Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Halfpoint Images/Moment via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Lãmesẽnyawo Ƒe Tatɔ Aɖe Gblɔ Nu Si Internet Hahoo Kadodowo Gblẽna Le Sɔhɛwo Ŋu—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Lãmesẽnyawo Ƒe Tatɔ Aɖe Gblɔ Nu Si Internet Hahoo Kadodowo Gblẽna Le Sɔhɛwo Ŋu—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le May 23, 2023 dzi la, lãmesẽnyawo ƒe tatɔ aɖe aɖe si le Amerika gblɔ be Internet dzi hahoo kadodowo zazã le nu gblẽm le sɔhɛwo ŋu vevie.

  •   Egblɔ le nyati aɖe me be: “Togbɔ be hahoo kadodowo zazã ate ŋu aɖe vi na ɖevi kple sɔhɛ aɖewo hãa, nu geɖe ɖee fia be ate ŋu agblẽ nu le woƒe lãmesẽ ŋu eye wòana hã be womanɔ dedie le susu me o.”—Social Media and Youth Mental Health: The U.S. Surgeon General’s Advisory, 2023.

 Nu siwo ŋu woke ɖo le numekuku si wowɔ mea dze le nyatia me. Wo dometɔ aɖewoe nye esi:

  •   Sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 12 va ɖo ƒe 15 “siwo zãa gaƒoƒo etɔ̃ kple edzivɔ ɖe Internet dzi hahoo kadodowo ŋua ate ŋu axɔ susumedɔ kple blanuiléledɔ bɔbɔe wu ame siwo mezãnɛ o.”

  •   Ne ɖevi siwo xɔ ƒe 14 “va le ɣeyiɣi geɖe zãm ɖe Internet dzi hahoo kadodowo ŋua, womegadɔa alɔ̃ nyuie o, wo hatiwo dia ge le wo ŋu le Internet dzi, wosena le wo ɖokui me be yewomedze tugbe o alo be viɖe aɖeke mele yewo ŋu o, eye woléa blanui. Enɔa alea le nyɔnuviwo gome zi geɖe wu ŋutsuviwo.”

 Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo viwo ta? Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu aɖe vi le go sia me.

Nu si dzilawo ate ŋu awɔ

 Kpe ɖe viwòa ŋu. Bu nu siwo hahoo kadodowo zazã ate ŋu agblẽ le viwòa ŋu la ŋuti eye nàtso nya me nenye be azãe alo mazãe o.

 Ne èɖe mɔ na viwòa be wòazãe la, nɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo wòate ŋu agblẽ le eŋu la ŋuti eye nàkpe ɖe eŋu wòanya ale si wòazãe le mɔ nyuitɔ nu. Aleke nàwɔe?

 Kpɔ viwòa ta tso nu siwo ate ŋu agblẽ nu le eŋua si me. Mla viwòa be wòanya ale si wòaƒo asa na nu manyomanyo siwo nɔa Internet dzi.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: “Migana woayɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye aɖeke ƒomevi alo ŋukeklẽ ŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, . . . kple ŋukpenanuwɔwɔ kple bometsinyagbɔgblɔ kple fefenya madzeto.”—Efesotɔwo 5:3, 4.

  •   Ne èdi be yeakpɔ mɔfiame siwo aɖe vi na wò la, xlẽ nyati si nye “Fia Viwò Ale Si Wòazã Internet Dzi Hahoo Kadodowo Nyuie.”

 Ðo seɖoƒe ɖe ezazã ŋu nɛ. Le kpɔɖeŋu me, de sewo ɖe game kple ɣeyiɣi didi si wòate ŋu azã ɖe hahoo kadodowo ŋu nɛ.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: ‘Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la nanye abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.’—Efesotɔwo 5:15, 16.

  •   Zã nutata ƒe video si nye Zã Internet Dzi Hahokadoƒewo Nunyatɔe nàtsɔ akpe ɖe viwòa ŋu wòase nu si tae wòle be woaɖo seɖoƒewo ɖe ezazã ŋu nɛ.