Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 24

HADZIDZI 24 Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

Nɔ Yehowa Ƒe Agbadɔ Me Ðaa!

Nɔ Yehowa Ƒe Agbadɔ Me Ðaa!

“Oo Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me?”PS. 15:1.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si wòle be míawɔ be míakpɔtɔ anye Yehowa xɔlɔ̃wo. Azɔ hã míakpɔ ale si Yehowa di be míawɔ nu ɖe ye xɔlɔ̃wo ŋu.

1. Aleke Psalmo 15:​1-5 lia me dzodzro aɖe vi na mí?

 LE NYATI si do ŋgɔ mea, míesrɔ̃e be Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ate ŋu adze Mawu ƒe agbadɔ me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu ne wona ƒomedodo kplikplikpli le woa kplii dome. Gake nu kae nàwɔ be nàdze anɔ ƒomedodo ma me kplii? Psalmo 15 lia gblɔ nya geɖe tso nu si míawɔ ŋu. (Xlẽ Psalmo 15:​1-5.) Egblɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu be míate ɖe Mawu ŋu geɖe wu.

2. Nu kae anya nɔ susu me na hakpala David esi wòƒo nu tso Yehowa ƒe agbadɔ ŋu?

2 Wodze Psalmo 15 lia gɔme be: “Oo Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me? Ame kae anɔ wò to kɔkɔe la dzi?” (Ps. 15:1) Esi hakpala David nɔ nu ƒom tso Yehowa ƒe “agbadɔ” ŋu la, ɖewohĩ avɔgbadɔ si nɔ Gibeon hena ɣeyiɣi aɖee nɔ susu me nɛ. David ƒo nu tso Mawu ƒe “to kɔkɔe” la hã ŋu, eye anɔ eme be Zion To si le Yerusalem ye wòwɔnɛ. Zion le Gibeon ƒe anyiehe gome eye wòdidi tso egbɔ kilometa ʋɛ aɖewo ko. David tu agbadɔ ɖe Zion be nubablaɖakaa nanɔ afi ma va se ɖe esime wotu gbedoxɔa.—2 Sam. 6:17.

3. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le Psalmo 15 lia me nyawo me vevie? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

3 Womeɖe mɔ na Israel-vi akpa gãtɔ be woage ɖe avɔgbadɔa me ʋuu keke wòahanye be woaɖo afɔ agbadɔa ƒe akpa si me nubablaɖakaa le la o. Gake Yehowa subɔla wɔnuteƒewo katã ate ŋu anɔ Yehowa ƒe kpɔɖeŋugbadɔa ya me ne woyi edzi na ƒomedodo nyui le wo kplii dome. Nu ma tututue mí katã míedi be míawɔ. Psalmo 15 lia ƒo nu tso nɔnɔme nyui siwo wòle be wòanɔ mía si kple nu siwo wòle be míawɔ be míakpɔtɔ anye Yehowa xɔlɔ̃wo la ŋu.

Israel-vi siwo nɔ anyi le David ƒe ɣeyiɣia me ate ŋu akpɔ nu si wòfia be woanɔ Yehowa ƒe agbadɔ me la le susu me (Kpɔ memama 3)


WƆ NU DZƆDZƆE, FƆÐIÐI MEGANƆ WÒ ZƆZƆME ŊU O

4. Aleke míewɔ nya be menye nyɔnyrɔxɔxɔ koe nye nu si Yehowa di tso mía si o? (Yesaya 48:1)

4 Le Psalmo 15:2 la, woɖɔ Mawu xɔlɔ̃ be enye “ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, si wɔa nu dzɔdzɔe.” Nya “zɔzɔme” kple “wɔa nu dzɔdzɔe” siwo dze le kpukpui sia me fia be enye nu si wòle be míayi edzi anɔ wɔwɔm ɖaa. Gake ɖe wòanya wɔ be ‘fɔɖiɖi manɔ míaƒe zɔzɔme ŋu o’ nyateƒea? Ɛ̃, anya wɔ. Togbɔ be amegbetɔ aɖeke mede blibo o hã la, ne míedzea agbagba ɖoa to Yehowa la, abui na mí be ‘fɔɖiɖi mele míaƒe zɔzɔme ŋu o.’ Ne míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu eye míexɔ nyɔnyrɔa, ke míedze zɔzɔ kple Mawu gɔmee nye ema. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, ne ame aɖe nye Israel dukɔa me tɔa, mefia kokoko be edze anɔ Yehowa ƒe agbadɔa me o. Edzɔ be Israel-vi aɖewo yɔ Yehowa gake menye “le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me o.” (Xlẽ Yesaya 48:1.) Israel-vi siwo si dzi nyui le srɔ̃a Yehowa ƒe nudidiwo eye wowɔna ɖe wo dzi. Nenema kee wòle egbea hã. Hafi ame aɖe ƒe nu nadze Mawu ŋua, ele be wòaxɔ nyɔnyrɔ azu Ðasefo, gake ema ɖeɖe mesu o. Ele be wòayi edzi anɔ ‘nu si le dzɔdzɔe’ wɔm. Nu kae esia bia?

5. Nu kae toɖoɖo Yehowa le nu sia nu me fia?

5 Le Yehowa gbɔ la, ‘zɔzɔ le fɔmaɖimaɖi me’ kple ‘nu dzɔdzɔe wɔwɔ’ bia nu geɖe wu kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpata me edziedzi ko. (1 Sam. 15:22) Ele be míadze agbagba aɖo to Mawu le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, ne míawo ɖeɖe míeli gɔ̃ hã. (Lod. 3:6; Nyagb. 12:​13, 14) Ele vevie be míaɖo to Yehowa le nu suewo gɔ̃ hã me. Ne míewɔe alea, efia be míelɔ̃e ŋutɔŋutɔ, eye esia ana míaƒe nu nadze eŋu.—Yoh. 14:23; 1 Yoh. 5:3.

6. Le Hebritɔwo 6:​10-12 ƒe nya nua, nu kae le vevie wu dɔ nyui siwo míewɔ va yi?

6 Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo míewɔ nɛ va yi la ŋu ŋutɔ. Gake dɔ siwo míewɔ va yi ɖeɖe mana míadze akpɔtɔ anɔ eƒe agbadɔ me o. Nya siwo le Hebritɔwo 6:​10-12 na esia dze ƒãa. (Xlẽe.) Yehowa meŋlɔa dɔ nyui siwo míewɔ va yi la be o. Gake edi be míayi edzi asubɔ ye kple dzi blibo “va se ɖe nuwuwu.” “Ne ɖeɖi mete mía ŋu o la,” anye mía xɔlɔ̃ ɖaa.—Gal. 6:9.

TO NYATEƑE LE WÒ DZI ME

7. Nu kae wòfia be ame nato nyateƒe le eƒe dzi me?

7 Ele be ame si di be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu eye yeayi edzi anɔ eƒe agbadɔ me la nanye ame si ‘toa nyateƒe le eƒe dzi me.’ (Ps. 15:2) Esia fia be mele be amea nada alakpa o, ke hã mese ɖe afi ma o. Yehowa di be míaɖi anukware le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo katã me. (Heb. 13:18) Nya sia le vevie ŋutɔ “elabena Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.”—Lod. 3:32.

8. Nuwɔna kae wòle be míatsri?

8 Ame siwo ‘toa nyateƒe le woƒe dzi me’ la mewɔa nu le ame dome abe yewole to ɖom Mawu, evɔ woanɔ Mawu ƒe sewo dzi dam le adzame o. (Yes. 29:13) Womewɔa ameflunu o. Ame si wɔa ameflunu susuna be Yehowa ƒe se kple mɔfiame aɖewo mele eteƒe o. (Yak. 1:​5-8) Ate ŋu adzɔ be wòagbe toɖoɖo Yehowa ƒe se aɖewo siwo wòsusu be womele vevie o. Ne edzɔ be eda le Mawu ƒe se aɖe dzi eye mekpɔ emetsonua enumake o la, dzi gaɖoa eƒo be wòada le Mawu ƒe se bubuwo dzi. Mlɔeba, eƒe subɔsubɔ va nyea alakpanuwɔwɔ dzro ko. (Nyagb. 8:11) Gake míawo ya míedi be míaɖi anukware le nu sia nu me.

9. Nya kae Yesu gblɔ esi wòdo go Nataniel zi gbãtɔ, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

9 Ele vevie ŋutɔ be míato nyateƒe le dzi me. Míede dzesi nu si tae esia le vevie esi Yesu do go Nataniel zi gbãtɔ. Esi Filipo kplɔ exɔlɔ̃ Nataniel va do go Yesu la, nane dzɔ si ɖe dzesi. Togbɔ be zi gbãtɔ koe nye ema Yesu do go Nataniel hã la, egblɔ tso eŋu be: “Kpɔ ɖa, Israel-vi akuakua, si me alakpa aɖeke mele o ye nye esi.” (Yoh. 1:47) Yesu bua eyomedzelawo be woɖia anukware gake, esi wòkpɔ Nataniel la, ekpɔe be eya gaɖe dzesi wu. Nataniel mede blibo o abe míawo ke ene. Ke hã, alakpanuwɔwɔ aɖeke menɔ eme o; eɖia anukware le nuwo katã me. Yesu de dzesi esia eye wòkafu Nataniel ɖe eta. Bubu gã aɖee wòanye be Yesu nagblɔ nya mawo tso míawo hã ŋu!

Filipo kplɔ exɔlɔ̃ Nataniel, ame si me alakpa mele o, la va Yesu gbɔ. Ðe woate ŋu agblɔ nya ma tso míawo hã ŋua? (Kpɔ memama 9)


10. Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le nya siwo míegblɔna tso amewo ŋu la ŋu? (Yakobo 1:26)

10 Nudidi siwo dze le Psalmo 15 lia ƒe akpa gãtɔ ku ɖe ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu la ŋu. Psalmo 15:3 gblɔ be ame si le Yehowa ƒe agbadɔ me “metsɔa eƒe aɖe gblẽa ame ŋu o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o.” Ne míetsɔa míaƒe aɖe gblẽa amewo ŋu la, ate ŋu agbã dzi na wo vevie, eye wòana be mímagadze anɔ Yehowa ƒe agbadɔ me o.—Xlẽ Yakobo 1:26.

11. Nu kae nye ameŋugbegblẽ, eye nu kae woawɔ na ameŋugblẽla si gbe dzimetɔtrɔ?

11 Hakpalaa tɔ asi ameŋugbegblẽ dzi tẽe. Nu kae nye ameŋugbegblẽ? Enye alakpanya aɖe si wogblɔ si ate ŋu aƒo ɖi ame aɖe ƒe ŋkɔ nyui. Ne ame aɖe nye ameŋugblẽla eye wògbe dzimetɔtrɔ la, woaɖee le hamea me.—Yer. 17:10.

12-13. Aleke wòate ŋu adzɔe be míava nɔ mía nɔviwo dam ɖe anyi? (Kpɔ fotoa hã.)

12 Psalmo 15:3 na míenya hã be ame si anɔ Yehowa ƒe agbadɔ me mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o. Aleke wòate ŋu adzɔe be míada mía xɔlɔ̃ ɖe anyi?

13 Ate ŋu adzɔ be míada mía xɔlɔ̃ ɖe anyi le manyamanya me ne míegblɔa nya siwo metua ame ɖo o tso eŋu na amewo. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be (1) nɔvinyɔnu aɖe dzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, (2) atsu kple asi aɖe megale subɔsubɔm le Betel o, alo (3) nɔviŋutsu aɖe meganye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla o. Ne edzɔ alea, ɖe wòasɔ be míanɔ gbɔgblɔm na amewo be ɖewohĩ nu gbegblẽ aɖee wòanya wɔ taea? Ðewohĩ susu bubu aɖewo kura tae nuwo trɔ na wo gake míawo ya míenya o. Ðo ŋku edzi be ame si dze Yehowa ƒe agbadɔ me “mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o.”

Ele bɔbɔe be míakaka nya siwo mele eteƒe o tso ame bubuwo ŋu, eye vivivi wòava zu ameŋugbegblẽ (Kpɔ memama 12-13)


DE BUBU AME SIWO VƆ̃A YEHOWA ŊU

14. Ame kawoe nye ‘ame vloe’ siwo wòle be ame siwo le Yehowa ƒe agbadɔ me naƒo asa na?

14 Psalmo 15:4 gblɔ be ame si nye Yehowa xɔlɔ̃ gbea “ame vloewo.” Aleke míawɔ anya ne ame aɖe nye ame vloe? Esi míede blibo o ta, míate ŋu azã míaƒe dzidzenu agblɔ be ame aɖe nye ame vloe o. Nu ka tae? Elabe ele bɔbɔe be míalɔ̃ ame siwo ƒe nuwɔnawo sɔ ɖe edzi na mí, eye míaƒo asa na ame siwo ƒe nuwɔnawo mesɔ ɖe edzi na mí o. Eya ta ame siwo Yehowa buna be wonye “ame vloewo” koe wòle be míaƒo asa ana. (1 Kor. 5:11) Ame siawo ƒe ɖewoe nye ame siwo wɔa nu vɔ̃ɖi eye wogbea dzimetɔtrɔ, ame siwo medea bubu míaƒe dzixɔsewo ŋu o, alo ame siwo dzea agbagba be yewoagblẽ mía kple Yehowa dome.—Lod. 13:20.

15. Mɔ ka dzie míato ade bubu “ame siwo vɔ̃a Yehowa” la ŋu?

15 Psalmo 15:4 lia gblɔ yi edzi be ele be míade bubu “ame siwo vɔ̃a Yehowa” ya ŋu. Le esia ta, míedia mɔ siwo dzi míato ade bubu ame siwo nye Yehowa xɔlɔ̃wo ŋu eye míawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. (Rom. 12:10) Aleke míawɔe? Mɔ aɖe si dzi ame si le Yehowa ƒe agbadɔ me ate ŋu ato awɔ esia dze le Psalmo 15:4. Afi ma gblɔ be: “Megbea eƒe ŋugbedodo dzi wɔwɔ o, ne esia agblẽ nu le eya ŋutɔ ŋu gɔ̃ hã.” Ne míewɔ míaƒe ŋugbedodowo dzi o la, míagblẽ nu le amewo ŋu. (Mat. 5:37) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa le mɔ kpɔm be míawɔ ɖe srɔ̃ɖetam si míeka la dzi. Azɔ hã, edzea eŋu ne dzilawo dze agbagba wɔ ɖe ŋugbe siwo wodo na wo viwo dzi. Esi míelɔ̃ Mawu kple mía haviwo ta, míaku kutri vevie awɔ ɖe ŋugbe siwo míedo dzi.

16. Mɔ bubu kawo dzie míato ade bubu Yehowa xɔlɔ̃wo ŋu?

16 Mɔ bubu si dzi míato ade bubu Mawu xɔlɔ̃wo ŋue nye be míanyo dɔme na wo eye míawɔ amedzro na wo. (Rom. 12:13) Ne míedia ɣeyiɣi dea ha kple mía nɔviwo la, ke míele ŋusẽ dom mía kpli wo dome xɔlɔ̃wɔwɔa eye ana mía kple Yehowa dome hã anɔ kplikplikpli. Azɔ hã ne míelɔ̃a amedzrowɔwɔ la, ke míele Yehowa srɔ̃m ye nye ema.

YI EDZI NÀƑO ASA NA GALƆLƆ̃

17. Nu ka tae woƒo nu tso ga ŋu le Psalmo 15 lia me?

17 Biblia gblɔ be ame si adze Yehowa ƒe agbadɔ me “medoa ga na ame xɔa deme ɖe edzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o.” (Ps. 15:5) Nu ka tae woƒo nu tso ga ŋu le Psalmo kpui sia me? Elabe ne míeva le ga lɔ̃m la, ate ŋu ana be míawɔ nu siwo agblẽ nu le amewo ŋu eye wòagblẽ mía kple Mawu hã dome. (1 Tim. 6:10) Le Biblia ŋlɔɣiwo la, ame aɖewo tafa wo nɔvi siwo da ahe siwo wodo ga na hexɔa deme le wo si. Ʋɔnudrɔ̃la aɖewo hã xɔa zãnu eye wobua fɔ ame maɖifɔwo. Yehowa lé fu nuwɔna mawo.—Eze. 22:12.

18. Nya kawoe míatsɔ adzro mía ɖokui me anya nenye be míelɔ̃ ga? (Hebritɔwo 13:5)

18 Anyo be míadzro mía ɖokui me be míanya ale si míebua gae. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe ga kple nu siwo ga ate ŋu aƒle xɔa susu me nam edziedzia? Ne medo gaa, ɖe mehea exexe ɖe megbe, ɖewohĩ kple susu be ame si do gaa nam la mehiãe oa? Ne ga le asinye la, ɖe wònana mesusuna be mele vevie wu ame bubuwo gake wòsesẽna nam be manyo dɔme na amewoa? Ne ga le nɔvi aɖewo si la, ɖe mebua wo be wolɔ̃ ga wu Yehowa tae ga le wo si nenema? Ðe medzea xɔlɔ̃ ame siwo si ga le eye megblẽa ame siwo dzi nu mede o la ɖia?’ Ele vevie be míabia nya siawo mía ɖokui elabe mɔnukpɔkpɔ gã aɖee su mía si be míele Yehowa ƒe agbadɔ me. Gake hafi míakpɔtɔ anɔ eme la, ele be míaƒo asa na galɔlɔ̃. Ne míewɔe alea, Yehowa magblẽ mí ɖi akpɔ o!—Xlẽ Hebritɔwo 13:5.

YEHOWA LƆ̃ EXƆLƆ̃WO

19. Nu ka tae Yehowa di be míawɔ ɖe nya siwo katã le Psalmo 15 lia me dzi?

19 Psalmo 15 lia wu enu kple ŋugbedodo sia be: “Ame si wɔa nu siawo la, maʋã akpɔ o.” (Ps. 15:5) Esia ɖe susu si koŋ tae Mawu di nu siawo tso mía si la fia. Eyae nye be Yehowa di be míakpɔ dzidzɔ. Esia tae wòna mɔfiame siwo ana míanɔ dedie eye eme nanyo na mí le agbe me la mí.—Yes. 48:17.

20. Nu kae ame siwo le Yehowa ƒe agbadɔ me la le mɔ kpɔm na?

20 Etsɔme nyui aɖe le ame siwo le Yehowa ƒe agbadɔ me la lalam. Amesiamina wɔnuteƒewo ava nɔ dziƒo, afi si Yesu dzra “nɔƒe geɖewo” ɖo ɖi na wo le. (Yoh. 14:2) Ame siwo anɔ agbe le anyigba dzi le mɔ kpɔm na ŋugbedodo siwo le Nyaɖeɖefia 21:3 la me vava. Vavãe, mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be Yehowa kpe mí be míanye ye xɔlɔ̃wo eye míanɔ yeƒe agbadɔ me tegbee!

HADZIDZI 39 Wɔ Ŋkɔ Nyui Le Mawu Gbɔ