Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔ La Ðia Ðase Kpena Ðe Míaƒe Gbɔgbɔ Ŋu

Gbɔgbɔ La Ðia Ðase Kpena Ðe Míaƒe Gbɔgbɔ Ŋu

“Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye.”—ROMATƆWO 8:16.

HADZIDZI: 109, 108

1-3. Nudzɔdzɔ kawoe na Pentekoste ŋkekea nɔ etɔxɛ, eye aleke esia na Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi aɖe va eme? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

KWASIÐAGBE ŋdi mee, le Yerusalem. Ŋkeke tɔxɛ aɖe si womaŋlɔ be o ye wònye. Amewo nɔ Pentekoste, si nye azã kɔkɔe aɖe si woɖuna le luxaɣi ƒe gɔmedzedze, la ɖum. Abe ale si nunɔlagã la wɔna edziedzi le gbedoxɔa me ene la, esa vɔ ŋdi ma. Emegbe anɔ abe ŋdi ga asieke me lɔƒo ene la, etsɔ amɔwɔ ʋaʋã bolo eve sa vɔe; lutsetse gbãtɔwoe wotsɔ mèe. Nunɔlagã la nyè aboloawo tso akpa ɖeka yi akpa kemɛ le Yehowa ŋkume. Esiae nye ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste.—3 Mose 23:15-20.

2 Ƒe alafa geɖee nye ema si nunɔlagãwo saa nunyèvɔ ƒe sia ƒe. Vɔsa ma do ƒome kple nu vevi aɖe si dzɔ le Pentekoste ŋkekea dzi le ƒe 33 K.Ŋ. Nu sia dzɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la 120-awo dzi esime wonɔ gbe dom ɖa le dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 1:13-15) Nyagblɔɖila Yoel ŋlɔ nudzɔdzɔ ma ŋu nya ɖi ƒe 800 do ŋgɔ. (Yoel 2:28-32; Dɔwɔwɔwo 2:16-21) Ke nu vevi kae dzɔ?

3 Xlẽ Dɔwɔwɔwo 2:2-4. Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Kristotɔawo dzi eye wòsi ami na wo le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkeke ma dzi. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Enumake amehawo va nye zi ɖe wo ŋu, eye nusrɔ̃lawo ƒo nu tso nukunu siwo wokpɔ hese la ŋu na wo. Apostolo Petro ɖe nu si dzɔ kple ale si wòle vevie ŋutɔ la me na wo. Azɔ egblɔ na ameha la be: “Mitrɔ dzi me, eye mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi, eye miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la.” Ame abe 3,000 sɔŋ ene ye xɔ nyɔnyrɔ gbe ma gbe eye wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe woawo hã dzi.—Dɔwɔwɔwo 2:37, 38, 41.

4. (a) Nu ka tae nu si dzɔ le Pentekoste ŋkekea dzi la ka mí? (b) Nu ɖedzesi ka hãe anya dzɔ le ŋkeke ma ke dzi ƒe geɖe do ŋgɔ? (Kpɔ dzesidenya la.)

4 Nu kae nunɔlagã la kple vɔ si wòsana le Pentekoste dzi la tsi tre ɖi na? Nunɔlagã la le tsitre ɖi na Yesu. Aboloawo hã nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo wosi ami na. Wotia nusrɔ̃la mawo tso amegbetɔ siwo wodzi ɖe nu vɔ̃ me la dome eye woyɔ wo be “kutsetse gbãtɔwo.” (Yakobo 1:18) Mawu tia ame siawo eye wòxɔ wo abe viawo ene be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo le Mawu Fiaɖuƒea me. (1 Petro 2:9) Yehowa ayra amegbetɔ toɖolawo katã to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Eya ta eɖanye dziƒoe míanɔ kple Yesu alo paradiso mee míanɔ le anyigba dzi o, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea le vevie ŋutɔ na mí. [1]—Kpɔ dzesidenya la.

NU KAWOE DZƆNA NE WOSI AMI NA AME AÐE?

5. Aleke míewɔ nya be womesi ami na amesiaminawo katã le mɔ ɖeka nu o?

5 Nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔa dzi la maŋlɔ ŋkeke ma be akpɔ gbeɖe o. Wokpɔ nane si le abe dzoƒaɖewo ene wòva dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi ɖekaɖeka. Yehowa na ŋutete wo wodo gbe bubuwo. Woka ɖe edzi bliboe be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na yewo. (Dɔwɔwɔwo 2:6-12) Ke hã nukunu sia medzɔna ɣesiaɣi si wosi ami na Kristotɔwo o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia megblɔ be nu si le abe dzoƒaɖewo ene la dze ɖe ame akpe geɖe siwo wosi ami na le Yerusalem gbe ma gbe ke la dzi o. Wosi ami na ame siawo le woƒe nyɔnyrɔxɔɣi. (Dɔwɔwɔwo 2:38) Gake menye nyɔnyrɔxɔɣie wosi ami na Kristotɔwo katã o. Wosi ami na Samariatɔwo ɣeyiɣi aɖe le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe. (Dɔwɔwɔwo 8:14-17) Eye ewɔ nuku ŋutɔ be wosi ami na Kornelio kple eƒe aƒemetɔwo do ŋgɔ na woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ.—Dɔwɔwɔwo 10:44-48.

6. Nu kae amesiaminawo katã xɔna, eye ŋusẽ kae esia kpɔna ɖe wo dzi?

6 Edze ƒãa be nu si na Kristotɔwo kpɔnɛ be wosi ami na yewo la mele ɖeka o. Ate ŋu adzɔ be ame aɖewo nade dzesii enumake be Yehowa si ami na yewo. Ɣeyiɣi didi aɖe megbe hafi ame aɖewo hã dea dzesii. Gake apostolo Paulo gblɔ nu si dzɔna ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Egblɔ be: “Esi miexɔe se megbe la, woto eya ke dzi tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo la tre mia nu, eye esia nye míaƒe domenyinu la ƒe kpeɖodzi sue aɖe si míexɔ do ŋgɔ.” (Efesotɔwo 1:13, 14) Efia be Yehowa zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ nana eme kɔna na Kristotɔ siawo be yetia wo be woayi dziƒo. Le mɔ sia nu la, gbɔgbɔ kɔkɔea nye ‘kpeɖodzi sue aɖe si woxɔ do ŋgɔ’ be woava nɔ agbe tegbee le dziƒo le etsɔme ke menye anyigba dzi o.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:21, 22; 5:5.

Mele be Kristotɔ amesiamina aɖeke naɖe mɔ nane naxe mɔ na eƒe Yehowa subɔsubɔ o

7. Nu kae wòle be Kristotɔ amesiamina ɖe sia ɖe nawɔ be eƒe asi nasu dziƒofetua dzi?

7 Ne wosi ami na Kristotɔ aɖe la, ɖe wòfia be axɔ eƒe fetu la kokokoa? Ao, ‘gbede matunu mexɔa adzɔ o.’ Eka ɖe edzi be wotia ye be yeayi dziƒo ya. Gake ne eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa ko hafi wòaxɔ eƒe fetua. Petro ɖe eme ale: “Eya ta nɔviwo, miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be miali ke mia yɔyɔ kple mia tiatia la sesĩe, elabena ne miewɔa esiawo la, miado kpo nu gbeɖe o. Ale le nyateƒe me la, woayra mi geɖe miayi ɖe mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒe mavɔ la me.” (2 Petro 1:10, 11) Eya ta mele be Kristotɔ amesiamina aɖeke naɖe mɔ nane naxe mɔ na eƒe Yehowa subɔsubɔ o. Togbɔ be wotiae, alo yɔe, be wòayi dziƒo hã la, ne meyi edzi wɔ nuteƒe o la, fetua abɔe.—Hebritɔwo 3:1; Nyaɖeɖefia 2:10.

ALEKE AME AWƆ ANYA?

8, 9. (a) Nu ka tae wòsesẽna na ame geɖe be woase nu si dzɔna ne wosi ami na nɔvi aɖe la gɔme? (b) Aleke ame awɔ anya be wotia ye be yeayi dziƒo?

8 Ate ŋu asesẽ na Mawu subɔla siwo li egbea dometɔ geɖe be woase nu si dzɔna ne Mawu si ami na nɔvi aɖe la gɔme. Eme kɔ elabena ‘agbo medoa nyifɔkpa o’; womesi ami na woawo o. Anyigba dzie Mawu wɔ amegbetɔwo be woanɔ, ke menye dziƒo o. (1 Mose 1:28; Psalmo 37:29) Gake Yehowa ŋutɔ tia ame aɖewo be woanye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo. Eya ta ne esi ami na wo la, woƒe mɔkpɔkpɔ kple nuŋububu trɔna ale be wonɔa agbenɔnɔ le dziƒo lalam vevie.—Xlẽ Efesotɔwo 1:18.

9 Gake ɖe ame aɖe ate ŋu anya nenye be wotiae be wòayi dziƒoa? Kpɔ nya si Paulo gblɔ na nɔvia amesiamina siwo nɔ Roma, siwo “woyɔ be woava zu ame kɔkɔewo” la ɖa. Egblɔ na wo be: “Menye kluvinyenye ƒe gbɔgbɔ si ana miaganɔ vɔvɔ̃m ake lae miexɔ o, ke boŋ vinyenye ƒe gbɔgbɔ ye miexɔ, eye gbɔgbɔ sia ʋãa mí míedoa ɣli be: ‘Abba, Fofo!’ Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye.” (Romatɔwo 1:7; 8:15, 16) Mawu toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi nana eme kɔna na nɔvi aɖe be wotiae be wòaɖu fia kple Yesu le dziƒo.—1 Tesalonikatɔwo 2:12.

10. Esi 1 Yohanes 2:27 gblɔ be mehiã be ame aɖeke nagafia nu Kristotɔ amesiaminawo o la, nu kae wòwɔnɛ?

10 Mehiã be ame aɖeke nagblɔ na ame siwo Mawu tia la be wosi ami na wo hafi woanya o. Yehowa naa kakaɖedzi ma woawo ŋutɔ. Apostolo Yohanes gblɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye sidzedze su mi katã si.” Egagblɔ hã be: “Le miawo ya gome la, ami si wosi na mi la kpɔtɔ le mia me, eye mehiã be ame aɖeke naganɔ nu fiam mi o; ke boŋ amisisiname si tso egbɔ la le nuwo katã fiam mi, eye wònye nyateƒe ke menye aʋatso o. Ale si tututu wòfia mii la, miyi edzi miawɔ ɖeka kplii.” (1 Yohanes 2:20, 27) Yehowa ye fiaa nu Kristotɔ amesiaminawo abe ame ɖe sia ɖe ene. Gake mehiã be ame aɖeke naɖo kpe edzi na wo be wosi ami na wo hafi woanya o. Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la tsɔ na wonya esia nyuie!

‘WOGBUGBƆ WO DZI’

11, 12. Nya kae Kristotɔ amesiamina anɔ eɖokui biam ɣeaɖewoɣi, gake nu ka dzie wòkana ɖo bliboe?

11 Ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristotɔwo la, woƒe nɔnɔme trɔna ale gbegbe. Yesu gblɔ be ‘wogbugbɔ wo dzi’ alo ‘wodzi wo tso dziƒo.’ (Yohanes 3:3, 5; etenuŋɔŋlɔ) Eyome eɖe eme be: “Megawɔ moyaa na wò be megblɔ na wò be: Ele be woagbugbɔ mi adzi o. Ya ƒona yia afi si wòdi, eye èsea eŋkɔ, ke mènyaa afi si wòtso kple afi si wòyina o. Nenema kee ame sia ame si wodzi tso gbɔgbɔ me la hã le.” (Yohanes 3:7, 8) Eme kɔ ƒãa be manya wɔ be woaɖe ale si tututu wònɔna ne wosi ami na ame aɖe la me na ame si womesi ami na o. [2]—Kpɔ dzesidenya la.

Ame si wosi ami na la kana ɖe edzi bliboe be Yehowa tia ye

12 Nɔvi siwo wosi ami na la dometɔ aɖewo anɔ wo ɖokuiwo biam ɣeaɖewoɣi be: ‘Nu ka tae wònye nyee Yehowa tia ke menye ame bubu o?’ Anɔ wɔwɔm nɛ gɔ̃ hã be yemedze na mɔnukpɔkpɔ gã sia o. Gake eƒe susu mewɔna nɛ eveve o; ekana ɖe edzi bliboe be Yehowa tia ye. Eye wòkpɔa dzidzɔ hedaa akpe gã ɖe nunana ma ta. Amesiaminawo sena le wo ɖokui me abe Petro ene esime wògblɔ be: “Woakafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa, elabena le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe me la, edzi mi yeyee to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome dzi hena mɔkpɔkpɔ gbagbe, be míaxɔ domenyinu magblemagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o. Wodzrae ɖo ɖe dziƒo na mi.” (1 Petro 1:3, 4) Ne amesiaminawo xlẽ nya siawo la, wokpɔnɛ ɖikekemanɔmee be yewoe yewo Fofoa le nu ƒom na tẽe.

13. Aleke ame ƒe nuŋububu trɔna ne wosi ami nɛ kple gbɔgbɔ kɔkɔea, eye nu ka gbɔe wòtsona?

13 Hafi Yehowa natia Kristotɔ siawo be woayi dziƒo la, agbenɔnɔ tegbee le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe nɔ wo si. Wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Yehowa atrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso ahaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa. Ðewohĩ wokpɔnɛ le susu me be yewole atuu wɔm na ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe si wofɔ ɖe tsitre. Eye wonɔ mɔ kpɔm hã na ɣeyiɣi si woatu xɔ anɔ eme, eye woade agble aɖu eme kutsetse. (Yesaya 65:21-23) Ke nu ka tae woƒe susu trɔ? Esi nu te ɖe wo dzi alo wole fu kpem vevie tae loo? Ðe wova ƒo nya ta be agbenɔnɔ le anyigba dzi tegbee mavivi o eye yewomakpɔ dzidzɔ o taea? Alo ɖe wodi be yewoakpɔ ale si agbenɔnɔ le dziƒo anɔ taea? Kura o. Ke boŋ Mawu ŋutɔe tia afi si woanɔ la na wo. Esi wònya tia wo ko la, ezã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ trɔ woƒe nuŋububu kple teƒeɖoɖo si wole mɔ kpɔm na.

14. Aleke amesiaminawo bua agbe si wole le anyigba dzi?

14 Ðe esia fia be amesiaminawo dina be yewoakua? Paulo ɖɔ ale si amesiaminawo sena le wo ɖokui me la ale. Etsɔ amegbetɔŋutilã sɔ kple “agbadɔ” eye wògblɔ be: “Le nyateƒe me la, mí ame siwo le agbadɔ sia me la míeŋena, eye nu tea mía ŋu, elabena míedi be míaɖe esia ada ɖi o, ke boŋ be míado ekemɛa, ale be agbe nami nu si kuna la.” (2 Korintotɔwo 5:4) Agbea le alea gake ele vivim, eya ta Kristotɔ siawo medina be yewoaku o. Wokpɔa dzidzɔ eye gbe sia gbe la, wodina be yewo kple yewoƒe ƒomea kpakple yewo xɔlɔ̃wo yewoasubɔ Yehowa ɖekae. Gake nu ka ke wɔm woɖale o, woɖoa ŋku ŋugbe si Mawu do na wo la dzi.—1 Korintotɔwo 15:53; 2 Petro 1:4; 1 Yohanes 3:2, 3; Nyaɖeɖefia 20:6.

ÐE YEHOWA TIA WÒA?

15. Nu kawoe meɖee fia be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na nɔvi aɖe kokoko o?

15 Ðewohĩ mènya ne Yehowa tia ye be yeayi dziƒo loo, alo metia ye o. Ne ewɔna na wò be ɖewohĩ etia ye la, ke de ŋugble le biabia vevi siawo ŋu: Ðe nèkpɔe be dzo le mewò etɔxɛ le gbeƒãɖeɖedɔa mea? Ðe Biblia sɔsrɔ̃ kple “Mawu ƒe nu goglowo” me dzodzro vivia nuwòa? (1 Korintotɔwo 2:10) Ðe nèsena le ɖokuiwò me be Yehowa na nu nyui geɖewo ŋutɔ le dodom tso yeƒe gbeƒãɖeɖedɔa mea? Ðe nèdina vevie be yeawɔ nu si Yehowa bia tso ye si tsɔ wu nu bubu ɖe sia ɖea? Ðe nèlɔ̃a amewo vevie eye nèkpɔnɛ be agba gã aɖe le ye dzi be yeakpe ɖe wo ŋu woasubɔ Yehowa? Ðe nèkpɔ kpeɖodzi aɖewo be Yehowa kpe ɖe ye ŋu le mɔ tɔxɛ aɖewo nu le agbe mea? Ne èɖo nya siawo katã ŋu be ɛ̃ la, ɖe esia fia be wotia wò na dziƒoyiyia? Ao, mefia nenema o. Nu ka tae? Elabena Mawu subɔlawo katã ate ŋu ase le wo ɖokui me nenema, woɖasi ami na wo loo, alo womesi ami na wo o. Yehowa ate ŋu akɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe esubɔlawo katã dzi geɖe be ŋusẽ naɖo wo ŋu, mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale wo si o. Le nyateƒe me la, ne mènya nenye be wotia wò be nàyi dziƒo o la, efia be wometia wò o. Ame siwo Yehowa tia la ƒe susu mewɔna na wo eveve o! Wonya!

16. Aleke míewɔ nya be menye ame siwo katã dzi Mawu ƒe gbɔgbɔa le lae ayi dziƒo o?

16 Biblia ƒo nu tso nuteƒewɔla geɖe siwo dzi Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ gake womeyi dziƒo o ŋu. Wo dometɔ ɖekae nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela. Yesu gblɔ be amegbetɔ aɖeke menye gã wu Yohanes o; gake egblɔ hã be Yohanes mayi aɖaɖu fia le dziƒo o. (Mateo 11:10, 11) Gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ David hã. (1 Samuel 16:13) Ekpe ɖe eŋu wòse Yehowa ƒe nu gogloawo gɔme eye wòʋãe wòŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ aɖewo. (Marko 12:36) Ke hã apostolo Petro gblɔ be “David melia yi dziƒo o.” (Dɔwɔwɔwo 2:34) Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ ame siawo wowɔ dɔ klitsuwo, gake metsɔ gbɔgbɔa tia wo be woayi dziƒo o. Esi womewɔ nuteƒe wòde edeƒe o alo be womedze aɖu fia le dziƒo o taea? Kura o! Nu si ko wòfia ye nye be Yehowa di be yeafɔ wo ɖe tsitre woava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

17, 18. (a) Nu kae Mawu subɔla siwo li egbea dometɔ geɖe le mɔ kpɔm na? (b) Biabia kawo ƒe ŋuɖoɖo mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Mawu subɔla siwo le anyigba dzi egbea dometɔ akpa gãtɔ mayi dziƒo o. Wole mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi le Mawu ƒe dziɖuɖu te, abe Abraham, David, Yohanes Amenyrɔɖetsimela kpakple ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ene. (Hebritɔwo 11:10) Ame 144,000 koe aɖu fia kple Yesu le dziƒo. Gake Biblia ƒo nu tso amesiamina “susɔe” siwo kpɔtɔ le anyigba dzi le nuwuɣi siawo me la ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:17) Eya ta ame 144,000 la dometɔ akpa gãtɔ ku eye wofɔ wo yi dziƒo xoxo.

18 Gake ne eva dzɔ be nɔvi aɖe gblɔ be wosi ami na ye la, aleke wòle be ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nawɔ nui? Ne miaƒe hamea me tɔ aɖe dze kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu gɔme le Ŋkuɖodzia ɖugbe la, aleke nàwɔ nu ɖe eŋui? Ke ne ame siwo be wosi ami na yewo la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ya ɖe? Ðe wòle be esia naɖe fu na wòa? Míaɖo nya siawo ŋu le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ [1] (memama 4) Anɔ eme be woɖua Pentekoste-ŋkekenyuia le ƒea ƒe ɣeyiɣi si tututu me wotsɔ Sea na Mose le Sinai. (2 Mose 19:1) Eya ta ɖewohĩ ƒea ƒe ɣeyiɣi si tututu me Mose nɔ ŋgɔ na Israel-dukɔa wowɔ Se ƒe nubablaa la mee Yesu hã wɔ nubabla yeyea kple amesiaminawo.

^ [2] (memama 11) KpɔGbetakpɔxɔ, April 1, 2009, axa 3-11 hena numeɖeɖe ku ɖe nu si gbugbɔgadzi fia ŋu.