Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nya kae Biblia gblɔ tso ŋutete si le Yehowa si be wòanya etsɔme ŋu?

Biblia gblɔe eme kɔ be ŋutete le Yehowa si be wòanya etsɔme. (Yes. 45:21) Biblia meƒo nu tso ale si wòwɔa esia, ɣeyiɣi si wòwɔa esia kple nu siwo gbegbe wòtiana be yeanya ŋu tsitotsito o. Eya ta menye nu sia nue míenya tso Yehowa ƒe ŋutete sia ŋu o. Gake na míadzro nu siwo míenya tso eƒe ŋutete sia ŋu ƒe ɖewo me kpɔ.

Yehowa ate ŋu awɔ nu sia nu si wòdi, gake ɣeaɖewoɣia, etianɛ be yemawɔ nanewo o. Esi Yehowa ƒe nunya me goglo taa, ate ŋu anya nu sia nu si wòdi be yeanya. (Rom. 11:33) Azɔ hã eɖua eɖokui dzi bliboe, eya ta ate ŋu atiae be yemanya nu si ava dzɔ o.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 42:14.

Yehowa nana eƒe lɔlɔ̃nu vaa eme. Aleke nyateƒenya sia nyanya na míese ŋutete si le esi be wòanya etsɔmea gɔme? Yesaya 46:10 gblɔ be: “Ame si gblɔa nu si ava dzɔ la tso gɔmedzedzea me ke, kple nu siwo womewɔ haɖe o la fiana tso gbe aɖe gbe ke. Megblɔ be: ‘Nye tameɖoɖo ava eme, eye mawɔ nu sia nu si medi la.’”

Susu siwo tae Yehowa ate ŋu anya etsɔme dometɔ ɖekae nye be ŋusẽ le esi be nu si wòɖo la nava eme. Le amegbetɔwo gomea, ne wole film aɖe kpɔm la, woate ŋu atiae be yewoakpɔ nuwuƒea hafi ava trɔ akpɔe tso gɔmedzedzea. Gake menye nenemae wòle le Yehowa ya gome o; menye ɖe wòvae kpɔ etsɔme nudzɔdzɔawo hafi trɔ va le egblɔm na mí o. Ke boŋ Yehowa ate ŋu aɖoe be nane nadzɔ le ɣeyiɣi aɖe dzi, eye wòakpɔ egbɔ be eva eme ɖe ɣeyiɣi ma tututu dzi.—2 Mose 9:​5, 6; Mat. 24:36; Dɔw. 17:31.

Le esia ta Biblia zã nyawo abe “meɖo,” kple “meɖo tame” tsɔ ɖɔ nu siwo Yehowa wɔna tso etsɔme nudzɔdzɔ aɖewo ŋu. (2 Fia. 19:25; Yes. 46:11) Woɖe nya siawo tso Hebrigbe me nya si wozãna na “zemela” me. (Yer. 18:4) Abe ale si ko zemela ate ŋu atrɔ asi le tsu ŋu wòazu ze nyui aɖea, Yehowa hã ate ŋu atrɔ asi le nuwo ŋu be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.—Ef. 1:11.

Yehowa dea bubu míaƒe tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe ŋu. Meɖo nu sia nu si adzɔ le ame sia ame ƒe agbe me ɖi do ŋgɔ o. Menana ame nyui wɔa nu gbegblẽ kple susu be wòatsrɔ̃ o. Eɖea mɔ na amewo katã be woatia nu si wodi, gake exlɔ̃a nu mí be míawɔ tiatia nyuitɔ.

Bu kpɔɖeŋu eve aɖewo ŋu kpɔ. Gbãtɔ ku ɖe Niniwetɔwo ŋu. Yehowa gblɔ be woatsrɔ̃ Niniwe le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta. Gake esi dua me nɔlawo trɔ dzi me taa, Yehowa “gbugbɔ bu vɔ̃ si wòbe yeahe vɛ la ŋu, eye megahee vɛ o.” (Yona 3:​1-10) Yehowa mewɔ nu si wòɖo be yeawɔ Niniwetɔwo o, elabe dua me nɔlawo lɔ̃ faa trɔ dzi me esi wose Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea.

Eveliae nye nyagblɔɖi si ku ɖe aʋafia Kores, si wogblɔ be ana ablɔɖe Yudatɔwo tso kluvinyenye me ale be woagbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa atu ŋu. (Yes. 44:26–45:4) Nyagblɔɖi ma va eme ɖe Persia-fia Kores dzi. (Ezra 1:​1-4) Evɔ menye Mawu vavã la subɔlae Kores nye o. Yehowa to Kores dzi wòwɔ nu si na nyagblɔɖi ma va eme, gake mezi edzi be wòasubɔ ye o.—Lod. 21:1.

Le nyateƒe mea, menye susu siawo ta koe míagblɔ be Yehowa ate ŋu anya etsɔme eye wòagblɔe ɖi o. Nya lae nye be, amegbetɔ aɖeke mate ŋu ase Yehowa ƒe mɔwo gɔme bliboe o. (Yes. 55:​8, 9) Gake nu si Yehowa na míenya tso eɖokui ŋu doa ŋusẽ míaƒe xɔse be ewɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi, ne ele nu siwo ava dzɔ le etsɔme gblɔm ɖi hã.