Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Comstock Images/Stockbyte via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Dziɖula Kae Nàtia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Dziɖula Kae Nàtia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le kwasiɖa ʋɛ siwo gbɔna mea, woada akɔ le dukɔ vovovowo me le xexea me godoo. Amewo le nya me tsom le ame siwo woatia be woanye yewo dzi ɖulawo ŋu.

 Nya kae Biblia gblɔ?

Seɖoƒe li na nu si amegbetɔwo ƒe dziɖulawo ate ŋu awɔ

 Biblia na míekpɔ nu si ta seɖoƒe li na amegbetɔwo ƒe dziɖulawo katã.

  •   “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo ŋu loo, alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Eƒe gbɔgbɔ nu tsona, eye wògatrɔna zua anyi; gbe ma gbe ke eƒe tamesusuwo katã nu yina.”—Psalmo 146:3, 4.

 Amegbetɔ siwo nye dziɖula nyuitɔwo gɔ̃ hã ava ku gbe ɖeka. Azɔ hã, kakaɖedzi meli be ame siwo ava xɔ ɖe wo teƒea ayi dɔ nyui siwo wowɔa dzi o.—Nyagblɔla 2:18, 19.

 Nyateƒeae nye be, Biblia ɖee fia be womewɔ amegbetɔwo be woaɖu amegbetɔwo dzi o.

  •   “Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—Yeremiya 10:23.

 Ðe ame aɖe li egbea si ƒe dziɖuɖu anyo wua?

Dziɖula aɖe si Mawu tia

 Biblia na míenya be Mawu tia dziɖula nyuitɔ kekeake si dzi míate ŋu aka ɖo. Eyae nye Yesu Kristo. (Psalmo 2:6) Yesue nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye fiaɖuƒe ma nye dziɖuɖu si le dzi ɖum tso dziƒo.—Mateo 6:10.

 Ðe nàtiae be Yesu nanye yeƒe dziɖula? Biblia na míekpɔ nu si tae nya sia nye ŋkubiãnya:

  •   “Mide bubu via [Yesu Kristo] ŋu, be Mawu nagado dɔmedzoe, ne miatsrɔ̃ ɖa le mɔ la dzi o, elabena eƒe dziku flana kaba. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã sinɛ tsona.”—Psalmo 2:12.

 Fifiae wòle be nàtso nya me. Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Yesu dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me, eye madidi o Mawu Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe.—Daniel 2:44.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si nàwɔ anɔ Yesu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi ŋua, xlẽ nyati si nye “Tiae Be Yeade Mawu Fiaɖuƒea Dzi Fifia!