Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae Ameɖeɖelehame Nye Ðoɖo Si Me Lɔlɔ̃ Le

Nu Si Tae Ameɖeɖelehame Nye Ðoɖo Si Me Lɔlɔ̃ Le

JULIAN ɖo ŋku ale si wòse le eɖokui me esime woɖe gbeƒã be viaŋutsu meganye Yehowa Ðasefo o dzi. Egblɔ be: “Ðeko wòwɔ nam be evɔ nam. Eyae nye vinye tsitsitɔ eye míevivina ŋutɔ; míewɔa nu geɖe ɖekae.” Julian gblɔ be ye via nɔa agbe nyui ŋutɔ, gake ɖeko wòtrɔ kpata hedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme. Julian srɔ̃ fa avi kakaka, eye Julian menya ale si wòafa akɔ nɛ o. Julian gblɔ be, “Míenɔa mía ɖokui biam be ɖe wòanye be míawoe metsɔ dzilanyenye ƒe agbaa nyuie o mahã.”

Nu kae Biblia gblɔ be eya dzie woanɔ te ɖo aɖe ame le ha me? Eye esi ameɖeɖelehame doa vevesese geɖe na ame ta la, nu ka tae míate ŋu agblɔ be enye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le?

NU SI TAE WOÐEA AME LE HA ME

Ne Yehowa Ðasefo si xɔ nyɔnyrɔ wɔ nu vɔ̃ gã aɖe hegbe dzimetɔtrɔ la, woɖenɛ le hamea me.

Yehowa media blibodede tso mía si fifia o, gake ekpɔa mɔ be ye subɔlawo nawɔ ɖe yeƒe sewo dzi eye woayi edzi anɔ kɔkɔe. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa de se na esubɔlawo be woaƒo asa na nu vɔ̃ gã siwo dometɔ aɖewoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu, trɔ̃subɔsubɔ, fififi, adzodada, amewuwu kple gbɔgbɔyɔyɔ.1 Korintotɔwo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:8.

Yehowa ƒe nudidi siawo sɔ, eye wokpɔa mía ta. Le kpɔɖeŋu me, mí katã míedina be míanɔ ŋutifafamewo, ame ɖɔʋuwo kple anukwareɖilawo dome, eye alea tututue míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo le. Nu ka tae wonɔa agbe alea? Eyae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wodo ŋugbe nɛ be yewoanɔ agbe ɖe eƒe nya siwo le Biblia me la nu.

Ke ne Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã le amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta ya ɖe? Esia dzɔ ɖe Yehowa subɔla aɖewo dzi le blema, gake Yehowa megbe wo kurakura o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Fia David wɔ ahasi hewu ame hã la, nyagblɔɖila Natan gblɔ na David be Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee.2 Samuel 12:13.

Nu ka tae Yehowa tsɔ ke David? Elabena Yehowa kpɔe be David trɔ dzi me vavã. (Psalmo 32:1-5) Egbea hã ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gake wòtrɔ dzi me vavã hedzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ la, woatsɔe akee. (Dɔwɔwɔwo 3:19; 26:20) Ne hamemetsitsi siwo le ʋɔnudrɔ̃kɔmitia me kpɔe be amea metrɔ dzi me vavã o la, ke ele be woaɖee le haa me.

Ne woɖe wò ƒomea me tɔ alo xɔ̃wò vevi aɖe le haa me la, ate ŋu asesẽ na wò be nàlɔ̃ ɖe nyametsotsoa dzi, eye ate ŋu adzɔ be nàse le ɖokuiwò me be tohehea me sẽ akpa. Ke hã Yehowa ƒe Nya la na eme kɔ na mí be ameɖeɖelehame nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le.

AMEÐEÐELEHAME ƑE VIÐEWO

Yesu gblɔ be “nunya me tsonu tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Mateo 11:19, etenuŋɔŋlɔa) Na míadzro susu etɔ̃ siwo tae nunya le eme be woaɖe ame si gbe dzimetɔtrɔ la le ha me ɖo la me.

Ameɖeɖelehame xea mɔ na vlododo Yehowa ƒe ŋkɔ. Míaƒe nuwɔnawo nana amewo kafua Yehowa loo alo doa vloe, le esi eƒe ŋkɔ le mí eƒe Ðasefowo ŋu ta. (Yesaya 43:10) Ale si ko ɖevi ƒe agbenɔnɔ ate ŋu ade bubu dzilaawo ŋu alo ade ŋukpe mo na wo la, nenema kee Yehowa subɔlawo ƒe agbenɔnɔ ate ŋu ade bubu Yehowa ŋu alo ado vloe. Le Ezekiel ŋɔli la, dukɔ bubuwo yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ tɔ ɖe Yudatɔwo ŋu. (Ezekiel 36:19-23) Nenema ke egbea hã amewo yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ tɔna ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Eya ta ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe sewo dzi la, ahe ŋutikɔkɔe vɛ nɛ.

Apostolo Petro ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Abe vi ɖotowo ene la, migana nudzodzro siwo ɖu mia dzi tsã le numanyamanya me la nayi edzi anɔ miaƒe nɔnɔme trɔm o, ke boŋ miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me abe Kɔkɔetɔ si yɔ mi la ke ene, elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.’” (1 Petro 1:14-16) Le kpɔɖeŋu me, ne míekpɔa gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me la, anye vlododo Mawu ƒe ŋkɔ. Gake ne míenɔa agbe dzadzɛ la, míedea bubu Yehowa ŋu.

Ne Yehowa Ðasefo aɖe le nu gbegblẽ wɔm la, ame siwo dze sii la anya nu tso eŋu kaba. Eya ta ne wosee be amea meganye Yehowa Ðasefo o la, woakpɔe be Yehowa ƒe amewo wɔna ɖe Biblia me nyawo dzi pɛpɛpɛ eye wonana hamea nɔa dzadzɛ. Le kpɔɖeŋu me, le Switzerland la, ŋutsu aɖe va kpekpe hegblɔ be yedi be yeazu hamea me tɔ. Woɖe nɔvianyɔnu le hamea me le agbe gbegblẽ nɔnɔ ta, eye fifia edi be yeade ha kple habɔbɔ si “meŋea aɖaba ƒua agbe baɖa nɔnɔ dzi o.”

Ameɖeɖelehame nana Kristo hamea nɔa dzadzɛ. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Korintotɔwo be afɔku le eme be woɖe mɔ nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime aɖe kpɔtɔ le hamea me. Etsɔ ŋusẽ gbegblẽ si nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi kpɔna ɖe hamea dzi la sɔ kple amɔwɔʋãnu si nana amɔwɔ blibo la hona. Paulo gblɔ be: “Amɔwɔʋãnu vi aɖee nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna.” Eyome eɖo aɖaŋu na wo be: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le miawo ŋutɔwo mia dome.”1 Korintotɔwo 5:6, 11-13.

“Ame vɔ̃ɖi” ma ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me ŋumakpetɔe. Nɔvi siwo le hame ma me dometɔ aɖewo da asi ɖe agbe vloe si nɔm wòle dzi gɔ̃ hã. (1 Korintotɔwo 5:1, 2) Afɔku le esia me, elabena ate ŋu ana agbe ƒaƒã nɔnɔ si xɔ aƒe ɖe Korinto nakpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ bubuwo dzi. Nenema ke egbea hã ne hamea ŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ gãwo dzi la, ame aɖewo ava bui be Yehowa ƒe sededewo mele vevie o. (Nyagblɔla 8:11) Ale si ko “agakpe siwo ɣla ɖe tɔ gɔme” ate ŋu agbã tɔdziʋu la, nenema kee nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ate ŋu agblẽ hamea me tɔ bubuwo ƒe xɔse dome.Yuda 4, 12.

Ameɖeɖelehame ate ŋu akpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu wòakpɔe be yeda vo. Yesu wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe ɖekakpui aɖe si ʋu le fofoa ƒeme yi ɖagblẽ eƒe domenyinuwo katã dome to agbe baɖa nɔnɔ me la ŋu. Ðekakpuia va kpɔe dze sii mlɔeba be esi yedzo le ye fofo ƒeme la, meɖe na ye kura o. Eya ta etrɔ dzi me eye wòɖoe be yeatrɔ ayi yeƒe ƒomea gbɔ. Fofoa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔe be ye via trɔ eƒe agbenɔnɔ, eya ta exɔe atuu. (Luka 15:11-24) Kpɔɖeŋu sia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe trɔ dzi me. Egblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, ke boŋ be ame vɔ̃ɖi la natrɔ ɖa le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ne wòanɔ agbe.”Ezekiel 33:11.

Kristo hameae nye míaƒe gbɔgbɔmeƒome. Ne woɖe ame aɖe le hamea me la, ke meganye ƒome ma me tɔ o. Ne eva le agbe baɖa si wònɔ me tsonu gbegblẽwo kpɔm la, anyɔ le eɖokui me eye wòaɖo ŋku edzi be esime ye kple Yehowa kpakple hamea dome nɔ nyuie la, yenɔ dzidzɔ geɖe kpɔm. Esia ate ŋu aʋãe wòatrɔ ava eƒe gbɔgbɔmeƒomea me.

Hafi míakpe ɖe ame si woɖe le hamea me ŋu be wòatrɔ agbɔ la, ele be míatɔ afɔ to sesĩe atsɔ aɖee afiae be míelɔ̃e. Tsɔe be adela eve bu le ave dodo aɖe me hele agbagba dzem be yewoatso mɔ ne yewoayi aƒe me. Esi wotsa tsaglalã gaƒoƒo geɖe megbe la, dzi ɖe le adela ɖeka ƒo, ɖeɖi te eŋu, eye wòdi be yeadɔ alɔ̃. Gake ne edɔ alɔ̃ le avea me la, lã wɔadãwo avuvui aɖu. Eya ta be xɔlɔ̃a nakpe ɖe eŋu wòanɔ ŋu la, eƒo ŋkume nɛ be alɔ̃a nakɔ le mo nɛ. Togbɔ be esia ana wòase veve hã la, ate ŋu axɔe ɖe agbe. David ɖe susu ma ke gblɔ esi wògblɔ be: “Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃ vavãe wòɖe fiam.” (Psalmo 141:5) David kpɔe dze sii be togbɔ be tohehe vena hã la, aɖe vi na ye.

Ameɖeɖelehame le abe ale si adela ma ƒo mo na xɔlɔ̃a ene, eye zi geɖe la, emae hiã be amea nagbugbɔ va Yehowa gbɔ. Julian viŋutsu si ƒe nya míegblɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze la trɔ eƒe agbenɔnɔ hegbugbɔ va hamea me ƒe ewo le eɖeɖe le haa me megbe. Enye hamemetsitsi fifia. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Esi woɖem le haa me la, ena nye ŋutɔ mekpɔ agbe si nɔm menɔ la me tsonu kple nye ŋku eveawo. Tohehe ma tututue mehiã na.”Hebritɔwo 12:7-11.

ALEKE MÍAÐEE AFIA BE MÍELƆ̃ AME SI WOÐE LE HA ME LA?

Ne woɖe ame aɖe le ha me la, nya gã aɖe wònye dzɔ ɖe edzi. Gake esia mefia be magate ŋu atrɔ va Yehowa gbɔ gbeɖe o. Ele vevie be mí katã míaɖe mɔ tohehea nawɔ eƒe dɔ. Aleke míawɔ esiae?

Hamemetsitsiwo dzea agbagba kpena ɖe dzimetrɔlawo ŋu be woatrɔ ava Yehowa gbɔ

Ele be hamemetsitsiwo nalɔ̃ ame abe Yehowa ke ene, vevietɔ ne eva hiã be woagblɔ na ame aɖe be meganye Yehowa Ðasefo o. Woɖea nu si wòawɔ be wòagbugbɔ ava Yehowa gbɔ eye woagaxɔe ɖe hamea me ake la me nɛ lɔlɔ̃tɔe eme kɔna nyuie. Ne ame si woɖe le ha me di be yeatrɔ agbɔ va hamea me la, hamemetsitsiwo ate ŋu ayi egbɔ tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi ahaɖo ŋku nu si wòawɔ be wòatrɔ ava Yehowa gbɔ la dzi nɛ. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

Ƒometɔwo ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ hamea kple ame si woɖe le ha me ne wokpe asi ɖe nyametsotso si hamemetsitsiwo wɔ ŋu. Julian gblɔ be: “Vinye ko wògakpɔtɔ nye gake eƒe agbenɔnɔ va zu abe gli ene ma mía dome.”

Hamea me tɔwo katã hã ɖea lɔlɔ̃ vavã fiaa ame si woɖe le ha me ne wode tohehe si Yehowa nɛ to hamemetsitsiwo dzi la dzi. Esia bia be woagade ha kplii alo aɖo dze kplii hã o. (1 Korintotɔwo 5:11; 2 Yohanes 10, 11) Gakpe ɖe eŋu la, ele be hamea nalɔ̃ ame si woɖe le ha me la ƒe ƒometɔwo vevie wu eye woakpe ɖe wo ŋuti. Nɔnɔme sesẽ aɖe mee nye ema woɖo. Mele be míawɔ naneke si ana woase le wo ɖokui me be míeɖe yewo hã le hamea me o.Romatɔwo 12:13, 15.

Julian ƒo nya ta be: “Ameɖeɖelehame nye ɖoɖo si ɖea vi na mí hekpena ɖe mía ŋu be míanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. Togbɔ be edoa nuxaxa na ame hã la, nu nyuiwo dona tso eme mlɔeba. Ne ɖe mede vinyea ƒe nu gbegblẽ wɔwɔa dzi la, anye ne matrɔ agbenɔnɔ gbeɖe o.”

^ mm. 24 Kpɔ ƒe 1991 ƒe Gbetakpɔxɔ, Vol. 112, No. 8, axa 21-23 (yevugbe me tɔ, April 15, 1991, axa 21-23).