Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 26

HADZIDZI 8 Yehowae Nye Míaƒe Sitsoƒe

Na Yehowa Nanye Wò Agakpe

Na Yehowa Nanye Wò Agakpe

“Agakpe aɖeke meli abe mía Mawu la ene o.”1 SAM. 2:2.

TAÐODZINUA

Míasrɔ̃ nu si tae woɖɔ Yehowa be enye Agakpe kple ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe nɔnɔme siwo tae woɖɔe nenema ɖo.

1. Abe ale si wòdze le Psalmo 18:46 enea, nu kae David tsɔ Yehowa sɔ kple?

 MÍELE xexe aɖe si me kuxiwo kple nuɖiɖeamewo nana nuwo trɔna na mí le agbe me. Gake dzidzɔnyae nye be míate ŋu atrɔ ɖe Yehowa Mawu ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu! Woɖo ŋku edzi na mí le nyati si do ŋgɔ me be Yehowae nye Mawu gbagbe la, eye ele klalo be yeakpe ɖe mía ŋu. Ne míekpɔ Mawu ƒe asi le míaƒe agbe mea, míekana ɖe edzi be “Yehowa le agbe!” (Xlẽ Psalmo 18:46.) Esi David gblɔ be Yehowa le agbe megbe teti la, eyɔe be “nye Agakpe.” Nu ka tae wòtsɔ Yehowa si nye Mawu gbagbe la sɔ kple agakpe si me agbe mele o?

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati sia mea, míakpɔ nu si tae woɖɔ Yehowa be enye Agakpe kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso eme. Míasrɔ̃ ale si míawo hã míate ŋu abui be enye míaƒe Agakpe. Mlɔeba la, míade dzesi eƒe nɔnɔme siwo tae woɖɔe be enye Agakpe ale be míawo hã míate ŋu asrɔ̃e.

NU SI TAE YEHOWA NYE AGAKPE

3. Aleke wozã nya “agakpe” zi geɖe le Biblia me? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

3 Biblia zã “agakpe” wònye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ ale be wòakpe ɖe mía ŋu míase nɔnɔme siwo le Yehowa si la gɔme. Zi geɖea, Yehowa subɔlawo ɖɔa Yehowa be enye Agakpe tsɔ kafunɛ be enye Mawu si ɖeke mesɔ kplii o. Teƒe gbãtɔ si woyɔ Yehowa le be “Agakpe la” ye nye 5 Mose 32:4. Hana gblɔ le gbedodoɖa me be, “agakpe aɖeke meli abe mía Mawu la ene o.” (1 Sam. 2:2) Habakuk yɔ Yehowa be “nye Agakpe.” (Hab. 1:12) Psalmo 73 lia ŋlɔla yɔ Mawu be “agakpe na nye dzi.” (Ps. 73:26) Eye Yehowa ŋutɔ yɔ eɖokui be Agakpe. (Yes. 44:8) Mina míadzro nɔnɔme siwo tae Yehowa nye Agakpe dometɔ etɔ̃ me. Eyome míasrɔ̃ ale si míate ŋu ana wòanye “míaƒe Agakpe.”—5 Mose 32:31.

Yehowa subɔlawo bua eyama be enye agakpe si li ke sesĩe (Kpɔ memama 3)


4. Mɔ ka nue Yehowa nye sitsoƒe le? (Psalmo 94:22)

4 Yehowa nye sitsoƒe. Ale si ko agakpe gã ate ŋu anye sitsoƒe kple bebeƒe tso tsidzadza alo yaƒoƒo sesẽ nua, nenema kee Yehowa kpɔa mía ta ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. (Xlẽ Psalmo 94:22.) Ekpɔa mía ta be nɔnɔme mawo nagagblẽ nu le mía ŋu ɖaa o. Eye edo ŋugbe hã be yeava ɖe nu sia nu si ade míaƒe agbe afɔku me la ɖa.—Eze. 34:​25, 26.

5. Nu kae wòle be míawɔ be Yehowa nanye míaƒe Sitsoƒe?

5 Mɔ aɖe si dzi míato ana Yehowa nanye míaƒe Sitsoƒe ye nye be míanɔ gbe dom ɖa nɛ. Ne míedo gbe ɖa na Yehowa la, “Mawu ƒe ŋutifafa” si dzɔa míaƒe dziwo kple susuwo ŋu la sua mía si. (Flp. 4:​6, 7) Bu nɔviŋutsu Artem, si wolé de ga le eƒe xɔse ta ŋu kpɔ. Kpovitɔ numekula aɖe si ƒe tame sẽ biaa gbee enuenu. Mewɔa nu ɖe Artem ŋu nyuie o eye wòdoa ŋɔdzi nɛ. Artem gblɔ be: “Ɣesiaɣi si numekula sia dɔ ame ɖa be wòava kplɔm vɛ la, metsia dzimaɖi ŋutɔ. . . . Medoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi be wòakpe ɖe ŋunye maɖe dzi ɖi eye wòana nunyam. Togbɔ be yometitia nu sẽ hã la, meɖea dzi ɖi. . . . Yehowa kpe ɖe ŋunye be kpovitɔa ƒe aɖaŋu vɔ̃awo menɔ dɔ wɔm o. Ðeko Yehowa nɔ nam abe gli sesẽ aɖe si ŋu meziɔ ɖo ene.”

6. Nu ka tae míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi? (Yesaya 26:​3, 4)

6 Yehowa nye ame si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo bliboe. Ale si ko agakpe meʋãna o la, nenemae Yehowa li na mí ɣesiaɣi. Míate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu elabe enye “Agakpe tegbee.” (Xlẽ Yesaya 26:​3, 4.) Esi wònye eli ɖaa taa, awɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi, aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòakpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi. Míate ŋu aɖo dzi ɖe Yehowa ŋu elabe ewɔa nuteƒe na esubɔlawo. (2 Sam. 22:26) Maŋlɔ dɔ nyui siwo míewɔna la be gbeɖe o; aɖo eteƒe na mí godoo.—Heb. 6:10; 11:6.

7. Vi kae wòaɖe na mí ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe? (Kpɔ fotoa hã.)

7 Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, ke enyea míaƒe Agakpe. Míeka ɖe edzi be ne míeɖo toe le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã mea, aɖe vi na mí. (Yes. 48:​17, 18) Ne míede dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋui la, míegakana ɖe edzi geɖe wu. Nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o, míesua te be míado dzi elabe míenya be Yehowa li akpe ɖe mía ŋu. Ne edzɔ be míese le mía ɖokui me be ame aɖeke meli na mí o hã, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa li; míate ŋu aziɔ ɖe eŋu ɣesiaɣi. Nɔviŋutsu Vladimir gblɔ be: “Ɣeyiɣi si me mese le ɖokuinye me be nye kple Mawu dome le kplikplikpli wue nye ɣeyiɣi si me poliswo sikam ɖi. Esi wònye nye ɖeka koe nɔ gaxɔa me eye nyemate ŋu awɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu o taa, mesrɔ̃ ale si maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.”

Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, enyea míaƒe Agakpe (Kpɔ memama 7)


8. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa metrɔna o? (b) Vi kae wòaɖe na mí ne Mawu nye míaƒe Agakpe? (Psalmo 62:​6, 7)

8 Yehowa metrɔna o. Yehowa le abe agakpe gã nyadri si meʋãna o eye metrɔna o la ene. Nɔnɔme siwo le esi metrɔna o eye eƒe tameɖoɖowo hã metrɔna o. (Mal. 3:6) Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋua, Yehowa metrɔ tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu o. Apostolo Paulo gblɔ be Yehowa “mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.” (2 Tim. 2:13) Esia fia be nu ka kee ɖadzɔ alo nu ka kee amewo ɖawɔ o, Yehowa ƒe nɔnɔmewo matrɔ o, eƒe tameɖoɖowo matrɔ o, eye eƒe nudidi dzɔdzɔeawo hã matrɔ o. Esi wònye mía Mawu la metrɔna gbeɖe o taa, míenya be akpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me eye wòawɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi.—Xlẽ Psalmo 62:​6, 7.

9. Nu kae nèsrɔ̃ tso Tatyana gbɔ?

9 Ne míedea ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple tame si wòɖo ɖe anyigba kple amegbetɔwo ŋu ŋua, akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi eye wòanye míaƒe Agakpe. Ne míewɔe alea, míaɖe dzi ɖi ne míele xaxawo me tom gɔ̃ hã. (Ps. 16:8) Nenemae wònɔ le nɔvinyɔnu Tatyana gome. Poliswo sikae ɖe eƒe aƒe me le eƒe xɔse ta. Egblɔ be: “Metsi akogo. Menɔ bɔbɔe nam kura o. Dzi ɖena le ƒonye zi geɖe.” Gake ede ŋugble le Yehowa kple eƒe tameɖoɖo ŋu eye wòkpɔe be ele vevie ŋutɔ be yeawɔ nuteƒe eye yeado dzi. Ŋugbledede alea do ŋusẽe wòɖe dzi ɖi. Egblɔ be: “Mese nu si me tom mele la gɔme elabe menya be Yehowa subɔsubɔ tae nu siawo le dzɔdzɔm ɖe dzinye. Esia kpe ɖe ŋunye be nyemegava nɔ ɖokuinye ŋu bum fũu akpa o.”

10. Nu kae nàwɔ fifia be Yehowa nanye Agakpe?

10 Xaxa sesẽwo ava mía dzi le ŋkeke siwo gbɔna me eye wòahiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míado ŋusẽ míaƒe xɔse eye míaka ɖe Yehowa dzi bliboe be ana nu sia nu si míehiã be míate ŋu ado dzi la mí. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Eyae nye be míanɔ Biblia kple mía nɔvi Ðasefowo ƒe ŋutinyawo xlẽm. De ŋugble le nu siwo nèxlẽ la ŋu nyuie ale be nàde dzesi ale si Mawu ɖee fia be yenye Agakpe na yeƒe amewo. Ne èwɔe alea, Yehowa anye Agakpe.

SRƆ̃ YEHOWA SI NYE MÍAƑE AGAKPE ƑE NƆNƆMEWO

11. Nu ka tae wònyo be míasrɔ̃ Yehowa si nye Agakpe la ƒe nɔnɔmewo? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Siwo Nɔviŋutsu Sɔhɛwo Ate Ŋu Awɔ” hã.)

11 Míeva de dzesi nu si tae Yehowa nye Agakpe. Azɔ míakpɔ ale si míasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo. Ne míedze agbagba wɔ esia la, míatu mía nɔviwo ɖo le hamea me. Yesu yɔ Simon be Kefas alo “Petro,” si gɔmee nye “Kpe.” (Yoh. 1:42) Esia fia be Petro ana hamea nali ke eye wòafa akɔ na nɔviawo. Biblia ɖɔ hamemetsitsiwo be wole abe “agakpe gã ƒe vɔvɔli” ene. Esia ɖee fia be wokpɔa hamea me tɔwo ta. (Yes. 32:2) Le nyateƒe mea, eɖea vi na hame bliboa ne nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo siaa srɔ̃ Yehowa si nye Agakpe la ƒe nɔnɔmewo.—Ef. 5:1.

12. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nànye sitsoƒe na nɔviwo?

12 Nye sitsoƒe na nɔviwo. Ne eva hiã be mía nɔviwo nasi le dzɔdzɔmefɔkuwo, ʋunyaʋunyawo alo aʋawɔwɔ ta la, míate ŋu anye sitsoƒe na wo axɔ wo ɖe míaƒe aƒewo me. Esi nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi le ‘ŋkeke mamlɛ siawo me la,’ ɖikeke mele eme o be mɔnukpɔkpɔ geɖe asu mía si be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu. (2 Tim. 3:1) Míate ŋu afa akɔ na mía nɔviwo eye míawɔ nu siwo ana woakpɔe be míelɔ̃ yewo vavã. Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esia ye nye be míado vivi ɖe wo ŋu ne wova kpekpeawo eye míafa akɔ na wo. Míedi be nɔviawo ƒe dzi nadze eme ɣesiaɣi si wova kpekpeawo. Le xexea me egbea, amewo melɔ̃a ame o eye womewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie o. Eya ta ne mía nɔviwo dze agbagba va kpekpea, míedi be míana woƒe dzi nadze eme, woase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie, eye woakpɔe be míelɔ̃ yewo.

13. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu anye sitsoƒe na nɔviwo? (Kpɔ fotoa hã.)

13 Hamemetsitsiwo ate ŋu anye sitsoƒe na nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽ siwo le abe ahom ene la me tom. Ne afɔku dzɔ alo nɔvi aɖe dze dɔ kpata la, hamemetsitsiwo tsona kpla wɔa ɖoɖo kpena ɖe nɔvi siawo ŋu. Wozãa Ŋɔŋlɔawo tsɔ dea dzi ƒo na nɔviawo hã. Enɔa bɔbɔe na nɔviwo be woate ɖe hamemetsitsi si wonya be efa tu, esea veve ɖe ame nu eye wòɖoa to la ŋu. Nɔnɔme mawo nana nɔviwo sena le wo ɖokuiwo me be wolɔ̃ yewo eye wònɔa bɔbɔe na wo be woawɔ ɖe aɖaŋu siwo hamemetsitsiwo ɖo na wo tso Biblia mea dzi.—1 Tes. 2:​7, 8, 11.

Hamemetsitsiwo ate ŋu anye sitsoƒe na nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽ siwo le abe ahom ene la me tom (Kpɔ memama 13) a


14. Nu kawoe nàwɔ be amewo nate ŋu aɖo ŋu ɖe ŋuwò?

14 Nye ame si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo. Míedi be amewo nate ŋu aɖo ŋu ɖe mía ŋu, vevietɔ le xaxaɣiwo. (Lod. 17:17) Nu kae nàwɔ be amewo nate ŋu aɖo ŋu ɖe ŋuwò? Eyae nye be nàsrɔ̃ mía Mawu la ƒe nɔnɔme nyuiawo ɣesiaɣi. Wɔ wò ŋugbedodowo dzi eye nànye ame si wɔna ɖe game dzi. (Mat. 5:37) Ne mía nɔviwo hiã nane la, kpe ɖe wo ŋu. Azɔ hã, kpɔ egbɔ be nàwɔ dɔ siwo wode asiwò la ɖe mɔfiameawo nu pɛpɛpɛ.

15. Aleke wòɖea vi na hamea ne hamemetsitsiwo nye ame siwo ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo?

15 Eɖea vi na hamea ne hamemetsitsiwo nye ame siwo ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo. Le mɔ ka nu? Nɔviwo ɖea dzi ɖi ne wonyae be yewoate ŋu aƒo ka na hamemetsitsiwo, vevietɔ yewoƒe ƒuƒoƒo dzikpɔla ɣesiaɣi. Ne hamemetsitsiawo lɔ̃na faa kpena ɖe nɔviawo ŋu la, enana wokpɔnɛ be wolɔ̃ yewo. Ne hamemetsitsiawo tua woƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖe Biblia kple kluvi nuteƒewɔla ƒe agbalẽwo dzi, ke menye woawo ŋutɔwo ƒe susuwo dzi o la, enana nɔviawo kana ɖe wo dzi geɖe wu. Nɔviwo kana ɖe hamemetsitsi si meʋua go nya ɣaɣlawo o eye wòwɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi la dzi geɖe.

16. Aleke wòɖea vi na míawo ŋutɔ kple ame bubuwo ne míewɔa nu si sɔ le Yehowa ŋkume ɣesiaɣi?

16 Wɔ nu si sɔ le Yehowa ŋkume ɣesiaɣi. Ne míeɖoa to Yehowa le nu sia nu me eye míetua míaƒe nyametsotsowo ɖe Biblia dzia, míanye kpɔɖeŋu nyui na nɔviwo. Ne míaƒe xɔse le tsitsim ɖe edzi eye míaƒe sidzedze le dzidzim ɖe edzi la, míali ke le nyateƒea me geɖe wu. Mímanye dzimevesusula siwo melia ke o eye alakpanufiafiawo kple xexea ƒe nuŋububu maflu mí o. (Ef. 4:14; Yak. 1:​6-8) Ne míese nya vɔ̃wo gɔ̃ hã la, ale si míexɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se la léa mí ɖe te. (Ps. 112:​7, 8) Eye míetea ŋu kpena ɖe ame bubu siwo le xaxawo me tom hã ŋu.—1 Tes. 3:​2, 3.

17. Nu kawoe hamemetsitsiawo wɔna tsɔ kpena ɖe nɔviawo ŋu be woanɔ te sesĩe?

17 Ele be hamemetsitsiwo nada asɔ le nuwɔna me, woaɖɔ ŋu ɖo, woanye ame siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu kple nugɔmeselawo. Hamemetsitsiwo kpena ɖe nɔviwo ŋu be woaɖe dzi ɖi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Wodoa ŋusẽ hamea elabe wonye ame siwo “léna ɖe nyateƒenya la ŋu goŋgoŋ.” (Tito 1:9; 1 Tim. 3:​1-3) Hamemetsitsiwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Wosrãa nɔviawo kpɔna. Wodea dzi ƒo na wo be woade kpekpeawo kple gbeadzi edziedzi eye woanɔ nu srɔ̃m le wo ɖokui si. Ne nɔviawo le kuxiwo me tom eye wotsi dzodzodzoe la, hamemetsitsiawo ɖoa ŋku edzi na wo be woayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woƒe susu nanɔ eƒe ŋugbedodowo dzi.

18. Nu ka tae wòle be míakafu Yehowa eye míanɔ eŋu kplikplikpli? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Nàwɔ Ate Ðe Yehowa Ŋu Geɖe Wu” hã.)

18 Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnuku siawo me dzodzro na míaƒe susu wɔ ɖeka kple Fia David tɔ esi wògblɔ be, “Woakafu Yehowa, nye Agakpe” la. (Ps. 144:1) Míate ŋu aɖo ŋu ɖe mía Mawu Yehowa ŋu ɣeawokatãɣi. Le míaƒe agbe me katã, tso ɖevime va se ɖe míaƒe tsitsime hã la, susu geɖe li siwo tae míagblɔ be “[Yehowae] nye nye Agakpe.” Míeka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu míanɔ eŋu kplikplikpli tso fifia yi mavɔ me.—Ps. 92:​14, 15.

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe te ɖe hamemetsitsi eve ŋu le Fiaɖuƒe Akpata me le eƒe dzimenyawo gblɔm na wo faa.