Dzo kpo yi emenuwo dzi

Alɔdzedɔwɔƒe Kple Tsaɖiɖi Ŋuti Nyatakakawo

Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva ɖi tsa le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo. Kpɔ alɔdzedɔwɔƒeawo kple tsaɖiɣiwo.

 

Wogaɖe Mɔ Ɖe Tsaɖiɖi Ŋu: Le dukɔ geɖe mea, wogaɖe mɔ be amewo nava ɖi tsa le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo tso June 1, 2023 dzi. Ne èdi be yeaganya nu bubuwoa, na alɔdzedɔwɔƒe si nàdi be yeaɖi tsa lea nanya. Míeɖe kuku, ne èxɔ corona, kpe le ƒowòm, alo ète ɖe ame si xɔ corona ŋu nyitsɔ laa la, ke mele be nàva ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea o.

North Macedonia

Na Nyanya Tso Wò Tsaɖiɖi Ŋu Do Ŋgɔ

Ðe wòhiã be nàna míanya do ŋgɔ hafi nàva be yeaɖi tsa? Ɛ̃. Be tsaɖilawo nagasɔ gbɔ akpa o eye nàse vivi na wò tsaɖiɖia la, míedi tso ame siwo katã ava ɖi tsa la si be woana míanya do ŋgɔ hafi woava, ne wosɔ gbɔ alo le ʋɛ hã.

Ne mèna míenya do ŋgɔ hafi nèva o la, ɖe wòanya wɔ be woakplɔ wò aɖi tsa? Ne mèna míenya do ŋgɔ hafi nèva o la, ɖewohĩ manya wɔ be míakplɔ wò aɖi tsae o. Le teƒea ƒe lolome ta la, ame agbɔsɔsɔme aɖe koe míate ŋu akplɔ aɖi tsae le ŋkeke ɖe sia ɖe dzi.

Ga nenie wòle be nàva ɖo hena wò tsaɖiɖia? Be tsaɖilawo nagasɔ gbɔ akpa o la, míeɖe kuku ɣeyiɣi si nàva ɖo la megawu miniti 20 do ŋgɔ na ɣeyiɣi si nètia be woakplɔ wò atsae o.

Aleke nàwɔ abia mɔ na tsaɖiɖi? Zi “Na Nyanya Be Yeava Ði Tsa” dzi.

Ðe wòanya wɔ be nàwɔ asitɔtrɔ le wò tsaɖiɖi ƒe ɖoɖoa ŋu alo ate fli ɖe emea? Ɛ̃. Be nàwɔ esia la, zi “Kpɔe Ða Alo Trɔ Asi Le Eŋu” dzi.

Ke ne mɔ meli le ŋkeke si nètia dzi o ya ɖe? Nɔ míaƒe nyatakakadzraɖoƒea yim. Mɔnukpɔkpɔ va ʋuna ɖi ne ame bubuwo wɔ asitɔtrɔ le woƒe tsaɖiŋkekea ŋu alo wote fli ɖe woƒe vava ƒe ɖoɖoa me.

Tsaɖiɖi

Alzhirska 36

1000 SKOPJE

NORTH MACEDONIA

+389 2-3090-580

Nu Ðedzesiwo

Míeɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Macedoniagbe kple Romanygbe si wodona le North Macedonia la me.

Wɔ Tsaɖigbalẽvia Ƒe Kɔpi