Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 23

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

Yehowa Kpe Mí Be Míava Nɔ Yeƒe Agbadɔ Me

Yehowa Kpe Mí Be Míava Nɔ Yeƒe Agbadɔ Me

“Nye agbadɔ la anɔ wo gbɔ [eye] manye woƒe Mawu.”EZE. 37:27.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míase nu si wòfia be míanye amekpekpewo le Yehowa ƒe kpɔɖeŋugbadɔ me la gɔme nyuie, eye míakpɔ ale si wòléa be na eƒe amedzrowoe.

1-2. Nu kae Yehowa le esubɔla wɔnuteƒewo kpem be woawɔ?

 NE AME aɖe bia wò be, Ame kae Yehowa nye na wò la, aleke nàɖo eŋui? Ðewohĩ àɖo eŋu be, ‘Yehowae nye nye Mawu, Fofonye, kple Xɔ̃nye.’ Anɔ eme be nya bubu aɖewo li nàgate ŋu azã atsɔ aɖɔ ame si Yehowa nye na wò. Gake ɖe nèbu eŋu kpɔ be yenye amekpekpe le Yehowa ƒe agbadɔ mea?

2 Fia David tsɔ Yehowa sɔ kple ame aɖe si le amewo kpem eye wòtsɔ Yehowa subɔla wɔnuteƒewo sɔ kple amekpekpeawo. Ebia be: “Oo Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me? Ame kae anɔ wò to kɔkɔe la dzi?” (Ps. 15:1) Nya siawo siwo gbɔgbɔ ʋã David wògblɔ la na míekpɔe be Yehowa le mía kpem be míava dze yeƒe agbadɔ me anye ye xɔlɔ̃wo. Ðe menye amekpekpe tɔxɛ aɖe ŋutɔe esia nye tso Yehowa gbɔ oa?

YEHOWA DI BE MÍANƆ YEƑE AGBADƆ ME

3. Ame kae nye ame gbãtɔ si Yehowa xɔ ɖe eƒe agbadɔ me, eye aleke Yehowa kple eƒe amedzroa se le wo ɖokui me tso wo nɔewo ŋu?

3 Yehowa ɖeka koe nɔ anyi tsã. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣia, ewɔ eƒe Tenuvi la. Ðeko wòle abe Yehowa xɔ amedzro ɖe eƒe agbadɔ me ene, eye esia nye dzidzɔ nɛ ŋutɔ! Biblia ɖee fia be Yehowa ‘lɔ̃ Via vevie.’ Via, si nye eƒe amedzro gbãtɔ hã ‘tsoa aseye le eŋkume ɣeawokatãɣi.’—Lod. 8:30.

4. Aleke Yehowa va keke eƒe agbadɔa ɖe enu vivivi?

4 Emegbe Yehowa wɔ mawudɔlawo be woawo hã woava nɔ yeƒe agbadɔ me. Biblia yɔ mawudɔla siawo be “Mawu viwo,” eye wògblɔ be dzi dzɔa wo be wole Yehowa gbɔ. (Hiob 38:7; Dan. 7:10) Ƒe gbogbo aɖewo va yi la, Yesu kple mawudɔla siwo le dziƒo koe nɔ Yehowa ƒe agbadɔ me. Emegbe ekeke eƒe agbadɔa ɖe enu be amegbetɔwo hã nanɔ eme le anyigba dzi. Ame siwo nɔ eme la dometɔ aɖewoe nye Enok, Noa, Abraham kple Hiob. Biblia ɖɔ mawusubɔla mawo be wonye Mawu xɔlɔ̃wo, alo ame siwo zɔ “kple Mawu vavã la.”—1 Mose 5:24; 6:9; Hiob 29:4; Yes. 41:8.

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi si dze le Ezekiel 37:​26, 27 me?

5 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa yi edzi nɔ exɔlɔ̃wo kpem be woava nɔ yeƒe agbadɔa me. (Xlẽ Ezekiel 37:​26, 27.) Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃e le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me be Mawu di be kadodo kplikplikpli nanɔ ye kple ye subɔla wɔnuteƒewo dome. Edo ŋugbe be yeabla “ŋutifafanu kpli wo.” Nyagblɔɖi ma ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Yehowa subɔla siwo le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo kple esiwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi la awɔ ɖeka le eƒe kpɔɖeŋugbadɔ me eye woanye “alẽha ɖeka.” (Yoh. 10:16) Ɣeyiɣi ma mee míele fifia!

AFI KA KEE MÍEÐALE O, MAWU LÉA BE NA MÍ

6. Aleke ame awɔ ava nɔ Yehowa ƒe agbadɔ me, eye afi kae Eƒe agbadɔa le?

6 Le Biblia ŋlɔɣiwo la, agbadɔ mee amewo ɖina ɖe eme le eye wonɔa dedie. Amedzro si ame aɖe xɔ ɖe eƒe agbadɔ me la nyae be woalé be na ye. Ne míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke míeva zu amedzrowo le eƒe agbadɔ me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Ps. 61:4) Nu sia nu si míehiã be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la va sua mía si. Eye ame bubu siwo hã dze Yehowa ƒe agbadɔ me la va zua mía xɔlɔ̃wo. Menye teƒe ɖeka aɖe koŋue Yehowa ƒe kpɔɖeŋugbadɔ sia le o. Ðewohĩ ànya de takpekpe tɔxɛ aɖe le duta eye nèdo go ame ƒomevi vovovo siwo le dzidzɔ kpɔm le esi wova le Mawu ƒe agbadɔ me ta. Esia na míekpɔe be Yehowa ƒe agbadɔa le afi sia afi si esubɔla wɔnuteƒewo le.—Nyaɖ. 21:3.

7. Aleke míewɔ nya be nuteƒewɔla siwo ku la kpɔtɔ le Yehowa ƒe agbadɔ me? (Kpɔ fotoa hã.)

7 Ke Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo ku ya ɖe? Ðe míate ŋu aƒo nya ta be wokpɔtɔ le Yehowa ƒe agbadɔa mea? Ɛ̃, míate ŋu agblɔe nenema. Nu si tae nye be Yehowa gakpɔtɔ ɖoa ŋku wo dzi elabe wole agbe nɛ. Yesu ɖe eme be: “Mose hã gblɔe le ŋuve ŋuti nuŋlɔɖia me be woafɔ ame kukuwo, esi wòyɔ Yehowa be ‘Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu.’ Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”—Luka 20:​37, 38.

Míate ŋu aƒo nya ta be mawusubɔla wɔnuteƒe siwo ku la gakpɔtɔ le Mawu ƒe agbadɔ me (Kpɔ memama 7)


NU SIWO WÒLE BE MÍAWƆ KPLE VIÐE SIWO MÍAKPƆ

8. Aleke Yehowa ƒe agbadɔa me nɔnɔ le vi ɖem na mí?

8 Ale si ko agbadɔ ŋutɔŋutɔ nye gbɔɖemeƒe eye wòkpɔa ame ta la, nenema kee Yehowa ƒe kpɔɖeŋugbadɔa kpɔa mía ta tso nu sia nu si ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome la si me, eye wòwɔnɛ be mɔkpɔkpɔ mebuna ɖe mí o. Eya ta ne míeyi edzi ku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ la, Satana mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o. (Ps. 31:23; 1 Yoh. 3:8) Le xexe yeyea mea, Yehowa ayi edzi akpɔ exɔlɔ̃ wɔnuteƒewo ta, menye le gbɔgbɔ me ɖeɖe ko o, ke le ŋutilã me hã be wo dometɔ aɖeke nagaku o.—Nyaɖ. 21:4.

9. Nu kae Yehowa di tso ame siwo anɔ yeƒe agbadɔa me si?

9 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be míele Yehowa ƒe agbadɔ me. Esia fia be mía kple Yehowa dome ate ŋu anɔ kplikplikpli tegbee. Ne míedi be míakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe agbadɔa me la, aleke wòle be míawɔ nui? Ne ame aɖe kpe wò va eƒe aƒe mea, àdi be yeawɔ nu wòadze eŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne amea le mɔ kpɔm be nàɖe afɔkpa hafi age ɖe yeƒe xɔ me la, àlɔ̃ faa aɖee. Nenema kee míedi be míanya nu si Yehowa di tso ame siwo di be yewoayi edzi anɔ eƒe agbadɔ me la si. Lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã mí míadi be míawɔ nu sia nu si ana ‘míadze eŋu bliboe.’ (Kol. 1:10) Nyateƒee, Yehowa nye mía Xɔlɔ̃, gake ele be míade dzesii hã be eyae nye mía Mawu kple mía Fofo, eya ta edze be míade bubu gã eŋu. (Ps. 25:14) Mele be míaŋlɔ ame si wònye la be o. Ele be míasii ɖa ɣesiaɣi. Esia ana míaƒo asa na nu siwo ado dziku nɛ la wɔwɔ. Míedi vevie be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi azɔ kple mía Mawu la.’—Mika 6:8.

YEHOWA MEKPƆ AME ŊKUME LE BLEMA O

10-11. Aleke ale si Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu ɖee fia be mekpɔa ame ŋkume o?

10 Yehowa mekpɔa ame ŋkume o. Ewɔa nu ɖe ame siwo katã le eƒe agbadɔa me ŋu nyuie. (Rom. 2:11) Míede dzesi esia le ale si wòwɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu le Sinai gbedzi me.

11 Esi Yehowa ɖe eƒe amewo tso kluvinyenye me le Egipte la, etia ame aɖewo be woanye nunɔlawo asubɔ le avɔgbadɔa me. Ede dɔ vovovo Lewi viwo si le avɔgbadɔa me. Ðe Yehowa lé be na ame siwo subɔ le avɔgbadɔa me alo ame siwo ƒe agbadɔwo te ɖe avɔgbadɔa ŋu wu ame bubuawoa? Ao! Yehowa mewɔe nenema o elabe mekpɔa ame ŋkume o.

12. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ɖoɖo si Yehowa wɔ na Israel-viwo le Sinai gbedzi la ɖee fia be mekpɔa ame ŋkume o? (2 Mose 40:38) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

12 Israel-vi ɖe sia ɖe ate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpli eɖale subɔsubɔm le avɔgbadɔa me loo alo eƒe agbadɔ le adzɔge ʋĩi tso avɔgbadɔa gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa kpɔ egbɔ be dukɔ bliboa kpɔ alilikpo dodo kple dzobibi si nɔ avɔgbadɔa tame. (Xlẽ 2 Mose 40:38.) Ɣesiaɣi si alilikpoa ho le avɔgbadɔa tame la, ame siwo ƒe agbadɔ le adzɔge ke hã kpɔnɛ. Woblaa woƒe agbawo, wokakaa woƒe agbadɔwo eye woawo hã wohona kple dukɔa. (4 Mose 9:​15-23) Ne woku klosalokpẽ eveawo si nye dzesi be ele be wo katã naho la, ame sia ame senɛ eye wohona. (4 Mose 10:2) Eme kɔ ƒãa be ne ame aɖe ƒe agbadɔ te ɖe avɔgbadɔa ŋu la, ema mefia be eya kple Yehowa dome le kplikplikpli wu ame siwo le adzɔge o. Ke boŋ Israel-vi ɖe sia ɖe kple Yehowa dome ate ŋu anɔ kplikplikpli eye wòaka ɖe edzi be afia mɔ ye ahakpɔ ye ta. Egbea hã, anyigba ƒe akpa ka kee míeɖale o, Yehowa lɔ̃ mí, eléa be na mí, eye wòkpɔa mía ta.

Avɔgbadɔ ƒe ɖoɖoa ɖee fia be Yehowa mekpɔa ame ŋkume o (Kpɔ memama 12)


YEHOWA MEKPƆA AME ŊKUME EGBEA HÃ O

13. Mɔ kawo nue Yehowa ɖenɛ fiana le egbea be yemekpɔa ame ŋkume o?

13 Yehowa subɔla aɖewo ƒe aƒewo te ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã alo alɔdzedɔwɔƒe ŋu. Ðewo hã wɔa dɔ le teƒe mawo. Esia na wo dometɔ aɖewo tea ŋu kpea asi ɖe dɔ vovovo siwo yia edzi le teƒe mawo ŋu eye wodea ha kple ame siwo le ŋgɔ xɔm. Ðewo le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔm eye bubuwo hã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo wɔm. Ne mɔnukpɔkpɔ siawo dometɔ aɖeke mesu asiwò o gɔ̃ hã, ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ame siwo katã le eƒe agbadɔa me. Eléa be na wo katã etɔxɛe. (1 Pet. 5:7) Gakpe ɖe eŋua, Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu esubɔlawo katã, efiaa mɔ wo, eye wòkpɔa wo ta.

14. Mɔ bubu ka nue Yehowa ɖee fia le be yemekpɔa ame ŋkume o?

14 Mɔ bubu aɖe si dzi Yehowa to ɖee fia be yemekpɔa ame ŋkume o ye nye be ena Biblia bɔ ale be ame sia ame nate ŋu axlẽe le xexea ƒe akpa sia akpa. Gbegbɔgblɔ etɔ̃ siwo nye Hebri, Aram kple Hela gbe mee woŋlɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖo gbã. Ðe kadodo kplikplikpli le ame siwo ate ŋu axlẽ gbegbɔgblɔ gbãtɔ mawo kple Yehowa dome wu ame siwo mate ŋu axlẽe oa? Ao, mele nenema kura o.—Mat. 11:25.

15. Nu bubu kae ɖo kpe edzi be Yehowa mekpɔa me ŋkume o? (Kpɔ fotoa hã.)

15 Menye suku siwo gbegbe míede alo gbegbɔgblɔ siwo gbegbe míese ye ana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu o. Yehowa ʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi be yeƒe nunya nasu ame siwo katã le anyigba dzi la si, woɖade suku yi ŋgɔe loo alo womeɖade suku o. Ena woɖe eƒe Nya Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me, eya ta nufiafia siwo le eme ate ŋu aɖe vi na amewo le xexea ƒe akpa sia akpa, eye woate ŋu asrɔ̃ ale si woawɔ ava nye exɔlɔ̃wo.—2 Tim. 3:​16, 17.

Ale si Biblia bɔ egbea ɖee fia be Yehowa mekpɔa ame ŋkume o (Kpɔ memama 15)


YI EDZI NÀNA WÒ NU ‘NADZE YEHOWA ŊU’

16. Le Dɔwɔwɔwo 10:​34, 35 ƒe nya nua, nu kae míawɔ be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu?

16 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be Yehowa xɔ mí ɖe eƒe kpɔɖeŋugbadɔa me. Yehowae nye dɔmenyotɔ gãtɔ kekeake, elɔ̃a ame ŋutɔ eye wònye Amedzrowɔla gãtɔ. Mekpɔa ame ŋkume o, exɔa mí katã ɖe eƒe agbadɔa me, míeɖanye ŋutsu alo nyɔnu o. Ale si Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋu menɔ te ɖe afi si míetso, suku si míede, ŋutigbalẽ si le mía ŋu alo ƒe si míexɔ dzi o. Nya la koe nye be ame siwo wɔa eƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi koe akpɔtɔ anɔ eƒe agbadɔ me.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:​34, 35.

17. Nu kae míasrɔ̃ le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Le Psalmo 15:1 la, David bia nya siawo be: “Oo Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me? Ame kae anɔ wò to kɔkɔe la dzi?” Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã David wòɖo nyabiase siawo ŋu. Le nyati si kplɔe ɖo mea, míade dzesi nu siwo míawɔ be míadze Yehowa ŋu ale be míakpɔtɔ anɔ eƒe agbadɔa me ɖaa.

HADZIDZI 32 Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi!