Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔ Kple Mawu Nana Míekpɔa Dzidzɔ

Dɔwɔwɔ Kple Mawu Nana Míekpɔa Dzidzɔ

“Esi míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele nu xlɔ̃m mi hã be miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la evɔ ada taɖodzinu si le eŋu ya ƒu o.”—2 KORINTOTƆWO 6:1.

HADZIDZI: 75, 74

1. Togbɔ be Yehowa ye nye Dziɖula Gãtɔ hã la, nu kae wòkpe amewo be woawɔ?

YEHOWA ye nye Dziɖula Gãtɔ. Eyae wɔ nuwo katã, eye eƒe nunya kple ŋusẽ tɔgbi meli o. Esi wòkpe ɖe Hiob ŋu wòva kpɔ esia dze sii la, Hiob gblɔ nɛ be: “Menyae be àte ŋu awɔ nu sia nu eye naneke meli nàɖo, si màte ŋu awɔ o.” (Hiob 42:2) Ŋusẽ le Yehowa si be eya ŋutɔ nawɔ nu sia nu si wòdi. Gake lɔlɔ̃ ʋãe wòkpe amewo be woawɔ dɔ kpli ye be yeƒe tameɖoɖo nava eme.

2. Dɔ vevi kawoe Yehowa na Yesu wɔ?

2 Mawu wɔ Via Yesu do ŋgɔ na ame alo nu bubu ɖe sia ɖe. Emegbe Yehowa ɖe mɔ be ye Via nakpe ɖe ye ŋu le nu bubuawo katã wɔwɔ me. (Yohanes 1:1-3, 18) Apostolo Paulo gblɔ tso Yesu ŋu be: “Eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o, woɖanye fiazikpuiwo, alo aƒetɔnyenyewo, alo dziɖuɖuwo, alo ŋusẽwo o. Wowɔ nu bubuwo katã to edzi na eya amea.” (Kolosetɔwo 1:15-17) Eya ta menye ɖeko Yehowa na Via wɔ dɔ vevi aɖewo ko o, ke ena ame bubuwo nya nu tso eŋu hã. Bubu gã kae nye esi!

3. Dɔ kae Yehowa de asi na Adam, eye nu ka tae?

3 Yehowa kpe amegbetɔwo hã be woanye yeƒe hadɔwɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, eɖe mɔ na Adam be wòatsɔ ŋkɔ na lãwo. (1 Mose 2:19, 20) Wò ya kpɔ dzidzɔ si gbegbe Adam akpɔ le dɔ sia wɔwɔ me la ɖa le susu me! Egbɔ dzi ɖi lé ŋku ɖe lãawo kple woƒe nuwɔnawo ŋu, eyome wòtsɔ ŋkɔ si sɔ na ɖe sia ɖe la nɛ. ‘Ge metua xo na aɖaba o,’ eya ta Yehowa si wɔ lãwo katã ate ŋu ana ŋkɔ wo nyuie wu hafi. Gake ena Adam kpɔe be yelɔ̃e esi wòɖe mɔ nɛ be eya natsɔ ŋkɔ na lãwo. Mawu gadee asi na Adam be wòatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso. (1 Mose 1:27, 28) Gake Adam tu afɔkpo mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòawɔ dɔ kple Mawu, eye esia zu ku na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã.—1 Mose 3:17-19, 23.

4. Dɔ kawoe ame aɖewo wɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme?

4 Emegbe Mawu kpe ame bubuwo be woawɔ dɔ kpli ye. Noa kpa aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe le Tsiɖɔɖɔa me. Mose ɖe Israel-viwo tso Egipte. Yosua kplɔ Israel-viwo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Salomo tu gbedoxɔ le Yerusalem. Maria dzi Yesu. Nuteƒewɔla siawo katã kple ame bubu geɖewo wɔ dɔ kple Yehowa be eƒe tameɖoɖo nava eme.

5. Dɔ kae mí katã míate ŋu awɔ, eye ɖe wòhiã kokoko be Yehowa nana míawɔ dɔ sia hafia? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Egbea Yehowa kpe míawo hã be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ ado alɔ yeƒe Fiaɖuƒea. Nu geɖewo li míawɔ atsɔ asubɔ Mawu. Eye togbɔ be ‘asiwo katã mesɔ o’ hã la, mí katã míate ŋu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Yehowa ŋutɔ ate ŋu awɔ dɔ sia hafi. Ate ŋu aƒo nu na amewo tẽe tso dziƒo. Yesu gblɔ be Yehowa ate ŋu ana kpewo gɔ̃ hã nagblɔ Fia la kple Eƒe Fiaɖuƒea ŋu nya na amewo. (Luka 19:37-40) Gake Yehowa na mɔnukpɔkpɔ mí be míanye yeƒe “hadɔwɔlawo.” (1 Korintotɔwo 3:9) Apostolo Paulo gblɔ be: “Esi míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele nu xlɔ̃m mi hã be miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la evɔ ada taɖodzinu si le eŋu ya ƒu o.” (2 Korintotɔwo 6:1) Bubu gã aɖee wònye na mí be míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo. Na míakpɔ nu siwo tae esia nyea dzidzɔ gã na mí la ɖa.

DƆWƆWƆ KPLE MAWU NANA MÍEKPƆA DZIDZƆ

6. Aleke Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la se le eɖokui me esime wònɔ dɔ wɔm kple Fofoa?

6 Tso gbe aɖe gbe kee dɔwɔwɔ kple Yehowa Mawu doa dzidzɔ na esubɔlawo. Hafi Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la nava anyigba dzi la, egblɔ be: “Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto . . . Ɣemaɣi menye dɔwɔla bibi nɔ egbɔ. Elɔ̃m vevie gbe sia gbe; eye metsoa aseye le eŋkume ɣeawokatãɣi.” (Lododowo 8:22, 30) Yesu kpɔ dzidzɔ esime wònɔ dɔ wɔm kple Fofoa elabena ete ŋu wɔ nu geɖe, eye wònyae hã be Yehowa lɔ̃ ye vevie. Ke míawo ya ɖe?

Nu bubu kae ate ŋu ana dzidzeme mí de nyateƒea fiafia amewo nu? (Kpɔ memama 7)

7. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa nana dzi dzɔa mí?

7 Yesu gblɔ be dzidzɔ le nunana kple nuxɔxɔ siaa me. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Míekpɔ dzidzɔ esi míexɔ nyateƒea, gake nu ka tae dzi dzɔa mí geɖe ne míegblɔ nyateƒea ŋu nya na amewo? Susuae nye be, ne wose nu si Biblia fia gɔme heva le ƒomedodo nyui me kple Mawu la, dzidzɔ vavã sua wo si. Evivina na mí ne míekpɔe be wole woƒe susu kple agbenɔnɔ trɔm. Ɛ̃, gbeƒãɖeɖedɔae nye dɔ vevitɔ kple esi naa dzidzeme mí wu le agbe me. Eʋua mɔ na ame siwo va zu Mawu xɔlɔ̃wo be woakpɔ agbe mavɔ.—2 Korintotɔwo 5:20.

8. Nya kae nɔvi aɖewo gblɔ tso dzidzɔ si le dɔwɔwɔ kple Yehowa me ŋu?

8 Ne míekpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la, míenyae be edzea Yehowa ŋu eye be edea asixɔxɔ míaƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Esia hã nana míekpɔa dzidzɔ. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:58.) Marko, si le Italy, gblɔ be: “Dzidzɔ manyagblɔ ye wònye nam be metsɔa nye nu nyuitɔwo naa Yehowa, ke menye na amegbetɔ aɖeke si aŋlɔ nu siwo mewɔ nɛ la be kaba o.” Nenema kee Franko, si le subɔsubɔm le Italy, hã gblɔ be: “Yehowa to eƒe Nya la kple ɖoɖo siwo wòwɔ na mí dzi ɖoa ŋku edzi na mí gbe sia gbe be yelɔ̃ mí vevie, eye yedea asixɔxɔ nu siwo wɔm míele na ye ŋu, togbɔ be adze na mí ɣeaɖewoɣi be míele ɖeke wɔm o hã. Esia tae dɔwɔwɔ kple Mawu doa dzidzɔ nam eye wònana nye dzi dzea eme le agbe me ɖo.”

DƆWƆWƆ KPLE MAWU TEA MÍ ÐE EYA KPLE AMEWO ŊU

9. Aleke Yehowa kple Yesu dome le, eye nu ka tae?

9 Ne míele dɔ wɔm kple ame siwo míelɔ̃ la, mía dome va nɔa kplikplikpli wu. Míeva nyaa woƒe agbenɔnɔ kple woƒe nɔnɔmewo nyuie wu. Míeva nyaa woƒe taɖodzinuwo kple ale si wole wo minyamee. Yesu wɔ dɔ kple Yehowa abe ƒe miliɔn miliɔnwo ene. Woƒe lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me va sẽ ale gbegbe be naneke mate ŋu agblẽ eme o. Ale si tsi metoa wo dome o tae Yesu gblɔ be: “Nye kple Fofo la míele ɖeka.” (Yohanes 10:30) Ðekawɔwɔ mee ŋusẽ le vavã! Ɛ̃, wowɔ dɔ asi-le-asi-me eteƒe mekɔ o.

Gbeƒãɖeɖedɔa doa ŋusẽ míaƒe xɔse elabena eɖoa ŋku Mawu ƒe ŋugbedodowo kple mɔfiamewo dzi na mí

10. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa tea mí ɖe Mawu kple mía nɔviwo ŋu?

10 Yesu do gbe ɖa bia Yehowa be wòakpɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ta. Nu ka tae? Egblɔ be: “Ne woawɔ ɖeka abe ale si míawo hã míele ɖeka ene.” (Yohanes 17:11) Ne míenɔa agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu hewɔa gbeƒãɖeɖedɔa la, enana míesea eƒe nɔnɔme ɖedzesiawo gɔme nyuie wu. Míekpɔa nu si tae nunya le eme be míaɖo ŋu ɖe eŋu ahawɔ eƒe mɔfiamewo dzi. Eye ne míete ɖe Mawu ŋu la, eya hã tena ɖe mía ŋu. (Xlẽ Yakobo 4:8.) Dɔ sia nana míetena ɖe mía nɔviwo hã ŋu, elabena míetoa nu ɖeka tɔgbiwo me, nyuiawo kple vɔ̃awo siaa. Nyateƒee, míewɔa dɔ ɖekae, míekpɔa dzidzɔ ɖekae, eye míedoa dzi ɖekae. Nɔvinyɔnu Octavia, si le Britain, gblɔ be: “Dɔwɔwɔ kple Yehowa team ɖe nɔviwo ŋu.” Eɖe eme be, nu si gbɔe wòtsoe nye be, “mɔfiame ɖeka kple taɖodzinu ɖekae” le ye kple ye xɔlɔ̃wo si. Nenemae wòle le míawo hã gome. Ne míekpɔ agbagba siwo dzem mía nɔviwo le be woƒe nu nadze Yehowa ŋu la, etea mí ɖe wo ŋu.

11. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be míate ɖe mía nɔviwo kple Yehowa ŋu kplikplikpli wu le xexe yeyea me?

11 Enye nyateƒe be míelɔ̃ Mawu kple mía nɔviwo fifia, gake lɔlɔ̃ ma me agasẽ wu le xexe yeyea me. Wò ya bu dɔ dodzidzɔname gbogbo siwo míawɔ le etsɔme ŋu kpɔ! Míaxɔ ame siwo woagbɔ agbee la atuu, eye míafia nu wo tso Yehowa ŋu. Míawɔ dɔ ɖekae atrɔ anyigba wòazu paradiso. Dzidzɔ gãe wòanye be míawɔ dɔ aduadu eye míanɔ blibo dem vivivi le Kristo ƒe dziɖuɖua te. Amegbetɔwo katã ate ɖe wo nɔewo kple Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eye Yehowa ‘atsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidiwo aɖi ƒo na woe.’—Psalmo 145:16.

DƆWƆWƆ KPLE MAWU KPƆA MÍA TA

12. Aleke gbeƒãɖeɖedɔa kpɔa mía tae?

12 Ele be míakpɔ ƒomedodo si le mí kple Yehowa dome ta. Esi míele Satana ƒe xexea me eye míede blibo o ta la, ele bɔbɔe be míava nɔ tame bum ahanɔ nu wɔm abe xexea ene, elabe ‘akpa gbɔ nɔla mesea akpa dzena o.’ Ðeko wòle abe ɖe míele tsi ƒum be míayi ŋgɔ evɔ tɔsisia le mía hem le megbe yim ene. Eya ta ele be míaƒu tsia kple míaƒe ŋusẽ katã hafi ate ŋu ayi ŋgɔ. Nenema kee wòle be míaku kutri vevie be Satana ƒe xexea nagahe mí ɖe megbe o. Ke aleke gbeƒãɖeɖedɔa kpɔa mía tae? Ne míele nu ƒom tso Yehowa kple Biblia ŋu la, míaƒe susu nɔa nu nyui siwo le vevie ŋu, ke menye nu siwo agbɔdzɔ míaƒe xɔse ŋu o. (Filipitɔwo 4:8) Azɔ hã, gbeƒãɖeɖedɔa doa ŋusẽ míaƒe xɔse elabena eɖoa ŋku Mawu ƒe ŋugbedodowo kple mɔfiamewo dzi na mí ɣesiaɣi. Egakpena ɖe mía ŋu hã be míetua nɔnɔme siwo kpɔa mía ta tso Satana kple eƒe xexea si me la ɖo.—Xlẽ Efesotɔwo 6:14-17.

Ne míaƒe ŋku biã ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu la, míegabua míaƒe kuxiwo ŋu fũu o

13. Nya kae Ðasefo aɖe si le Australia gblɔ tso gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

13 Ne míaƒe ŋku biã ɖe gbeƒãɖeɖe, nusɔsrɔ̃ kple kpekpe ɖe mía nɔviwo ŋu ŋuti la, ekpɔa mía ta elabe míegabua míaƒe kuxiwo ŋu fũu o. Joel, si le Australia, gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖedɔa kpena ɖe ŋunye be ale si nɔnɔmea le ŋutɔŋutɔ nagato miame nam o. Enana nɔnɔme sesẽ siwo me tom amewo le kple yayra siwo Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ he vɛ nam la nɔa susu me nam. Gbeƒãɖeɖedɔa kpena ɖe ŋunye hã be mesrɔ̃a ɖokuibɔbɔ; eʋua mɔ nam be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahaka ɖe nɔvinyewo dzi.”

14. Nu ka tae míaƒe dzidodo le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖo kpe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ le mía dzi?

14 Gakpe ɖe eŋu la, gbeƒãɖeɖedɔa nana míekana ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe gbɔgbɔ le mía dzi. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be wòe maa abolo na miaƒe nutoa me tɔwo. Womexea fe na wò ɖe dɔ sia ta o, eye wò ŋutɔe zãa wò kotokumega ɖe eŋu. Evɔ ame akpa gãtɔ mekpɔa dzidzɔ ɖe aboloa ŋu o, eye ame aɖewo gɔ̃ hã lé fu wò le esi nètsɔnɛ yina na wo ta. Ɣeyiɣi didi kae nàdo dzi awɔ dɔ sia ase ɖo? Eteƒe madidi hafi dzi naɖe le ƒowò nàɖe asi le dɔ ma ŋu o. Ke hã mí ame geɖe míeyi edzi le gbeƒã ɖem ƒe geɖee nye esia togbɔ be míawo ŋutɔe zãa míaƒe ɣeyiɣi kple ga ɖe eŋu, eye amewo koa mí alo doa dziku ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. Esia ɖo kpe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ ye le kpekpem ɖe mía ŋu.

DƆWƆWƆ KPLE MAWU NYE LƆLƆ̃ÐEÐEFIA EYA KPLE AMEWO

15. Aleke gbeƒãɖeɖedɔa do ƒome kple tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu?

15 Kadodo kae le gbeƒãɖeɖedɔa kple tame si Yehowa ɖo ɖe amegbetɔƒomea ŋu dome? Mawu ɖoe be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee, eye eƒe tameɖoɖo ma metrɔ esime Adam wɔ nu vɔ̃ o. (Yesaya 55:11) Ke boŋ Mawu ɖe afɔ vevi aɖewo be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku me. Aleke wòwɔe? Ena Yesu va anyigba dzi va tsɔ eƒe agbe sa vɔe. Gake amegbetɔwo mate ŋu anɔ anyi ɖi ade asi asitɛ me ko vɔsa sia naɖe vi na wo o; ao, ele be woaɖo to Mawu. Eya ta Yesu fia nu si Mawu di tso amewo si la wo, eye wòde se na eƒe nusrɔ̃lawo be woawo hã nawɔe nenema ke. Egbea ne míele gbeƒã ɖem hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woava zu Mawu xɔlɔ̃wo la, ke míele dɔ wɔm kple Mawu hele asi kpem ɖe ɖoɖo si wòwɔ be yeaɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku me la ŋu.

16. Ðekawɔwɔ kae le gbeƒãɖeɖedɔa kple Mawu ƒe sedede gãtɔ la dome?

16 Ne míekpe ɖe amewo ŋu wova ke ɖe agbe mavɔ mɔa ŋu la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo kple Yehowa siaa. Eƒe “lɔlɔ̃nue nye be woaɖe amewo katã ƒomevi, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Timoteo 2:4) Gbe ɖeka esi Farisitɔ aɖe bia Yesu be sedede kae nye gãtɔ le Mawu ƒe sea me hã la, Yesu ɖo eŋu be: “‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. Evelia si ɖii lae nye esi: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” (Mateo 22:37-39) Míewɔna ɖe sedede sia dzi to gbeƒãɖeɖe nya nyuia me.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:42.

17. Gblɔ ale si nèbua mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàɖe gbeƒã nya nyui la.

17 Yehowa yra mí ŋutɔ! Ede dɔ si nana míekpɔa dzidzɔ, si tea mí ɖe eya kple mía nɔviwo ŋu, eye wòkpɔa ƒomedodo si le mía kplii dome ta la asi na mí. Dɔ sia naa mɔnukpɔkpɔ hã mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia Mawu kple mía haviwo. Yehowa subɔla miliɔn geɖewoe le xexea me godoo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe kple nɔnɔme si me wòle. Gake míeɖanye ɖevi alo ame tsitsi, kesinɔtɔ alo ame dahe, ŋusẽ le mía ŋu alo ŋusẽ mele mía ŋu o, mí katã míewɔa míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míaʋu míaƒe xɔse me le dutoƒo. Míesena le mía ɖokui me abe Chantel, si tso France ene, ame si gblɔ be: “Ŋusẽtɔ gãtɔ si le xexea me, ame si nye nuwo katã Wɔla kple Mawu dzidzɔtɔ lae gblɔ nam be: ‘Heyi! Ƒo nu! Ƒo nu ɖe nunye, ƒo nu tso dzi me. Mele nye ŋusẽ, nye Nya Biblia la, nye mawudɔlawo, hawòti subɔlawo, hehe nyuitɔ kple mɔfiame nyui siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la nam wò.’ Ɛ̃, mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míawɔ nu si Yehowa bia tso mía si ahawɔ dɔ kple mía Mawu la!”