Dzo kpo yi emenuwo dzi

Atitsoga Ŋutie Yesu Ku Ðoa?

Atitsoga Ŋutie Yesu Ku Ðoa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ame geɖe bua atitsoga be enye Kristotɔwo ƒe dzesi si bɔ wu. Gake Biblia megblɔ ale si ati si ŋuti Yesu ku ɖo la le na mí o, eya ta ame aɖeke mate ŋu anya ale si tututu atia le o. Ke hã Biblia na wòdze kɔtɛe be ati tsralaa ŋue Yesu ku ɖo, ke menye atitsoga ŋue o.

 Zi geɖe la, ne wole nu ƒom tso ati si ŋu Yesu ku ɖo ŋu le Biblia me la, wozãa Helagbe me nya si nye stau·rosʹ. (Mateo 27:40; Yohanes 19:17) Togbɔ be woɖe nya sia gɔme le Biblia bubuwo me zi geɖe be “atitsoga” hã la, Biblia-ŋutinunyala geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be nu si Helagbe me nya ma fia koe nye “ati tsrala.” a Le numekugbalẽ aɖe (A Critical Lexicon and Concordance to the English and Greek New Testament) ƒe nya nu la, nya stau·rosʹ “mefia ati eve siwo wotsɔ tso ga ɖe wo nɔewo me kpɔ gbeɖe o.”

 Wozãa Helagbe me nya xyʹlon ɖe stau·rosʹ teƒe le Biblia me. (Dɔwɔwɔwo 5:30; 1 Petro 2:24) Nya sia fia “ati,” “atikpo,” “ati tsrala” alo “ati dzɔdzɔe.” b The Companion Bible gblɔ be: “Naneke mele Helagbe si me woŋlɔ [Nubabla Yeyea] ɖo la me si ana ame ƒe susu nayi ati eve dzi kura gɔ̃ hã o.”

Ðe wòsɔ be woazã atitsoga le mawusubɔsubɔ mea?

Crux simplex​—Latingbe me nya si wozãna na ati tsrala siwo ŋu woklãa nu vlo wɔlawo ɖo

 Eɖanye aleke kee ati si ŋuti Yesu ku ɖo la le o, kpeɖodziwo kple Biblia me nya siwo gbɔna ɖee fia be mele be woazã atitsoga le mawusubɔsubɔ me o.

  1.   Mawu de se be womegazã nɔnɔmewɔwɔwo, nɔnɔmetatawo kple dzesiwo abe atitsoga ene atsɔ asubɔ ye o. Mawu de se na Israel-viwo be womegazã “nɔnɔme aɖeke” atsɔ asubɔ ye o, eye wode se ma ke na Kristotɔwo hã be “misi le trɔ̃subɔsubɔ nu.”—5 Mose 4:15-19; 1 Korintotɔwo 10:14.

  2.   Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la mezã atitsoga le mawusubɔsubɔ me o. c Apostoloawo ƒe nufiafiawo kple woƒe kpɔɖeŋuwoe wòle be Kristotɔwo katã nasrɔ̃.​—2 Tesalonikatɔwo 2:15.

  3.   Trɔ̃subɔlawo gbɔe atitsogazazã le subɔsubɔ me dzɔ tso. d Ƒe alafa geɖe le Yesu ƒe ku megbe la, esime sɔlemehawo va tra ɖa tso Yesu ƒe nufiafiawo gbɔ lae woɖea mɔ na ame yeye siwo va nɔ sɔlemehawo me ɖom la be “woakpɔtɔ anɔ nɔnɔmewɔwɔwo kple dzesi siwo wozãna le trɔ̃subɔsubɔ me la dometɔ akpa gãtɔ zãm.” Dzesi siawo dometɔ ɖekae nye atitsoga. (The Expanded Vine’s Expository Dictionary of New Testament Words) Ke hã Biblia meda asi ɖe edzi be woaɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe dzesiwo zazã ŋu be wòakpe ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu woatrɔ dzi me azu xɔsetɔwo o.​—2 Korintotɔwo 6:17.

a Kpɔ agbalẽ siwo nye New Bible Dictionary, Third Edition, si D. R. W. Wood ŋlɔ, axa 245; Theological Dictionary of the New Testament, Volume VII, axa 572; The International Standard Bible Encyclopedia, Revised Edition, Volume 1, axa 825; kple The Imperial Bible-Dictionary, Volume II, axa 84.

b Kpɔ numekugbalẽ siwo nye The Expanded Vine’s Expository Dictionary of New Testament Words, axa 1165; A Greek-English Lexicon, si Liddell kple Scott ta, Ninth Edition, axa 1191-​1192; kple Theological Dictionary of the New Testament, Volume V, axa 37.

c Kpɔ numekugbalẽ siwo nye Encyclopædia Britannica, 2003, tanya si nye “Cross”; The Cross​—Its History and Symbolism, axa 40; kple The Companion Bible, Oxford University Press, appendix 162, axa 186.

d Kpɔ numekugbalẽ siwo nye The Encyclopedia of Religion, Volume 4, axa 165; The Encyclopedia Americana, Volume 8, axa 246; and Symbols Around Us, axa 205-​207.