Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Mawɔ Ne Sukudede Medzɔa Dzi Nam O?

Nu Kae Mawɔ Ne Sukudede Medzɔa Dzi Nam O?

Nu si nàte ŋu awɔ

 Kpɔ sukudede ƒe viɖewo dze sii. Dze agbagba nàkpɔ sukudede ƒe viɖewo adze sii. Menye nu siwo katã nèsrɔ̃na le suku la ƒe viɖe nàte ŋu akpɔ adze sii fifia o. Ke hã nusɔsrɔ̃ tso nu vovovowo ŋu ana nànya nu geɖe tso xexea me ŋu. Akpe ɖe ŋuwò nàzu “nuwo katã na ame ƒomeviwo katã,” eye wòana nànya ale si nàɖo dze kple ame ƒomevi vovovowo. (1 Korintotɔwo 9:22) Ne mede ɖeke o hã la, ana wò tamebubuŋutete nanyo ɖe edzi, eye ŋutete sia ava ɖe vi na wò godoo le etsɔ me.

Sukudede le abe ale si woadze ave dodo ene—gake nu eve siawo siaa nya wɔna ne dɔwɔnu nyui le ame si

 Dze gbagba nàkpɔ nu nyui si wò nufiala wɔna na wò la dze sii. Ne èwɔ abe wò nufiala ƒe nu tia wò ene la, tsɔ susu ɖo eƒe nufiafia dzi, ke menye eya amea dzi o. Ðo ŋkui be wò nufiala fia nu mawo ke ame geɖewo zigbɔzi nanewo kpɔ le sukuxɔ bubuwo me. Eya ta asesẽ nɛ be wòagafia nu mawo kple dzo abe ale si wòwɔe tsã ene.

 Aɖaŋuɖoɖo: Ŋlɔ nu siwo gblɔm wòle ɖi, ne nane me mekɔ na wò o la, biae bubutɔe wòaɖe eme na wò, eye kpɔ dzidzɔ ɖe nu si srɔ̃m nèle la ŋu.

 Kpɔ ŋudzedze ɖe wò ŋutetewo ŋu. Sukudede ate ŋu aɖe wò ŋutete siwo ŋu menya nu tsoe tsã o la ɖe go. Paulo ŋlɔ na Timoteo bena: ‘De dzo Mawu ƒe nunana si le mewò la me.’ (2 Timoteo 1:6) Edze ƒãa be Timoteo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana aɖewo. Gake ehiã be wòatu “nunana” ma ɖo be wòadzi ɖe edzi alo wòagagu o. Ele eme be Mawu menaa sukuŋutetewo mí tẽe o. Ke hã ŋutete siwo le asiwò la wò ɖeka si ko wole. Sukudede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàva kpɔ wò ŋutete siwo mede dzesii tsã o la adze sii ahana nàtu wo ɖo ɖe edzi.