Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

E+/taseffski/via Getty Images (Stock photo. Posed by model.)

NƆ ŊUDZƆ!

Susumedɔ Va Le Fu Ðem Na Sɔhɛ Geɖewo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Susumedɔ Va Le Fu Ðem Na Sɔhɛ Geɖewo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le Dzoɖa, February 13, 2023 dzia, Dɔléle Nu Tsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒea ka nya ta tso sɔhɛwo ƒe susumedɔwo ŋu le Amerika. Wogblɔ le nyatakakaa me be sekɛndrisukuvi (lycée) 40 le alafa me kple edzivɔ léa blanui enuenu eye mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo.

 Ðɔkta Kathleen Ethier si nye amegã aɖe le Dɔléle Nu Tsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒea gblɔ be: “Togbɔ be sɔhɛ siwo susumedɔ ɖea fu na ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi le ƒe 10 siwo va yi me hãa, ɖetugbui gbogbo aɖewo va le susumedɔ lém fifia wu tsã, eye wo dometɔ geɖe dina be yewoawu yewo ɖokui, alo wotenɛ kpɔ gɔ̃ hã.”

 Woka nya ta be:

  •   Wodɔa ɖetugbui 14 le alafa me gbɔ sesẽe. Ðɔkta Ethier gblɔ be: “Esia ɖe fu ŋutɔ, elabe efia be le ɖetugbui 10 ɖe sia ɖe si nènya domea, wodɔ wo dometɔ ɖeka alo esi wu ema gbɔ sesẽe.”

  •   Ðetugbui 30 le alafa me dina vevie be yewoawu yewo ɖokui.

  •   Enuenua, ɖetugbui 57 le alafa me léa blanui vevie alo mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo.

 Nyatakaka siawo wɔ nublanui ŋutɔ. Sɔhɛmenɔɣie míekpɔa mɔ be ame nakpɔ dzidzɔ wu. Nu kae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woanɔ te ɖe kuxi siwo me wotona egbea nu? Nya kae Biblia gblɔ?

Biblia ɖo aɖaŋu siwo akpe ɖe sɔhɛwo ŋu

 Biblia gblɔ nɔnɔme wɔnublanui siwo me tom míele egbea ŋu nya ɖi. Eye wòyɔ míaƒe ŋkekea be “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ.” (2 Timoteo 3:1-5) Gake Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo gale kpekpem ɖe sɔhɛ miliɔn geɖe ŋu le xexea me godoo be woanɔ te ɖe kuxi siwo me tom wolea nu. Aɖaŋuɖoɖo mawo dometɔ aɖewo dze le nyati siwo gbɔna me.

 Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe sɔhɛ siwo di be yewoawu yewo ɖokui ŋu

 Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe sɔhɛ siwo léa blanui alo woƒe seselelãmewo ɖea fu na woa ŋu

 Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe sɔhɛ siwo ŋu wowɔa ŋlɔmi lea ŋu

 Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe sɔhɛ siwo wotsɔ gbɔdɔnyawo ɖea fu na ŋu

Biblia ɖo aɖaŋu siwo akpe ɖe dzilawo ŋu

 Biblia ɖo aɖaŋu nyui na dzilawo ku ɖe ale si woawɔ akpe ɖe wo vi sɔhɛwo ŋu be woanɔ te ɖe kuxiwo nu. Aɖaŋuɖoɖo mawo dometɔ aɖewo dze le nyati siwo gbɔna me.