Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SIWO NÀGATE ŊU ASRƆ̃

Mawuvɔ̃lawo Tsoa Nya Me Nyuie

Mawuvɔ̃lawo Tsoa Nya Me Nyuie

Xlẽ 1 Mose 25:​29-34 ne nàkpɔe ɖa be ɖe Esau kple Yakob tso nya me nyuie hã.

Ku nudzɔdzɔ bliboa me. Nu kae dzɔ do ŋgɔ? (1 Mose 25:​20-28) Nu kae va dzɔ emegbe?—1 Mose 27:​1-46.

Ku eme tsitotsito. Le ɣeyiɣi mawo me la, gome kawoe le ŋgɔgbevi si, eye agba kawo hãe le edzi?—1 Mose 18:​18, 19; w10 5/1 13.

  • Ðe wòle be ame nanye ŋgɔgbevi kokoko hafi adze anye Mesia la tɔgbuia? (w17.12 14-15)

De dzesi nufiameawo eye nàwɔ wo dzi. Nu ka tae Yakob de asixɔxɔ ŋgɔgbevinyenyea ŋu wu Esau? (Heb. 12:​16, 17; w03 10/15 28-29) Aleke Yehowa se le eɖokui me tso nɔvi eve siawo ŋu, eye nu ka tae? (Mal. 1:​2, 3) Anye nu kae Esau ate ŋu awɔ be wòatso nya me nyuie hafi?

  • Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mate ŋu aɖee afia be mawusubɔsubɔ le vevie nam ne mele ɖoɖo wɔm ɖe ƒometadedeagu kple nu bubuwo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa?’