Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Woke Ðe “Dzonu Xɔasi” La Ŋu

Woke Ðe “Dzonu Xɔasi” La Ŋu

 Yesu fia nu be Mawu Fiaɖuƒea akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ. (Mateo 6:10) Le Mateo 13:44-46 la, Yesu do lo eve siwo gbɔna tsɔ ɖe asixɔxɔ si le nyateƒe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la fia:

  •   Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ wɔm le anyigba aɖe dzi la va ke ɖe kesinɔnu aɖe si menɔ mɔ kpɔm na o la ŋu.

  •   Asitsala mɔzɔla aɖe nɔ dzonu nyuiwo dim vevie, eye wòke ɖe dzonu xɔasi aɖe ŋu.

 Ŋutsu evea siaa dzra nu sia nu si le wo si ale be woate ŋu aƒle kesinɔnu siwo ŋu woke ɖo. Ŋutsu eve siawo le tsitre ɖi na ame siwo dea asixɔxɔ Fiaɖuƒea ŋu ale gbegbe be wotsɔa nu geɖewo saa vɔ ale be woƒe asi nasu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo dzi. (Luka 18:29, 30) Le video sia me la, àkpɔ ame eve aɖewo siwo wɔ nu abe ŋutsu siwo le Yesu ƒe lododoa me ene.