, eye nànɔ esinu kpɔm. Dzi megaku wò ɖe ame si ƒe mɔ vɔ̃wo dzea edzi nɛ la ŋu o.” (Ps. 37:7) David ŋutɔ wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi eye wòkpɔ Yehowa sinu be wòaxɔ na ye. Azɔ hã, eƒe susu nɔ ale si Yehowa nɔ eyram la dzi. (Ps. 40:5) Ne míawo hã míaƒe susu nɔa nu nyui siwo wɔm Yehowa le na mí, ke menye nu vlo siwo ƒo xlã mí ŋu oa, anɔ bɔbɔe be míagbɔ dzi ɖi akpɔ esinu.

Yi edzi nànɔ Yehowa kafum. Anɔ eme be David si nye Psalmo 71 lia ŋlɔla ye gblɔ na Yehowa be: “Manɔ mɔ kpɔm na wò ɖaa; eye makafu wò agakafu wò ɖe edzi.” (Ps. 71:14) Aleke wòakafu Yehowae? Egblɔ be yeaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋusẽdɔwo eye yeadzi kafukafuhawo nɛ. (Ps. 71:​16, 23) Abe David enea, míawo hã míate ŋu akpɔ dzidzɔ esi míele Yehowa sinu kpɔm. Nu siwo ana míanɔ dzidzɔ kpɔm ye nye ne míeɖea gbeƒã na amewo, ƒoa nu tso Yehowa ŋu na amewo, eye míedzia Fiaɖuƒehawo. Ne èle Fiaɖuƒehawo dzim la, de ŋugble le emenya dedziƒonameawo ŋu nyuie.

Na nɔviwo nade dzi ƒo na wò. Esime David nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la, egblɔ na Yehowa be: “Makpɔ mɔ na wò ŋkɔ, . . . le ame siwo wɔa nuteƒe na wò la ŋkume.” (Ps. 52:9) Nenema kee míawo hã míate ŋu ana mía nɔvi wɔnuteƒewo nade dzi ƒo na mí, menye le kpekpeawo kple gbeadzi ko o, ke le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi hã me.—Rom. 1:​11, 12.

Na wò mɔkpɔkpɔa me nasẽ. Psalmo 62:5 gblɔ be: “Mezi kpi kpoo le Mawu sinu kpɔm, elabena eya gbɔe nye mɔkpɔkpɔ tsona.” Ele be míana míaƒe mɔkpɔkpɔ me nasẽ, vevietɔ ne xexea ƒe nuwuwu mele vavam abe ale si míekpɔ mɔe ene o. Ele be míaka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo, ɣeyiɣi didi ka kee wòle be míalala o. Míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔa ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa me nyagblɔɖi siwo va eme kple ale si Biblia ŋlɔlawo ƒe nyawo de nu wo nɔewo tɔ me kpakple ale si Yehowa na míeva kpɔ eƒe nɔnɔme nyuiwo, eye míade ŋugble le wo ŋu. (Ps. 1:​2, 3) Azɔ hã, ele be míanɔ gbe dom ɖa “le gbɔgbɔ kɔkɔe me” be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu mía kplii dome nanɔ nyuie esi míele lalam be wòawɔ ɖe agbe mavɔ si ŋugbe wòdoa dzi.—Yuda 20, 21.

Abe Fia David enea, ka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋku le ame siwo katã le esinu kpɔm ŋu eye eƒe lɔlɔ̃ na wo nu matsi o. (Ps. 33:​18, 22) Eya ta yi edzi nànɔ Yehowa sinu kpɔm dzigbɔɖitɔe eye nàna wò susu nanɔ nu nyuiwo ŋu, nɔ ekafum ɣesiaɣi, na nɔvi wɔnuteƒe bubuwo nado ŋusẽ wò eye nàlé wò mɔkpɔkpɔa me ɖe asi sesĩe.

a Nya ‘kpɔ esinu’ si wozã le gbegbɔgblɔ gbãtɔ me ate ŋu afia be “woanɔ mɔ kpɔm na nane” alo “anɔ mɔ kpɔm vevie be nane nava eme.” Esia fia be esɔ be míanɔ mɔ kpɔm na míaƒe ɖeɖe.