Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Nye Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Na Mawu Ƒe Ŋusẽ Dze Geɖe Wu

Nye Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Na Mawu Ƒe Ŋusẽ Dze Geɖe Wu

ESIME nye kple srɔ̃nye míeva ɖo Colombia le ƒe 1985 mea, nu vlo wɔwɔ nɔ edzi yim le dukɔa me eteƒe mekɔ o. Dziɖuɖua nɔ aʋa wɔm kple gbekuidzralawo ƒe adzoha siwo nɔ dugãwo me kple asrafo dzeaglã siwo nɔ towo dzi. Le Medellín, si míeva subɔ le emegbea, àkpɔ gbevuha siwo lé tu ɖe asi le afi sia afi. Wodzraa gbekui, xɔa ga le amewo si be woagawɔ nu vevi wo o, eye amewo naa ga wo be woawu ame na yewo. Wo dometɔ aɖeke menɔa agbe eteƒe didina o. Ðeko wòwɔna na mí abe xexe bubu aɖe kura mee míele ene.

Aleke wòdzɔe be ame tsɛ eve, siwo tso Finland si le xexea ƒe dzigbe ʋĩi ke la, wɔ va le Anyiehe Amerika? Eye nu kawoe mesrɔ̃ le ƒe siwo va yi me?

NYE SƆHƐMENƆƔI LE FINLAND

Wodzim le ƒe 1955 me, eye nyee nye ɖevitɔ le mí ŋutsuvi etɔ̃awo dome. Finland ƒe anyieheƒuta nutoa ƒe du si woyɔna egbea be Vantaa mee metsi le.

Nɔnye xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo ƒe ʋɛ aɖewo hafi wodzim. Gake tɔnye melɔ̃ nyateƒea o, eye meɖe mɔ na nɔnye be wòasrɔ̃ Biblia kpli mí ɖeviawo alo akplɔ mí ayi hamea ƒe kpekpewo o. Eya ta ne mía tɔ mele aƒea me o la, mía nɔ fiaa Biblia me nyateƒe vevi aɖewo mí.

Meɖoe be mawɔ nuteƒe na Yehowa tso esime mexɔ ƒe adre

Tso nye ɖevime kee meɖoe be mawɔ nuteƒe na Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, esime mexɔ ƒe adrea, míaƒe nufiala aɖe do dziku ɖe ŋunye vevie le esi megbe be nyemaɖu verilättyjä (Finlandtɔwo ƒe akpɔnɔvivi si wozã ʋu tsɔ wɔe) o ta. Etsɔ asi ɖeka miã nye alɔgowo sesĩe be make nu, eye wòtsɔ asi evelia lé gaflo tsɔ ka akpɔnɔvivia be yeatee ɖe nu me nam sesẽe. Medze agbagba ƒo gafloa le esi.

Ƒe 12 koe mexɔ esime tɔnye ku. Le ema megbea, metea ŋu dea kpekpeawo azɔ. Hamea me tɔwo tsɔ ɖe le eme nam vevie, eye esia ʋãm be mado vevie mawusubɔsubɔ. Mete Biblia xexlẽ gbe sia gbe, eye mesrɔ̃a míaƒe agbalẽwo veviedodotɔe. Nusɔsrɔ̃ nyuie aleae wɔe be mexɔ nyɔnyrɔ le August 8, 1969 dzi, esime mexɔ ƒe 14.

Esi mewu suku nu koa, mete gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbea, meʋu yi afi si hiahiã geɖe le le Pielavesi, le Finland ƒe titina lɔƒo.

Pielavesi ye medo go Sirkka, si va zu srɔ̃nye lɔlɔ̃a le. Eƒe ɖokuibɔbɔ kple ale si wòdoa vevie mawusubɔsubɔ na eƒe nu lé dzi nam. Ŋkɔxɔxɔ kple ŋutilãmenuwo mele vevie nɛ o. Mí ame evea míedi vevie be míasubɔ Yehowa bliboe ale si míate ŋui, eye míelɔ̃ faa be míawɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode mía si. Míeɖe mía nɔewo le March 23, 1974 dzi. Le esi míayi teƒe aɖe ava ado dzidzɔ na mía nɔewo teƒea, míeyi ɖasubɔ le Karttula boŋ elabe ɣemaɣia, wohiã Fiaɖuƒe gbeƒãɖela geɖe le afi ma vevie ŋutɔ.

Aƒe si míehaya le Karttula le Finland

YEHOWA LÉ BE NA MÍ

Ʋu si fonye tsɔ na mí

Tso míaƒe srɔ̃ɖeɣi kea, Yehowa ɖee fia mí be ne míedi Fiaɖuƒea gbãa, yeakpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiã veviwo gbɔ na mí. (Mat. 6:33) Le kpɔɖeŋu me, esime míenɔ Karttula la, ʋu menɔ mía si o. Eya ta le gɔmedzedzea mea, gasɔe míedona tsɔna zɔa mɔe. Gake le vuvɔŋɔlia, yame fana miamiamia. Hafi míate ŋu aɖe gbeƒã le anyigbamama gã ma mea, míehiã ʋu. Gake ga menɔ mía si míaƒlee o.

Gbe ɖeka fonye va srã mí kpɔ le vo me. Eye wòtsɔ eƒe ʋua na mí domenyotɔe. Exe ʋua ŋuti nugblẽfewo hã xoxo, eya ta ami koe míadze ade eme. Aleae wòdzɔe be ʋu si míehiã la va su mía si.

Yehowa ɖee fia mí be ye dzie agba le be yeakpɔ ŋutilãmenu siwo hiã mí la gbɔ na mí. Mía tɔ koe nye be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.

GILEAD SUKU

Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku si míede le ƒe 1978 me

Esi míenɔ Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua dem le ƒe 1978 mea, Raimo Kuokkanen, a si nye míaƒe nufialawo dometɔ ɖeka, de dzi ƒo na mí be míakpe agbalẽ ɖo be míate ŋu ade Gilead Sukua. Eya ta míedze Eŋlisigbea sɔsrɔ̃ ale be míate ŋu adze ade. Gake le ƒe 1980 me, esi míekpɔ kpe agbalẽvia ɖo haɖe oa, wokpe mí be míava subɔ le alɔdzedɔwɔƒe si le Finland. Ɣemaɣia, Betel dɔwɔlawo mate ŋu akpe agbalẽ ɖo be yewoade Gilead o. Gake míedi be míasubɔ Yehowa le afi sia afi si eya kpɔ be esɔ wu, ke menye afi si míawo míesusu be enyo wu o. Eya ta míelɔ̃ be míava subɔ le Betel. Ke hã míekpɔtɔ nɔ Eŋlisigbea srɔ̃m, ale be ɖewohĩ ne mɔnukpɔkpɔa su mía si la míate ŋu ade.

Ƒe ʋɛ aɖewo megbea, Dɔdzikpɔhaa va ɖe mɔ na Betel dɔwɔlawo be woate akpe agbalẽ ɖo be yewoade Gilead faa. Enumake míede asi dɔbiagbalẽvia te, gake menye ɖe Betel nɔnɔe menɔ mía nu vivim o tae o. Menye nenemae kura o! Ðeko míedi be míatsɔ mía ɖokuiwo ana asubɔ le afi sia afi si hiahiã geɖe wu le, ne mɔnukpɔkpɔa su mía si. Wokpe mí be míava de Gilead Suku ƒe klass 79 lia, eye míewu sukua nu le September 1985 me. Woɖo mí ɖe Colombia.

MÍAƑE DUTANYANYUIGBƆGBLƆ DƆDEASI GBÃTƆ

Esi míeva ɖo Colombia la, wona míewɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒea gbã. Medo vevie nu wɔ dɔ ale si mate ŋui, gake ƒe ɖeka megbea, mese le ɖokuinye me be anyo be woade dɔ bubu mía si. Zi gbãtɔ le nye agbe mea, mebia be woaɖɔ li dɔ nam. Ale wona míeva wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Huila nutoa me, le Neiva dugãa me.

Gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ vivia nunye ŋutɔ. Esime menye tre nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Finland la, ɣeaɖewoɣi menɔa gbeadzi tso ŋdi kanya va se ɖe fiẽ. Esi nye kple Sirkka míeɖe srɔ̃ megbe tetia, míenɔa gbeadzi ŋkeke bliboa ɣeaɖewoɣi. Ne míeyi didiƒewo la, míetsia míaƒe ʋua me dɔna. Esia wɔnɛ be míegazɔa mɔ didi hafi yia gbeadzi le ŋufɔke o, ale be míedzea egɔme kaba.

Esi míeva zu dutanyanyuigblɔlawoa, dzo si nɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu tsã la gava ɖo mía me ake. Míaƒe hamea va dzi ɖe edzi, eye nɔvi siwo le Colombia dea bubu mía ŋu, wolɔ̃ mí eye wokpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo míewɔna ŋu.

ŊUSẼ SI GBEGBE LE GBEDODOÐA ŊU

Du aɖewo te ɖe Neiva, afi si míenɔ subɔsubɔm le ŋu, siwo me Ðasefo aɖeke menɔ o. Eya ta metsi dzi vevie ɖe ale si nya nyuia awɔ aɖo nuto mawo me ŋu. Gake le asrafoha aglãdzela siwo nɔ nutoa me taa, afɔku le afi mawo yiyi me na ame siwo menye nutoa me tɔwo o. Medo gbe ɖa be du mawo me tɔ aɖe nava zu Ðasefo. Mebui be ele be amea nava nɔ Neiva ale be wòasrɔ̃ nyateƒea. Eya ta medoa gbe ɖa hã be ne eva xɔ nyɔnyrɔa, wòatsi le gbɔgbɔ me eye wòatrɔ ayi wo de aɖe gbeƒã le afi ma. Sigbeɖe mɔ si dzi Yehowa ato akpɔ kuxi ma gbɔa nyo sãsãsã wu.

Ema megbe kpuiea, medze Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Fernando González. Enɔ Algeciras, si nye du siwo me Ðasefo aɖeke menɔ o la dometɔ ɖeka me. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, Fernando zɔa mɔ kilometa 50 kple edzivɔ vaa dɔ me le Neiva. Edzrana ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu nyuie, eye wòte kpekpeawo katã dede enumake. Tso esime Fernando te nusɔsrɔ̃ ko la, eƒoa amewo nu ƒu le wo de eye wòfiaa nu siwo wòsrɔ̃ le Biblia me la wo.

Mía kple Fernando le ƒe 1993 me

Fernando xɔ nyɔnyrɔ le January 1990 me; emae nye ɣleti adelia tso esime wòte nusɔsrɔ̃. Emegbe eva zu gbesiagbe mɔɖela. Esi Algeciras vi dzidzi ɖeka va zu Ðasefo azɔ taa, alɔdzedɔwɔƒea kpɔe be fifia yewoate ŋu aɖo mɔɖela veviwo ɖe nutoa me eye kakaɖedzi li be ne woyia, woanɔ dedie. Le February 1992 mea, woɖo hame ɖe du ma me.

Ðe Fernando ɖe gbeƒã le wo de ɖeɖe koa? Ao! Esi wòɖe srɔ̃a, eya kple srɔ̃a ʋu yi San Vicente del Caguán, si nye du bubu aɖe si me Ðasefo aɖeke menɔ o. Wokpe asi ɖe eŋu woɖo hame ɖe afi ma hã. Le ƒe 2002 mea, woɖo Fernando nutome sue dzikpɔlae, eye eya kple srɔ̃a, Olga, kpɔtɔ le dɔ sia dzi va se ɖe egbea.

Nu si mesrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia mee nye be, ne míele gbe dom ɖa tso dɔ siwo Mawu ƒe habɔbɔa de mía si ŋua, ele be míagblɔ nu si tututu míedi be Yehowa nawɔ. Yehowa tea ŋu wɔna nu siwo míawo míate ŋu awɔ o. Nya lae nye be, eya tɔe nuŋeŋedɔa nye, ke menye mía tɔ o.—Mat. 9:38.

YEHOWAE NAA ‘DIDIA KPLE ŊUSẼA’ MÍ

Le ƒe 1990 mea, wobia tso mía si be míawɔ dzikpɔla mɔzɔla dɔa. Nutome sue gbãtɔ si míesubɔ lee nye Bogotá, si nye fiadua. Míevɔ̃ be mímate ŋu awɔ dɔa nyuie o. Ame tsɛwo koe nye kple srɔ̃nye míenye, eye ŋutete tɔxɛ aɖeke mele mía si o. Dugã me nɔnɔ hã mema mí o. Gake Yehowa wɔ ŋugbe si wòdo le Filipitɔwo 2:13 dzi na mí, afi si gblɔ be: “Mawue nye ame si doa ŋusẽ mi, eye wònaa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu.”

Emegbe míeva subɔ le nutome sue aɖe me le Medellín, si nye du si ŋu nya megblɔ le gɔmedzedzea me. Du ma me tɔwo kpɔ nu vlo wɔwɔ teƒe ale gbegbe be megaɖia vɔvɔ̃ na wo o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi menɔ Biblia srɔ̃m kple ame aɖea, míesee wonɔ tu dam le aƒe si te ɖe mía ŋu me. Mevɔ̃ eye wòwɔ nam be mamlɔ anyigba, gake nusrɔ̃via ya metsi dzi o, ɖeko wòyi edzi nɔ memamaa xlẽm. Esi wòwu nua xexlẽ nua, edo taflatsɛ hedo yi xexe. Mlɔeba ekplɔ ɖevi sue eve ɖe asi gbɔe, eye wògblɔ be: “Tsɔe kem sea, ɖe meva kplɔ vinyewo.”

Míeɖo afɔku me ɣebubuɣiwo hã. Gbe ɖeka esime míenɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe mea, vɔvɔ̃ ɖo srɔ̃nye eye wòƒu du va gbɔnye. Egblɔ nam be ame aɖe ɖo tu ye dzi da. Dzidzi ƒom. Gake emegbe míeva see be menye srɔ̃nye Sirkka ye amea ɖo be yeada tu o, ke boŋ ŋutsu aɖe si to eŋu va yinae.

Le ɣeyiɣi aɖe megbea, ŋutasẽnu mawo megadzia ŋɔ na mí fũu o. Ale si dzi nɔ nutoa me Ðasefowo ƒo togbɔ be wotoa nɔnɔme siawo kple esiwo ɖi vɔvɔ̃ wu me la do ŋusẽ mí. Míeƒo nya ta be esi Yehowa le kpekpem ɖe wo ŋu koa, akpe ɖe míawo hã ŋu. Míewɔna ɖe hamemetsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ɣesiaɣi, míenɔa ŋudzɔ, eye míegblẽa susɔea ɖe Yehowa si me.

Ele eme be menye ɣesiaɣie nɔnɔmeawo ɖia vɔvɔ̃ abe ale si míesusui ene o. Gbe ɖeka esi menɔ gbeƒã ɖem le aƒe aɖe mea, mese nane abe nyɔnu evee le dzre wɔm le wo nɔewo dzum kple ɣli ene le gota. Nyemedi be makpɔ nu si le edzi yim teƒe o, gake aƒemenɔlaa ƒoe ɖe nunye be mado mava kpɔe ɖa ko. Sigbeɖe menye amewoe le dzre wɔm o, ke boŋ xevi siwo nye ako evee le nu wɔm abe ale si aƒelikawo wɔnɛ ene.

DƆDEASI YEYEWO KPLE KUXI BUBUWO

Le ƒe 1997 mea, wode dɔ asi nam be mafia nu le Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua. b Teokrasisukuwo dede dzɔa dzi nam ɣesiaɣi. Gake nyemesusui kpɔ be mɔnukpɔkpɔ asu asinye gbe ɖeka be mafia nu le suku mawo dometɔ aɖe me o.

Emegbe meva zu nutome gã dzikpɔla. Esi habɔbɔa te fli ɖe nutome gã dzikpɔla ƒe ɖoɖoa mea, megava zu nutome sue dzikpɔla. Magblɔ be ƒe 30 kple edzivɔe nye esia menye nufiala kple dzikpɔla mɔzɔla. Mekpɔ yayra geɖe le dɔ siawo wɔwɔ me. Gake menye ɣesiaɣie nuwo yina nyuie o. Na maɖe eme.

Èkpɔea, nye mo sẽ. Esia kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu. Gake esia wɔe hã be ɣeaɖewoɣia, ne medi be maɖɔ nanewo ɖo le hameawo mea, megawɔnɛ akpa. Edzɔ be mexlɔ̃ nu nɔvi aɖewo vevie be woalɔ̃ amewo ahase nu gɔme na wo. Gake nublanuitɔea, ale si mewɔ nu ɖe wo ŋu ɖee fia be nye ŋutɔ nyemeɖe lɔlɔ̃ kple nugɔmesese fia o.—Rom. 7:​21-23.

Gbɔdzɔgbɔdzɔ mawo wɔnɛ be dzi ɖena le ƒonye vevie ɣeaɖewoɣi. (Rom. 7:24) Gbe ɖeka medo gbe ɖa na Yehowa be anyo wu be maɖe asi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu agbugbɔ ayi Finland. Gbe ma gbe fiẽa, meyi hame ƒe kpekpe. Dzideƒonya siwo mese le afi ma na meva kpɔe be ele be mayi nye dɔa dzi ahanɔ asi trɔm le nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Ale si Yehowa ɖo gbedodoɖa ma ŋu nam tẽe ɣemaɣia gawɔa dɔ ɖe dzinye va se ɖe egbea. Azɔ hã, mekpɔa ŋudzedze ɖe ale si wòkpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe mete ŋu ɖu nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la ŋu ŋutɔ!

METSƆ KAKAÐEDZI LE MƆ KPƆM NA ETSƆME NYUI AÐE

Nye kple Sirkka míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si míezã míaƒe agbenɔƒe ƒe akpa gãtɔ tsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae la ŋu vevie ŋutɔ eye míeda akpe gã aɖe na Yehowa ɖe eta. Medaa akpe na Yehowa vevie hã ɖe srɔ̃nye lɔlɔ̃a, si ku ɖe ŋunye le ƒe siawo katã me ta.

Madidi o maxɔ ƒe 70, eye madzudzɔ dzikpɔladɔa kple nufiafia le teokrasisukuwo. Gake esia meɖea dzi le ƒonye o. Nu ka tae? Elabe meka ɖe edzi bliboe be nu vevitɔe nye be míabɔbɔ mía ɖokui asubɔ Yehowa, míalɔ̃e eye míakafui tso dzi blibo me. Esia koŋue nye mɔ nyuitɔ si dzi míato ade bubu Yehowa ŋu. (Mika 6:8; Marko 12:​32-34) Mehiã kokoko be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe nasu mía si hafi míate ŋu ade bubu Yehowa ŋu o.

Ne metrɔ kpɔ dɔ siwo katã mete ŋu wɔa, medea dzesii be menye esi nyee dze wu ame bubuwo tae mɔnukpɔkpɔ siawo su asinye ɖo o; eye menye esi ŋutete tɔxɛ aɖe le asinye hã tae o. Kpao! Ke boŋ Yehowae ve nunye hede dɔ siawo asinye. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ŋunye hã, ena mɔnukpɔkpɔ siawom. Eye menyae be esi Yehowa ŋutɔ kpe ɖe ŋunye ta koe mete ŋu wɔa dɔ siawo ɖo. Le mɔ siawo nua, nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo na Mawu ƒe ŋusẽ dze geɖe wu.—2 Kor. 12:9.

a Raimo Kuokkanen ƒe agbemeŋutinya dze le April 1, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me; eƒe tanyae nye: “Míeɖoe Kplikpaa Be Míasubɔ Yehowa.”

b Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku va xɔ ɖe suku sia teƒe.