Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wodzra Mɔ Dzi Ðo Na “Yehowa Ƒe Nufiafia”

Wodzra Mɔ Dzi Ðo Na “Yehowa Ƒe Nufiafia”

“Nutome gã dziɖula la . . . [zu] xɔsetɔ, elabena Yehowa ƒe nufiafia wɔ nuku nɛ ale gbegbe.”—DƆWƆWƆWO 13:12.

1-3. Nu ka tae manɔ bɔbɔe na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia na “dukɔwo katã me tɔwo” o?

YESU KRISTO de dɔ gã aɖe asi na eyomedzelawo be woawɔ. Ede se na wo be woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” Esia bia be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la na amewo le “anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.”—Mateo 24:14; 28:19.

2 Nusrɔ̃laawo lɔ̃ Yesu, eye wolɔ̃ nya nyui la hã. Gake ɖewohĩ woabia wo ɖokui be, ‘Aleke míawɔ dɔ si Yesu de asi na mí lae?’ Susu siwo tae nye be, gbã la, nusrɔ̃laawo mede ha o. Evelia, wonɔ nu fiam amewo be Yesue nye Mawu ƒe Vi la, evɔ amewo nya be wowu Yesu. Etɔ̃lia, ame geɖe bua nusrɔ̃laawo be wonye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.” (Dɔwɔwɔwo 4:13) Enelia, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo de suku kɔkɔ siwo me wofiaa mawusubɔsubɔnyawo le, gake nusrɔ̃laawo ya mede suku mawo o. Azɔ hã, woƒe gbedeasia mesɔ kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi siwo fiam subɔsubɔhakplɔlawo nɔ ƒe alafa geɖee nye ema la o. Esi amewo medea bubu nusrɔ̃laawo ŋu le Israel o ta la, woanya nɔ wo ɖokui biam be, ɖe ame siwo le Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto gã la me aɖo to yewoa?

3 Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be amewo alé fu wo, woati wo yome, eye woawu wo dometɔ aɖewo. (Luka 21:16, 17) Wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ade wo asi. Ame aɖewo, siwo agblɔ be Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe yewonye la, anɔ alakpanyawo fiam. Eye nusrɔ̃laawo aɖe gbeƒã le teƒe siwo nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖo. (Mateo 24:10-12) Ne aleae nɔnɔmea le la, aleke nusrɔ̃laawo awɔ aɖe gbeƒã “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke”? (Dɔwɔwɔwo 1:8) Kuxi siawo katã ana nusrɔ̃laawo nanɔ ŋugble dem le ale si woate ŋu awɔ dɔ siae ŋu.

4. Nu kae do tso gbeƒãɖeɖedɔ si nusrɔ̃lawo wɔ me?

4 Togbɔ be nusrɔ̃laawo nyae be dɔ sia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o hã la, wowɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi, eye woɖe gbeƒã le Yerusalem kple Samaria kpakple dukɔ bubuwo gɔ̃ hã me. Anɔ ƒe 30 megbe la, wotsɔ nya nyuia yi dukɔ geɖewo me ale gbegbe be, apostolo Paulo gblɔ be woɖe gbeƒã na “nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.” Eye dukɔ vovovo me tɔ geɖewo va zu nusrɔ̃lawo. (Kolosetɔwo 1:6, 23) Le kpɔɖeŋu me, esime Paulo ɖe gbeƒã le Kipro ƒukpoa dzi la, Roma nuto gã dziɖula aɖe gɔ̃ hã va zu nusrɔ̃la, elabena “Yehowa ƒe nufiafia wɔ nuku nɛ ale gbegbe.”—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 13:6-12.

Yesu do ŋugbe be yeanɔ kple nusrɔ̃lawo, eye gbɔgbɔ kɔkɔea hã akpe ɖe wo ŋu woaɖe gbeƒã

5. (a) Nu ka ƒe ŋugbee Yesu do na eƒe nusrɔ̃lawo? (b) Nu kae ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ tso ƒe alafa gbãtɔ ŋu?

5 Nusrɔ̃laawo nya be yewomate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔ sia le anyigba bliboa dzi le yewoƒe ŋusẽ me o. Ke boŋ wonyae be, Yesu do ŋugbe be yeanɔ kpli yewo, eye gbɔgbɔ kɔkɔea hã akpe ɖe yewo ŋu. (Mateo 28:20) Nu bubu aɖewo hã anya de nusrɔ̃laawo dzi ɣemaɣi. Le nyateƒe me la, ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ be, anɔ eme be ƒe alafa gbãtɔe nye ɣeyiɣi nyuitɔ na Kristotɔwo be woadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme, eye Kristotɔwo se le wo ɖokui me emegbe be Mawue dzra mɔa dzi ɖo na yewo.

6. (a) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

6 Ðe Yehowa trɔ xexemenudzɔdzɔwo ale be Kristotɔwo nate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ƒe alafa gbãtɔ mea? Biblia megblɔe o. Gake míenya be Yehowa di be yeƒe amewo naɖe gbeƒã nya nyuia, eye Satana mete ŋu xe mɔ na wo o. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo na wònɔ bɔbɔe na nusrɔ̃lawo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ƒe alafa gbãtɔ me la me. Eye le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nu siwo le kpekpem ɖe mía ŋu le míaƒe ɣeyiɣi siawo me be míaɖe gbeƒã nya nyuia le xexe bliboa me la me.

ROMA FIAÐUƑEA ƑE ŊUTIFAFA

7. Nu kae nye Roma Fiaɖuƒea Ƒe Ŋutifafa, eye nu ka tae ɣeyiɣi ma to vovo na ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe?

7 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ŋutifafa nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe nutowo me, si na wònɔ bɔbɔe na nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã. Woyɔ ɣeyiɣi ma be Roma Fiaɖuƒea Ƒe Ŋutifafa. Ɣemaɣie Roma fiaɖuƒea tsi aglã ɖe sia ɖe si amewo di be yewoadze ɖe dziɖuɖua ŋu la nu. Ele eme be aʋa aɖewo dzɔ abe ale si Yesu gblɔe ɖi be adzɔ ene ya. (Mateo 24:6) Romatɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.), eye wokpe aʋa suesue aɖewo le fiaɖuƒea ƒe liƒowo dzi. Ke hã, ŋutifafa nɔ fiaɖuƒea ƒe akpa gãtɔ, si na wònɔ bɔbɔe na nusrɔ̃lawo be woazɔ mɔ ayi aɖaɖe gbeƒã le teƒe bubuwo. Ŋutifafaɣi sia xɔ abe ƒe 200 ene. Agbalẽ aɖe gblɔ be, le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me la, ŋutifafaɣi aɖeke menɔ anyi wòdidi alea heɖe vi na ame gbogbowo alea kpɔ o.

8. Aleke ŋutifafa si nɔ Roma fiaɖuƒea me ɖe vi na nusrɔ̃lawoe?

8 Anɔ abe ƒe 250 le Kristo ƒe ku megbe la, agbalẽnyala aɖe si ŋkɔe nye Origen ŋlɔ nu tso ŋutifafaɣi sia ŋu. Egblɔ be esi Romatɔwo nɔ dukɔ geɖewo dzi ɖum ta la, enɔ bɔbɔe na nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã le dukɔ mawo katã me. Amewo menɔ aʋa wɔm be yewoaʋli yewoƒe dukɔa ta o, ke boŋ wonɔ woƒe kɔƒewo me le ŋutifafa me. Eya ta Origen gblɔ be esia ʋu mɔ na ame geɖewo be woase gbeƒã si ɖem nusrɔ̃lawo nɔ ku ɖe lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ŋu. Togbɔ be woti nusrɔ̃lawo yome hã la, wozã ŋutifafaɣi ma nyuie tsɔ kaka nya nyuia le afi sia afi.—Xlẽ Romatɔwo 12:18-21.

MƆZƆZƆ NƆ BƆBƆE WU

9, 10. Nu kawoe na mɔzɔzɔ nɔ bɔbɔe na nusrɔ̃laawo?

9 Romatɔwo ƒe mɔ siwo wodo to woƒe fiaɖuƒea ƒe nutowo katã kloe me la ƒe didime wu kilometa 80,000. Esia na Roma-ʋakɔ sesẽ la ƒe asrafowo tea ŋu zɔa mɔ yia fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo kaba ɖatsia ʋunyaʋunyawɔwɔwo nu. Kristotɔwo hã zã mɔdodo siawo le woƒe mɔzɔzɔ to avewo, gbegbewo kple todzimɔwo dzi yina ɖaɖea gbeƒã le teƒe bubuwo.

Romatɔwo ƒe mɔdodowo na wònɔ bɔbɔe na Kristotɔwo be woaɖe gbeƒã le teƒe geɖe

10 Hekpe ɖe mɔdodowo ŋu la, Romatɔwo zãa tɔdziʋuwo hã tsɔ zɔa mɔe. Wokua ʋu toa tɔsisiwo kple atsiaƒu dzi yia ʋudzeƒe alafa geɖe siwo le woƒe fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo. Romatɔwo zɔa ƒudzimɔ toa teƒe siwo wu 900 sɔŋ. Esia na wònɔ bɔbɔe na Kristotɔwo hã be woaɖo tɔdziʋu ayi teƒeteƒewo. Womehiã mɔzɔgbalẽwo hafi ayi dukɔ bubuwo me o. Azɔ hã, adzodalawo mebɔ ɖe mɔ mawo dzi o, elabena wonya be Romatɔwo hea to na nu vlo wɔlawo vevie. Eye esi wònye be Roma-srafowo ƒe tɔdziʋuwo hã nɔa ƒudzimɔ mawo dzi ɣesiaɣi ta la, mɔzɔlawo mevɔ̃na be ƒudzidzodalawo ava dze yewo dzi o. Togbɔ be Biblia gblɔ be tɔdziʋu siwo Paulo ɖo la dometɔ aɖewo gbã, eye wòɖo afɔku me le atsiaƒu dzi ɣeaɖewoɣi hã la, megblɔ ɣeaɖekeɣi be edze ƒudzidzodalawo si me o. Eya ta amewo mevɔ̃na fũu ne wole mɔ zɔm to mɔdodowo kple atsiaƒu dzi o.—2 Korintotɔwo 11:25, 26.

HELAGBE

Agbalẽ bablawo na wònɔ bɔbɔe wu be woake ɖe ŋɔŋlɔawo ŋu (Kpɔ memama 12)

11. Nu ka tae Helagbe koŋue nusrɔ̃laawo zã?

11 Teƒe siwo dzi Roma fiaɖuƒea kpɔ ŋusẽ ɖo la ƒe akpa gãtɔ nye nuto siwo dzi Helatɔwo ƒe fia Aleksanda Gãtɔ ɖu ƒe aɖewo do ŋgɔ. Eya ta nuto mawo me tɔwo srɔ̃ Helagbe si woyɔna be Koine la dodo. Esia na wònɔ bɔbɔe na nusrɔ̃laawo be woaɖe gbeƒã na amewo le gbegbɔgblɔ ma me. Eye woate ŋu ayɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me gɔ̃ hã, elabena woɖe egɔme ɖe Helagbe me ɣemaɣi. Ame geɖe nya nu tso gɔmeɖeɖe sia si woyɔna be Septuagint (Septante) la ŋu. Yudatɔ siwo nɔ Egipte ye ɖe egɔme. Eye Helagbe ye Biblia ŋlɔlawo zã tsɔ ŋlɔ Biblia-gbalẽ susɔeawo. Esi Helagbe nye gbegbɔgblɔ si me nyawo sɔ gbɔ ɖo ta la, enye gbe si sɔ nyuie na Biblia me nyateƒe gogloawo me ɖeɖe. Eye Helagbe na wònɔ bɔbɔe be kadodo nyui kple ɖekawɔwɔ nɔ hameawo dome.

12. (a) Nu ka tae agbalẽ bablawo zazã le bɔbɔe wu agbalẽ xatsaxatsawo? (b) Ɣekaɣie Kristotɔ akpa gãtɔ dze agbalẽ bablawo zazã gɔme?

12 Nu kawoe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me zã le woƒe Biblia fiafiadɔa me? Gbã la, wozã agbalẽ xatsaxatsawo. Gake menɔ bɔbɔe be woatsɔ agbalẽ xatsaxatsawo tso teƒe yi teƒe o. Eye ɣesiaɣi si Kristotɔwo di be yewoaxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe la, ele be woakeke agbalẽ xatsaxatsa lɔbɔɔ la ʋuu hafi ake ɖe eŋu, eye emegbe woagaxatsae ake. Azɔ hã, esi wònye be lãgbalẽa ƒe akpa ɖeka ko dzie woŋlɔa nu ɖo zi geɖe ta la, Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa ɖeɖe dzaa nɔ agbalẽ xatsaxatsa gã ɖeka dzi. Emegbe amewo dze agbalẽ ɖeɖee siwo wobla ɖekae la zazã gɔme zi gbãtɔ. Esia na wònɔ bɔbɔe na nuxlẽlawo be woaʋu agbalẽa ƒe axawo kaba ake ɖe ŋɔŋlɔ si dim wole ŋu. Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be Kristotɔwo dze agbalẽ bablawo zazã gɔme enumake, eye tso ƒe 100 K.Ŋ. megbe la, wo dometɔ akpa gãtɔ nɔ agbalẽ siawo zãm.

ROMATƆWO ƑE SE

13, 14. (a) Aleke Romatɔwo ƒe sea kpɔ Paulo tae le esi wònye Romatɔ ta? (b) Aleke Romatɔwo ƒe sea ɖe vi na Kristotɔwo?

13 Romatɔwo ƒe sea ɖe vi na Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Romatɔe Paulo nye, eya ta sea kpɔ eta zi geɖe le eƒe mɔzɔzɔwo me. Esi Roma-srafowo lé Paulo le Yerusalem eye wodi be woaƒoe kple atam la, egblɔ na wo be Romatɔe yenye. Ena aʋafiagã la nya be se meɖe mɔ be woaƒo Romatɔ esi womedrɔ̃ ʋɔnui hafi o. “Eya ta ame siwo di be yewoawɔ [fu Paulo] ne wòato nyateƒe la dzo le egbɔ enumake; eye vɔvɔ̃ ɖo aʋafiagã la ŋutɔ, esi wòva nya be Romatɔe wònye hafi yeblae.”—Dɔwɔwɔwo 22:25-29.

Kristotɔwo wɔ Romatɔwo ƒe sea ŋu dɔ le gbeƒãɖeɖe kple “nya nyui la ta ʋiʋli kple eɖoɖo anyi le se nu” me

14 Esi Paulo nye Romatɔ ta la, esia kpɔ ŋusẽ ɖe ale si wowɔ nu ɖe eŋu le Filipi la dzi. (Dɔwɔwɔwo 16:35-40) Eye esime ameha siwo do dziku la di be yewoatu nu kple Kristotɔ aɖewo le Efeso la, dudzikpɔlaa ɖo asi ameha la dzi hexlɔ̃ nu wo be wole Romatɔwo ƒe se dzi dam. (Dɔwɔwɔwo 19:35-41) Emegbe esime Paulo nɔ Kaisarea la, ezã eƒe gomenɔamesi tsɔ bia be Roma fiagã nagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye. Mɔnukpɔkpɔ su esi wòʋli nya nyuia ta le afi ma. (Dɔwɔwɔwo 25:8-12) Eya ta Kristotɔwo wɔ Romatɔwo ƒe sea ŋu dɔ le gbeƒãɖeɖe kple “nya nyui la ta ʋiʋli kple eɖoɖo anyi le se nu” me.—Filipitɔwo 1:7.

YUDATƆWO NƆ DUKƆ GEÐEWO ME

15. Teƒe kawoe Yudatɔ geɖe nɔ le ƒe alafa gbãtɔ me?

15 Nu bubu aɖe hã anya kpe ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu be woaɖe gbeƒã le xexea me katã. Ɣemaɣi la, menye Israel koe Yudatɔwo nɔ o, ke boŋ wonɔ dukɔ geɖewo me. Nu ka tae? Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, woɖe aboyo Yudatɔwo yi Asiria, eye emegbe wogaɖe aboyo wo dometɔ bubuwo yi Babilon. Emegbe esime Persiatɔwo nɔ Babilon dzi ɖum la, Yudatɔwo kaka ɖe Persia Fiaɖuƒe bliboa me. (Ester 9:30) Kaka ƒe alafa gbãtɔ, si nye Yesu ŋɔli naɖo la, Yudatɔwo nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto vovovoawo me, le teƒewo abe Egipte kple Dziehe Afrika ƒe nuto bubuwo ene, kpakple Hela, Asia Sue (Turkey) kple Mesopotamia (Iraq) hã. Wogblɔ be ame abe miliɔn 60 siwo nɔ fiaɖuƒea ƒe nutoawo me ɣemaɣi la dometɔ siwo wu miliɔn 4 sɔŋ nye Yudatɔwo. Eye togbɔ be Yudatɔwo kaka ɖe nutoawo katã me hã la, wokpɔtɔ lé woƒe subɔsubɔ me ɖe asi.—Mateo 23:15.

16, 17. (a) Esi Yudatɔwo nɔ dukɔ geɖe me ta la, aleke esia ɖe vi na ame siwo menye Yudatɔwo o? (b) Yudatɔwo ƒe kpɔɖeŋu kawoe Kristotɔwo srɔ̃?

16 Esi Yudatɔwo nɔ dukɔ geɖewo me ta la, ame geɖe siwo menye Yudatɔwo o la va nya nu tso Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Yudatɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, amewo srɔ̃e be Mawu vavã ɖeka koe li, eye ele be ame siwo le esubɔm nawɔ ɖe eƒe sewo dzi. Wosrɔ̃e hã be Mawu gbɔe Hebri Ŋɔŋlɔawo tso, eye nyagblɔɖi geɖewo le eme ku ɖe Mesia la ŋu. (Luka 24:44) Eya ta esi Kristotɔwo nɔ gbeƒã ɖem nya nyuia la, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o siaa nya nu tso nu siwo fiam Kristotɔwo nɔ la dometɔ aɖewo ŋu. Paulo di be yeake ɖe ame siwo aɖo to nya nyuia ŋu, eya ta zi geɖe la, eyia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, afi si wosubɔa Mawu le, eye wòdzroa Ŋɔŋlɔawo me kpli wo.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:1, 2.

17 Yudatɔwo kpea ta edziedzi le ƒuƒoƒewo loo alo teƒe bubuwo hena tadedeagu. Wodzia ha, wodoa gbe ɖa, eye wodzroa Ŋɔŋlɔawo me. Nenema tututue Kristotɔ gbãtɔwo hã wɔe, eye nenemae míawo hã míewɔnɛ egbea le míaƒe hamewo me.

YEHOWA KPE ÐE WO ŊU WOÐE GBEƑÃ

18, 19. (a) Aleke nɔnɔme siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me kpe ɖe Kristotɔwo ŋui? (b) Aleke nyati sia na nèse le ɖokuiwò me tso Yehowa ŋu?

18 Ƒe alafa gbãtɔ nye ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe le ŋutinya me. Le Roma Fiaɖuƒea me la, ŋutifafa nɔ anyi, ame geɖe tea ŋu doa gbegbɔgblɔ ɖeka, eye sea kpɔ amewo ta. Mɔzɔzɔ nɔ bɔbɔe, eye dukɔ geɖe me tɔwo nya nu tso Yudatɔwo kpakple Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu. Nu siawo katã kpe ɖe Kristotɔwo ŋu woyi dɔ si Mawu de asi na wo la wɔwɔ dzi.

19 Anɔ ƒe 400 hafi Yesu nava anyigba dzi la, Helatɔwo ƒe xexemenunyala Plato gblɔ be, esesẽ ŋutɔ be amewo nanya Wɔla la, eye manya wɔ be woagblɔ eŋu nya na amewo katã le xexe bliboa me o. Gake Yesu gblɔ be: “Nu siwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔ wo le Mawu ya gbɔ.” (Luka 18:27) Edze ƒãa be Yehowa ƒe kpekpeɖeŋue na gbeƒãɖeɖedɔa le edzi dzem. Edi be “dukɔwo katã me tɔwo” nase nya nyuia eye woadze si ye. (Mateo 28:19) Nyati si kplɔe ɖo adzro ale si míele gbeƒã ɖem nya nyuia le xexe bliboa me egbea la me.