Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kawo ŋue blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo si ɖee fia be ɣeyiɣi kpui aɖe koe woɖe to ɖe Yeriko dua?

Yosua 6:10-15, 20 gblɔ be Israel-ʋawɔlawo zɔ ƒo xlã Yeriko dua zi ɖeka ŋkeke ɖeka hena ŋkeke ade. Ke le ŋkeke adrelia dzi la, wozɔ ƒo xlã dua zi adre. Azɔ Mawu na Yeriko gli sesẽawo mu gbloo, eye Israel-viwo tsrɔ̃ dua. Ke, ɖe blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe nanewo ŋu siwo ɖee fia be toɖeɖe ɖe Yeriko xɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko, abe ale si Biblia gblɔe enea?

Le blema la, ne woɖe to ɖe du aɖe la, efia be aʋawɔlawo ƒo xlãe hele klalo be yewoadze edzi. Ekema ne woɖe to ɖee ɣeyiɣi didi la, dua me tɔwo ɖua nuɖuɖu siwo wodzra ɖo la ƒe akpa gãtɔ wòvɔna. Mlɔeba la, ne aʋawɔlaawo xɔ dua la, wohaa nu sia nu si wodi, eye ɣeaɖewoɣi womegblẽa nuɖuɖu aɖeke ɖi o. Esia tae le Palestina du siwo dzi wodze le mɔ sia nu me la, nuɖuɖu ʋɛ aɖe ko ŋue blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo, alo womeke ɖe ɖeke kura ŋu o. Gake Yeriko dudowo ya to vovo. Biblia Duwo Nɔƒe Kulawo Ƒe Nyatakakagbalẽ (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: “Nu si koŋ tsi anyi le dua tsɔtsrɔ̃ megbe, ne míeɖe anyinuwo le emee nye agblemenukuwo.” Agbalẽa gblɔ kpee be: “Mebɔ kura be woake ɖe nuɖuɖu gbogbowo ŋu alea o.”

Biblia na míenya be Israel-viwo meha nuɖuɖu aɖeke le Yeriko dua me o, elabe Yehowa de se ɖe esia nu. (Yosua 6:17, 18) Biblia gblɔ kpee be adamee Israel-viwo dze Yeriko dzi, le nuŋeɣi megbe tututu, esi woƒo agblemenuku gbogbo aɖewo nu ƒu ɖe dua me. (Yosua 3:15-17; 5:10) Eya ta esi wotsrɔ̃ Yeriko vɔ megbe la, agblemenuku gbogbo siwo tsi anyi la ɖo kpe edzi be ɣeyiɣi kpui aɖe koe woɖe to ɖe dua, abe ale si Biblia gblɔe ene.