Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔdzikpɔha Me Tɔ Yeye Eve

Dɔdzikpɔha Me Tɔ Yeye Eve

LE KUÐA, January 18, 2023 dzia, woɖe gbeƒã tɔxɛ aɖe le jw.org nyatakakadzraɖoƒea be woɖo Nɔviŋutsu Gage Fleegle kple Nɔviŋutsu Jeffrey Winder wozu Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔwo. Nɔviŋutsu evea siaa le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖee nye esia.

Gage Fleegle kple srɔ̃a Nadia

Wodzi Nɔviŋutsu Fleegle le ɣetoɖoƒe Pennsylvania, le Amerika, eye edzila siwo nye mawuvɔ̃lawoe hee wòtsi. Esi wònye sɔhɛa, woƒe ƒomea ʋu yi kɔƒedu sue aɖe si wohiã gbeƒãɖela geɖewo lea me. Ema megbe kpuiea, exɔ nyɔnyrɔ le November 20, 1988 dzi.

Nɔviŋutsu Fleegle dzilawo dea dzi ƒo nɛ be wòawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Esi edzilawo naa nutome sue dzikpɔlawo kple Betel-ƒomea me tɔwo va dzea woƒe aƒe me zi geɖe taa, ekpɔ ale si dzi dzɔa nɔvi mawoe. Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe kpuiea, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le September 1, 1989 dzi. Ƒe eve le ema megbea, ete ŋu ɖo taɖodzinu si wòɖo esi wòxɔ ƒe 12 be yeavae subɔ le Betel la gbɔ. Edze subɔsubɔ le Brooklyn Betel gɔme le October 1991 me.

Nɔviŋutsu Fleegle wɔ dɔ le Betel ƒe Agbalẽtaƒea ƒe enyi, eye emegbe woɖee yi Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea. Ɣemaɣia, enɔ Russiagbedolawo ƒe hame aɖe me ƒe ʋɛ aɖewo. Le ƒe 2006 mea, eɖe Nɔvinyɔnu Nadia eye wòva wɔ ɖeka kplii le Betel. Eya kple srɔ̃a wokpe asi ɖe Portugalgbedolawo ƒe hame aɖe ŋu ɣeyiɣi aɖe, eye emegbe wovae kpe asi ɖe Spaingbedolawo ƒe hame aɖe ŋu ƒe ewo kple edzivɔ. Esi wòwɔ dɔ le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea ƒe geɖe megbea, wode dɔ asi nɛ be wòawɔ dɔ le Nufiafia Kɔmiti Dɔwɔƒea, eye emegbe ewɔ dɔ le Subɔsubɔ Kɔmiti Dɔwɔƒea. Le March 2022 mea, woɖoe Dɔdzikpɔhaa ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔ.

Jeffrey Winder kple srɔ̃a Angela

Wodzi Nɔviŋutsu Winder le Murrieta le California, Amerika. Edzilawo hee le nyateƒea me, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le March 29, 1986 dzi. Le ɣleti si kplɔe ɖo mea, edze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme. Dɔa vivi enu ale gbegbe be ewɔe ɣleti geɖe. Eye le October 1, 1986 dzia, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme.

Esi Nɔviŋutsu Winder nye sɔhɛa, nɔviaŋutsu tsitsi eve nɔ subɔsubɔm le Betel xoxo, eye wòɖi tsa vae srã wo kpɔ. Sasrãkpɔ ma de dzo eme ale gbegbe be eɖoe be ne yetsia, yeavae subɔ le Betel. Eye le May 1990 mea, wokpee be wòava subɔ le Wallkill Betel.

Nɔviŋutsu Winder wɔ dɔ le Betel ƒe Dzadzɛnyenye Dɔwɔƒea, Agblede Dɔwɔƒea, Betel Dɔdzikpɔƒea kple Betel dɔwɔƒe bubuwo. Eɖe Nɔvinyɔnu Angela le ƒe 1997 me, eye wo ame evea wole subɔsubɔm le Betel ɖekae tso ɣemaɣi. Le ƒe 2014 mea, woɖe wo yi Warwick eye Nɔviŋutsu Winder kpe asi ɖe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegãa tutu ŋu. Le ƒe 2016 mea, woɖe wo yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson eye Nɔviŋutsu Winder wɔ dɔ le Audio/Video Dɔwɔƒea. Le ƒe ene megbea, wogbugbɔ va Warwick eye Nɔviŋutsu Winder wɔ dɔ le Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmiti Dɔwɔƒea. Le March 2022 mea, woɖo Nɔviŋutsu Winder be wòanye Dɔdzikpɔhaa Ƒe Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔ.

Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra nɔviŋutsu siawo siwo nye “nunana” la geɖe esi woyi edzi le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dom ɖe ŋgɔ.—Ef. 4:8.